Jeremiah 41 (BOECS)
1 Le ɣleti adrelia me la, Ismael, Netania ƒe vi, Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒome me, eye wònye fia ƒe dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka la va Gedalia, Ahikam ƒe vi gbɔ le Mizpa kple ŋutsu ewo. Esi wole nu ɖum le kplɔ̃ ŋuti ɖekae la, 2 Netania ƒe vi, Ismael kple ŋutsu ewo siwo le eŋuti la tsi tsitre, eye wotsɔ yi ƒo ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi eye wowu ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi. 3 Ismael wu Yudatɔ siwo ƒo ƒu ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa la hã, hekpe ɖe Babiloniasrafo siwo le afi ma la ŋuti. 4 Gbe si gbe wowu Gedalia ƒe fɔŋli, hafi ame aɖe nase nu si dzɔ la, 5 ŋutsu blaenyi siwo lũ ge, dze awu le wo ɖokuiwo ŋu eye wode abi wo ɖokuiwo ŋu la, tso Sekem, Silo kple Samaria va eye wotsɔ nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖe asi va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee. 6 Ismael, Netania ƒe vi, tso le Mizpa kple avi hehehe yina wo kpe ge. Esi wòdo go wo la, egblɔ na wo be, “Miva Gedalia, Ahikam vi la gbɔ.” 7 Esi woge ɖe dua me la, Ismael, Netania ƒe vi kple ŋutsu siwo kpe ɖe eŋu la lé wo, tso ta le wo nu eye wotsɔ woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe vudo me. 8 Ke wo dometɔ ewo gblɔ na Ismael be, “Mègawu mí o! Bli, lu, ami kple anyitsi le mía si míeɣla ɖe gbe me.” Ale mewu woawo kpe ɖe ame mamlɛawo ŋu o. 9 Ke vudo si me wòtsɔ ame siwo wòwu kpe ɖe Gedalia ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo lae nye esi Fia Asa ɖe be yeatsɔ axe mɔ na Israel fia Baasa. Ke Netania ƒe vi, Ismael yɔe fũu kple ŋutilã kukuwo. 10 Emegbe Ismael kplɔ dukɔ la ƒe ame mamlɛ siwo le Mizpa, fiavinyɔnuwo hekpe ɖe ame siwo katã susɔ ɖe afi ma ŋu, ame siwo nu aʋafia Nebuzaradan tsɔ Ahikam ƒe vi ɖo mɔmefiae la dzoe abe aʋaléleawo ene. Ismael, Netania ƒe vi la, kplɔ wo aboyomewoe eye wòɖo ta Amonitɔwo gbɔ kpli wo. 11 Ke esi Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo le egbɔ la se hlɔ̃donu siwo katã Netania ƒe vi, Ismael wɔ la, 12 wokplɔ woƒe aʋakɔ la katã be woayi aɖawɔ aʋa kple Netania ƒe vi Ismael. Wova tui le tɔ gã si le Gibeon la to. 13 Esi ameha siwo katã le Ismael ŋu kpɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo kplɔe ɖo la, dzi dzɔ wo ale gbegbe. 14 Ame siwo katã Ismael ɖe aboyoe le Mizpa la trɔ le eyome eye woyi ɖe Yohanan, Karea ƒe vi la gbɔ. 15 Gake Netania ƒe vi, Ismael kple eŋutime enyi dze agbagba si le Yohanan nu yi ɖe Amonitɔwo gbɔ. 16 Azɔ la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegã siwo katã le eŋu la kplɔ dukɔ la ƒe ame siwo susɔ ɖe Mizpa, ame siwo woxɔ le Ismael, Netania ƒe vi la si, esi wòwu Ahikam vi, Gedalia la dzoe. Ameawoe nye: asrafowo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiasãmedɔwɔla siwo wòkplɔ tso Gibeon. 17 Wodze mɔ le yiyim eye wova tɔ ɖe Gerut Kimham si te ɖe Betlehem ŋu, esi wole mɔ dzi yina ɖe Egipte 18 ne woasi le Babiloniatɔwo nu. Wole vɔvɔ̃m na wo elabena Netania ƒe vi, Ismael wu Ahikam ƒe vi, Gedalia, ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi.
In Other Versions
Jeremiah 41 in the ANGEFD
Jeremiah 41 in the ANTPNG2D
Jeremiah 41 in the AS21
Jeremiah 41 in the BAGH
Jeremiah 41 in the BBPNG
Jeremiah 41 in the BBT1E
Jeremiah 41 in the BDS
Jeremiah 41 in the BEV
Jeremiah 41 in the BHAD
Jeremiah 41 in the BIB
Jeremiah 41 in the BLPT
Jeremiah 41 in the BNT
Jeremiah 41 in the BNTABOOT
Jeremiah 41 in the BNTLV
Jeremiah 41 in the BOATCB
Jeremiah 41 in the BOATCB2
Jeremiah 41 in the BOBCV
Jeremiah 41 in the BOCNT
Jeremiah 41 in the BOGWICC
Jeremiah 41 in the BOHCB
Jeremiah 41 in the BOHCV
Jeremiah 41 in the BOHLNT
Jeremiah 41 in the BOHNTLTAL
Jeremiah 41 in the BOICB
Jeremiah 41 in the BOILNTAP
Jeremiah 41 in the BOITCV
Jeremiah 41 in the BOKCV
Jeremiah 41 in the BOKCV2
Jeremiah 41 in the BOKHWOG
Jeremiah 41 in the BOKSSV
Jeremiah 41 in the BOLCB
Jeremiah 41 in the BOLCB2
Jeremiah 41 in the BOMCV
Jeremiah 41 in the BONAV
Jeremiah 41 in the BONCB
Jeremiah 41 in the BONLT
Jeremiah 41 in the BONUT2
Jeremiah 41 in the BOPLNT
Jeremiah 41 in the BOSCB
Jeremiah 41 in the BOSNC
Jeremiah 41 in the BOTLNT
Jeremiah 41 in the BOVCB
Jeremiah 41 in the BOYCB
Jeremiah 41 in the BPBB
Jeremiah 41 in the BPH
Jeremiah 41 in the BSB
Jeremiah 41 in the CCB
Jeremiah 41 in the CUV
Jeremiah 41 in the CUVS
Jeremiah 41 in the DBT
Jeremiah 41 in the DGDNT
Jeremiah 41 in the DHNT
Jeremiah 41 in the DNT
Jeremiah 41 in the ELBE
Jeremiah 41 in the EMTV
Jeremiah 41 in the ESV
Jeremiah 41 in the FBV
Jeremiah 41 in the FEB
Jeremiah 41 in the GGMNT
Jeremiah 41 in the GNT
Jeremiah 41 in the HARY
Jeremiah 41 in the HNT
Jeremiah 41 in the IRVA
Jeremiah 41 in the IRVB
Jeremiah 41 in the IRVG
Jeremiah 41 in the IRVH
Jeremiah 41 in the IRVK
Jeremiah 41 in the IRVM
Jeremiah 41 in the IRVM2
Jeremiah 41 in the IRVO
Jeremiah 41 in the IRVP
Jeremiah 41 in the IRVT
Jeremiah 41 in the IRVT2
Jeremiah 41 in the IRVU
Jeremiah 41 in the ISVN
Jeremiah 41 in the JSNT
Jeremiah 41 in the KAPI
Jeremiah 41 in the KBT1ETNIK
Jeremiah 41 in the KBV
Jeremiah 41 in the KJV
Jeremiah 41 in the KNFD
Jeremiah 41 in the LBA
Jeremiah 41 in the LBLA
Jeremiah 41 in the LNT
Jeremiah 41 in the LSV
Jeremiah 41 in the MAAL
Jeremiah 41 in the MBV
Jeremiah 41 in the MBV2
Jeremiah 41 in the MHNT
Jeremiah 41 in the MKNFD
Jeremiah 41 in the MNG
Jeremiah 41 in the MNT
Jeremiah 41 in the MNT2
Jeremiah 41 in the MRS1T
Jeremiah 41 in the NAA
Jeremiah 41 in the NASB
Jeremiah 41 in the NBLA
Jeremiah 41 in the NBS
Jeremiah 41 in the NBVTP
Jeremiah 41 in the NET2
Jeremiah 41 in the NIV11
Jeremiah 41 in the NNT
Jeremiah 41 in the NNT2
Jeremiah 41 in the NNT3
Jeremiah 41 in the PDDPT
Jeremiah 41 in the PFNT
Jeremiah 41 in the RMNT
Jeremiah 41 in the SBIAS
Jeremiah 41 in the SBIBS
Jeremiah 41 in the SBIBS2
Jeremiah 41 in the SBICS
Jeremiah 41 in the SBIDS
Jeremiah 41 in the SBIGS
Jeremiah 41 in the SBIHS
Jeremiah 41 in the SBIIS
Jeremiah 41 in the SBIIS2
Jeremiah 41 in the SBIIS3
Jeremiah 41 in the SBIKS
Jeremiah 41 in the SBIKS2
Jeremiah 41 in the SBIMS
Jeremiah 41 in the SBIOS
Jeremiah 41 in the SBIPS
Jeremiah 41 in the SBISS
Jeremiah 41 in the SBITS
Jeremiah 41 in the SBITS2
Jeremiah 41 in the SBITS3
Jeremiah 41 in the SBITS4
Jeremiah 41 in the SBIUS
Jeremiah 41 in the SBIVS
Jeremiah 41 in the SBT
Jeremiah 41 in the SBT1E
Jeremiah 41 in the SCHL
Jeremiah 41 in the SNT
Jeremiah 41 in the SUSU
Jeremiah 41 in the SUSU2
Jeremiah 41 in the SYNO
Jeremiah 41 in the TBIAOTANT
Jeremiah 41 in the TBT1E
Jeremiah 41 in the TBT1E2
Jeremiah 41 in the TFTIP
Jeremiah 41 in the TFTU
Jeremiah 41 in the TGNTATF3T
Jeremiah 41 in the THAI
Jeremiah 41 in the TNFD
Jeremiah 41 in the TNT
Jeremiah 41 in the TNTIK
Jeremiah 41 in the TNTIL
Jeremiah 41 in the TNTIN
Jeremiah 41 in the TNTIP
Jeremiah 41 in the TNTIZ
Jeremiah 41 in the TOMA
Jeremiah 41 in the TTENT
Jeremiah 41 in the UBG
Jeremiah 41 in the UGV
Jeremiah 41 in the UGV2
Jeremiah 41 in the UGV3
Jeremiah 41 in the VBL
Jeremiah 41 in the VDCC
Jeremiah 41 in the YALU
Jeremiah 41 in the YAPE
Jeremiah 41 in the YBVTP
Jeremiah 41 in the ZBP