Judges 14 (BOECS)

1 Gbe ɖeka la, Samson yi Timna eye wòkpɔ Filisti ɖetugbi aɖe. 2 Esi wòtrɔ gbɔ la, egblɔ na fofoa kple dadaa bena yedi be yeaɖee. 3 Dzilawo melɔ̃ ɖe edzi nɛ kura o, wobiae be, “Nu ka ta màɖe Yuda ɖetugbi aɖeke o? Nu ka ta nàɖe srɔ̃ tso Filistitɔ, ame siwo nye trɔ̃subɔlawo dome? Nyɔnuvi aɖeke mele Israelviwo dome nàte ŋu aɖe oa?”Ke Samson gblɔ na fofoa be, “Eya koe nye ame si medi be maɖe. Ɖee nam.” 4 Fofoa kple dadaa medze sii be Mawue nɔ mɔ trem na Filistitɔwo, ame siwo nye Israel dziɖulawo le ɣe ma ɣi o. 5 Gbe ɖeka esi Samson kple edzilawo yina Timna la, dzatavi aɖe nɔ gbe tem helũ ɖe Samson dzi le waingble aɖe me le dua gbɔ lɔƒo. 6 Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va edzi eye esi lãnu aɖeke menɔ esi o la, etsɔ asi ƒuƒlu fe dzata la ƒe glã bɔbɔe abe gbɔ̃vi aɖe tɔ ene! Ke Samson megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋuti na dzilawo o. 7 Esi woɖo Timna la, eƒo nu kple ɖetugbi la eye wòkpɔ be eya tututu dim yele. Ale wowɔ srɔ̃ɖeɖe la ŋu ɖoɖowo. 8 Esi Samson trɔ tso Timna gbɔna la, edze yi gbe me be yeakpɔ dzata kuku la ɖa. Kasia ekpɔ anyiwo kple anyitsi le eme. 9 Eɖe anyitsi la, ɖu ɖe le mɔa dzi eye wòna ɖe fofoa kple dadaa gake megblɔ na wo be dzata ƒe dɔ me ye yekpɔe tsoe o. 10 Azɔ la, esi fofoa yi be yeakpɔ nyɔnu la la, Samson ɖo kplɔ̃ le afi ma abe ale si ɖekakpuiviwo wɔna ene. 11 Esi Samson va ɖo la, wotsɔ ɖekakpui blaetɔ̃ kpe ɖe eŋu. 12 Samson gblɔ na wo be, “Mina mato adzo na mi. Ne miete ŋu ɖe egɔme nam le azãɖuɖua ƒe ŋkeke adreawo me la, matsɔ aklala biɖibiɖiwu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na mi. 13 Ke ne miete ŋu ɖe egɔme o la, ekema miawo hã miatsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ nam.” Woɖo eŋu nɛ be, “To wò adzo la na mí, na míase wò adzo la.” 14 Adzo si wòto lae nye,“Nuɖuɖu do tso nuɖula meeye nu vivi do tso nu sesẽ me!”Ŋkeke etɔ̃ va yi, womete ŋu ɖe adzo la gɔme o. 15 Le ŋkeke enea gbe la, wogblɔ na Samson srɔ̃ be, “Ble srɔ̃wò nu ne wòaɖe adzo la gɔme na mí. Ne menye nenema o la, míatɔ dzo wò kple fofowò ƒe aƒekɔ la miaku. Ɖe miekpe mí va afi siae be miada adzo mía?” 16 Tete Samson srɔ̃ tsɔ eɖokui ƒu Samson dzi, nɔ hehe ɖom be, “Èlé fum! Mèlɔ̃m kura o. Èto adzo na nye amewo gake mèɖe egɔme nam o.”Samson ɖo eŋu nɛ be, “Nyemeɖe egɔme na fofonye alo danye gɔ̃ hã o. Nu ka tae maɖe egɔme na wò ya?” 17 Nyɔnu la fa avi le azãɖuɖu ƒe ŋkeke adreawo katã me. Ale le ŋkeke adrea gbe la, egblɔe nɛ mlɔeba elabena nyɔnu la nɔ fu ɖem nɛ akpa. Ale nyɔnu la yi ɖagblɔ adzo la ƒe gɔmeɖeɖe na wo detɔwo. 18 Ale hafi ɣe naɖo to le ŋkeke adrea gbe la, ɖekapuiawo ɖe adzo la gɔme na Samson be,“Nu kae vivina wu anyitsieye nu kae sesẽ wu dzata?”Samson gblɔ na wo be,“Ne menye nye ŋutɔ nye nyivie mietsɔ ŋlɔ agblea o la,anye ne miete ŋu nya nye adzo la ƒe gɔmeɖeɖe o.” 19 Tete Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ va Samson dzi kple ŋusẽ, eyi Askelon du la me, wu ŋutsu blaetɔ̃, ɖe woƒe awuwo eye wòtsɔ wo na ɖekakpui siwo ɖe adzo la gɔme. Ke dɔ me vee eya ta wògblẽ srɔ̃a ɖi eye wòdzo yi fofoa ƒe aƒe me. 20 Ale wotsɔ Samson srɔ̃ na ŋutsu si nɔ Samson ŋu le esime wòlé alɔ kple srɔ̃a.

In Other Versions

Judges 14 in the ANGEFD

Judges 14 in the ANTPNG2D

Judges 14 in the AS21

Judges 14 in the BAGH

Judges 14 in the BBPNG

Judges 14 in the BBT1E

Judges 14 in the BDS

Judges 14 in the BEV

Judges 14 in the BHAD

Judges 14 in the BIB

Judges 14 in the BLPT

Judges 14 in the BNT

Judges 14 in the BNTABOOT

Judges 14 in the BNTLV

Judges 14 in the BOATCB

Judges 14 in the BOATCB2

Judges 14 in the BOBCV

Judges 14 in the BOCNT

Judges 14 in the BOGWICC

Judges 14 in the BOHCB

Judges 14 in the BOHCV

Judges 14 in the BOHLNT

Judges 14 in the BOHNTLTAL

Judges 14 in the BOICB

Judges 14 in the BOILNTAP

Judges 14 in the BOITCV

Judges 14 in the BOKCV

Judges 14 in the BOKCV2

Judges 14 in the BOKHWOG

Judges 14 in the BOKSSV

Judges 14 in the BOLCB

Judges 14 in the BOLCB2

Judges 14 in the BOMCV

Judges 14 in the BONAV

Judges 14 in the BONCB

Judges 14 in the BONLT

Judges 14 in the BONUT2

Judges 14 in the BOPLNT

Judges 14 in the BOSCB

Judges 14 in the BOSNC

Judges 14 in the BOTLNT

Judges 14 in the BOVCB

Judges 14 in the BOYCB

Judges 14 in the BPBB

Judges 14 in the BPH

Judges 14 in the BSB

Judges 14 in the CCB

Judges 14 in the CUV

Judges 14 in the CUVS

Judges 14 in the DBT

Judges 14 in the DGDNT

Judges 14 in the DHNT

Judges 14 in the DNT

Judges 14 in the ELBE

Judges 14 in the EMTV

Judges 14 in the ESV

Judges 14 in the FBV

Judges 14 in the FEB

Judges 14 in the GGMNT

Judges 14 in the GNT

Judges 14 in the HARY

Judges 14 in the HNT

Judges 14 in the IRVA

Judges 14 in the IRVB

Judges 14 in the IRVG

Judges 14 in the IRVH

Judges 14 in the IRVK

Judges 14 in the IRVM

Judges 14 in the IRVM2

Judges 14 in the IRVO

Judges 14 in the IRVP

Judges 14 in the IRVT

Judges 14 in the IRVT2

Judges 14 in the IRVU

Judges 14 in the ISVN

Judges 14 in the JSNT

Judges 14 in the KAPI

Judges 14 in the KBT1ETNIK

Judges 14 in the KBV

Judges 14 in the KJV

Judges 14 in the KNFD

Judges 14 in the LBA

Judges 14 in the LBLA

Judges 14 in the LNT

Judges 14 in the LSV

Judges 14 in the MAAL

Judges 14 in the MBV

Judges 14 in the MBV2

Judges 14 in the MHNT

Judges 14 in the MKNFD

Judges 14 in the MNG

Judges 14 in the MNT

Judges 14 in the MNT2

Judges 14 in the MRS1T

Judges 14 in the NAA

Judges 14 in the NASB

Judges 14 in the NBLA

Judges 14 in the NBS

Judges 14 in the NBVTP

Judges 14 in the NET2

Judges 14 in the NIV11

Judges 14 in the NNT

Judges 14 in the NNT2

Judges 14 in the NNT3

Judges 14 in the PDDPT

Judges 14 in the PFNT

Judges 14 in the RMNT

Judges 14 in the SBIAS

Judges 14 in the SBIBS

Judges 14 in the SBIBS2

Judges 14 in the SBICS

Judges 14 in the SBIDS

Judges 14 in the SBIGS

Judges 14 in the SBIHS

Judges 14 in the SBIIS

Judges 14 in the SBIIS2

Judges 14 in the SBIIS3

Judges 14 in the SBIKS

Judges 14 in the SBIKS2

Judges 14 in the SBIMS

Judges 14 in the SBIOS

Judges 14 in the SBIPS

Judges 14 in the SBISS

Judges 14 in the SBITS

Judges 14 in the SBITS2

Judges 14 in the SBITS3

Judges 14 in the SBITS4

Judges 14 in the SBIUS

Judges 14 in the SBIVS

Judges 14 in the SBT

Judges 14 in the SBT1E

Judges 14 in the SCHL

Judges 14 in the SNT

Judges 14 in the SUSU

Judges 14 in the SUSU2

Judges 14 in the SYNO

Judges 14 in the TBIAOTANT

Judges 14 in the TBT1E

Judges 14 in the TBT1E2

Judges 14 in the TFTIP

Judges 14 in the TFTU

Judges 14 in the TGNTATF3T

Judges 14 in the THAI

Judges 14 in the TNFD

Judges 14 in the TNT

Judges 14 in the TNTIK

Judges 14 in the TNTIL

Judges 14 in the TNTIN

Judges 14 in the TNTIP

Judges 14 in the TNTIZ

Judges 14 in the TOMA

Judges 14 in the TTENT

Judges 14 in the UBG

Judges 14 in the UGV

Judges 14 in the UGV2

Judges 14 in the UGV3

Judges 14 in the VBL

Judges 14 in the VDCC

Judges 14 in the YALU

Judges 14 in the YAPE

Judges 14 in the YBVTP

Judges 14 in the ZBP