Genesis 29 (BOECS)

1 Yakob yi eƒe mɔzɔzɔ dzi, eye wòva ɖo ɣedzeƒenutowo me. 2 Ekpɔ alẽha etɔ̃ wotsyɔ akɔ anyi ɖe gbe dzi le vudo aɖe to, nɔ lalam be woana tsi yewo yewoano. Ke wotsɔ kpe gã aɖe tu vudoa nu. 3 Enye woƒe kɔnu be womahe kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo katã nava ɖo afi ma. Ne wona tsi alẽhawo katã wono vɔ la, wogamlia kpe la ɖoa vudo la nu. 4 Yakob te ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye wòbia wo be, “Nɔvinyewo, afi ka míetso?”Woɖo eŋu be, “Míetso Haran.” 5 Yakob bia be, “Mienya ame aɖe si woyɔna be Laban, eye wònye Nahor ƒe via?”Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenyae.” 6 Egabia wo be, “Eli nyuiea?”Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eli nyuie, eye nuwo dze edzi nɛ. Kpɔ ɖa, via nyɔnu, Rahel kplɔ alẽwo gbɔnae.” 7 Yakob gabia wo be, “Nu ka ta miana tsi alẽawo ale be woate ŋu agatrɔ ayi gbeɖuƒe o ɖo? Elabena zã medo haɖe o; ne mieƒo ƒu wo ɖe afi sia fifia la, dɔ awu wo.” 8 Woɖo eŋu nɛ be, “Míemlia kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo kple alẽkplɔlawo katã va ƒo ƒu ɖe afi sia.” 9 Esi wonɔ nya siawo gblɔm la, Rahel va ɖo kple fofoa ƒe alẽwo, elabena alẽkplɔla wònye. 10 Esi Rahel nye Yakob dadaa nɔviŋutsu Laban ƒe vi, eye alẽawo nye Yakob nyrui tɔ ta la, Yakob yi vudo la gbɔ, mli kpea ɖa, eye wòna tsi nyruia ƒe alẽwo. 11 Yakob gbugbɔ nu na Rahel, eye Yakob de asi avifafa me. 12 Yakob gblɔ na Rahel be fofoa ƒe ƒometɔ kple Rebeka ƒe viŋutsu yenye. Ale Rahel ƒu du yi ɖagblɔ nya la na fofoa. 13 Esi Laban se nya sia tso Yakob, nɔvia nyɔnu ƒe viŋutsu ŋu la, eɖe abla yi ɖakpee. Ekpla asi kɔ nɛ, gbugbɔ nu nɛ, kplɔe yi aƒe me, eye Yakob gblɔ nyawo katã nɛ le afi ma. 14 Laban gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋue nènye.” Esi Yakob nɔ Laban gbɔ ɣleti ɖeka la, 15 Laban gblɔ nɛ gbe ɖeka be, “Menye esi nye kple wò míenye ƒometɔwo ta nàwɔ dɔ nam dzodzro o. Ho neni maxe na wò?” 16 Vinyɔnu eve nɔ Laban si. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔe nye Rahel. 17 Lea ƒe ŋkuwo nya kpɔna, eye Rahel ya dze tugbe ŋutɔ. 18 Rahel ƒe nu nyo Yakob ŋu, eya ta Yakob gblɔ na Laban be, “Ne àtsɔ Rahel nam maɖe la, ekema mawɔ dɔ na wò ƒe adre.” 19 Laban ɖo eŋu be, “Melɔ̃. Enyo nam be matsɔe na wò boŋ wu be matsɔe na ame bubu aɖe si medo ƒome kplim o.” 20 Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Rahel ta. Ke ƒe adreawo ɖi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko le eŋkume, elabena elɔ̃ Rahel ŋutɔ. 21 Mlɔeba la, ɣeyiɣi la de be wòaɖee. Yakob gblɔ na Laban be, “Mewɔ nu si nèɖo nam la, eya ta ele na wò azɔ be nàɖe asi le srɔ̃nye ŋu nam madɔ kplii.” 22 Ale Laban ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ŋutsu siwo katã nɔ dua me la be woakpɔ dzidzɔ kple Yakob. 23 Emegbe le zã me la, Laban kplɔ Lea yi na Yakob, eye Yakob dɔ egbɔ. 24 Laban tsɔ eƒe kosi Zilpa na Lea be wòanye eƒe dɔlanyɔnu. 25 Ke esi ŋu ke la, Yakob kpɔ be Lea boŋ wona yeɖe!Yakob do dɔmedzoe, eye wòbia Laban be, “Amefuflu ka tɔgbie nye esia? Mesubɔ ƒe adre ɖe Rahel ta! Nu sia gɔme ɖe?” 26 Laban ɖo eŋu be, “Mesɔ ɖe míaƒe kɔnyinyi nu be woaɖe ɖetugbi suetɔ gbã hafi woaɖe tsitsitɔ o. 27 Lala ne wò srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔsiɖa gbãtɔ nava yi, ekema àte ŋu aɖe Rahel hã ne àgasubɔm ƒe adre bubu ko!” 28 Yakob lɔ̃ be yeagasubɔ ƒe adre bubu, ale Laban tsɔ Rahel hã nɛ. 29 Laban tsɔ eƒe kosivi Bilha na Rahel be wòasubɔe. 30 Ale Yakob dɔ Rahel hã gbɔ. Elɔ̃ Rahel sãa wu Lea, eye wògasubɔ ƒe adre bubu. 31 Ke esi Yakob melɔ̃ Lea tututu o ta la, Yehowa na vi Lea, eye wòna Rahel tsi ko. 32 Ale Lea fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Ruben si gɔmee nye “Yehowa kpɔ nye xaxa,” elabena egblɔ be, “Yehowa kpɔ nye xaxa; azɔ la, srɔ̃nye alɔ̃m.” 33 Eteƒe medidi hafi Lea gafɔ fu o. Egadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Simeon si gɔmee nye “Yehowa see,” elabena egblɔ be, “Yehowa see be womelɔ̃m o, eya ta wògana ŋutsuvi bubum.” 34 Egafɔ fu, eye wògadzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Levi si gɔmee nye “Kuku ɖe ame ŋu,” elabena egblɔ be, “Azɔ ya la, esi medzi ŋutsuvi etɔ̃ sɔŋ nɛ ta la, srɔ̃nye alɔ̃m kokoko.” 35 Lea gafɔ fu, gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Yuda si gɔmee nye “Kafukafu,” elabena egblɔ be, “Azɔ makafu Yehowa!” Emegbe la, Lea megadzi vi bubu aɖeke o.

In Other Versions

Genesis 29 in the ANGEFD

Genesis 29 in the ANTPNG2D

Genesis 29 in the AS21

Genesis 29 in the BAGH

Genesis 29 in the BBPNG

Genesis 29 in the BBT1E

Genesis 29 in the BDS

Genesis 29 in the BEV

Genesis 29 in the BHAD

Genesis 29 in the BIB

Genesis 29 in the BLPT

Genesis 29 in the BNT

Genesis 29 in the BNTABOOT

Genesis 29 in the BNTLV

Genesis 29 in the BOATCB

Genesis 29 in the BOATCB2

Genesis 29 in the BOBCV

Genesis 29 in the BOCNT

Genesis 29 in the BOGWICC

Genesis 29 in the BOHCB

Genesis 29 in the BOHCV

Genesis 29 in the BOHLNT

Genesis 29 in the BOHNTLTAL

Genesis 29 in the BOICB

Genesis 29 in the BOILNTAP

Genesis 29 in the BOITCV

Genesis 29 in the BOKCV

Genesis 29 in the BOKCV2

Genesis 29 in the BOKHWOG

Genesis 29 in the BOKSSV

Genesis 29 in the BOLCB

Genesis 29 in the BOLCB2

Genesis 29 in the BOMCV

Genesis 29 in the BONAV

Genesis 29 in the BONCB

Genesis 29 in the BONLT

Genesis 29 in the BONUT2

Genesis 29 in the BOPLNT

Genesis 29 in the BOSCB

Genesis 29 in the BOSNC

Genesis 29 in the BOTLNT

Genesis 29 in the BOVCB

Genesis 29 in the BOYCB

Genesis 29 in the BPBB

Genesis 29 in the BPH

Genesis 29 in the BSB

Genesis 29 in the CCB

Genesis 29 in the CUV

Genesis 29 in the CUVS

Genesis 29 in the DBT

Genesis 29 in the DGDNT

Genesis 29 in the DHNT

Genesis 29 in the DNT

Genesis 29 in the ELBE

Genesis 29 in the EMTV

Genesis 29 in the ESV

Genesis 29 in the FBV

Genesis 29 in the FEB

Genesis 29 in the GGMNT

Genesis 29 in the GNT

Genesis 29 in the HARY

Genesis 29 in the HNT

Genesis 29 in the IRVA

Genesis 29 in the IRVB

Genesis 29 in the IRVG

Genesis 29 in the IRVH

Genesis 29 in the IRVK

Genesis 29 in the IRVM

Genesis 29 in the IRVM2

Genesis 29 in the IRVO

Genesis 29 in the IRVP

Genesis 29 in the IRVT

Genesis 29 in the IRVT2

Genesis 29 in the IRVU

Genesis 29 in the ISVN

Genesis 29 in the JSNT

Genesis 29 in the KAPI

Genesis 29 in the KBT1ETNIK

Genesis 29 in the KBV

Genesis 29 in the KJV

Genesis 29 in the KNFD

Genesis 29 in the LBA

Genesis 29 in the LBLA

Genesis 29 in the LNT

Genesis 29 in the LSV

Genesis 29 in the MAAL

Genesis 29 in the MBV

Genesis 29 in the MBV2

Genesis 29 in the MHNT

Genesis 29 in the MKNFD

Genesis 29 in the MNG

Genesis 29 in the MNT

Genesis 29 in the MNT2

Genesis 29 in the MRS1T

Genesis 29 in the NAA

Genesis 29 in the NASB

Genesis 29 in the NBLA

Genesis 29 in the NBS

Genesis 29 in the NBVTP

Genesis 29 in the NET2

Genesis 29 in the NIV11

Genesis 29 in the NNT

Genesis 29 in the NNT2

Genesis 29 in the NNT3

Genesis 29 in the PDDPT

Genesis 29 in the PFNT

Genesis 29 in the RMNT

Genesis 29 in the SBIAS

Genesis 29 in the SBIBS

Genesis 29 in the SBIBS2

Genesis 29 in the SBICS

Genesis 29 in the SBIDS

Genesis 29 in the SBIGS

Genesis 29 in the SBIHS

Genesis 29 in the SBIIS

Genesis 29 in the SBIIS2

Genesis 29 in the SBIIS3

Genesis 29 in the SBIKS

Genesis 29 in the SBIKS2

Genesis 29 in the SBIMS

Genesis 29 in the SBIOS

Genesis 29 in the SBIPS

Genesis 29 in the SBISS

Genesis 29 in the SBITS

Genesis 29 in the SBITS2

Genesis 29 in the SBITS3

Genesis 29 in the SBITS4

Genesis 29 in the SBIUS

Genesis 29 in the SBIVS

Genesis 29 in the SBT

Genesis 29 in the SBT1E

Genesis 29 in the SCHL

Genesis 29 in the SNT

Genesis 29 in the SUSU

Genesis 29 in the SUSU2

Genesis 29 in the SYNO

Genesis 29 in the TBIAOTANT

Genesis 29 in the TBT1E

Genesis 29 in the TBT1E2

Genesis 29 in the TFTIP

Genesis 29 in the TFTU

Genesis 29 in the TGNTATF3T

Genesis 29 in the THAI

Genesis 29 in the TNFD

Genesis 29 in the TNT

Genesis 29 in the TNTIK

Genesis 29 in the TNTIL

Genesis 29 in the TNTIN

Genesis 29 in the TNTIP

Genesis 29 in the TNTIZ

Genesis 29 in the TOMA

Genesis 29 in the TTENT

Genesis 29 in the UBG

Genesis 29 in the UGV

Genesis 29 in the UGV2

Genesis 29 in the UGV3

Genesis 29 in the VBL

Genesis 29 in the VDCC

Genesis 29 in the YALU

Genesis 29 in the YAPE

Genesis 29 in the YBVTP

Genesis 29 in the ZBP