Joshua 23 (BOECS)
1 Le esiawo katã megbe esi Yehowa na be Israelviwo ɖu woƒe futɔwo katã dzi, eye wokpɔ gbɔdzɔe la, Yosua, ame si zu amegãɖeɖi azɔ la 2 yɔ Israel ƒe kplɔlawo, ametsitsiwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dɔdzikpɔlawo katã ƒo ƒu hegblɔ na wo be, “Fifia metsi azɔ. 3 Miekpɔ nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le nye agbenɔɣi. Ewɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòtsɔ woƒe anyigba na mi. 4 Mema dukɔ siwo gali kokoko kple esiwo dzi meɖu la ƒe anyigbawo na mi abe miaƒe domenyinu ene, tso Yɔdan tɔsisi la ŋu le ɣedzeƒe heyi Domeƒu la ŋu le ɣetoɖoƒe. 5 Yehowa, miaƒe Mawu la ana miaƒe futɔwo nagbugbɔ, eye wòanya wo, woasi le mia ŋgɔ. Miaxɔ woƒe anyigbawo abe ale si Yehowa, miaƒe Mawu la do ŋugbe na mi ene. 6 “Ke miwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe Segbalẽ la me la dzi pɛpɛpɛ. Migade axa na seawo dzi wɔwɔ le mɔ suetɔ kekeake gɔ̃ hã nu o. 7 Mikpɔ nyuie be, miade ha kple trɔ̃subɔla siwo gale anyigba la dzi kura o. Migayɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã o; migawɔ woƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me o, eye migasubɔ wo o. 8 Ke midze Yehowa, miaƒe Mawu la yome abe ale si miele wɔwɔm va se ɖe fifia ene. 9 Yehowa nya dukɔ triakɔwo ɖa le mia ŋgɔ, eye dukɔ aɖeke mete ŋu ɖu mia dzi o. 10 Mia dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe te ŋu nya futɔ akpe ɖeka ɖe du nu, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la wɔa aʋa na mi, 11 eya ta mikpɔ egbɔ be yewoyi Yehowa miaƒe Mawu lɔlɔ̃ dzi. 12 “Ne miegbugbɔ le Yehowa yome, eye ne miede asi srɔ̃ɖeɖe tso wo dome me la, 13 ekema minyae nyuie be, Yehowa maganya dukɔ mawo ɖa le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ azu mɔ si wotre na mi, ana miase veve le miaƒe axadame, wòazu ŋu anɔ ŋku tɔm na mi, eye miatsrɔ̃ le anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la dzi. 14 “Esusɔ vie ko maku. Mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyuie le eƒe dzi me be Yehowa miaƒe Mawu na nu nyui siwo katã ŋugbe wòdo la mi, ɖeke meda le edzi o. 15 Ke abe ale si wòwɔ ŋugbe siwo katã wòdo na mi dzi ene la, nenema ke wòawɔ ɖe nya vɔ̃ siwo katã wògblɔ da ɖi la hã dzii. 16 Ne miewɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi dzi o, eye ne miesubɔ Mawu bubuwo la, ekema ahe to na mi le eƒe dɔmedzoe me, eye eteƒe madidi o la, mia dometɔ aɖeke magasusɔ ɖe anyigba nyui si Yehowa tsɔ na mi la dzi o.”
In Other Versions
Joshua 23 in the ANGEFD
Joshua 23 in the ANTPNG2D
Joshua 23 in the AS21
Joshua 23 in the BAGH
Joshua 23 in the BBPNG
Joshua 23 in the BBT1E
Joshua 23 in the BDS
Joshua 23 in the BEV
Joshua 23 in the BHAD
Joshua 23 in the BIB
Joshua 23 in the BLPT
Joshua 23 in the BNT
Joshua 23 in the BNTABOOT
Joshua 23 in the BNTLV
Joshua 23 in the BOATCB
Joshua 23 in the BOATCB2
Joshua 23 in the BOBCV
Joshua 23 in the BOCNT
Joshua 23 in the BOGWICC
Joshua 23 in the BOHCB
Joshua 23 in the BOHCV
Joshua 23 in the BOHLNT
Joshua 23 in the BOHNTLTAL
Joshua 23 in the BOICB
Joshua 23 in the BOILNTAP
Joshua 23 in the BOITCV
Joshua 23 in the BOKCV
Joshua 23 in the BOKCV2
Joshua 23 in the BOKHWOG
Joshua 23 in the BOKSSV
Joshua 23 in the BOLCB
Joshua 23 in the BOLCB2
Joshua 23 in the BOMCV
Joshua 23 in the BONAV
Joshua 23 in the BONCB
Joshua 23 in the BONLT
Joshua 23 in the BONUT2
Joshua 23 in the BOPLNT
Joshua 23 in the BOSCB
Joshua 23 in the BOSNC
Joshua 23 in the BOTLNT
Joshua 23 in the BOVCB
Joshua 23 in the BOYCB
Joshua 23 in the BPBB
Joshua 23 in the BPH
Joshua 23 in the BSB
Joshua 23 in the CCB
Joshua 23 in the CUV
Joshua 23 in the CUVS
Joshua 23 in the DBT
Joshua 23 in the DGDNT
Joshua 23 in the DHNT
Joshua 23 in the DNT
Joshua 23 in the ELBE
Joshua 23 in the EMTV
Joshua 23 in the ESV
Joshua 23 in the FBV
Joshua 23 in the FEB
Joshua 23 in the GGMNT
Joshua 23 in the GNT
Joshua 23 in the HARY
Joshua 23 in the HNT
Joshua 23 in the IRVA
Joshua 23 in the IRVB
Joshua 23 in the IRVG
Joshua 23 in the IRVH
Joshua 23 in the IRVK
Joshua 23 in the IRVM
Joshua 23 in the IRVM2
Joshua 23 in the IRVO
Joshua 23 in the IRVP
Joshua 23 in the IRVT
Joshua 23 in the IRVT2
Joshua 23 in the IRVU
Joshua 23 in the ISVN
Joshua 23 in the JSNT
Joshua 23 in the KAPI
Joshua 23 in the KBT1ETNIK
Joshua 23 in the KBV
Joshua 23 in the KJV
Joshua 23 in the KNFD
Joshua 23 in the LBA
Joshua 23 in the LBLA
Joshua 23 in the LNT
Joshua 23 in the LSV
Joshua 23 in the MAAL
Joshua 23 in the MBV
Joshua 23 in the MBV2
Joshua 23 in the MHNT
Joshua 23 in the MKNFD
Joshua 23 in the MNG
Joshua 23 in the MNT
Joshua 23 in the MNT2
Joshua 23 in the MRS1T
Joshua 23 in the NAA
Joshua 23 in the NASB
Joshua 23 in the NBLA
Joshua 23 in the NBS
Joshua 23 in the NBVTP
Joshua 23 in the NET2
Joshua 23 in the NIV11
Joshua 23 in the NNT
Joshua 23 in the NNT2
Joshua 23 in the NNT3
Joshua 23 in the PDDPT
Joshua 23 in the PFNT
Joshua 23 in the RMNT
Joshua 23 in the SBIAS
Joshua 23 in the SBIBS
Joshua 23 in the SBIBS2
Joshua 23 in the SBICS
Joshua 23 in the SBIDS
Joshua 23 in the SBIGS
Joshua 23 in the SBIHS
Joshua 23 in the SBIIS
Joshua 23 in the SBIIS2
Joshua 23 in the SBIIS3
Joshua 23 in the SBIKS
Joshua 23 in the SBIKS2
Joshua 23 in the SBIMS
Joshua 23 in the SBIOS
Joshua 23 in the SBIPS
Joshua 23 in the SBISS
Joshua 23 in the SBITS
Joshua 23 in the SBITS2
Joshua 23 in the SBITS3
Joshua 23 in the SBITS4
Joshua 23 in the SBIUS
Joshua 23 in the SBIVS
Joshua 23 in the SBT
Joshua 23 in the SBT1E
Joshua 23 in the SCHL
Joshua 23 in the SNT
Joshua 23 in the SUSU
Joshua 23 in the SUSU2
Joshua 23 in the SYNO
Joshua 23 in the TBIAOTANT
Joshua 23 in the TBT1E
Joshua 23 in the TBT1E2
Joshua 23 in the TFTIP
Joshua 23 in the TFTU
Joshua 23 in the TGNTATF3T
Joshua 23 in the THAI
Joshua 23 in the TNFD
Joshua 23 in the TNT
Joshua 23 in the TNTIK
Joshua 23 in the TNTIL
Joshua 23 in the TNTIN
Joshua 23 in the TNTIP
Joshua 23 in the TNTIZ
Joshua 23 in the TOMA
Joshua 23 in the TTENT
Joshua 23 in the UBG
Joshua 23 in the UGV
Joshua 23 in the UGV2
Joshua 23 in the UGV3
Joshua 23 in the VBL
Joshua 23 in the VDCC
Joshua 23 in the YALU
Joshua 23 in the YAPE
Joshua 23 in the YBVTP
Joshua 23 in the ZBP