Joshua 4 (BOECS)
1 Esi ameawo katã tso tɔsisi la dedie la, Yehowa gblɔ na Yosua bena, 2 “Tia ame wuieve tso Israel dukɔ la me, ame ɖeka tso to ɖe sia ɖe me, 3 eye nàgblɔ na wo be: woatsɔ kpe wuieve tso teƒe si tututu nunɔlaawo tsi tsitre ɖo le Yɔdan tɔsisi la titina; woatsɔ kpe wuieve siawo ayi ɖe teƒe si miaƒu asaɖa anyi ɖo le zã sia me.” 4 Ale Yosua yɔ ame wuieve siwo wòtia tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me, 5 eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yɔdan tɔsisi la titina, afi si nubablaɖaka la le; mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta tso afi ma. Kpeawo ƒe xexlẽme nanɔ wuieve, ɖeka ɖe to wuieveawo dometɔ ɖe sia ɖe nu. 6 Mitsɔ wo tu ŋkuɖodzikpe ale be ne mia viwo abia mi gbe aɖe gbe be, ‘Nu kae ŋkuɖodzikpe sia le fiafiam mahã?’ la, 7 miagblɔ na wo be, Yɔdan tɔsisi la dzudzɔ sisi le nubablaɖaka la ŋgɔ. Esi wòtso Yɔdan tɔsisia la, tsi la ƒe sisi nu tso. Kpe siawo anye ŋkuɖodzikpe na Israelviwo tegbetegbe.” 8 Israelviwo wɔ abe ale si Yosua ɖo na wo ene pɛpɛpɛ. Wokɔ kpe wuieveawo tso Yɔdan tɔsisi la titina, kpe ɖeka ɖe to ɖeka ɖe sia ɖe nu, abe ale si Yehowa ɖo na Yosua ene tututu. Wokɔ kpeawo yi afi si woƒu asaɖa anyi ɖo le zã ma me hewɔ ŋkuɖodzikpe aɖe ɖe afi ma. 9 Yosua hã kɔ kpe wuieve tu ŋkuɖodzikpe bubu ɖe Yɔdan tɔsisi la titina, le teƒe si nunɔlawo tsi tsitre ɖo. Ŋkuɖodzikpe sia gali egbegbe. 10 Nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la, tsi tsitre ɖe tɔsisi la titina va se ɖe esime wowɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa gblɔ na Yosua to Mose dzi la dzi. Ameawo ɖe abla zɔ tɔʋu ƒuƒui la me. 11 Esi ameawo katã tso tɔsisi la la vɔ la, nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la tso tɔʋu la me va wo gbɔ le godzi, eye wodze ŋgɔ na wo. 12 Ŋutsu siwo tso Ruben kple Gad ƒe towo me kple Manase ƒe to afã me la bla akpa na aʋawɔwɔ, eye wodze ŋgɔ na Israelviwo abe ale si Mose ɖo na wo ene. 13 Aʋawɔlawo abe ŋutsu akpe blaene ene tso eme le Yehowa ŋkume yi gbedzi le Yeriko lɔƒo. 14 Gbe ma gbe nye ŋkeke gã aɖe na Yosua, elabena Yehowa de bubu gã aɖe eŋu le Israelviwo katã ŋkume. Ale wobui, eye wovɔ̃e abe Mose ene le eƒe agbemeŋkekewo katã me. 15 Yehowa gblɔ na Yosua be 16 wòaɖe gbe na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woado go le Yɔdan tɔsisi la me. 17 Yosua wɔ ɖe Yehowa ƒe nya sia dzi, 18 eye esi nunɔlawo ɖo afɔ tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi ko la, tɔsisi la gade asi sisi me, eye wògagbagba ɖe eƒe gowo dzi abe tsã ene. 19 Nukunu sia va eme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi. Gbe ma gbe la, Israel dukɔ blibo la tso Yɔdan tɔsisi la, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yeriko ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 20 Wokɔ kpe wuieveawo tso Yɔdan tɔsisi la me tu ŋkuɖodzikpe ɖe afi ma. 21 Yosua gaɖe nu si ŋkuɖodzikpe la le fiafiam la gɔme na Israelviwo hegblɔ be, “Ne mia viwo va bia mi gbe aɖe gbe be nu ka ta kpe siawo le afi sia ɖo, eye nu ka fiam wole hã la, 22 miagblɔ na wo be kpe siawo le ŋku ɖom nukunu gã si dzɔ esime Israel dukɔ la zɔ ƒuƒuiƒe hetso Yɔdan tɔsisi la dzi! 23 Migblɔ ale si Yehowa, míaƒe Mawu la na tɔsisi la mie le mía ŋkume, eye wòna wònɔ miemie nenema va se ɖe esime mí katã míetso tɔsisi la! Nenema tututue Yehowa wɔ na mi esi mieva ɖo Ƒu Dzĩ la to ƒe blaene nye esi va yi! 24 Ewɔ esia ale be, xexemedukɔwo katã nanya be Yehowae nye Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ale be mí katã míavɔ̃e tegbee.”
In Other Versions
Joshua 4 in the ANGEFD
Joshua 4 in the ANTPNG2D
Joshua 4 in the AS21
Joshua 4 in the BAGH
Joshua 4 in the BBPNG
Joshua 4 in the BBT1E
Joshua 4 in the BDS
Joshua 4 in the BEV
Joshua 4 in the BHAD
Joshua 4 in the BIB
Joshua 4 in the BLPT
Joshua 4 in the BNT
Joshua 4 in the BNTABOOT
Joshua 4 in the BNTLV
Joshua 4 in the BOATCB
Joshua 4 in the BOATCB2
Joshua 4 in the BOBCV
Joshua 4 in the BOCNT
Joshua 4 in the BOGWICC
Joshua 4 in the BOHCB
Joshua 4 in the BOHCV
Joshua 4 in the BOHLNT
Joshua 4 in the BOHNTLTAL
Joshua 4 in the BOICB
Joshua 4 in the BOILNTAP
Joshua 4 in the BOITCV
Joshua 4 in the BOKCV
Joshua 4 in the BOKCV2
Joshua 4 in the BOKHWOG
Joshua 4 in the BOKSSV
Joshua 4 in the BOLCB
Joshua 4 in the BOLCB2
Joshua 4 in the BOMCV
Joshua 4 in the BONAV
Joshua 4 in the BONCB
Joshua 4 in the BONLT
Joshua 4 in the BONUT2
Joshua 4 in the BOPLNT
Joshua 4 in the BOSCB
Joshua 4 in the BOSNC
Joshua 4 in the BOTLNT
Joshua 4 in the BOVCB
Joshua 4 in the BOYCB
Joshua 4 in the BPBB
Joshua 4 in the BPH
Joshua 4 in the BSB
Joshua 4 in the CCB
Joshua 4 in the CUV
Joshua 4 in the CUVS
Joshua 4 in the DBT
Joshua 4 in the DGDNT
Joshua 4 in the DHNT
Joshua 4 in the DNT
Joshua 4 in the ELBE
Joshua 4 in the EMTV
Joshua 4 in the ESV
Joshua 4 in the FBV
Joshua 4 in the FEB
Joshua 4 in the GGMNT
Joshua 4 in the GNT
Joshua 4 in the HARY
Joshua 4 in the HNT
Joshua 4 in the IRVA
Joshua 4 in the IRVB
Joshua 4 in the IRVG
Joshua 4 in the IRVH
Joshua 4 in the IRVK
Joshua 4 in the IRVM
Joshua 4 in the IRVM2
Joshua 4 in the IRVO
Joshua 4 in the IRVP
Joshua 4 in the IRVT
Joshua 4 in the IRVT2
Joshua 4 in the IRVU
Joshua 4 in the ISVN
Joshua 4 in the JSNT
Joshua 4 in the KAPI
Joshua 4 in the KBT1ETNIK
Joshua 4 in the KBV
Joshua 4 in the KJV
Joshua 4 in the KNFD
Joshua 4 in the LBA
Joshua 4 in the LBLA
Joshua 4 in the LNT
Joshua 4 in the LSV
Joshua 4 in the MAAL
Joshua 4 in the MBV
Joshua 4 in the MBV2
Joshua 4 in the MHNT
Joshua 4 in the MKNFD
Joshua 4 in the MNG
Joshua 4 in the MNT
Joshua 4 in the MNT2
Joshua 4 in the MRS1T
Joshua 4 in the NAA
Joshua 4 in the NASB
Joshua 4 in the NBLA
Joshua 4 in the NBS
Joshua 4 in the NBVTP
Joshua 4 in the NET2
Joshua 4 in the NIV11
Joshua 4 in the NNT
Joshua 4 in the NNT2
Joshua 4 in the NNT3
Joshua 4 in the PDDPT
Joshua 4 in the PFNT
Joshua 4 in the RMNT
Joshua 4 in the SBIAS
Joshua 4 in the SBIBS
Joshua 4 in the SBIBS2
Joshua 4 in the SBICS
Joshua 4 in the SBIDS
Joshua 4 in the SBIGS
Joshua 4 in the SBIHS
Joshua 4 in the SBIIS
Joshua 4 in the SBIIS2
Joshua 4 in the SBIIS3
Joshua 4 in the SBIKS
Joshua 4 in the SBIKS2
Joshua 4 in the SBIMS
Joshua 4 in the SBIOS
Joshua 4 in the SBIPS
Joshua 4 in the SBISS
Joshua 4 in the SBITS
Joshua 4 in the SBITS2
Joshua 4 in the SBITS3
Joshua 4 in the SBITS4
Joshua 4 in the SBIUS
Joshua 4 in the SBIVS
Joshua 4 in the SBT
Joshua 4 in the SBT1E
Joshua 4 in the SCHL
Joshua 4 in the SNT
Joshua 4 in the SUSU
Joshua 4 in the SUSU2
Joshua 4 in the SYNO
Joshua 4 in the TBIAOTANT
Joshua 4 in the TBT1E
Joshua 4 in the TBT1E2
Joshua 4 in the TFTIP
Joshua 4 in the TFTU
Joshua 4 in the TGNTATF3T
Joshua 4 in the THAI
Joshua 4 in the TNFD
Joshua 4 in the TNT
Joshua 4 in the TNTIK
Joshua 4 in the TNTIL
Joshua 4 in the TNTIN
Joshua 4 in the TNTIP
Joshua 4 in the TNTIZ
Joshua 4 in the TOMA
Joshua 4 in the TTENT
Joshua 4 in the UBG
Joshua 4 in the UGV
Joshua 4 in the UGV2
Joshua 4 in the UGV3
Joshua 4 in the VBL
Joshua 4 in the VDCC
Joshua 4 in the YALU
Joshua 4 in the YAPE
Joshua 4 in the YBVTP
Joshua 4 in the ZBP