Joshua 13 (BOECS)

1 Yosua tsi heku amegã azɔ, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Fifia, èzu amegãɖeɖi, evɔ dukɔ geɖewo gali siwo dzi wòle be miaɖu. 2 “Anyigba siwo kpɔtɔ la woe nye: “Filisti kple Gesur dukɔwo ƒe anyigba 3 si tso Sixor tɔsisi la gbɔ le Egipte ƒe liƒo dzi heyi anyiehe ke, elabena wobu anyigba si va tɔ Ekron ƒe liƒo la abe Kanaantɔwo ƒe anyigba ene. Filistitɔwo ƒe fiawo nɔ Gaza, Asdod, Askelon, Gat kple Ekron;hekpe ɖe Avitɔwo ŋu 4 le dziehe;Kanaantɔwo ƒe anyigba la katã gali kpe ɖe Ara, si nye Sidontɔwo tɔ heyi keke Afek le Amoritɔwo ƒe liƒo dzi ŋu. 5 Gebalitɔwo ƒe anyigbakple Lebanonyigba blibo la ɖo ta ɣedzeƒe, tso Baal Gad, si le Hermon to la ƒe anyigbeme heyi Hamat mɔ la nu. 6 “Sidontɔwo, ame siwo le tonyigba la dzi le Lebanon towo kple Misrefat Maim dome la ƒe anyigba hã le eme. Mele klalo be manya dukɔ siawo katã ɖa le Israel dukɔ la ŋgɔ, eya ta bu anyigba siawo katã abe mia tɔwo ene, 7 eye nàmae na Israel ƒe to asiekɛawo kple Manase ƒe to afã la abe ale si meɖo na wò ene.” 8 Manase ƒe to la ƒe afã kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe xoxo, elabena Mose tsɔ anyigba sia na wo. 9 Woƒe anyigba la nye teƒe si tso Areor, le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga kple du siwo le balime la, to Medeba ƒe togbɛnyigba dzi yi Dibon. 10 Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si ƒe fiadu nye Hesbon la ƒe duwo hã nɔ anyigba la me, eye wòtso eme yi keke Amon ƒe liƒowo dzi. 11 Gilead kple anyigba si nye Gesuritɔwo kple Makatitɔwo tɔ kple Hermon to la, Basan to la kple Saleka du la 12 kple Ɔg, Basan fia, ame si ɖu fia le Astarot kple Edrei la ƒe anyigba. Eyae nye Refaimtɔ mamlɛtɔ, elabena Mose ho aʋa ɖe wo ŋu, eye wònya wo ɖa le anyigba la dzi. 13 Ke Israelviwo menya Gesuritɔwo alo Makatitɔwo o, eya ta wogale Israelviwo dome va se ɖe egbe. 14 Ale si woma anyigba na Israel ƒe to vovovoawo la yi ale: Levitɔwo: Mose mena anyigba aɖeke Levitɔwo o, ke boŋ etsɔ vɔsanu siwo ameawo atsɔ vɛ na Yehowa, Israel ƒe Mawu la na wo. 15 Ruben ƒe to: Mose na anyigba Ruben ƒe to la ɖe ƒome siwo le to la me la ƒe agbɔsɔsɔ nu. 16 Ruben ƒe viwo ƒe anyigba tso Aroer le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga, dze le Arnon du si le balime la ƒe titina la ŋu va dze le Medeba ƒe togbɛwo ŋu. 17 Du siwo nɔ afi ma la woe nye Hesbon kple du bubu siwo le gbadzaƒe: Dibon, Bamɔt Baal, Bet Baal Meon, 18 Yaza, Kedemot, Mefaat, 19 Kiriataim, Sibma, Zeret Sabar si le to aɖe dzi le balime la tame, 20 Bet Peor, Bet Yesimot kple Pisga to la kɔgo. 21 Du siwo nɔ togbɛwo dzi kple Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe me la hã nɔ Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Sixɔn nye Amoritɔwo ƒe fia si nɔ Hesbon. Mose wu Fia Sixɔn kple Midian fia bubu siawo: Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba. 22 Israelviwo hã wu afakala Balaam si nye Beor ƒe vi la hã. 23 Yɔdan tɔsisi lae nye Ruben ƒe viwo ƒe anyigba la ƒe liƒo le ɣedzeƒe lɔƒo. 24 Gad ƒe to: Mose na anyigba Gad ƒe viwo ƒe to la ɖe ƒome siwo le to la me ƒe agbɔsɔsɔ nu. 25 Yazer kple Gilead ƒe duwo katã kple Amonyigba ƒe afã heyi Aroer le Raba gbɔ nɔ Gad ƒe viwo ƒe anyigba la me. 26 Anyigba la gatso Hesbon yi Ramat Mizpa kple Betonim, eye wògatso Mahanaim yi Lo Debir. 27 Teƒe siwo le anyigba sia me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime la woe nye: Bet Haram, Bet Nimra, Sukɔt, Zafɔn kple Fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe anyigba mamlɛa. Anyigba la ƒe liƒo le ɣetoɖoƒe lae nye, Yɔdan tɔsisi la yi anyigbeme va ɖo keke Galilea ƒu la ƒe dzigbeme. 28 Esiawoe nye du siwo wotsɔ na ƒome siwo le Gad ƒe to la me abe woƒe domenyinu ene. 29 Mose na anyigba Manase viwo ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒomewo nu. 30 Ena anyigba wo tso Mahanaim. Basan blibo si nye Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe kple Yair kple Basan ƒe du blaade nɔ to sia ƒe anyigba me. 31 Wotsɔ Gilead ƒe afã, Astarot kple Edrei (du siwo le Ɔg, Basan fia ƒe fiaɖuƒe me), na Makir, Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã.Esiawoe nye anyigba siwo wotsɔ na Manase ƒe vi Makir ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒome nu. 32 Aleae Mose ma anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, afi si ameawo ƒu asaɖa anyi ɖo ɣe ma ɣi le Yeriko gbɔ. 33 Mose mena anyigba aɖeke Levitɔwo o, elabena abe ale si wòɖe eme na woe ene la, Yehowa Mawu lae nye woƒe domenyinu, Yehowa koe nye nu si wohiã. Yehowa ŋutɔ akpɔ wo ta abe ale si dze ene.

In Other Versions

Joshua 13 in the ANGEFD

Joshua 13 in the ANTPNG2D

Joshua 13 in the AS21

Joshua 13 in the BAGH

Joshua 13 in the BBPNG

Joshua 13 in the BBT1E

Joshua 13 in the BDS

Joshua 13 in the BEV

Joshua 13 in the BHAD

Joshua 13 in the BIB

Joshua 13 in the BLPT

Joshua 13 in the BNT

Joshua 13 in the BNTABOOT

Joshua 13 in the BNTLV

Joshua 13 in the BOATCB

Joshua 13 in the BOATCB2

Joshua 13 in the BOBCV

Joshua 13 in the BOCNT

Joshua 13 in the BOGWICC

Joshua 13 in the BOHCB

Joshua 13 in the BOHCV

Joshua 13 in the BOHLNT

Joshua 13 in the BOHNTLTAL

Joshua 13 in the BOICB

Joshua 13 in the BOILNTAP

Joshua 13 in the BOITCV

Joshua 13 in the BOKCV

Joshua 13 in the BOKCV2

Joshua 13 in the BOKHWOG

Joshua 13 in the BOKSSV

Joshua 13 in the BOLCB

Joshua 13 in the BOLCB2

Joshua 13 in the BOMCV

Joshua 13 in the BONAV

Joshua 13 in the BONCB

Joshua 13 in the BONLT

Joshua 13 in the BONUT2

Joshua 13 in the BOPLNT

Joshua 13 in the BOSCB

Joshua 13 in the BOSNC

Joshua 13 in the BOTLNT

Joshua 13 in the BOVCB

Joshua 13 in the BOYCB

Joshua 13 in the BPBB

Joshua 13 in the BPH

Joshua 13 in the BSB

Joshua 13 in the CCB

Joshua 13 in the CUV

Joshua 13 in the CUVS

Joshua 13 in the DBT

Joshua 13 in the DGDNT

Joshua 13 in the DHNT

Joshua 13 in the DNT

Joshua 13 in the ELBE

Joshua 13 in the EMTV

Joshua 13 in the ESV

Joshua 13 in the FBV

Joshua 13 in the FEB

Joshua 13 in the GGMNT

Joshua 13 in the GNT

Joshua 13 in the HARY

Joshua 13 in the HNT

Joshua 13 in the IRVA

Joshua 13 in the IRVB

Joshua 13 in the IRVG

Joshua 13 in the IRVH

Joshua 13 in the IRVK

Joshua 13 in the IRVM

Joshua 13 in the IRVM2

Joshua 13 in the IRVO

Joshua 13 in the IRVP

Joshua 13 in the IRVT

Joshua 13 in the IRVT2

Joshua 13 in the IRVU

Joshua 13 in the ISVN

Joshua 13 in the JSNT

Joshua 13 in the KAPI

Joshua 13 in the KBT1ETNIK

Joshua 13 in the KBV

Joshua 13 in the KJV

Joshua 13 in the KNFD

Joshua 13 in the LBA

Joshua 13 in the LBLA

Joshua 13 in the LNT

Joshua 13 in the LSV

Joshua 13 in the MAAL

Joshua 13 in the MBV

Joshua 13 in the MBV2

Joshua 13 in the MHNT

Joshua 13 in the MKNFD

Joshua 13 in the MNG

Joshua 13 in the MNT

Joshua 13 in the MNT2

Joshua 13 in the MRS1T

Joshua 13 in the NAA

Joshua 13 in the NASB

Joshua 13 in the NBLA

Joshua 13 in the NBS

Joshua 13 in the NBVTP

Joshua 13 in the NET2

Joshua 13 in the NIV11

Joshua 13 in the NNT

Joshua 13 in the NNT2

Joshua 13 in the NNT3

Joshua 13 in the PDDPT

Joshua 13 in the PFNT

Joshua 13 in the RMNT

Joshua 13 in the SBIAS

Joshua 13 in the SBIBS

Joshua 13 in the SBIBS2

Joshua 13 in the SBICS

Joshua 13 in the SBIDS

Joshua 13 in the SBIGS

Joshua 13 in the SBIHS

Joshua 13 in the SBIIS

Joshua 13 in the SBIIS2

Joshua 13 in the SBIIS3

Joshua 13 in the SBIKS

Joshua 13 in the SBIKS2

Joshua 13 in the SBIMS

Joshua 13 in the SBIOS

Joshua 13 in the SBIPS

Joshua 13 in the SBISS

Joshua 13 in the SBITS

Joshua 13 in the SBITS2

Joshua 13 in the SBITS3

Joshua 13 in the SBITS4

Joshua 13 in the SBIUS

Joshua 13 in the SBIVS

Joshua 13 in the SBT

Joshua 13 in the SBT1E

Joshua 13 in the SCHL

Joshua 13 in the SNT

Joshua 13 in the SUSU

Joshua 13 in the SUSU2

Joshua 13 in the SYNO

Joshua 13 in the TBIAOTANT

Joshua 13 in the TBT1E

Joshua 13 in the TBT1E2

Joshua 13 in the TFTIP

Joshua 13 in the TFTU

Joshua 13 in the TGNTATF3T

Joshua 13 in the THAI

Joshua 13 in the TNFD

Joshua 13 in the TNT

Joshua 13 in the TNTIK

Joshua 13 in the TNTIL

Joshua 13 in the TNTIN

Joshua 13 in the TNTIP

Joshua 13 in the TNTIZ

Joshua 13 in the TOMA

Joshua 13 in the TTENT

Joshua 13 in the UBG

Joshua 13 in the UGV

Joshua 13 in the UGV2

Joshua 13 in the UGV3

Joshua 13 in the VBL

Joshua 13 in the VDCC

Joshua 13 in the YALU

Joshua 13 in the YAPE

Joshua 13 in the YBVTP

Joshua 13 in the ZBP