Jeremiah 32 (BOECS)

1 Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Yeremia le Yuda fia Zedekia ƒe ƒe ewolia me eye wòganye Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. 2 Babilonia fia ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem eye wolé Nyagblɔɖila Yeremia de gae ɖe xɔxɔnu si dzɔlawo nɔna le Yuda fia ƒe fiasã me. 3 Azɔ Yuda fia Zedekia de gae ɖe afi ma hegblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle nya gblɔm ɖi alea ɖo? Egblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, eye wòaxɔe. 4 Yuda fia Zedekia mado le Babiloniatɔwo ƒe asi me o, ke boŋ woalée ade asi na Babilonia fia, aƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye wòakpɔe kple eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo. 5 Akplɔ Zedekia ayi ɖe Babilonia, afi si wòanɔ va se ɖe esime matu nu kplii Yehowae gblɔe. Ne èwɔ aʋa kple Babiloniatɔwo la, màɖu wo dzi o.’ ” 6 Yeremia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya va gblɔe nam be, 7 ‘Tɔwòɖia, Salum, ƒe vi Hanamel ava gbɔwò agblɔ na wò be, “Ƒle nye agble si le Anatɔt elabena, abe ƒonyemetɔ kpamkpam ene la, enye wò gome kple dɔdeasi be nàƒlee?” ’ 8 “Tete abe ale si Yehowa gblɔe ene la, tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wògblɔ nam be, ‘Ƒle nye agble si le Anatɔt le Benyaminyigba dzi. Esi wònye wò domenyinu wònye be nàxɔe eye wòanye tɔwò ta la, ƒlee na ɖokuiwò.’“Menyae be esia nye gbe tso Yehowa gbɔ, 9 eya ta meƒle agble si le Anatɔt la le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel si heda klosaloga gram alafa eve tsɔ nɛ. 10 Mede asi anyigbaƒlegblalẽ la te hetre enu, hena ɖasefowo hã de asi ete eye meda klosaloga la le nudanu me. 11 Mexɔ anyigbaƒlegbalẽ la, esi nu wotre, eye ɖoɖo si dzi woƒle agblea ɖo la le eme, hekpe ɖe esi nu wometre o la ŋuti. 12 Metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Baruk, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel kple ɖasefo siwo de asi agbalẽ la te kple Yudatɔ siwo katã nɔ anyi ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la ŋkume. 13 “Le woƒe ŋkume mede se siawo na Baruk. 14 ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Tsɔ agbalẽ siawo, anyigbaƒlegbalẽ si nu wotre kple esi le ʋuʋu la siaa de ze me ne woanɔ anyi eteƒe nadidi. 15 Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Woagaƒle aƒewo, agbledenyigbawo kple waingblewo le anyigba sia dzi.” ’ 16 “Esi metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Neria ƒe vi, Baruk vɔ la, medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be: 17 “O, Aƒetɔ Yehowa, wòe tsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple wò abɔ si le dzi la wɔ dziƒo kple anyigbae. Naneke mesesẽ na wò akpa o. 18 Elɔ̃a ame akpe nanewo gake ètsɔa fofowo ƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe ɖoa akɔ na vi siwo wodzi. O Mawu gã kple ŋusẽtɔ, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, 19 wò ɖoɖowo lolo eye wò nuwɔwɔwo tri akɔ. Wò ŋkuwo le te ɖe amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu eye nèwɔa nu sia nu si ame sia ame dze na la nɛ ɖe eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuwɔnawo nu. 20 Èwɔ dzesi gãwo kple nukunu triakɔwo le Egiptenyigba dzi eye nègale wo wɔwɔ dzi va se ɖe egbe sia, le Israel kple amegbetɔwo katã dome eye nèxɔ ŋkɔ gã na ɖokuiwò esi nye tɔwò va se ɖe fifia. 21 Èkplɔ wò dukɔ, Israel, do goe le Egipte kple dzesiwo, nukunuwo, alɔ sesẽ kple abɔ si le dzi kple ŋɔdzi gã. 22 Ètsɔ anyigba sia, si nèka atam be yeatsɔ ana wo fofowo la na wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo fũu. 23 Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo. 24 “Kpɔ ale si woƒu kpo ɖe dua ŋutii be woaxɔe ɖa. Le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta la, woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖee. Nu si nègblɔ la va eme abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene. 25 Togbɔ be woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔwo hã la, O, wò Aƒetɔ Yehowa, ègblɔ nam be, ‘Tsɔ klosaloga nàƒle agbledenyigbae eye nàna ɖasefowo nakpɔ eƒleƒe.’ ” 26 Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, 27 “Nyee nye Yehowa, amegbetɔwo katã ƒe Mawu. Ɖe nane sesẽ nam akpa? 28 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo kple Babilonia fia, Nebukadnezar, be woaxɔe. 29 Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe du sia la age ɖe eme atɔ dzoe. Woana wòabi azu afi, hekpe ɖe aƒe siwo tame wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal le eye woƒoa aha ɖi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dziku nam la ŋuti. 30 “Tso Israelviwo kple Yudatɔwo ƒe ɖekakpuime ke la, womewɔ naneke wu nu vɔ̃ɖi le ŋkunye me o. Le nyateƒe me la, Israelviwo mewɔ naneke wu be woado dziku nam kple nu si woƒe asi wɔ la, o.” Yehowae gblɔe. 31 Tso gbe si gbe ke wotso du sia va se ɖe fifia la, du sia do dziku kple dɔmedzoe nam ale gbegbe be ele nam be maɖee ɖa le nye ŋkuta. 32 Israelviwo kple Yudatɔwo tsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ la do dziku nam, woawo ŋutɔwo ƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo, woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa. 33 Wotrɔ woƒe ʋu me dem, menye woƒe ŋkume o. Togbɔ be mefia nu wo atraɖii hã la, womeɖo to alo trɔ ɖe amehehe ŋuti o. 34 Wotsɔ woƒe legba nyɔŋuawo ɖo aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me eye wodo gui. 35 Wotu nuxeƒewo na Baal le Ben Hinom ƒe Balime, ne woatsɔ wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo asa vɔe na Molek, evɔ nyemeɖo nu sia na wo gbeɖegbeɖe alo wòayi nye ta me va ge, be woawɔ ŋunyɔnu sia eye woakplɔ Yuda ade nu vɔ̃ me o. 36 Miele gbɔgblɔm le du sia ŋuti be, “To yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ me, woatsɔ du la ade asi na Babilonia fia,” gake ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: 37 “Le nyateƒe me la, maƒo wo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Matrɔ wo agbɔe va teƒe sia eye mana woanɔ anyi le dedinɔnɔ me. 38 Woanye nye dukɔ eye nye hã manye woƒe Mawu. 39 Mana dzi ɖeka wo eye woƒe afɔɖeɖewo hã anɔ ɖeka ale be woavɔ̃m ɣe sia ɣi hena woawo ŋutɔwo kple wo vi siwo ava xɔ ɖe wo teƒe la ƒe nyui. 40 Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o. 41 Matsɔ dzidzɔ awɔ nyui na wo eye matsɔ nye dzi blibo kple luʋɔ blibo ali ke wo kple kakaɖedzi ɖe anyigba sia dzi. 42 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Abe ale si mehe dzɔgbevɔ̃e gã sia va ame siawo dzii ene la, nenema kee matsɔ dzidzedzekpɔkpɔ si ŋugbe medo na wo la hã ana wo. 43 Ava eme be, woagaƒle agblewo le anyigba si ŋuti miegblɔ le be, ‘Ezu gbegbe si menyo na naneke o, eye amegbetɔ alo gbemelãwo gɔ̃ hã megale edzi o, elabena wotsɔe de asi na Babiloniatɔwo’ la dzi. 44 Woatsɔ klosaloga aƒle agblewo eye woawɔ agbalẽ ɖe wo dzi, ade asi ete kple ɖasefowo, eye woatre wo nu le Benyaminyigba dzi, kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem, le Yuda duwo kple togbɛduwo me, le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to kple gbegbenutowo me, elabena matrɔ woƒe nunyoname vɛ na wo.” Yehowae gblɔe.

In Other Versions

Jeremiah 32 in the ANGEFD

Jeremiah 32 in the ANTPNG2D

Jeremiah 32 in the AS21

Jeremiah 32 in the BAGH

Jeremiah 32 in the BBPNG

Jeremiah 32 in the BBT1E

Jeremiah 32 in the BDS

Jeremiah 32 in the BEV

Jeremiah 32 in the BHAD

Jeremiah 32 in the BIB

Jeremiah 32 in the BLPT

Jeremiah 32 in the BNT

Jeremiah 32 in the BNTABOOT

Jeremiah 32 in the BNTLV

Jeremiah 32 in the BOATCB

Jeremiah 32 in the BOATCB2

Jeremiah 32 in the BOBCV

Jeremiah 32 in the BOCNT

Jeremiah 32 in the BOGWICC

Jeremiah 32 in the BOHCB

Jeremiah 32 in the BOHCV

Jeremiah 32 in the BOHLNT

Jeremiah 32 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 32 in the BOICB

Jeremiah 32 in the BOILNTAP

Jeremiah 32 in the BOITCV

Jeremiah 32 in the BOKCV

Jeremiah 32 in the BOKCV2

Jeremiah 32 in the BOKHWOG

Jeremiah 32 in the BOKSSV

Jeremiah 32 in the BOLCB

Jeremiah 32 in the BOLCB2

Jeremiah 32 in the BOMCV

Jeremiah 32 in the BONAV

Jeremiah 32 in the BONCB

Jeremiah 32 in the BONLT

Jeremiah 32 in the BONUT2

Jeremiah 32 in the BOPLNT

Jeremiah 32 in the BOSCB

Jeremiah 32 in the BOSNC

Jeremiah 32 in the BOTLNT

Jeremiah 32 in the BOVCB

Jeremiah 32 in the BOYCB

Jeremiah 32 in the BPBB

Jeremiah 32 in the BPH

Jeremiah 32 in the BSB

Jeremiah 32 in the CCB

Jeremiah 32 in the CUV

Jeremiah 32 in the CUVS

Jeremiah 32 in the DBT

Jeremiah 32 in the DGDNT

Jeremiah 32 in the DHNT

Jeremiah 32 in the DNT

Jeremiah 32 in the ELBE

Jeremiah 32 in the EMTV

Jeremiah 32 in the ESV

Jeremiah 32 in the FBV

Jeremiah 32 in the FEB

Jeremiah 32 in the GGMNT

Jeremiah 32 in the GNT

Jeremiah 32 in the HARY

Jeremiah 32 in the HNT

Jeremiah 32 in the IRVA

Jeremiah 32 in the IRVB

Jeremiah 32 in the IRVG

Jeremiah 32 in the IRVH

Jeremiah 32 in the IRVK

Jeremiah 32 in the IRVM

Jeremiah 32 in the IRVM2

Jeremiah 32 in the IRVO

Jeremiah 32 in the IRVP

Jeremiah 32 in the IRVT

Jeremiah 32 in the IRVT2

Jeremiah 32 in the IRVU

Jeremiah 32 in the ISVN

Jeremiah 32 in the JSNT

Jeremiah 32 in the KAPI

Jeremiah 32 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 32 in the KBV

Jeremiah 32 in the KJV

Jeremiah 32 in the KNFD

Jeremiah 32 in the LBA

Jeremiah 32 in the LBLA

Jeremiah 32 in the LNT

Jeremiah 32 in the LSV

Jeremiah 32 in the MAAL

Jeremiah 32 in the MBV

Jeremiah 32 in the MBV2

Jeremiah 32 in the MHNT

Jeremiah 32 in the MKNFD

Jeremiah 32 in the MNG

Jeremiah 32 in the MNT

Jeremiah 32 in the MNT2

Jeremiah 32 in the MRS1T

Jeremiah 32 in the NAA

Jeremiah 32 in the NASB

Jeremiah 32 in the NBLA

Jeremiah 32 in the NBS

Jeremiah 32 in the NBVTP

Jeremiah 32 in the NET2

Jeremiah 32 in the NIV11

Jeremiah 32 in the NNT

Jeremiah 32 in the NNT2

Jeremiah 32 in the NNT3

Jeremiah 32 in the PDDPT

Jeremiah 32 in the PFNT

Jeremiah 32 in the RMNT

Jeremiah 32 in the SBIAS

Jeremiah 32 in the SBIBS

Jeremiah 32 in the SBIBS2

Jeremiah 32 in the SBICS

Jeremiah 32 in the SBIDS

Jeremiah 32 in the SBIGS

Jeremiah 32 in the SBIHS

Jeremiah 32 in the SBIIS

Jeremiah 32 in the SBIIS2

Jeremiah 32 in the SBIIS3

Jeremiah 32 in the SBIKS

Jeremiah 32 in the SBIKS2

Jeremiah 32 in the SBIMS

Jeremiah 32 in the SBIOS

Jeremiah 32 in the SBIPS

Jeremiah 32 in the SBISS

Jeremiah 32 in the SBITS

Jeremiah 32 in the SBITS2

Jeremiah 32 in the SBITS3

Jeremiah 32 in the SBITS4

Jeremiah 32 in the SBIUS

Jeremiah 32 in the SBIVS

Jeremiah 32 in the SBT

Jeremiah 32 in the SBT1E

Jeremiah 32 in the SCHL

Jeremiah 32 in the SNT

Jeremiah 32 in the SUSU

Jeremiah 32 in the SUSU2

Jeremiah 32 in the SYNO

Jeremiah 32 in the TBIAOTANT

Jeremiah 32 in the TBT1E

Jeremiah 32 in the TBT1E2

Jeremiah 32 in the TFTIP

Jeremiah 32 in the TFTU

Jeremiah 32 in the TGNTATF3T

Jeremiah 32 in the THAI

Jeremiah 32 in the TNFD

Jeremiah 32 in the TNT

Jeremiah 32 in the TNTIK

Jeremiah 32 in the TNTIL

Jeremiah 32 in the TNTIN

Jeremiah 32 in the TNTIP

Jeremiah 32 in the TNTIZ

Jeremiah 32 in the TOMA

Jeremiah 32 in the TTENT

Jeremiah 32 in the UBG

Jeremiah 32 in the UGV

Jeremiah 32 in the UGV2

Jeremiah 32 in the UGV3

Jeremiah 32 in the VBL

Jeremiah 32 in the VDCC

Jeremiah 32 in the YALU

Jeremiah 32 in the YAPE

Jeremiah 32 in the YBVTP

Jeremiah 32 in the ZBP