Joshua 8 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò o. Kplɔ aʋakɔ blibo la yi Ai, elabena ɣeyiɣi la de na mi azɔ be miaɖu Ai dzi. Metsɔ Ai fia kple eƒe ameawo katã de asi na mi. 2 Miatsrɔ̃ wo abe ale si mietsrɔ̃ Yeriko kple woƒe fia ene. Ke azɔ ya la, miate ŋu atsɔ woƒe nuwo kple woƒe nyi siwo mieha la woazu mia tɔ. Na ameawo nade xa ɖe dua godo.” 3 Ale Yosua dzra ɖo hena aʋahoho ɖe Ai ŋu kple eƒe aʋawɔlawo katã. Etia eƒe asrafo nyuitɔwo akpe blaetɔ̃ ɖo ɖa le zã me; 4 egblɔ na wo do ŋgɔ be, “Mide xa ɖe dua ƒe akpa kemɛ, migade megbe tso dua ŋu fũu o, eye minɔ ŋudzɔ na wo dzi dzedze.” 5 Egagblɔ na wo be, “Ne míaƒe aʋakɔ blibo la ho aʋa ɖe Aitɔwo ŋu la, Aitɔwo ado go ava kpe mí na aʋawɔwɔ abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene. 6 Ekema míade asi sisi me, eye woakplɔ mí ɖo va se ɖe esi woƒe aʋawɔlawo katã ado go le dua me. Woagblɔ be, ‘Israelviwo gale sisim abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene!’ 7 Ekema miado tso afi si miede xa ɖo, age ɖe dua me, elabena Yehowa miaƒe Mawu atsɔe na mí. 8 Mitɔ dzo dua abe ale si Yehowa ɖo na mí ene. Esiawoe nye nye ɖoɖowo na mi.” 9 Ale wodze mɔ zã ma me yi ɖade xa ɖe Betel kple Ai ƒe ɣetoɖoƒe gome, le esime Yosua kple aʋawɔla bubuawo tsi asaɖa la me le Yeriko. 10 Esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua yɔ aʋawɔlawo, eye woawo kple Israel ƒe ametsitsiwo ɖo ta Ai. 11 Yosua kple aʋawɔla siwo nɔ eŋu la yi ɖe dua ƒe agbo gãtɔ gbɔ, woƒu asaɖa anyi ɖe anyiehe lɔƒo, eye balime aɖe nɔ asaɖa la kple Ai du la dome. 12 Eɣla ame abe akpe atɔ̃ ene ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, le Betel kple Ai dome. 13 Woɖo asrafoawo ɖe aʋawɔwɔ ŋu, ame geɖewo nɔ dua ƒe anyiehe lɔƒo, eye mamlɛawo nɔ dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Yosua tsi balime la le zã ma me. 14 Ai fia kpɔ Israelviwo ɖa le balime la godo, eye wòkpe aʋa kpli wo le Araba gbedzi ŋdi kanya, ke menya be futɔwo de xa ɖe dua godo o. 15 Yosua kple eƒe Israelviwo si to gbegbe la abe ɖe nugbe menyo na wo o ene. 16 Ale Ai fia ɖe gbe na eƒe asrafo siwo katã nɔ dua me la be woati Israelviwo yome. Ale dutaʋlilawo vɔ le dua me; 17 asrafo aɖeke kura meganɔ Ai alo Betel o. Gawu la, woʋu Ai ƒe agbowo da ɖi siãa. 18 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ wò akplɔ do ɖe Ai lɔƒo, elabena matsɔ du la ana wò.” Yosua wɔ nenema. 19 Esi xadelawo kpɔ Yosua ƒe dzesia ko la, wolũ ɖe dua dzi, ge ɖe eme eye wotɔ dzoe. 20 Aitɔwo ƒe aʋawɔlawo nye kɔ kpɔ megbe, kasia wokpɔ dzudzɔ la wòyi ɖatɔ keke dziŋgɔli. Mɔ aɖeke meganɔ anyi na sisi o, elabena Israelviwo, ame siwo si ɖo ta gbegbe la, trɔ hena aʋawɔwɔ kpli wo azɔ. 21 Yosua kple Israelviwo katã kpɔ be yewoƒe amewo xɔ dua, eye wotɔ dzoe, eya ta wotrɔ hede asi Aitɔwo wuwu me. 22 Israelvi siwo nɔ Ai dua me la do go tso dua me, eye wode asi Aitɔwo wuwu me tso megbe. Ale Aitɔwo tsi Israelviwo dome, eye wowu wo katã, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe alo si o, 23 negbe Ai fia, ame si wolé kplɔ vɛ na Yosua. 24 Esi Israelviwo wu Aitɔ siwo nɔ dua godo vɔ la, wotrɔ yi dua me, eye wowu ame siwo katã ganɔ dua me. 25 Ale wowu ame akpe wuieve (12,000) siwo nye Aitɔwo katã la gbe ma gbe. 26 Yosua lé eƒe akplɔ do ɖe Ai du la gbɔ va se ɖe esime wowu Aitɔ mamlɛa. 27 Aitɔwo ƒe lãwo kple kesinɔnuwo ko wometsrɔ̃ o, elabena Israelviwo ƒe aʋawɔlawo tsɔ wo na wo ɖokuiwo. Yehowa ŋutɔe gblɔe na Yosua be woate ŋu atsɔ wo. 28 Ale Ai trɔ zu gli gbagbã siwo woli kɔe ɖi va se ɖe egbe. 29 Yosua de ka ve na Ai fia ɖe ati aɖe ŋu, ke esi ɣe nɔ to ɖom la, eɖee tsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo ŋgɔ. Wofɔ kpe gãwo li kɔ ɖe edzi. Kpeawo gali va se ɖe egbe. 30 Le esia megbe la, Yosua tu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖe Ebal to la gbɔ 31 abe ale si Mose, Yehowa ƒe dɔla ɖo na Israelviwo be woawɔ ene. Etui abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe Segbalẽ la me ene be, “Tsɔ kpe siwo womegbã alo kpa o la tu vɔsamlekpui nam.” Yehowa gblɔ nya sia tso Ebal to la ŋuti. Nunɔlawo sa numevɔ kple ŋutifafavɔ na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. 32 Yosua ŋlɔ Mose ƒe Se Ewoawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe kpeawo dzi le Israelviwo ŋkume. 33 Azɔ la, Israelviwo katã, woƒe ametsitsiwo, kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple amedzro siwo nɔ wo dome la ma ɖe akpa eve me. Akpa ɖeka tsi tsitre ɖe Gerizim to la te, eye akpa evelia hã nɔ Ebal to la te. Nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la nɔ akpa eveawo dome hena yayranyawo xexlẽ. Wowɔ esia abe ale si Mose ɖo na wo gbe aɖe gbe ene. 34 Yosua xlẽ yayranya kple fiƒodenya siwo katã Mose ŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Segbalẽ la me la na wo. 35 Exlẽ se siwo katã Mose de na wo kpɔ la hã na ameha blibo la, si me nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo nɔ Israelviwo dome la hã nɔ.

In Other Versions

Joshua 8 in the ANGEFD

Joshua 8 in the ANTPNG2D

Joshua 8 in the AS21

Joshua 8 in the BAGH

Joshua 8 in the BBPNG

Joshua 8 in the BBT1E

Joshua 8 in the BDS

Joshua 8 in the BEV

Joshua 8 in the BHAD

Joshua 8 in the BIB

Joshua 8 in the BLPT

Joshua 8 in the BNT

Joshua 8 in the BNTABOOT

Joshua 8 in the BNTLV

Joshua 8 in the BOATCB

Joshua 8 in the BOATCB2

Joshua 8 in the BOBCV

Joshua 8 in the BOCNT

Joshua 8 in the BOGWICC

Joshua 8 in the BOHCB

Joshua 8 in the BOHCV

Joshua 8 in the BOHLNT

Joshua 8 in the BOHNTLTAL

Joshua 8 in the BOICB

Joshua 8 in the BOILNTAP

Joshua 8 in the BOITCV

Joshua 8 in the BOKCV

Joshua 8 in the BOKCV2

Joshua 8 in the BOKHWOG

Joshua 8 in the BOKSSV

Joshua 8 in the BOLCB

Joshua 8 in the BOLCB2

Joshua 8 in the BOMCV

Joshua 8 in the BONAV

Joshua 8 in the BONCB

Joshua 8 in the BONLT

Joshua 8 in the BONUT2

Joshua 8 in the BOPLNT

Joshua 8 in the BOSCB

Joshua 8 in the BOSNC

Joshua 8 in the BOTLNT

Joshua 8 in the BOVCB

Joshua 8 in the BOYCB

Joshua 8 in the BPBB

Joshua 8 in the BPH

Joshua 8 in the BSB

Joshua 8 in the CCB

Joshua 8 in the CUV

Joshua 8 in the CUVS

Joshua 8 in the DBT

Joshua 8 in the DGDNT

Joshua 8 in the DHNT

Joshua 8 in the DNT

Joshua 8 in the ELBE

Joshua 8 in the EMTV

Joshua 8 in the ESV

Joshua 8 in the FBV

Joshua 8 in the FEB

Joshua 8 in the GGMNT

Joshua 8 in the GNT

Joshua 8 in the HARY

Joshua 8 in the HNT

Joshua 8 in the IRVA

Joshua 8 in the IRVB

Joshua 8 in the IRVG

Joshua 8 in the IRVH

Joshua 8 in the IRVK

Joshua 8 in the IRVM

Joshua 8 in the IRVM2

Joshua 8 in the IRVO

Joshua 8 in the IRVP

Joshua 8 in the IRVT

Joshua 8 in the IRVT2

Joshua 8 in the IRVU

Joshua 8 in the ISVN

Joshua 8 in the JSNT

Joshua 8 in the KAPI

Joshua 8 in the KBT1ETNIK

Joshua 8 in the KBV

Joshua 8 in the KJV

Joshua 8 in the KNFD

Joshua 8 in the LBA

Joshua 8 in the LBLA

Joshua 8 in the LNT

Joshua 8 in the LSV

Joshua 8 in the MAAL

Joshua 8 in the MBV

Joshua 8 in the MBV2

Joshua 8 in the MHNT

Joshua 8 in the MKNFD

Joshua 8 in the MNG

Joshua 8 in the MNT

Joshua 8 in the MNT2

Joshua 8 in the MRS1T

Joshua 8 in the NAA

Joshua 8 in the NASB

Joshua 8 in the NBLA

Joshua 8 in the NBS

Joshua 8 in the NBVTP

Joshua 8 in the NET2

Joshua 8 in the NIV11

Joshua 8 in the NNT

Joshua 8 in the NNT2

Joshua 8 in the NNT3

Joshua 8 in the PDDPT

Joshua 8 in the PFNT

Joshua 8 in the RMNT

Joshua 8 in the SBIAS

Joshua 8 in the SBIBS

Joshua 8 in the SBIBS2

Joshua 8 in the SBICS

Joshua 8 in the SBIDS

Joshua 8 in the SBIGS

Joshua 8 in the SBIHS

Joshua 8 in the SBIIS

Joshua 8 in the SBIIS2

Joshua 8 in the SBIIS3

Joshua 8 in the SBIKS

Joshua 8 in the SBIKS2

Joshua 8 in the SBIMS

Joshua 8 in the SBIOS

Joshua 8 in the SBIPS

Joshua 8 in the SBISS

Joshua 8 in the SBITS

Joshua 8 in the SBITS2

Joshua 8 in the SBITS3

Joshua 8 in the SBITS4

Joshua 8 in the SBIUS

Joshua 8 in the SBIVS

Joshua 8 in the SBT

Joshua 8 in the SBT1E

Joshua 8 in the SCHL

Joshua 8 in the SNT

Joshua 8 in the SUSU

Joshua 8 in the SUSU2

Joshua 8 in the SYNO

Joshua 8 in the TBIAOTANT

Joshua 8 in the TBT1E

Joshua 8 in the TBT1E2

Joshua 8 in the TFTIP

Joshua 8 in the TFTU

Joshua 8 in the TGNTATF3T

Joshua 8 in the THAI

Joshua 8 in the TNFD

Joshua 8 in the TNT

Joshua 8 in the TNTIK

Joshua 8 in the TNTIL

Joshua 8 in the TNTIN

Joshua 8 in the TNTIP

Joshua 8 in the TNTIZ

Joshua 8 in the TOMA

Joshua 8 in the TTENT

Joshua 8 in the UBG

Joshua 8 in the UGV

Joshua 8 in the UGV2

Joshua 8 in the UGV3

Joshua 8 in the VBL

Joshua 8 in the VDCC

Joshua 8 in the YALU

Joshua 8 in the YAPE

Joshua 8 in the YBVTP

Joshua 8 in the ZBP