Judges 19 (BOECS)

1 Le ɣe ma ɣi me la, fia aɖeke menɔ Israel o.Ŋutsu aɖe tso Levi ƒe viwo dome nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe kɔƒe aɖe me. Etsɔ ahiãvi tso Betlehem le Yuda. 2 Ke nyɔnuvi la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wòsi yi fofoa gbɔ le Betlehem, henɔ afi ma ɣleti ene. 3 Ŋutsu sia kplɔ subɔla ɖeka kple tedzi eve yi be yewoable ahiãvi la nu akplɔe agbɔe. Esi woɖo Betlehem la, nyɔnuvi la xɔ wo nyuie eye wòɖe wo fia fofoa, ame si hã xɔ wo nyuie 4 eye wòbia tso wo si be woanɔ yewo gbɔ vie. Ale wonɔ wo gbɔ ŋkeke etɔ̃ le dzidzɔ kple dzidzeme me. Woɖu nu, no nu eye wotsi afi ma dɔ ŋkeke etɔ̃. 5 Le ŋkeke enelia gbe la, wofɔ kaba hedzra ɖo na dzodzo, ke nyɔnuvi la fofo zi wo dzi be woaɖu ŋdinu gbã. 6 Ale wo kple eve la wonɔ anyi, eye woɖu nu, no nu ɖekae. Emegbe la nyɔnuvi la fofo gblɔ be, “Meɖe kuku tsi mía gbɔ egbe sia hã eye nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò.” 7 Ŋutsu la melɔ̃ ɖe edzi gbã o gake aƒea tɔ ƒoe ɖe enu va se ɖe esime wòlɔ̃. 8 Esi ŋu ke la, wogafɔ kaba hena dzodzo gake nyɔnuvi la fofo gagblɔ nɛ be, “Miganɔ anyi egbea ko eye miadzo egbe fiẽ.” Ale woganɔ anyi, ɖu nu, no nu ŋkeke ɖeka kpee. 9 Gbe ma gbe ɣetrɔ esi Levitɔ la kple eƒe ahiãvi la kple subɔla la nɔ dzadzram ɖo na dzodzo la, nyɔnuvi la fofo gagblɔ na wo be, “Zã do xoxo, miganɔ mía gbɔ zã sia hã; míagaɖu nu, miano nu, ekema miate ŋu adze mɔ ŋdi kanya.” 10 Ke ŋutsu la melɔ̃ be yeagatsi anyi zã ma me o, ale wodze mɔ heɖo ta Yebus si woyɔna hã be Yerusalem kple eƒe tedzi eve siwo wodo agba na kple eƒe ahiãvi la. 11 Esi woɖo afi ma la, subɔla la gblɔ nɛ be, “Zã do akpa na mɔzɔzɔ eya ta na míatsi afi sia adɔ.” 12 Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ao, míayi amedzrowo ƒe du me, du si me tɔwo menye Israelviwo o. Míayi Gibea.” 13 Eyi edzi be, “Mina míadze agbagba be míaɖo Gibea alo Rama eye míatsi teƒe mawo dometɔ ɖeka adɔ.” 14 Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi. Ɣe nɔ to ɖom esime wova ɖo Gibea, si nye Benyamin ƒe du sue aɖe me. 15 Woɖo be yewoatsi afi ma adɔ, ke esi ame aɖeke mekpe wo be woava dze ye gbɔ o ta la, wodro ɖe dua ƒe ablɔme. 16 Sẽe ko la, ŋutsu tsitsi aɖe tso agble gbɔ va yina aƒe me. Etso Efraim ƒe tonyigba dzi, ke fifia la ele Gibea, togbɔ be Gibea nɔ Benyamin ƒe anyigba dzi hã. 17 Esi wòkpɔ be amedzroawo dro ɖe ablɔme la, ebia afi si wotso kple afi si woyina la wo. 18 Levitɔ la ɖo eŋu be, “Míetso Betlehem le Yuda eye míeyina Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe mlɔea nu te ɖe Silo ŋu. Ame aɖeke mekpe mí be míava dze ye gbɔ o, 19 togbɔ be nuɖuɖu le mía si na míaƒe tedziwo eye nuɖuɖu kple wain hã sɔ gbɔ na nye ŋutɔ kple nye ahiãvi kple subɔla la hã hafi.” 20 Ŋutsu tsitsi la gblɔ be, “Miva dze gbɔnye, menyo be miatsi ablɔme le afi sia o elabena mianɔ dedie o.” 21 Ŋutsu tsitsi la kplɔ wo yi aƒe mee, ena nuɖuɖu woƒe tedziwo. Esi woklɔ woƒe afɔwo vɔ la, woɖu nu eye wono nu. 22 Esi wonɔ dzidzɔ dom na wo ɖokui la, ŋutsu vlo aɖewo tso dua me va ƒo xlã aƒe la eye wonɔ ʋɔa ƒom sesĩe nɔ ɣli dom bobobo gblɔ na ŋutsu tsitsi la be, “Kplɔ ŋutsu si va dze aƒewò me la do goe ne míadɔ kplii.” 23 Aƒea tɔ do ɖe wo ŋuti eye wògblɔ na wo be, “Ao, xɔ̃nyewo, migawɔ nu vɔ̃ɖi sia o. Esi ŋutsu sia nye nye amedzro ta la, migawɔ ŋukpenanu sia ɖe eŋuti o. 24 Mina maɖe asi le vinye ɖetugbi si menya ŋutsu haɖe o kple ŋutsu la ƒe ahiãvi ŋuti na mi. Makplɔ wo do goe eye miate ŋu awɔ nu sia nu kpli wo, gake migawɔ nu vɔ̃ɖi, nyɔŋu sia tɔgbi ɖe ŋutsu sia ŋu o.” 25 Ame vloawo meɖo toe o. Tete Levitɔ la he ahiãvi la do goe tso xɔ la me na wo. Ameawo wɔ fui, dɔ kplii ɖekaɖeka to zã blibo la me. Esi woɖe asi le eŋu mlɔeba le fɔŋli la, 26 eyi eƒe aƒetɔ ƒe aƒe me, edze anyi ɖe aƒea ƒe mɔnu eye wòtsi afi ma va se ɖe esime ŋu ke nyuie. 27 Esi Levitɔ la ʋu ʋɔa hena mɔdzedze la, ekpɔ eƒe ahiãvi la wòmlɔ anyigba le ʋɔtrua ŋgɔ, eye eƒe asiwo nɔ kpui dzi. 28 Egblɔ nɛ be, “Tso mídzo,” gake meɖo nya la ŋu nɛ o. Tete ŋutsu la kɔe da ɖe eƒe tedzi dzi eye wolé aƒemɔ tsɔ. 29 Esi wòɖo aƒe la, etsɔ hɛ fli eƒe ahiãvi la ɖe eƒe ƒunuɖeƒewo ɖe akpa wuieve me eye wòɖo akpa ɖeka ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe. 30 Ame sia ame si kpɔ nu sia la gblɔ be, “Womekpɔ nu sia tɔgbi kpɔ alo wòdzɔ kpɔ tso esime Israelviwo do go tso Egipte la o. Mibu eŋuti! Mide ŋugble le eŋuti! Migblɔ nu si míawɔ la na mí!”

In Other Versions

Judges 19 in the ANGEFD

Judges 19 in the ANTPNG2D

Judges 19 in the AS21

Judges 19 in the BAGH

Judges 19 in the BBPNG

Judges 19 in the BBT1E

Judges 19 in the BDS

Judges 19 in the BEV

Judges 19 in the BHAD

Judges 19 in the BIB

Judges 19 in the BLPT

Judges 19 in the BNT

Judges 19 in the BNTABOOT

Judges 19 in the BNTLV

Judges 19 in the BOATCB

Judges 19 in the BOATCB2

Judges 19 in the BOBCV

Judges 19 in the BOCNT

Judges 19 in the BOGWICC

Judges 19 in the BOHCB

Judges 19 in the BOHCV

Judges 19 in the BOHLNT

Judges 19 in the BOHNTLTAL

Judges 19 in the BOICB

Judges 19 in the BOILNTAP

Judges 19 in the BOITCV

Judges 19 in the BOKCV

Judges 19 in the BOKCV2

Judges 19 in the BOKHWOG

Judges 19 in the BOKSSV

Judges 19 in the BOLCB

Judges 19 in the BOLCB2

Judges 19 in the BOMCV

Judges 19 in the BONAV

Judges 19 in the BONCB

Judges 19 in the BONLT

Judges 19 in the BONUT2

Judges 19 in the BOPLNT

Judges 19 in the BOSCB

Judges 19 in the BOSNC

Judges 19 in the BOTLNT

Judges 19 in the BOVCB

Judges 19 in the BOYCB

Judges 19 in the BPBB

Judges 19 in the BPH

Judges 19 in the BSB

Judges 19 in the CCB

Judges 19 in the CUV

Judges 19 in the CUVS

Judges 19 in the DBT

Judges 19 in the DGDNT

Judges 19 in the DHNT

Judges 19 in the DNT

Judges 19 in the ELBE

Judges 19 in the EMTV

Judges 19 in the ESV

Judges 19 in the FBV

Judges 19 in the FEB

Judges 19 in the GGMNT

Judges 19 in the GNT

Judges 19 in the HARY

Judges 19 in the HNT

Judges 19 in the IRVA

Judges 19 in the IRVB

Judges 19 in the IRVG

Judges 19 in the IRVH

Judges 19 in the IRVK

Judges 19 in the IRVM

Judges 19 in the IRVM2

Judges 19 in the IRVO

Judges 19 in the IRVP

Judges 19 in the IRVT

Judges 19 in the IRVT2

Judges 19 in the IRVU

Judges 19 in the ISVN

Judges 19 in the JSNT

Judges 19 in the KAPI

Judges 19 in the KBT1ETNIK

Judges 19 in the KBV

Judges 19 in the KJV

Judges 19 in the KNFD

Judges 19 in the LBA

Judges 19 in the LBLA

Judges 19 in the LNT

Judges 19 in the LSV

Judges 19 in the MAAL

Judges 19 in the MBV

Judges 19 in the MBV2

Judges 19 in the MHNT

Judges 19 in the MKNFD

Judges 19 in the MNG

Judges 19 in the MNT

Judges 19 in the MNT2

Judges 19 in the MRS1T

Judges 19 in the NAA

Judges 19 in the NASB

Judges 19 in the NBLA

Judges 19 in the NBS

Judges 19 in the NBVTP

Judges 19 in the NET2

Judges 19 in the NIV11

Judges 19 in the NNT

Judges 19 in the NNT2

Judges 19 in the NNT3

Judges 19 in the PDDPT

Judges 19 in the PFNT

Judges 19 in the RMNT

Judges 19 in the SBIAS

Judges 19 in the SBIBS

Judges 19 in the SBIBS2

Judges 19 in the SBICS

Judges 19 in the SBIDS

Judges 19 in the SBIGS

Judges 19 in the SBIHS

Judges 19 in the SBIIS

Judges 19 in the SBIIS2

Judges 19 in the SBIIS3

Judges 19 in the SBIKS

Judges 19 in the SBIKS2

Judges 19 in the SBIMS

Judges 19 in the SBIOS

Judges 19 in the SBIPS

Judges 19 in the SBISS

Judges 19 in the SBITS

Judges 19 in the SBITS2

Judges 19 in the SBITS3

Judges 19 in the SBITS4

Judges 19 in the SBIUS

Judges 19 in the SBIVS

Judges 19 in the SBT

Judges 19 in the SBT1E

Judges 19 in the SCHL

Judges 19 in the SNT

Judges 19 in the SUSU

Judges 19 in the SUSU2

Judges 19 in the SYNO

Judges 19 in the TBIAOTANT

Judges 19 in the TBT1E

Judges 19 in the TBT1E2

Judges 19 in the TFTIP

Judges 19 in the TFTU

Judges 19 in the TGNTATF3T

Judges 19 in the THAI

Judges 19 in the TNFD

Judges 19 in the TNT

Judges 19 in the TNTIK

Judges 19 in the TNTIL

Judges 19 in the TNTIN

Judges 19 in the TNTIP

Judges 19 in the TNTIZ

Judges 19 in the TOMA

Judges 19 in the TTENT

Judges 19 in the UBG

Judges 19 in the UGV

Judges 19 in the UGV2

Judges 19 in the UGV3

Judges 19 in the VBL

Judges 19 in the VDCC

Judges 19 in the YALU

Judges 19 in the YAPE

Judges 19 in the YBVTP

Judges 19 in the ZBP