Ezekiel 39 (BOECS)

1 “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Gog ŋu, eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò ame si nye Mesek kple Tubal ƒe amegã. 2 Matrɔ wò to eme ahe wò. Makplɔ wò tso keke anyiehe ke, eye mana nàtso ɖe Israel ƒe towo ŋu. 3 Ekema maƒo wò da le wò miasi me, eye mana wò datiwo nage tso wò nuɖusime. 4 Àdze anyi ɖe Israel ƒe towo dzi, wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ siwo le dziwò. Mana nàzu nuɖuɖu na xevi ʋulãɖulawo kple lã wɔadãwo katã. 5 Àdze anyi ɖe gbedzi, elabena meƒo nu; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 6 Mana dzo nadze Magog kple ame siwo le dedinɔnɔ me le ƒutanyigbawo dzi la dzi, eye woanya be, nyee nye Yehowa. 7 “ ‘Mana woanya nye ŋkɔ kɔkɔe la le nye amewo, Israelviwo dome. Nyemagana woagado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la o, eye dukɔwo anya be, nye, Yehowae nye Kɔkɔetɔ la le Israel. 8 Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Egbee nye ŋkeke si ŋu meƒo nu tsoe. 9 “ ‘Ekema ame siwo le Israel ƒe duwo me la, ado go, eye woawɔ woƒe aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene, woatɔ dzo wo, akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple gãtɔwo siaa, woƒe dawo kple datiwo siaa, woƒe kpowo kple akplɔwo siaa. Woawɔ wo ŋu dɔ hena dzododo ƒe adre sɔŋ. 10 Mahiã wo be woafɔ nake le gbedzi loo alo alãe le avewo me o, elabena woawɔ aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene. Emegbe la, woada adzo ame siwo da adzo wo, eye woaha ame siwo ha wo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 11 “ ‘Gbe ma gbe la, mana ameɖiƒe Gog le Israel le ame siwo zɔa mɔ yia ɣetoɖoƒe, ɖoa ta Atsiaƒu la gbɔ la ƒe balime. Axe mɔ na mɔzɔlawo, elabena woaɖi Gog kple eƒe ameha la katã ɖe afi ma. Ale woayɔe be Hamɔn Gog ƒe balime. 12 “ ‘Israel ƒe aƒe la anɔ wo ɖim ale be wòakɔ anyigba la ŋuti ɣleti adre. 13 Anyigba la dzi tɔwo katã aɖi wo, eye gbe si gbe woade bubu ŋutinye la, anye ŋkeke si dzi woaɖo ŋkui la na wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 14 Woatsɔ amewo ɖaa be woakɔ anyigba la ŋuti. Ame aɖewo azɔ ato anyigba la dzi, hekpe ɖe woawo ŋu la, ame bubuwo aɖi ame kuku siwo aganɔ anyigba kokoko.“ ‘Le ɣleti adrea ƒe nuwuwu la, woagadze woƒe nudidi gɔme. 15 Ne wole anyigba la dzi tsam, eye wo dometɔ ɖeka kpɔ ameƒu aɖe la, ade dzesi teƒe la va se ɖe esime yɔdokulawo aɖii ɖe Hamɔn Gog ƒe Balime. 16 Kpe ɖe nu sia ŋu la, du si woyɔna be Hamona hã anɔ afi ma. Ale woakɔ anyigba la ŋuti.’ 17 “Ame vi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Yɔ xevi ɖe sia ɖe ƒomevi kple lã wɔadãwo katã. Gblɔ na wo be, ‘Miƒo ƒu, eye mi katã miva tso goawo katã me hena vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi, vɔsa gã la le Israel ƒe towo dzi. Afi ma miaɖu lã, eye miano ʋu. 18 Miaɖu amegãwo ƒe lã, eye miano anyigbadzifiawo ƒe ʋu abe agbowo kple alẽviwo, gbɔ̃wo kple nyitsuwo wonye ene; lã siawo katã nye lã damiwo tso Basan. 19 Le nye vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi ƒe ŋkekea dzi la, miaɖu lãmi aɖi ƒo, eye miano ʋu va se ɖe esime miamu. 20 Le nye kplɔ̃ la ŋu la, miaɖu sɔwo kple sɔdolawo, kalẽtɔwo kple aʋawɔla ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe lã wòati mi’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 21 “Maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔwo dome, eye dukɔwo katã akpɔ to si mehe na wo kple asi si meda ɖe wo dzi. 22 Tso gbe ma gbe dzi la, Israel ƒe aƒe la anya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu. 23 Dukɔawo hã anya be Israelviwo yi aboyome le woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena womewɔ nuteƒe nam o. Eya ta meɣla nye ŋkume ɖe wo, metsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wo katã wotsi yi nu. 24 Mewɔ nu ɖe wo ŋu le woƒe makɔmakɔnyenye kple woƒe dzidadawo nu, eye meɣla nye mo ɖe wo. 25 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Azɔ la, makplɔ Yakob agbɔe tso aboyome, makpɔ nublanui na Israelviwo katã, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ta. 26 Woaŋlɔ woƒe ŋukpe kple aglã siwo katã wodze ɖe ŋunye la be, esime wonɔ dedie le woƒe anyigba si dzi ame aɖeke medo ŋɔdzi na wo le o. 27 Ne mekplɔ wo gbɔe tso woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, maɖe ɖokuinye afia kɔkɔe le dukɔ geɖewo ŋkume. 28 Ekema woanya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu, elabena togbɔ be meɖo wo ɖe aboyome ɖe dukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu, woava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye nyemagblẽ ɖeke ɖi o. 29 Nyemagaɣla nye mo ɖe wo o, elabena makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe Israel ƒe aƒe la dzi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

In Other Versions

Ezekiel 39 in the ANGEFD

Ezekiel 39 in the ANTPNG2D

Ezekiel 39 in the AS21

Ezekiel 39 in the BAGH

Ezekiel 39 in the BBPNG

Ezekiel 39 in the BBT1E

Ezekiel 39 in the BDS

Ezekiel 39 in the BEV

Ezekiel 39 in the BHAD

Ezekiel 39 in the BIB

Ezekiel 39 in the BLPT

Ezekiel 39 in the BNT

Ezekiel 39 in the BNTABOOT

Ezekiel 39 in the BNTLV

Ezekiel 39 in the BOATCB

Ezekiel 39 in the BOATCB2

Ezekiel 39 in the BOBCV

Ezekiel 39 in the BOCNT

Ezekiel 39 in the BOGWICC

Ezekiel 39 in the BOHCB

Ezekiel 39 in the BOHCV

Ezekiel 39 in the BOHLNT

Ezekiel 39 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 39 in the BOICB

Ezekiel 39 in the BOILNTAP

Ezekiel 39 in the BOITCV

Ezekiel 39 in the BOKCV

Ezekiel 39 in the BOKCV2

Ezekiel 39 in the BOKHWOG

Ezekiel 39 in the BOKSSV

Ezekiel 39 in the BOLCB

Ezekiel 39 in the BOLCB2

Ezekiel 39 in the BOMCV

Ezekiel 39 in the BONAV

Ezekiel 39 in the BONCB

Ezekiel 39 in the BONLT

Ezekiel 39 in the BONUT2

Ezekiel 39 in the BOPLNT

Ezekiel 39 in the BOSCB

Ezekiel 39 in the BOSNC

Ezekiel 39 in the BOTLNT

Ezekiel 39 in the BOVCB

Ezekiel 39 in the BOYCB

Ezekiel 39 in the BPBB

Ezekiel 39 in the BPH

Ezekiel 39 in the BSB

Ezekiel 39 in the CCB

Ezekiel 39 in the CUV

Ezekiel 39 in the CUVS

Ezekiel 39 in the DBT

Ezekiel 39 in the DGDNT

Ezekiel 39 in the DHNT

Ezekiel 39 in the DNT

Ezekiel 39 in the ELBE

Ezekiel 39 in the EMTV

Ezekiel 39 in the ESV

Ezekiel 39 in the FBV

Ezekiel 39 in the FEB

Ezekiel 39 in the GGMNT

Ezekiel 39 in the GNT

Ezekiel 39 in the HARY

Ezekiel 39 in the HNT

Ezekiel 39 in the IRVA

Ezekiel 39 in the IRVB

Ezekiel 39 in the IRVG

Ezekiel 39 in the IRVH

Ezekiel 39 in the IRVK

Ezekiel 39 in the IRVM

Ezekiel 39 in the IRVM2

Ezekiel 39 in the IRVO

Ezekiel 39 in the IRVP

Ezekiel 39 in the IRVT

Ezekiel 39 in the IRVT2

Ezekiel 39 in the IRVU

Ezekiel 39 in the ISVN

Ezekiel 39 in the JSNT

Ezekiel 39 in the KAPI

Ezekiel 39 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 39 in the KBV

Ezekiel 39 in the KJV

Ezekiel 39 in the KNFD

Ezekiel 39 in the LBA

Ezekiel 39 in the LBLA

Ezekiel 39 in the LNT

Ezekiel 39 in the LSV

Ezekiel 39 in the MAAL

Ezekiel 39 in the MBV

Ezekiel 39 in the MBV2

Ezekiel 39 in the MHNT

Ezekiel 39 in the MKNFD

Ezekiel 39 in the MNG

Ezekiel 39 in the MNT

Ezekiel 39 in the MNT2

Ezekiel 39 in the MRS1T

Ezekiel 39 in the NAA

Ezekiel 39 in the NASB

Ezekiel 39 in the NBLA

Ezekiel 39 in the NBS

Ezekiel 39 in the NBVTP

Ezekiel 39 in the NET2

Ezekiel 39 in the NIV11

Ezekiel 39 in the NNT

Ezekiel 39 in the NNT2

Ezekiel 39 in the NNT3

Ezekiel 39 in the PDDPT

Ezekiel 39 in the PFNT

Ezekiel 39 in the RMNT

Ezekiel 39 in the SBIAS

Ezekiel 39 in the SBIBS

Ezekiel 39 in the SBIBS2

Ezekiel 39 in the SBICS

Ezekiel 39 in the SBIDS

Ezekiel 39 in the SBIGS

Ezekiel 39 in the SBIHS

Ezekiel 39 in the SBIIS

Ezekiel 39 in the SBIIS2

Ezekiel 39 in the SBIIS3

Ezekiel 39 in the SBIKS

Ezekiel 39 in the SBIKS2

Ezekiel 39 in the SBIMS

Ezekiel 39 in the SBIOS

Ezekiel 39 in the SBIPS

Ezekiel 39 in the SBISS

Ezekiel 39 in the SBITS

Ezekiel 39 in the SBITS2

Ezekiel 39 in the SBITS3

Ezekiel 39 in the SBITS4

Ezekiel 39 in the SBIUS

Ezekiel 39 in the SBIVS

Ezekiel 39 in the SBT

Ezekiel 39 in the SBT1E

Ezekiel 39 in the SCHL

Ezekiel 39 in the SNT

Ezekiel 39 in the SUSU

Ezekiel 39 in the SUSU2

Ezekiel 39 in the SYNO

Ezekiel 39 in the TBIAOTANT

Ezekiel 39 in the TBT1E

Ezekiel 39 in the TBT1E2

Ezekiel 39 in the TFTIP

Ezekiel 39 in the TFTU

Ezekiel 39 in the TGNTATF3T

Ezekiel 39 in the THAI

Ezekiel 39 in the TNFD

Ezekiel 39 in the TNT

Ezekiel 39 in the TNTIK

Ezekiel 39 in the TNTIL

Ezekiel 39 in the TNTIN

Ezekiel 39 in the TNTIP

Ezekiel 39 in the TNTIZ

Ezekiel 39 in the TOMA

Ezekiel 39 in the TTENT

Ezekiel 39 in the UBG

Ezekiel 39 in the UGV

Ezekiel 39 in the UGV2

Ezekiel 39 in the UGV3

Ezekiel 39 in the VBL

Ezekiel 39 in the VDCC

Ezekiel 39 in the YALU

Ezekiel 39 in the YAPE

Ezekiel 39 in the YBVTP

Ezekiel 39 in the ZBP