Ezekiel 45 (BOECS)

1 “ ‘Ne miema anyigba la abe domenyinu ene la, ele be miana anyigba la ƒe akpa aɖe Aƒetɔ Yehowa abe teƒe kɔkɔe ene, wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000) wòakeke mita akpe wuiɖeke (11,000), eye teƒe la katã nanye teƒe kɔkɔe. 2 Eƒe akpa aɖe si ƒe didime kple kekeme siaa anye mita alafa eve blaade-vɔ-atɔ̃ (265), anye kɔkɔeƒe la tɔ, eye woaɖe mita blaeve-vɔ-adre le eŋu aƒo xlãe godoo hena gbadzaƒe la. 3 Le anyigba la ƒe teƒe kɔkɔe la ŋu la, midzidze akpa aɖe wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃ (5,300). Afi siae Kɔkɔeƒe si nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ. 4 Anye anyigba la ƒe akpa kɔkɔe na nunɔlawo, ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Kɔkɔeƒe la, eye wotena vana be woasubɔ le Yehowa ŋkume. Anye teƒe na woƒe aƒewo kple Kɔkɔeƒe la siaa. 5 Teƒe aɖe si adidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃ (5,300) la, anye Levitɔ siwo subɔna le gbedoxɔ me la tɔ be woanɔ le duwo me. 6 “ ‘Ele na mi be miatsɔ anyigba si keke mita akpe eve alafa adre (2,700), eye wòdidi mita akpe wuietɔ̃ alafa atɔ̃ (13,000) la ana du gã la abe etɔ ene, eye wòatɔ ɖe teƒe kɔkɔe la ŋu. Anye Israel ƒe aƒe blibo la tɔ. 7 “ ‘Fiaviŋutsu la axɔ anyigba le teƒe kɔkɔe la kple du gã la ƒe anyigba dome. Aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo tso ɣedzeƒekpa dzi, eye eƒe didime ato ɣetoɖoƒekpa dzi ayi ɣedzeƒeliƒo la dzi anɔ axadzi na to ɖeka ƒe anyigba. 8 Teƒe sia anye etɔ le Israel. Nye fiaviŋutsuwo magate nye amewo ɖe to o, ke boŋ woaɖe mɔ na Israel ƒe aƒe la be anyigba la nanye wo tɔ le woƒe towo nu. 9 “ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esɔ gbɔ na mi azɔ, O! Israel ƒe fia ŋutsuviwo! Miɖe asi le miaƒe nuveviwɔame kple miaƒe ameteteɖeto ŋuti, miawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye wònyo. Midzudzɔ nuwo xɔxɔ le nye amewo si,” Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 10 Ele na mi be miawɔ nudanu dzɔdzɔewo ŋu dɔ, nudanu kple nudzidzenu si de. 11 Lolome ɖeka nanɔ dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la si. Dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la nanye galɔn ene eye dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o la hã nanye galɔn ene eye wòanye dzidzenu ɖeka si dzi woda asi ɖo la na dzidzenu eveawo. 12 Woada ga home ɖe sia ɖe woasɔ ɖe dzidzenu. 13 “ ‘Esiae nye nu tɔxɛ si miana, lu kilogram etɔ̃ tso lu kotoku ɖe sia ɖe me kple ƒo kilogram eve tso ƒo kotoku ɖe sia ɖe me. 14 Woadzidze ami si woana la kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinu, eye woanye dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la ƒe si nye galɔn ene. 15 Kpe ɖe esiawo ŋu la, woana alẽ ɖeka tso alẽ alafa eve ƒe alẽha me tso gbeɖuƒe siwo tsi bɔ ɖo le Israel. Woawɔ esiawo ŋu dɔ hena nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo, be woalé avu ɖe ameawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 16 Anyigba la dzi tɔwo katã ana nunana tɔxɛ sia hena Israel ƒe fiaviŋutsu la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. 17 Anye fiaviŋutsu la ƒe dɔdeasi be wòana nu hena numevɔsawo, nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo le Ɣleti Yeye kple Dzudzɔgbewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi, hekpe ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋkekenyui ɖoɖiwo ŋuti. Ana nu hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo ne woalé avu ɖe Israel ƒe aƒe la nu. 18 “ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le ɣleti gbãtɔ me, le ŋkeke gbãtɔa gbe la, ele na mi be miatsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, eye miakɔ Kɔkɔeƒe la ŋu. 19 Nunɔla la aku nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ʋu aɖe asisi ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtrutiwo ŋu kple vɔsamlekpui la ƒe kɔwo ƒe dzogoe eneawo ŋu kple xɔxɔnu emetɔ ƒe agbonutiwo ŋu. 20 Ele na mi be miagawɔ nu mawo ke le ɣleti la ƒe ŋkeke adrelia gbe na ame sia ame si awɔ nu vɔ̃ maɖowɔ aɖe alo ato manyamanya me la ta. Ale miawɔ avuléle ɖe gbedoxɔ la nu. 21 “ ‘Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, ŋkekenyui si axɔ ŋkeke adre, ŋkeke siwo me miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã. 22 Gbe ma gbe la, fiavi ŋutsuvi la ana nyitsu ɖeka hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui kple ame siwo katã le anyigba la dzi la ta. 23 Gbe sia gbe le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo me la, ana nyitsu adre kple agbo adre siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, hena numevɔsa na Yehowa, eye wòagana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 24 Ana nuɖuvɔsa bli agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu eye agba ɖeka kpe ɖe agbo ɖe sia ɖe ŋu, eye wòana ami lita ene kpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu. 25 “ ‘Le ŋkekenyui si dzea egɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe ƒe ŋkeke adreawo me la, agana nu mawo ke kple ami hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, numevɔsawo kple nuɖuvɔsawo.’ ”

In Other Versions

Ezekiel 45 in the ANGEFD

Ezekiel 45 in the ANTPNG2D

Ezekiel 45 in the AS21

Ezekiel 45 in the BAGH

Ezekiel 45 in the BBPNG

Ezekiel 45 in the BBT1E

Ezekiel 45 in the BDS

Ezekiel 45 in the BEV

Ezekiel 45 in the BHAD

Ezekiel 45 in the BIB

Ezekiel 45 in the BLPT

Ezekiel 45 in the BNT

Ezekiel 45 in the BNTABOOT

Ezekiel 45 in the BNTLV

Ezekiel 45 in the BOATCB

Ezekiel 45 in the BOATCB2

Ezekiel 45 in the BOBCV

Ezekiel 45 in the BOCNT

Ezekiel 45 in the BOGWICC

Ezekiel 45 in the BOHCB

Ezekiel 45 in the BOHCV

Ezekiel 45 in the BOHLNT

Ezekiel 45 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 45 in the BOICB

Ezekiel 45 in the BOILNTAP

Ezekiel 45 in the BOITCV

Ezekiel 45 in the BOKCV

Ezekiel 45 in the BOKCV2

Ezekiel 45 in the BOKHWOG

Ezekiel 45 in the BOKSSV

Ezekiel 45 in the BOLCB

Ezekiel 45 in the BOLCB2

Ezekiel 45 in the BOMCV

Ezekiel 45 in the BONAV

Ezekiel 45 in the BONCB

Ezekiel 45 in the BONLT

Ezekiel 45 in the BONUT2

Ezekiel 45 in the BOPLNT

Ezekiel 45 in the BOSCB

Ezekiel 45 in the BOSNC

Ezekiel 45 in the BOTLNT

Ezekiel 45 in the BOVCB

Ezekiel 45 in the BOYCB

Ezekiel 45 in the BPBB

Ezekiel 45 in the BPH

Ezekiel 45 in the BSB

Ezekiel 45 in the CCB

Ezekiel 45 in the CUV

Ezekiel 45 in the CUVS

Ezekiel 45 in the DBT

Ezekiel 45 in the DGDNT

Ezekiel 45 in the DHNT

Ezekiel 45 in the DNT

Ezekiel 45 in the ELBE

Ezekiel 45 in the EMTV

Ezekiel 45 in the ESV

Ezekiel 45 in the FBV

Ezekiel 45 in the FEB

Ezekiel 45 in the GGMNT

Ezekiel 45 in the GNT

Ezekiel 45 in the HARY

Ezekiel 45 in the HNT

Ezekiel 45 in the IRVA

Ezekiel 45 in the IRVB

Ezekiel 45 in the IRVG

Ezekiel 45 in the IRVH

Ezekiel 45 in the IRVK

Ezekiel 45 in the IRVM

Ezekiel 45 in the IRVM2

Ezekiel 45 in the IRVO

Ezekiel 45 in the IRVP

Ezekiel 45 in the IRVT

Ezekiel 45 in the IRVT2

Ezekiel 45 in the IRVU

Ezekiel 45 in the ISVN

Ezekiel 45 in the JSNT

Ezekiel 45 in the KAPI

Ezekiel 45 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 45 in the KBV

Ezekiel 45 in the KJV

Ezekiel 45 in the KNFD

Ezekiel 45 in the LBA

Ezekiel 45 in the LBLA

Ezekiel 45 in the LNT

Ezekiel 45 in the LSV

Ezekiel 45 in the MAAL

Ezekiel 45 in the MBV

Ezekiel 45 in the MBV2

Ezekiel 45 in the MHNT

Ezekiel 45 in the MKNFD

Ezekiel 45 in the MNG

Ezekiel 45 in the MNT

Ezekiel 45 in the MNT2

Ezekiel 45 in the MRS1T

Ezekiel 45 in the NAA

Ezekiel 45 in the NASB

Ezekiel 45 in the NBLA

Ezekiel 45 in the NBS

Ezekiel 45 in the NBVTP

Ezekiel 45 in the NET2

Ezekiel 45 in the NIV11

Ezekiel 45 in the NNT

Ezekiel 45 in the NNT2

Ezekiel 45 in the NNT3

Ezekiel 45 in the PDDPT

Ezekiel 45 in the PFNT

Ezekiel 45 in the RMNT

Ezekiel 45 in the SBIAS

Ezekiel 45 in the SBIBS

Ezekiel 45 in the SBIBS2

Ezekiel 45 in the SBICS

Ezekiel 45 in the SBIDS

Ezekiel 45 in the SBIGS

Ezekiel 45 in the SBIHS

Ezekiel 45 in the SBIIS

Ezekiel 45 in the SBIIS2

Ezekiel 45 in the SBIIS3

Ezekiel 45 in the SBIKS

Ezekiel 45 in the SBIKS2

Ezekiel 45 in the SBIMS

Ezekiel 45 in the SBIOS

Ezekiel 45 in the SBIPS

Ezekiel 45 in the SBISS

Ezekiel 45 in the SBITS

Ezekiel 45 in the SBITS2

Ezekiel 45 in the SBITS3

Ezekiel 45 in the SBITS4

Ezekiel 45 in the SBIUS

Ezekiel 45 in the SBIVS

Ezekiel 45 in the SBT

Ezekiel 45 in the SBT1E

Ezekiel 45 in the SCHL

Ezekiel 45 in the SNT

Ezekiel 45 in the SUSU

Ezekiel 45 in the SUSU2

Ezekiel 45 in the SYNO

Ezekiel 45 in the TBIAOTANT

Ezekiel 45 in the TBT1E

Ezekiel 45 in the TBT1E2

Ezekiel 45 in the TFTIP

Ezekiel 45 in the TFTU

Ezekiel 45 in the TGNTATF3T

Ezekiel 45 in the THAI

Ezekiel 45 in the TNFD

Ezekiel 45 in the TNT

Ezekiel 45 in the TNTIK

Ezekiel 45 in the TNTIL

Ezekiel 45 in the TNTIN

Ezekiel 45 in the TNTIP

Ezekiel 45 in the TNTIZ

Ezekiel 45 in the TOMA

Ezekiel 45 in the TTENT

Ezekiel 45 in the UBG

Ezekiel 45 in the UGV

Ezekiel 45 in the UGV2

Ezekiel 45 in the UGV3

Ezekiel 45 in the VBL

Ezekiel 45 in the VDCC

Ezekiel 45 in the YALU

Ezekiel 45 in the YAPE

Ezekiel 45 in the YBVTP

Ezekiel 45 in the ZBP