Jeremiah 52 (BOECS)

1 Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna. 2 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si Yehoyakim wɔe ene. 3 Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta.Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti. 4 Ale le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilonia fia, Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem dua ŋuti. Woƒu asaɖa anyi ɖe gli la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la. 5 Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me. 6 Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o. 7 Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe 8 gake Babilonia ƒe aʋakɔ la ti Fia Zedekia yome eye wòva tui le Yeriko tagba. Woma eya kple eƒe asrafowo dome eye asrafoawo kaka gbẽe. 9 Ke wolé eya ŋutɔ. Wokplɔe yi na Babilonia fia le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wòbu fɔe le. 10 Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viwo katã le eŋkume, hekpe ɖe Yuda ƒe dumegãwo ŋu. 11 Emegbe Babilonia fia gbã Zedekia ƒe ŋkuwo heblae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wòkplɔe yi Babilonia afi si wòdee gaxɔ me ɖo va se ɖe eƒe kugbe. 12 Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewoa gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si wɔ dɔ le Babilonia fia te la va Yerusalem. 13 Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe. 14 Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ. 15 Aʋafia, Nebuzaradan kplɔ ame dahewo, ame siwo susɔ ɖe dua me kple aɖaŋudɔwɔlawo kple ame siwo si Babilonia fia tso la yi aboyo mee. 16 Gake Nebuzaradan gblẽ anyigba la ƒe ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi. 17 Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia. 18 Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ me la hã dzoe. 19 Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ gagbawo, dzoɖesonuwo, trewo, zewo, akaɖitiwo, nuɖugbawo kple gagba siwo ŋu dɔ wowɔna le nunovɔsa me la hã dzoe, nu siwo wowɔ kple sika nyuitɔ alo klosalo. 20 Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo, gazɔwo kple akɔblinyitsu wuieve siwo le wo te kple eƒe afɔtiwo ŋuti, siwo fia Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ, nu siawo katã ƒe akɔbli mele dada me o. 21 Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ, eye wòkeke “mita” ade, ɖe sia ɖe ƒe titrime anye asibidɛ ene eye do le wo me. 22 Wotsɔ akɔbli wɔ kukuvi ɖe sɔti ɖe sia ɖe tame, kukuvi ɖe sia ɖe ƒe kɔkɔme nye “mita” eve kple afã. Wolɔ̃ ɖɔ tɔxɛ aɖe tsɔ do atsiã na kukuviawo godoo va kpe eye nenema ke wotsɔ akɔbli wɔ nu si woyɔna be yevuboɖa la ɖe kukuviawo ŋuti godoo va kpe ɖe atsiã tɔxɛ me. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo. 23 Yevuboɖa blaasiekɛ-vɔ-ade le axawo dzi, eye esiwo katã wolɔ̃ ƒo xlã sɔtiawo la le alafa ɖeka. 24 Aʋafia la ɖe aboyo nunɔlagã Seraya, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo. 25 Ekplɔ asrafo siwo gale aʋa wɔm la ƒe amegã kple fia ƒe aɖaŋuɖola adre, le ame siwo gasusɔ ɖe dua me la dome dzoe. Egakplɔ agbalẽŋlɔla si nye dɔnunɔlagã si dia amewo dea asrafodɔ me kple eŋutime blaade siwo ŋu wòke ɖo le dua me la hã dzoe. 26 Aʋafia Nebuzaradan kplɔ wo yi na Babilonia fia le Ribla. 27 Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo.Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi. 28 Esia nye ame siwo Nebukadnezar kplɔ yi aboyo mee la ƒe xexlẽme: Le eƒe ƒe adrelia me,Yudatɔwo, ame akpe etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (3,023); 29 Le Nebukadnezar ƒe ƒe wuienyilia me,Yerusalemtɔ alafa enyi kple blaetɔ̃-vɔ-eve (832); 30 Le eƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me,Yudatɔ alafa adre blaene-vɔ-atɔ̃ (745), ame siwo aʋafia Nebuzaradan kplɔ dzoe. Aboyomeyilawo katã le ame akpe ane, alafa ade (4,600). 31 Le Yuda fia, Yehoyatsin ƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, le ƒe si me Evil Merodak zu fia le Babilonia la, eɖe Yuda fia Yehoyatsin tso gaxɔ me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia dzi. 32 Eƒo nu nɛ lɔlɔ̃tɔe eye wòna bubuteƒe si kɔ wu fia siwo katã li kpli le Babilonia la tɔ. 33 Ale Yehoyatsin ɖe eƒe gaxɔmewu da ɖi, heɖu nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. 34 Babilonia fia naa Yehoyatsin ƒe gbe sia gbe nuhiahiãwoe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me va se ɖe eƒe kugbe.

In Other Versions

Jeremiah 52 in the ANGEFD

Jeremiah 52 in the ANTPNG2D

Jeremiah 52 in the AS21

Jeremiah 52 in the BAGH

Jeremiah 52 in the BBPNG

Jeremiah 52 in the BBT1E

Jeremiah 52 in the BDS

Jeremiah 52 in the BEV

Jeremiah 52 in the BHAD

Jeremiah 52 in the BIB

Jeremiah 52 in the BLPT

Jeremiah 52 in the BNT

Jeremiah 52 in the BNTABOOT

Jeremiah 52 in the BNTLV

Jeremiah 52 in the BOATCB

Jeremiah 52 in the BOATCB2

Jeremiah 52 in the BOBCV

Jeremiah 52 in the BOCNT

Jeremiah 52 in the BOGWICC

Jeremiah 52 in the BOHCB

Jeremiah 52 in the BOHCV

Jeremiah 52 in the BOHLNT

Jeremiah 52 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 52 in the BOICB

Jeremiah 52 in the BOILNTAP

Jeremiah 52 in the BOITCV

Jeremiah 52 in the BOKCV

Jeremiah 52 in the BOKCV2

Jeremiah 52 in the BOKHWOG

Jeremiah 52 in the BOKSSV

Jeremiah 52 in the BOLCB

Jeremiah 52 in the BOLCB2

Jeremiah 52 in the BOMCV

Jeremiah 52 in the BONAV

Jeremiah 52 in the BONCB

Jeremiah 52 in the BONLT

Jeremiah 52 in the BONUT2

Jeremiah 52 in the BOPLNT

Jeremiah 52 in the BOSCB

Jeremiah 52 in the BOSNC

Jeremiah 52 in the BOTLNT

Jeremiah 52 in the BOVCB

Jeremiah 52 in the BOYCB

Jeremiah 52 in the BPBB

Jeremiah 52 in the BPH

Jeremiah 52 in the BSB

Jeremiah 52 in the CCB

Jeremiah 52 in the CUV

Jeremiah 52 in the CUVS

Jeremiah 52 in the DBT

Jeremiah 52 in the DGDNT

Jeremiah 52 in the DHNT

Jeremiah 52 in the DNT

Jeremiah 52 in the ELBE

Jeremiah 52 in the EMTV

Jeremiah 52 in the ESV

Jeremiah 52 in the FBV

Jeremiah 52 in the FEB

Jeremiah 52 in the GGMNT

Jeremiah 52 in the GNT

Jeremiah 52 in the HARY

Jeremiah 52 in the HNT

Jeremiah 52 in the IRVA

Jeremiah 52 in the IRVB

Jeremiah 52 in the IRVG

Jeremiah 52 in the IRVH

Jeremiah 52 in the IRVK

Jeremiah 52 in the IRVM

Jeremiah 52 in the IRVM2

Jeremiah 52 in the IRVO

Jeremiah 52 in the IRVP

Jeremiah 52 in the IRVT

Jeremiah 52 in the IRVT2

Jeremiah 52 in the IRVU

Jeremiah 52 in the ISVN

Jeremiah 52 in the JSNT

Jeremiah 52 in the KAPI

Jeremiah 52 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 52 in the KBV

Jeremiah 52 in the KJV

Jeremiah 52 in the KNFD

Jeremiah 52 in the LBA

Jeremiah 52 in the LBLA

Jeremiah 52 in the LNT

Jeremiah 52 in the LSV

Jeremiah 52 in the MAAL

Jeremiah 52 in the MBV

Jeremiah 52 in the MBV2

Jeremiah 52 in the MHNT

Jeremiah 52 in the MKNFD

Jeremiah 52 in the MNG

Jeremiah 52 in the MNT

Jeremiah 52 in the MNT2

Jeremiah 52 in the MRS1T

Jeremiah 52 in the NAA

Jeremiah 52 in the NASB

Jeremiah 52 in the NBLA

Jeremiah 52 in the NBS

Jeremiah 52 in the NBVTP

Jeremiah 52 in the NET2

Jeremiah 52 in the NIV11

Jeremiah 52 in the NNT

Jeremiah 52 in the NNT2

Jeremiah 52 in the NNT3

Jeremiah 52 in the PDDPT

Jeremiah 52 in the PFNT

Jeremiah 52 in the RMNT

Jeremiah 52 in the SBIAS

Jeremiah 52 in the SBIBS

Jeremiah 52 in the SBIBS2

Jeremiah 52 in the SBICS

Jeremiah 52 in the SBIDS

Jeremiah 52 in the SBIGS

Jeremiah 52 in the SBIHS

Jeremiah 52 in the SBIIS

Jeremiah 52 in the SBIIS2

Jeremiah 52 in the SBIIS3

Jeremiah 52 in the SBIKS

Jeremiah 52 in the SBIKS2

Jeremiah 52 in the SBIMS

Jeremiah 52 in the SBIOS

Jeremiah 52 in the SBIPS

Jeremiah 52 in the SBISS

Jeremiah 52 in the SBITS

Jeremiah 52 in the SBITS2

Jeremiah 52 in the SBITS3

Jeremiah 52 in the SBITS4

Jeremiah 52 in the SBIUS

Jeremiah 52 in the SBIVS

Jeremiah 52 in the SBT

Jeremiah 52 in the SBT1E

Jeremiah 52 in the SCHL

Jeremiah 52 in the SNT

Jeremiah 52 in the SUSU

Jeremiah 52 in the SUSU2

Jeremiah 52 in the SYNO

Jeremiah 52 in the TBIAOTANT

Jeremiah 52 in the TBT1E

Jeremiah 52 in the TBT1E2

Jeremiah 52 in the TFTIP

Jeremiah 52 in the TFTU

Jeremiah 52 in the TGNTATF3T

Jeremiah 52 in the THAI

Jeremiah 52 in the TNFD

Jeremiah 52 in the TNT

Jeremiah 52 in the TNTIK

Jeremiah 52 in the TNTIL

Jeremiah 52 in the TNTIN

Jeremiah 52 in the TNTIP

Jeremiah 52 in the TNTIZ

Jeremiah 52 in the TOMA

Jeremiah 52 in the TTENT

Jeremiah 52 in the UBG

Jeremiah 52 in the UGV

Jeremiah 52 in the UGV2

Jeremiah 52 in the UGV3

Jeremiah 52 in the VBL

Jeremiah 52 in the VDCC

Jeremiah 52 in the YALU

Jeremiah 52 in the YAPE

Jeremiah 52 in the YBVTP

Jeremiah 52 in the ZBP