Jeremiah 36 (BOECS)

1 Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be, 2 “Tsɔ lãgbalẽ nàŋlɔ nu siwo katã megblɔ na wò tso Israel, Yuda kple dukɔ bubuwo ŋuti la ɖe edzi. Ŋlɔe tso gbe si gbe medze nuƒoƒo kpli wò le Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me dzi va se ɖe fifia. 3 Ɖewohĩ ne Yudatɔwo ase gbegblẽ siwo katã meɖo be mahe va wo dzii la, wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi; ekema matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple nu vɔ̃ ake wo.” 4 Tete Yeremia yɔ Neria ƒe vi, Baruk eye esi Yeremia le nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ la gblɔm la Baruk ŋlɔ wo katã ɖe lãgbalẽ la dzi. 5 Yeremia gblɔ na Baruk be, “Mele ga me eya ta nyemate ŋu ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. 6 Eya ta wò, yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nutsitsidɔ ŋkeke aɖe dzi eye nàxlẽ Yehowa ƒe nya siwo megblɔ na wò nèŋlɔ la na wo. Xlẽe na Yudatɔ siwo katã tso woƒe du vovovowo me va. 7 Ɖewohĩ woabɔbɔ wo ɖokui kple kokoƒoƒo le Yehowa ŋkume eye woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi elabena dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ si Yehowa gblɔ ɖi tso ame siawo ŋuti la lolo ŋutɔ.” 8 Neria ƒe vi, Baruk wɔ nu siwo katã Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ nɛ be wòawɔ. Le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la, exlẽ Yehowa ƒe nya na wo tso lãgbalẽ la me. 9 Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia ƒe ɣleti asiekɛlia me la, woɖe gbeƒã nutsitsidɔ le Yehowa ŋkume na Yerusalemtɔwo kple ame siwo katã tso Yuda ƒe duwo me va. 10 Tso Safan ƒe vi, Gemaria, agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le xɔxɔnu dzigbetɔ si le gbedoxɔ ƒe Agboyeyea nu me la, Baruk xlẽ Yeremia ƒe nya siwo le lãgbalẽ la dzi la na ame siwo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. 11 Esi Mikaya, Gemaria ƒe vi, Safan ƒe vi la se Yehowa ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe lãgbalẽ la dzi la, 12 eɖiɖi yi ɖe agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le fiasã me la me, afi si dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me le. Woawoe nye: nuŋlɔla, Elisama, Delaya; Semaya ƒe vi, Elnatan, Akbor ƒe vi; Gemaria, Safan ƒe vi; Zedekia, Hananiya ƒe vi kple dumegã bubuwo katã. 13 Esi Mikaya gblɔ nu siwo katã Baruk xlẽ na ameawo tso lãgbalẽ la me la, 14 dumegãwo katã dɔ Yehudi, Netania ƒe vi, Selemia ƒe vi, Kusi ƒe vi ɖo ɖe Baruk be woagblɔ nɛ be, “Tsɔ lãgbalẽ si me nèxlẽ nu le na dukɔ la, ne nàva.” Tete Neria ƒe vi, Baruk, yi wo gbɔ kple lãgbalẽ la. 15 Wogblɔ nɛ be, “Míeɖe kuku nɔ anyi, ne nàxlẽe na mí.”Tete Baruk xlẽe na wo. 16 Esi wose nya siawo katã la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi wo nɔewo ƒe ŋkume kpɔkpɔ me kple vɔvɔ̃ eye wogblɔ na Baruk be, “Ele be nàka nya siawo ta na fia la.” 17 Tete wobia Baruk be, “Gblɔe na mi, aleke nèwɔ ŋlɔ nu siawo? Yeremiae gblɔ wo na wòa?” 18 Baruk ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eyae gblɔ nya siawo katã nam eye metsɔ nuŋlɔtsi ŋlɔe ɖe lãgbalẽ la dzi.” 19 Dumegãwo gblɔ na Baruk be, “Wò kple Yeremia, miyi miaɣla mia ɖokui. Migana ame aɖeke nanya afi si miele o.” 20 Esi wotsɔ lãgbalẽ la da ɖe agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me vɔ la, woyi ɖe fia la gbɔ le xɔxɔnu eye wogblɔ nya ɖe sia ɖe nɛ. 21 Fia la dɔ Yehudi be wòaɖatsɔ lãgbalẽ la vɛ. Yehudi yi ɖatsɔe le agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me eye wòxlẽe na fia la kple eƒe dumegã siwo katã le tsitre ɖe exa. 22 Enye ɣleti asiekɛlia eye fia la nɔ anyi ɖe eƒe vuvɔŋɔlixɔ me eye wodo dzo ɖe ze me da ɖe eƒe akɔme. 23 Ne Yehudi xlẽ lãgbalẽ la fli etɔ̃ alo ene ko la, fia la tsɔa agbalẽŋlɔlawo ƒe hɛ lãnɛ ɖa hetsɔna ƒua gbe ɖe dzo si le ekɔme la me. Ewɔe alea va se ɖe esime wòtsɔ lãgbalẽ la katã de dzo me. 24 Fia la kple eŋutime siwo katã se agbalẽ la me nyawo la meɖe vɔvɔ̃ aɖeke fia alo dze awu le wo ɖokuiwo ŋuti o. 25 Togbɔ be Elnatan, Delaya kple Gemaria ƒoe ɖe fia la nu be megade lãgbalẽ la dzo me o hã la, edo toku wo. 26 Le esia teƒe boŋ la, fia la ɖe gbe be Yerameel, via ŋutsuwo dometɔ ɖeka, Seraya, Azriel ƒe vi kple Selemia, Abdeel ƒe vi, woayi aɖalé Baruk, agbalẽŋlɔla kple Yeremia, nyagblɔɖila la vɛ, ke Yehowa tsɔ wo ɣla. 27 Esi fia la tɔ dzo lãgbalẽ si dzi Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yeremia gblɔ nɛ ɖo la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be: 28 “Tsɔ lãgbalẽ bubu, eye nàŋlɔ nya siwo katã nɔ gbãtɔ dzi la ɖe edzi, nya siwo ke Yuda fia Yehoyakim tɔ dzoe. 29 Gawu la, gblɔ na Yuda fia Yehoyakim be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ètɔ dzo lãgbalẽ ma, hegblɔ be, “Nu ka ta nèŋlɔ ɖe edzi be Babilonia fia ava kokoko agblẽ anyigba sia eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi?” 30 Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda fia Yehoyakim ŋutie nye si: Ame aɖeke masusɔ nɛ, si anɔ David ƒe fiazikpui dzi o, woatsɔ eƒe ŋutilã kukua aƒu gbe ɖe gota, eye ŋdɔkutsu aɖui le ŋkeke me eye ahũ aƒoe le zã me. 31 Mahe to na eya kple viawo kple eƒe dɔlawo katã le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta. Mahe gbegblẽ ɖe sia ɖe si megblɔ ɖi la va wo, ame siwo le Yerusalem kple Yudatɔwo dzii, elabena womeɖo to o.’ ” 32 Ale Yeremia tsɔ lãgbalẽ bubu na Neria ƒe vi, Baruk, agbalẽŋlɔla la, eye esi Yeremia le nyawo gblɔm la, Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yuda fia, Yehoyakim tɔ dzoe le gbãtɔ dzi la ɖe edzi. Wotsɔ nya siwo le abe gbãtɔ ene la kpe ɖe nyawo ŋuti.

In Other Versions

Jeremiah 36 in the ANGEFD

Jeremiah 36 in the ANTPNG2D

Jeremiah 36 in the AS21

Jeremiah 36 in the BAGH

Jeremiah 36 in the BBPNG

Jeremiah 36 in the BBT1E

Jeremiah 36 in the BDS

Jeremiah 36 in the BEV

Jeremiah 36 in the BHAD

Jeremiah 36 in the BIB

Jeremiah 36 in the BLPT

Jeremiah 36 in the BNT

Jeremiah 36 in the BNTABOOT

Jeremiah 36 in the BNTLV

Jeremiah 36 in the BOATCB

Jeremiah 36 in the BOATCB2

Jeremiah 36 in the BOBCV

Jeremiah 36 in the BOCNT

Jeremiah 36 in the BOGWICC

Jeremiah 36 in the BOHCB

Jeremiah 36 in the BOHCV

Jeremiah 36 in the BOHLNT

Jeremiah 36 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 36 in the BOICB

Jeremiah 36 in the BOILNTAP

Jeremiah 36 in the BOITCV

Jeremiah 36 in the BOKCV

Jeremiah 36 in the BOKCV2

Jeremiah 36 in the BOKHWOG

Jeremiah 36 in the BOKSSV

Jeremiah 36 in the BOLCB

Jeremiah 36 in the BOLCB2

Jeremiah 36 in the BOMCV

Jeremiah 36 in the BONAV

Jeremiah 36 in the BONCB

Jeremiah 36 in the BONLT

Jeremiah 36 in the BONUT2

Jeremiah 36 in the BOPLNT

Jeremiah 36 in the BOSCB

Jeremiah 36 in the BOSNC

Jeremiah 36 in the BOTLNT

Jeremiah 36 in the BOVCB

Jeremiah 36 in the BOYCB

Jeremiah 36 in the BPBB

Jeremiah 36 in the BPH

Jeremiah 36 in the BSB

Jeremiah 36 in the CCB

Jeremiah 36 in the CUV

Jeremiah 36 in the CUVS

Jeremiah 36 in the DBT

Jeremiah 36 in the DGDNT

Jeremiah 36 in the DHNT

Jeremiah 36 in the DNT

Jeremiah 36 in the ELBE

Jeremiah 36 in the EMTV

Jeremiah 36 in the ESV

Jeremiah 36 in the FBV

Jeremiah 36 in the FEB

Jeremiah 36 in the GGMNT

Jeremiah 36 in the GNT

Jeremiah 36 in the HARY

Jeremiah 36 in the HNT

Jeremiah 36 in the IRVA

Jeremiah 36 in the IRVB

Jeremiah 36 in the IRVG

Jeremiah 36 in the IRVH

Jeremiah 36 in the IRVK

Jeremiah 36 in the IRVM

Jeremiah 36 in the IRVM2

Jeremiah 36 in the IRVO

Jeremiah 36 in the IRVP

Jeremiah 36 in the IRVT

Jeremiah 36 in the IRVT2

Jeremiah 36 in the IRVU

Jeremiah 36 in the ISVN

Jeremiah 36 in the JSNT

Jeremiah 36 in the KAPI

Jeremiah 36 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 36 in the KBV

Jeremiah 36 in the KJV

Jeremiah 36 in the KNFD

Jeremiah 36 in the LBA

Jeremiah 36 in the LBLA

Jeremiah 36 in the LNT

Jeremiah 36 in the LSV

Jeremiah 36 in the MAAL

Jeremiah 36 in the MBV

Jeremiah 36 in the MBV2

Jeremiah 36 in the MHNT

Jeremiah 36 in the MKNFD

Jeremiah 36 in the MNG

Jeremiah 36 in the MNT

Jeremiah 36 in the MNT2

Jeremiah 36 in the MRS1T

Jeremiah 36 in the NAA

Jeremiah 36 in the NASB

Jeremiah 36 in the NBLA

Jeremiah 36 in the NBS

Jeremiah 36 in the NBVTP

Jeremiah 36 in the NET2

Jeremiah 36 in the NIV11

Jeremiah 36 in the NNT

Jeremiah 36 in the NNT2

Jeremiah 36 in the NNT3

Jeremiah 36 in the PDDPT

Jeremiah 36 in the PFNT

Jeremiah 36 in the RMNT

Jeremiah 36 in the SBIAS

Jeremiah 36 in the SBIBS

Jeremiah 36 in the SBIBS2

Jeremiah 36 in the SBICS

Jeremiah 36 in the SBIDS

Jeremiah 36 in the SBIGS

Jeremiah 36 in the SBIHS

Jeremiah 36 in the SBIIS

Jeremiah 36 in the SBIIS2

Jeremiah 36 in the SBIIS3

Jeremiah 36 in the SBIKS

Jeremiah 36 in the SBIKS2

Jeremiah 36 in the SBIMS

Jeremiah 36 in the SBIOS

Jeremiah 36 in the SBIPS

Jeremiah 36 in the SBISS

Jeremiah 36 in the SBITS

Jeremiah 36 in the SBITS2

Jeremiah 36 in the SBITS3

Jeremiah 36 in the SBITS4

Jeremiah 36 in the SBIUS

Jeremiah 36 in the SBIVS

Jeremiah 36 in the SBT

Jeremiah 36 in the SBT1E

Jeremiah 36 in the SCHL

Jeremiah 36 in the SNT

Jeremiah 36 in the SUSU

Jeremiah 36 in the SUSU2

Jeremiah 36 in the SYNO

Jeremiah 36 in the TBIAOTANT

Jeremiah 36 in the TBT1E

Jeremiah 36 in the TBT1E2

Jeremiah 36 in the TFTIP

Jeremiah 36 in the TFTU

Jeremiah 36 in the TGNTATF3T

Jeremiah 36 in the THAI

Jeremiah 36 in the TNFD

Jeremiah 36 in the TNT

Jeremiah 36 in the TNTIK

Jeremiah 36 in the TNTIL

Jeremiah 36 in the TNTIN

Jeremiah 36 in the TNTIP

Jeremiah 36 in the TNTIZ

Jeremiah 36 in the TOMA

Jeremiah 36 in the TTENT

Jeremiah 36 in the UBG

Jeremiah 36 in the UGV

Jeremiah 36 in the UGV2

Jeremiah 36 in the UGV3

Jeremiah 36 in the VBL

Jeremiah 36 in the VDCC

Jeremiah 36 in the YALU

Jeremiah 36 in the YAPE

Jeremiah 36 in the YBVTP

Jeremiah 36 in the ZBP