Judges 21 (BOECS)
1 Israel ƒe kplɔlawo ka atam na Yehowa le Mizpa be yewomatsɔ yewoƒe ɖetugbiwo ana Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo woaɖe gbeɖegbeɖe o. 2 Azɔ la, Israelviwo ƒe kplɔlawo kpe ta le Betel eye wofa avi na Mawu vevie va se ɖe fiẽ. 3 Wofa avi gblɔ be, “Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, nu ka ta wòva eme be míaƒe towo dometɔ ɖeka le bubum le mía dome?” 4 Woɖi vɔsamlekpui aɖe le gbe ma gbe ƒe ŋdi kanya eye wosa akpedavɔ le edzi. 5 Wogblɔ na wo nɔewo be, “Ɖe Israel ƒe to aɖe li si meva takpekpe si míewɔ le Yehowa ŋkume le Mizpa oa?” Wobia nya sia elabena woka atam ɖe edzi do ŋgɔ be ame si agbe vava la aku kokoko. 6 Israelviwo katã fa konyi le ale si Benyamin ƒe to la tsrɔ̃ le wo dome la ta eye wogblɔ be, “Israel ƒe to blibo ɖeka tsrɔ̃ le mía dome. 7 Afi ka míakpɔ nyɔnuwo le na ŋutsu ʋɛ siwo tsi agbe esi míetsɔ Yehowa ka atam be míatsɔ míaƒe vinyɔnuwo na woƒe ɖekakpuiwo woaɖe o?” 8 Eye wobia be, “Israel ƒe to ka me tɔwoe meva takpekpea me le Yehowa ŋkume le Mizpa o?” Wokpɔe be, ame aɖeke metso Yabes Gilead va asaɖa la me na takpekpe la o. 9 Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔe be Yabes Gileadtɔ aɖeke menɔ afi ma o. 10 Ale woɖe gbe na aʋawɔla kalẽtɔ akpe wuieve (12,000) be, “Miyi miawu amewo le Yabes Gilead. 11 Miwu ŋutsuwo katã kple nyɔnu siwo katã dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ.” 12 Wokpɔ ɖetugbi alafa ene siwo medɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o la le ame siwo nɔ Yabes Gilead la dome eye wokplɔ wo va asaɖa la me le Silo, le Kanaanyigba dzi. 13 Israelvi bubuawo ɖo ame ɖe Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsu siwo tsi agbe eye wole Rimon kpe la gbɔ. 14 Wotsɔ ɖetugbi alafa eneawo na wo woɖe eye wotrɔ yi woƒe aƒewo me. Ke ɖetugbiawo mede ŋutsuawo katã nu o. 15 Nublanuinya gã aɖee wònye le Israel le ŋkeke mawo me elabena Yehowa de mama Israel ƒe toawo dome. 16 Israelviwo ƒe kplɔlawo gblɔ be, “Aleke míawɔ akpɔ srɔ̃ na ŋutsu bubuawo esi Benyamin ƒe to la ƒe nyɔnuwo katã ku? 17 Ele be míato mɔ aɖe nu adi srɔ̃ na wo kokoko ale be, Israel ƒe to blibo ɖeka mabu gbidii o. 18 Ke míate ŋu atsɔ míawo ŋutɔ ƒe vinyɔnuwo na wo o elabena mí Israelviwo míeka atam be, Yehowa ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ nu sia la dzi.” 19 Ke ame aɖe ɖo ŋku Yehowa ƒe ŋkekenyui si woɖuna ƒe sia ƒe la dzi. Woɖua ŋkekenyui sia le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ si tso Betel yi Sekem ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kpakple Lebona ƒe dziehe la dzi. 20 Wogblɔ na Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsu siwo mekpɔ srɔ̃ ɖe haɖe o la be, “Miyi miaɣla mia ɖokui ɖe waingblewo me 21 eye ne Silo ɖetugbiwo va yina ɣeɖuƒe la, mialũ ɖe wo dzi, mialé wo sesẽ ayi miaƒe aƒewo me ne woazu mia srɔ̃wo! 22 Ne wo fofowo kple wo nɔviŋutsuwo va nya he ge ɖe mía ŋu la, míagblɔ na wo be, ‘Míeɖe kuku na mi; mise nu gɔme eye miaɖe mɔ woaɖe mia vinyɔnuwo elabena míekpɔ ɖetugbiwo na ŋutsuawo katã esi míetsrɔ̃ Yabes Gilead o. Nenye miawo ŋutɔe tsɔ mia vinyɔnuwo na wo la, eya ko hafi miaɖi fɔ.’ ” 23 Ale Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo wɔ ɖe nya si wogblɔ na wo la dzi, wolé nyɔnuvi siwo va ŋkekenyui la ɖu ge, eye wokplɔ wo yi woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Wogbugbɔ woƒe duwo tu eye wonɔ wo me. 24 Israelvi bubuawo hã trɔ yi wo de. 25 Le ɣe ma ɣiwo me la, fia aɖeke menɔ Israel si o, eye ame sia ame wɔa nu si dzea eŋu.
In Other Versions
Judges 21 in the ANGEFD
Judges 21 in the ANTPNG2D
Judges 21 in the AS21
Judges 21 in the BAGH
Judges 21 in the BBPNG
Judges 21 in the BBT1E
Judges 21 in the BDS
Judges 21 in the BEV
Judges 21 in the BHAD
Judges 21 in the BIB
Judges 21 in the BLPT
Judges 21 in the BNT
Judges 21 in the BNTABOOT
Judges 21 in the BNTLV
Judges 21 in the BOATCB
Judges 21 in the BOATCB2
Judges 21 in the BOBCV
Judges 21 in the BOCNT
Judges 21 in the BOGWICC
Judges 21 in the BOHCB
Judges 21 in the BOHCV
Judges 21 in the BOHLNT
Judges 21 in the BOHNTLTAL
Judges 21 in the BOICB
Judges 21 in the BOILNTAP
Judges 21 in the BOITCV
Judges 21 in the BOKCV
Judges 21 in the BOKCV2
Judges 21 in the BOKHWOG
Judges 21 in the BOKSSV
Judges 21 in the BOLCB
Judges 21 in the BOLCB2
Judges 21 in the BOMCV
Judges 21 in the BONAV
Judges 21 in the BONCB
Judges 21 in the BONLT
Judges 21 in the BONUT2
Judges 21 in the BOPLNT
Judges 21 in the BOSCB
Judges 21 in the BOSNC
Judges 21 in the BOTLNT
Judges 21 in the BOVCB
Judges 21 in the BOYCB
Judges 21 in the BPBB
Judges 21 in the BPH
Judges 21 in the BSB
Judges 21 in the CCB
Judges 21 in the CUV
Judges 21 in the CUVS
Judges 21 in the DBT
Judges 21 in the DGDNT
Judges 21 in the DHNT
Judges 21 in the DNT
Judges 21 in the ELBE
Judges 21 in the EMTV
Judges 21 in the ESV
Judges 21 in the FBV
Judges 21 in the FEB
Judges 21 in the GGMNT
Judges 21 in the GNT
Judges 21 in the HARY
Judges 21 in the HNT
Judges 21 in the IRVA
Judges 21 in the IRVB
Judges 21 in the IRVG
Judges 21 in the IRVH
Judges 21 in the IRVK
Judges 21 in the IRVM
Judges 21 in the IRVM2
Judges 21 in the IRVO
Judges 21 in the IRVP
Judges 21 in the IRVT
Judges 21 in the IRVT2
Judges 21 in the IRVU
Judges 21 in the ISVN
Judges 21 in the JSNT
Judges 21 in the KAPI
Judges 21 in the KBT1ETNIK
Judges 21 in the KBV
Judges 21 in the KJV
Judges 21 in the KNFD
Judges 21 in the LBA
Judges 21 in the LBLA
Judges 21 in the LNT
Judges 21 in the LSV
Judges 21 in the MAAL
Judges 21 in the MBV
Judges 21 in the MBV2
Judges 21 in the MHNT
Judges 21 in the MKNFD
Judges 21 in the MNG
Judges 21 in the MNT
Judges 21 in the MNT2
Judges 21 in the MRS1T
Judges 21 in the NAA
Judges 21 in the NASB
Judges 21 in the NBLA
Judges 21 in the NBS
Judges 21 in the NBVTP
Judges 21 in the NET2
Judges 21 in the NIV11
Judges 21 in the NNT
Judges 21 in the NNT2
Judges 21 in the NNT3
Judges 21 in the PDDPT
Judges 21 in the PFNT
Judges 21 in the RMNT
Judges 21 in the SBIAS
Judges 21 in the SBIBS
Judges 21 in the SBIBS2
Judges 21 in the SBICS
Judges 21 in the SBIDS
Judges 21 in the SBIGS
Judges 21 in the SBIHS
Judges 21 in the SBIIS
Judges 21 in the SBIIS2
Judges 21 in the SBIIS3
Judges 21 in the SBIKS
Judges 21 in the SBIKS2
Judges 21 in the SBIMS
Judges 21 in the SBIOS
Judges 21 in the SBIPS
Judges 21 in the SBISS
Judges 21 in the SBITS
Judges 21 in the SBITS2
Judges 21 in the SBITS3
Judges 21 in the SBITS4
Judges 21 in the SBIUS
Judges 21 in the SBIVS
Judges 21 in the SBT
Judges 21 in the SBT1E
Judges 21 in the SCHL
Judges 21 in the SNT
Judges 21 in the SUSU
Judges 21 in the SUSU2
Judges 21 in the SYNO
Judges 21 in the TBIAOTANT
Judges 21 in the TBT1E
Judges 21 in the TBT1E2
Judges 21 in the TFTIP
Judges 21 in the TFTU
Judges 21 in the TGNTATF3T
Judges 21 in the THAI
Judges 21 in the TNFD
Judges 21 in the TNT
Judges 21 in the TNTIK
Judges 21 in the TNTIL
Judges 21 in the TNTIN
Judges 21 in the TNTIP
Judges 21 in the TNTIZ
Judges 21 in the TOMA
Judges 21 in the TTENT
Judges 21 in the UBG
Judges 21 in the UGV
Judges 21 in the UGV2
Judges 21 in the UGV3
Judges 21 in the VBL
Judges 21 in the VDCC
Judges 21 in the YALU
Judges 21 in the YAPE
Judges 21 in the YBVTP
Judges 21 in the ZBP