Joshua 10 (BOECS)

1 Esi Adoni Zedek, Yerusalem fia se ale si Yosua xɔ Ai du, tsrɔ̃e gbidigbidi, eye wòwu Ai fia kple ale si wòwɔ Ai fia kple Yeriko fia kpakple ale si Gibeontɔwo wɔ nubabla kple Israelviwo, eye wozu Israel dzi nɔlawo la, 2 vɔvɔ̃ gã aɖe ɖoe, elabena Gibeon lolo abe fiadu ene, eye wòlolo sãa wu Ai, evɔ Gibeontɔwo nye aʋawɔla sesẽwo, 3 eya ta Adoni Zedek, Yerusalem fia ɖo du ɖe fia siawo:Hebron fia, Hoham, Yarmut fia, Piran, Lakis fia, Yafia kple Eglon fia, Debir. 4 Fia Adoni Zedek gblɔ na wo be, “Miva kpe ɖe ŋunye míatsrɔ̃ Gibeontɔwo, elabena wowɔ ŋutifafa kple Yosua kple Israelviwo.” 5 Ale Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃ siawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo katã ɖekae be yewoaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu. 6 Gibeontɔwo ɖo ame ɖe Yosua le Gilgal enumake be, “Miva kpe ɖe miaƒe subɔlawo ŋu! Miva kaba ne miava ɖe mí! Amoritɔwo ƒe fiawo katã tso woƒe nɔƒewo le toawo dzi va le mía gbɔ kple woƒe aʋakɔwo.” 7 Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la ho tso Gilgal, eye woyi be yewoaxɔ na Gibeontɔwo. 8 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ wo o, elabena mieɖu wo dzi xoxo! Metsɔ wo na mi be miatsrɔ̃ wo, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o.” 9 Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la zɔ mɔ zã blibo la tso Gilgal, eye woɖi ɖe futɔwo dzi kpoyi. 10 Tete Yehowa na futɔwo vɔ̃ eye wotɔtɔ, ale Israelviwo wu ame geɖewo le Gibeon, eye wonya ame mamlɛawo, nɔ wo wum le mɔa dzi yi keke Bet Horon kple Azeka kple Makeda. 11 Esi futɔwo nɔ sisim tso toawo dzi henɔ abu ɖim la, Yehowa na kpewo ge tso dziƒo va dze wo dzi hetsrɔ̃ wo le mɔa dzi va se ɖe keke Azeka ke. Ame siwo kpe siawo wu la sɔ gbɔ wu ame siwo Israelviwo wu kple yi. 12 Esime Israelviwo nɔ Amoritɔwo nyam, nɔ wo wum la, Yosua do gbe ɖa na Yehowa kple gbe sesẽ be,“Na ɣe natɔ ɖe Gibeon tame,eye nàna ɣleti hã natɔ ɖe Aiyalon balime tame!” 13 Eye ɣe kple ɣleti siaa megaʋã o va se ɖe esime Israelviwo ƒeaʋakɔ la tsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ!Woŋlɔ nu geɖewo wu esia tso aʋa sia wɔwɔ ŋuti ɖe Yasar ƒe Agbalẽ me.Ale ɣe tɔ ɖe dziƒo abe gaƒoƒo blaeve-vɔ-ene sɔŋ ene! 14 Ŋkeke sia tɔgbi meva yi kpɔ o, eye etɔgbi megava kpɔ o tso gbe ma gbe, esi Yehowa tɔ ɣe kple ɣleti le ame ɖeka ƒe gbedodoɖa ta. Ke Yehowa nɔ aʋa wɔm na Israel. 15 Le esia megbe la, Israelviwo ƒe aʋakɔ la trɔ yi Gilgal. 16 Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo si le aʋa la me yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agado aɖe me le Makeda. 17 Esime wona nyanya Yosua be wokpɔ fiawo la, 18 eɖe gbe be woamli kpe gã aɖe axe agado la nu, eye woana dzɔlawo nanɔ afi ma akpɔ egbɔ be fiawo tsi agado la me. 19 Yosua ɖe gbe na aʋakɔ la be, “Minɔ futɔwo nyanya dzi, eye miawu wo tso megbe; migana woade woƒe duwo me o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akpe ɖe mia ŋu miatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.” 20 Ale Yosua kple Israelʋakɔ la yi futɔwo wuwu dzi. Wotsrɔ̃ aʋakɔ atɔ̃awo katã negbe ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu ɖo woƒe du siwo woɖo gli ƒo xlã la me. 21 Le esia megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woƒe asaɖa me le Makeda. Womewu aʋawɔla ɖeka pɛ gɔ̃ hã le wo dome o! Tso esia dzi la, futɔ aɖeke megaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o. 22 Yosua ɖe gbe be woaɖe kpe gã la ɖa le agado la nu, eye woakplɔ fia atɔ̃awo vɛ. 23 Ale woʋu agado la, eye wokplɔ Yerusalem, Hebron, Yarmut, Lakis kple Eglon fiawo vɛ. 24 Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, eyɔ Israel ŋutsuwo katã eye wòɖe gbe na eƒe aʋakplɔlawo, ame siwo de aʋa kplii be, “Mite va eye miaɖo afɔ ve dzi na fia siawo!” Tete wote va eye woɖo afɔ ve dzi na fia atɔ̃awo. 25 Yosua gblɔ na Israelviwo be, “Migavɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Ŋusẽ nenɔ mia ŋu, eye mialé dzi ɖe ƒo, elabena Yehowa awɔ miaƒe futɔwo katã alea.” 26 Tete Yosua tsɔ eƒe yi wu fia atɔ̃awo, eye wòde ka wo ɖe ati atɔ̃ ŋu va se ɖe fiẽ. 27 Esime ɣe nɔ to ɖom la, Yosua na woɖe wo le atiawo ŋu, wotsɔ wo ƒu gbe ɖe agado si me wosi yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖo la me, eye woli kɔ kpe gãwo ɖe agado la nu. Kpe siawo gale afi ma va se ɖe egbe. 28 Gbe ma gbe ke la, Yosua tsrɔ̃ Makeda du la, eye wòwu fia la kple ame sia ame si nɔ dua me; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe le du blibo la me o. 29 Tso afi sia la, Israelviwo yi Libna. 30 Yehowa tsɔ du la kple fia la de asi na Israel le afi sia hã; wowu ame sia ame le dua me abe ale si wowɔ le Yeriko ene. 31 Israelviwo tso Libna, eye woyi ɖadze Lakis du la hã dzi. 32 Yehowa tsɔ du sia hã na Israel le ŋkeke evelia dzi. Wowu ame sia ame le afi sia hã abe ale si wowɔ le Libna ene. 33 Esime Israelviwo nɔ aʋa wɔm le Lakis la, Gezer fia Horan va do kple eƒe aʋakɔ be yeaʋli Lakis du la ta. Ke Yosua ƒe amewo wui, eye wotsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la. 34 Yosua kple Israel katã dzo le Lakis heyi Eglon. Woɖe to ɖe du sia, eye woho aʋa ɖe eŋu. 35 Woxɔ du sia hã gbe ma gbe ke, eye wowu ame sia ame abe ale si wowu Lakistɔwo katã ene. 36 Esi wodzo le Eglon la, woyi Hebron. 37 Woxɔ du sia kple du sue siwo ƒo xlãe, eye wowu ameawo katã kple woƒe fia; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe o. 38 Wotrɔ azɔ yi Debir. 39 Woɖu Debirtɔwo dzi enumake, wu ame sia ame abe ale si wowɔ le Libna ene. 40 Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ la woɖu anyigba blibo la dzi; woɖu dukɔ siwo nɔ toawo dzi, esiwo nɔ anyigba sɔsɔe dzi kple esiwo nɔ toawo ŋu la dzi. Wowu ame sia ame le anyigba la dzi, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖo na wo be woawɔ ene. 41 Wowu wo tso Kades Barnea yi Gaza, tso Gosen yi Gibeon. 42 Wowɔ nu siawo katã le aʋadzedze ɖeka pɛ ko me, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la nɔ aʋa wɔm na wo. 43 Le dziɖuɖu siawo megbe la, Yosua kple Israel blibo la trɔ yi asaɖa la me le Gilgal.

In Other Versions

Joshua 10 in the ANGEFD

Joshua 10 in the ANTPNG2D

Joshua 10 in the AS21

Joshua 10 in the BAGH

Joshua 10 in the BBPNG

Joshua 10 in the BBT1E

Joshua 10 in the BDS

Joshua 10 in the BEV

Joshua 10 in the BHAD

Joshua 10 in the BIB

Joshua 10 in the BLPT

Joshua 10 in the BNT

Joshua 10 in the BNTABOOT

Joshua 10 in the BNTLV

Joshua 10 in the BOATCB

Joshua 10 in the BOATCB2

Joshua 10 in the BOBCV

Joshua 10 in the BOCNT

Joshua 10 in the BOGWICC

Joshua 10 in the BOHCB

Joshua 10 in the BOHCV

Joshua 10 in the BOHLNT

Joshua 10 in the BOHNTLTAL

Joshua 10 in the BOICB

Joshua 10 in the BOILNTAP

Joshua 10 in the BOITCV

Joshua 10 in the BOKCV

Joshua 10 in the BOKCV2

Joshua 10 in the BOKHWOG

Joshua 10 in the BOKSSV

Joshua 10 in the BOLCB

Joshua 10 in the BOLCB2

Joshua 10 in the BOMCV

Joshua 10 in the BONAV

Joshua 10 in the BONCB

Joshua 10 in the BONLT

Joshua 10 in the BONUT2

Joshua 10 in the BOPLNT

Joshua 10 in the BOSCB

Joshua 10 in the BOSNC

Joshua 10 in the BOTLNT

Joshua 10 in the BOVCB

Joshua 10 in the BOYCB

Joshua 10 in the BPBB

Joshua 10 in the BPH

Joshua 10 in the BSB

Joshua 10 in the CCB

Joshua 10 in the CUV

Joshua 10 in the CUVS

Joshua 10 in the DBT

Joshua 10 in the DGDNT

Joshua 10 in the DHNT

Joshua 10 in the DNT

Joshua 10 in the ELBE

Joshua 10 in the EMTV

Joshua 10 in the ESV

Joshua 10 in the FBV

Joshua 10 in the FEB

Joshua 10 in the GGMNT

Joshua 10 in the GNT

Joshua 10 in the HARY

Joshua 10 in the HNT

Joshua 10 in the IRVA

Joshua 10 in the IRVB

Joshua 10 in the IRVG

Joshua 10 in the IRVH

Joshua 10 in the IRVK

Joshua 10 in the IRVM

Joshua 10 in the IRVM2

Joshua 10 in the IRVO

Joshua 10 in the IRVP

Joshua 10 in the IRVT

Joshua 10 in the IRVT2

Joshua 10 in the IRVU

Joshua 10 in the ISVN

Joshua 10 in the JSNT

Joshua 10 in the KAPI

Joshua 10 in the KBT1ETNIK

Joshua 10 in the KBV

Joshua 10 in the KJV

Joshua 10 in the KNFD

Joshua 10 in the LBA

Joshua 10 in the LBLA

Joshua 10 in the LNT

Joshua 10 in the LSV

Joshua 10 in the MAAL

Joshua 10 in the MBV

Joshua 10 in the MBV2

Joshua 10 in the MHNT

Joshua 10 in the MKNFD

Joshua 10 in the MNG

Joshua 10 in the MNT

Joshua 10 in the MNT2

Joshua 10 in the MRS1T

Joshua 10 in the NAA

Joshua 10 in the NASB

Joshua 10 in the NBLA

Joshua 10 in the NBS

Joshua 10 in the NBVTP

Joshua 10 in the NET2

Joshua 10 in the NIV11

Joshua 10 in the NNT

Joshua 10 in the NNT2

Joshua 10 in the NNT3

Joshua 10 in the PDDPT

Joshua 10 in the PFNT

Joshua 10 in the RMNT

Joshua 10 in the SBIAS

Joshua 10 in the SBIBS

Joshua 10 in the SBIBS2

Joshua 10 in the SBICS

Joshua 10 in the SBIDS

Joshua 10 in the SBIGS

Joshua 10 in the SBIHS

Joshua 10 in the SBIIS

Joshua 10 in the SBIIS2

Joshua 10 in the SBIIS3

Joshua 10 in the SBIKS

Joshua 10 in the SBIKS2

Joshua 10 in the SBIMS

Joshua 10 in the SBIOS

Joshua 10 in the SBIPS

Joshua 10 in the SBISS

Joshua 10 in the SBITS

Joshua 10 in the SBITS2

Joshua 10 in the SBITS3

Joshua 10 in the SBITS4

Joshua 10 in the SBIUS

Joshua 10 in the SBIVS

Joshua 10 in the SBT

Joshua 10 in the SBT1E

Joshua 10 in the SCHL

Joshua 10 in the SNT

Joshua 10 in the SUSU

Joshua 10 in the SUSU2

Joshua 10 in the SYNO

Joshua 10 in the TBIAOTANT

Joshua 10 in the TBT1E

Joshua 10 in the TBT1E2

Joshua 10 in the TFTIP

Joshua 10 in the TFTU

Joshua 10 in the TGNTATF3T

Joshua 10 in the THAI

Joshua 10 in the TNFD

Joshua 10 in the TNT

Joshua 10 in the TNTIK

Joshua 10 in the TNTIL

Joshua 10 in the TNTIN

Joshua 10 in the TNTIP

Joshua 10 in the TNTIZ

Joshua 10 in the TOMA

Joshua 10 in the TTENT

Joshua 10 in the UBG

Joshua 10 in the UGV

Joshua 10 in the UGV2

Joshua 10 in the UGV3

Joshua 10 in the VBL

Joshua 10 in the VDCC

Joshua 10 in the YALU

Joshua 10 in the YAPE

Joshua 10 in the YBVTP

Joshua 10 in the ZBP