Joshua 15 (BOECS)

1 Anyigba si wotsɔ na Yuda ƒe viwo la ƒe anyigbemeliƒo dze egɔme tso Edom ƒe dzigbemeliƒo dzi, tso Zin gbegbe la, eye wòtɔ Negeb ƒe dzieheliƒo. 2 Dzieheliƒo sia tso Dzeƒu alo Ƒukuku la to le anyigbeme 3 ɖo ta dziehe tso Akrabim to dzi mɔ la gbɔ heyi Zin. Eɖo ta dziehe to Kades Barnea, to Hezron heyi Adar, trɔ ɖo ta Karka, 4 eye wòyi Azmon. Eto tɔʋu si le Egipte ƒe liƒo dzi la ŋu heyi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Yuda ƒe anyigbemeliƒo. 5 Ɣedzeƒeliƒo la tso Dzeƒu la ŋu yi Yɔdan tɔsisi la nu.Anyigbemeliƒo la dze egɔme tso afi si Yɔdan tɔsisi la de nu Dzeƒu la me le, 6 hetso eme yi Bet Hogla, Bet Araba ƒe anyiehe yi Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ. 7 Tso afi ma la, liƒo la to Akɔr ƒe balime yi Debir, eye wòtrɔ yi anyiehe kple ɣetoɖoƒe dome ɖo ta Gilgal le Adumim towo ƒe akpa kemɛ dzi, le balime la ƒe dziehe lɔƒo. Egayi En Semes ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi En Rogel. 8 Liƒo la to Ben Hinom ƒe Balime azɔ, to Yebus, afi si wotso Yerusalem ɖo ƒe dziehe lɔƒo, to ɣetoɖoƒe yi toawo dzi le Ben Hinom ƒe Balime tame heyi ɖase ɖe Refaim ƒe balime ƒe seƒe le dzigbeme. 9 Egatso to la tame heyi Nef to la ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi du siwo le Efrɔn to dzi la gbɔ hafi trɔ ɖo ta dzigbeme, ƒo xlã Baala (si wogayɔna be Kiriat Yearim) 10 ɖo ta Edom ƒe to Seir gbɔ, yi Yearim to alo Kesalon ƒe dzigbeme, yi Bet Semes heto Timna ŋu. 11 Liƒo la yi togbɛ siwo le Ekron ƒe dzigbeme la gbɔ, trɔ ɖo ta Sikeron to, Baala to la ŋu, yi Yabneel hewu nu ɖe Domeƒu la to. 12 Ke ɣetoɖoƒeliƒo enye ƒu gã la kple eŋu nyigbawo. Esia nye Yudaviwo ƒe liƒo godoo va kpe le woƒe ƒomeawo nu. 13 Yehowa gblɔ na Yosua be wòatsɔ Yuda ƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Kaleb, Yefune ƒe vi la. Ale wotsɔ Arba du si wogayɔna be Hebron, du si wotsɔ Anak fofo ƒe ŋkɔ na la na Kaleb. 14 Esia ta Kaleb nya Anak ƒe vi etɔ̃awo, Talmai, Sesai kple Ahiman ƒe dzidzimeviwo le anyigba la dzi, 15 eye wòwɔ aʋa kple ame siwo nɔ Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la me. 16 Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi. 17 Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a. 18 Esi Otniel kple Ahsa dze mɔ yina woƒe nɔƒe la, Ahsa gblɔ na Otniel be yeabia anyigba ye fofo kpe ɖe esi wòna ye xoxo la ŋu. Ale wòɖi le eƒe tedzi dzi be yeaƒo nu kple ye fofo, Kaleb, tso eŋuti.Kaleb biae be, “Nu kae hiã wò?” 19 Axsa ɖo eŋu be, “Na nu bubu aɖem, elabena anyigba si nènam la nye gbegbe sɔŋ! Na teƒe si tsi le lam.” Ale Kaleb tsɔ tsivudo si le to dzi kple balime la nɛ. 20 Esiae nye anyigba si wona Yuda ƒe viwo. 21 Woƒe du siwo nɔ Edom le Negeb ƒe liƒowo dzi woe nye:Kabzeel, Eder, Yagur, 22 Kina, Dimona, Adada, 23 Kedes, Hazor, Itnan, 24 Zif, Telem, Bealot, 25 Hazor Hadata, Keriot Hezron (si nye Hazor), 26 Aman, Sema, Molada, 27 Hazar Gada, Hesmon, Bet Pelet, 28 Hazar Sual, Beerseba, Biziotia, 29 Baala, Im, Ezem, 30 Eltolad, Kesil, Horma, 31 Ziklag, Madmana, Sansana, 32 Lebaot, Silhin, Ain kple Rimon. Du siawo katã de blaeve-vɔ-asiekɛ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo. 33 Du siwo wotsɔ na Yuda ƒe viwo le gbadzaƒe la woe nye:Estaol, Zora, Asna, 34 Zanoa, En Ganim, Tapua, Enam, 35 Yarmut, Adulam, Soko Azeka, 36 Saaraim, Aditaim, Gedera (alo Gederotaim). Du siawo nye du wuiene kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo. 37 Wogatsɔ du wuiade kple woƒe kɔƒewo na Yuda ƒe viwo. Du siawoe nye: Zenan, Hadasa, Migdal Gag, 38 Dilean, Mizpeh, Yɔkteel, 39 Lakis, Bozkat, Eglon, 40 Kabon, Lahmas, Kitlis, 41 Gederot, Bet Dagon, Naama, Makeda, 42 Libna, Eter, Asan, 43 Yefta, Asna, Nezib, 44 Keila, Akzib kple Maresa. Du siawo le asiekɛ kple wo ŋu kɔƒeduwo. 45 Ekron ƒe du kple eŋukɔƒewo katã hã nɔ Yudatɔwo ƒe anyigba la me. 46 Liƒo la gatso Ekron yi ɖatɔ Domeƒu la, eye du kple kɔƒe siwo te ɖe Asdod ƒe liƒo ŋu la hã le anyigba la me kpe ɖe Asdod du la kple eƒe kɔƒewo, 47 Gaza kple eƒe kɔƒewo, heyi keke Egipte ƒe tɔʋu la kple Domeƒu la ƒe ƒuta, tso Egipte tɔʋu la nu le anyigbeme yi Tiro le dzigbeme ŋu. 48 Wogatsɔ du blaene-vɔ-ene siawo kple wo ŋu kɔƒewo le tonyigba la dzi hã na Yuda ƒe viwo:Samir, Yatir, Soko, 49 Dana, Kiriat Sana (si nye Debir), 50 Anab, Estemo, Anim, 51 Gosen, Holon, Giloh, 52 Arab, Duma, Esam, 53 Yanim, Bet Tapua, Afeka, 54 Humta, Kiriat Arba (alo Hebron) kple Zior. Dus siawo le asieke kple woƒe kɔƒeduwo. 55 Maon, Karmel, Zif, Yuta, 56 Yezreel, Yokdeam, Zanoah, 57 Kain, Gibea kple Timna. Du siawo le ewo kple woƒe kɔƒeduwo. 58 Halhul, Bet Zur, Gedor, 59 Maarat, Bet Anot, Eltekon. Du siawo le ade kple woƒe kɔƒeduwo. 60 Kiriat Baal (si wogayɔna hã be Kiriat Yearim) kple Raba. Du siawo le eve kple woƒe kɔƒeduwo. 61 Bet Araba, Midin, Sekaka, 62 Nibsan, Dzedu la kple En Gedi. Du ade kple woƒe kɔƒeduwo. 63 Yuda ƒe viwo mete ŋu nya Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem la ɖa o, eya ta Yebusitɔwo gale afi ma, le Yuda ƒe viwo dome va se ɖe egbe.

In Other Versions

Joshua 15 in the ANGEFD

Joshua 15 in the ANTPNG2D

Joshua 15 in the AS21

Joshua 15 in the BAGH

Joshua 15 in the BBPNG

Joshua 15 in the BBT1E

Joshua 15 in the BDS

Joshua 15 in the BEV

Joshua 15 in the BHAD

Joshua 15 in the BIB

Joshua 15 in the BLPT

Joshua 15 in the BNT

Joshua 15 in the BNTABOOT

Joshua 15 in the BNTLV

Joshua 15 in the BOATCB

Joshua 15 in the BOATCB2

Joshua 15 in the BOBCV

Joshua 15 in the BOCNT

Joshua 15 in the BOGWICC

Joshua 15 in the BOHCB

Joshua 15 in the BOHCV

Joshua 15 in the BOHLNT

Joshua 15 in the BOHNTLTAL

Joshua 15 in the BOICB

Joshua 15 in the BOILNTAP

Joshua 15 in the BOITCV

Joshua 15 in the BOKCV

Joshua 15 in the BOKCV2

Joshua 15 in the BOKHWOG

Joshua 15 in the BOKSSV

Joshua 15 in the BOLCB

Joshua 15 in the BOLCB2

Joshua 15 in the BOMCV

Joshua 15 in the BONAV

Joshua 15 in the BONCB

Joshua 15 in the BONLT

Joshua 15 in the BONUT2

Joshua 15 in the BOPLNT

Joshua 15 in the BOSCB

Joshua 15 in the BOSNC

Joshua 15 in the BOTLNT

Joshua 15 in the BOVCB

Joshua 15 in the BOYCB

Joshua 15 in the BPBB

Joshua 15 in the BPH

Joshua 15 in the BSB

Joshua 15 in the CCB

Joshua 15 in the CUV

Joshua 15 in the CUVS

Joshua 15 in the DBT

Joshua 15 in the DGDNT

Joshua 15 in the DHNT

Joshua 15 in the DNT

Joshua 15 in the ELBE

Joshua 15 in the EMTV

Joshua 15 in the ESV

Joshua 15 in the FBV

Joshua 15 in the FEB

Joshua 15 in the GGMNT

Joshua 15 in the GNT

Joshua 15 in the HARY

Joshua 15 in the HNT

Joshua 15 in the IRVA

Joshua 15 in the IRVB

Joshua 15 in the IRVG

Joshua 15 in the IRVH

Joshua 15 in the IRVK

Joshua 15 in the IRVM

Joshua 15 in the IRVM2

Joshua 15 in the IRVO

Joshua 15 in the IRVP

Joshua 15 in the IRVT

Joshua 15 in the IRVT2

Joshua 15 in the IRVU

Joshua 15 in the ISVN

Joshua 15 in the JSNT

Joshua 15 in the KAPI

Joshua 15 in the KBT1ETNIK

Joshua 15 in the KBV

Joshua 15 in the KJV

Joshua 15 in the KNFD

Joshua 15 in the LBA

Joshua 15 in the LBLA

Joshua 15 in the LNT

Joshua 15 in the LSV

Joshua 15 in the MAAL

Joshua 15 in the MBV

Joshua 15 in the MBV2

Joshua 15 in the MHNT

Joshua 15 in the MKNFD

Joshua 15 in the MNG

Joshua 15 in the MNT

Joshua 15 in the MNT2

Joshua 15 in the MRS1T

Joshua 15 in the NAA

Joshua 15 in the NASB

Joshua 15 in the NBLA

Joshua 15 in the NBS

Joshua 15 in the NBVTP

Joshua 15 in the NET2

Joshua 15 in the NIV11

Joshua 15 in the NNT

Joshua 15 in the NNT2

Joshua 15 in the NNT3

Joshua 15 in the PDDPT

Joshua 15 in the PFNT

Joshua 15 in the RMNT

Joshua 15 in the SBIAS

Joshua 15 in the SBIBS

Joshua 15 in the SBIBS2

Joshua 15 in the SBICS

Joshua 15 in the SBIDS

Joshua 15 in the SBIGS

Joshua 15 in the SBIHS

Joshua 15 in the SBIIS

Joshua 15 in the SBIIS2

Joshua 15 in the SBIIS3

Joshua 15 in the SBIKS

Joshua 15 in the SBIKS2

Joshua 15 in the SBIMS

Joshua 15 in the SBIOS

Joshua 15 in the SBIPS

Joshua 15 in the SBISS

Joshua 15 in the SBITS

Joshua 15 in the SBITS2

Joshua 15 in the SBITS3

Joshua 15 in the SBITS4

Joshua 15 in the SBIUS

Joshua 15 in the SBIVS

Joshua 15 in the SBT

Joshua 15 in the SBT1E

Joshua 15 in the SCHL

Joshua 15 in the SNT

Joshua 15 in the SUSU

Joshua 15 in the SUSU2

Joshua 15 in the SYNO

Joshua 15 in the TBIAOTANT

Joshua 15 in the TBT1E

Joshua 15 in the TBT1E2

Joshua 15 in the TFTIP

Joshua 15 in the TFTU

Joshua 15 in the TGNTATF3T

Joshua 15 in the THAI

Joshua 15 in the TNFD

Joshua 15 in the TNT

Joshua 15 in the TNTIK

Joshua 15 in the TNTIL

Joshua 15 in the TNTIN

Joshua 15 in the TNTIP

Joshua 15 in the TNTIZ

Joshua 15 in the TOMA

Joshua 15 in the TTENT

Joshua 15 in the UBG

Joshua 15 in the UGV

Joshua 15 in the UGV2

Joshua 15 in the UGV3

Joshua 15 in the VBL

Joshua 15 in the VDCC

Joshua 15 in the YALU

Joshua 15 in the YAPE

Joshua 15 in the YBVTP

Joshua 15 in the ZBP