Leviticus 19 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe. 3 “ ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu. 4 “ ‘Migatrɔ ɖe legbawo ŋu alo miatsɔ ga awɔ mawuwo na mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. 5 “ ‘Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, misae tututu ɖe sea nu ale be mate ŋu axɔe. 6 Miɖui le ŋkeke si dzi miesa vɔ la le alo ne ŋu ke. Nu si atsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la, woatɔ dzoe, 7 elabena esi woaɖu le ŋkeke etɔ̃a gbe la, madze ŋunye o, eye nyemate ŋu axɔe o. 8 Ne mieɖui le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mieɖi fɔ, elabena miedo ŋunyɔ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye, eye woaɖe mi ɖa tso Yehowa ƒe amewo dome. 9 “ ‘Ne miexa miaƒe agblemenuwo la, migaŋe nuku siwo le agblea to o, eye migafɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba hã o. 10 Miwɔ nenema ke le miaƒe wain tsetsewo hã gome. Migagbe kutsetseawo katã o, eye migafɔ esiwo ge ɖe anyigba hã o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. 11 “ ‘Migafi fi o.“ ‘Migada alakpa o.“ ‘Ame aɖeke megaba nɔvia o. 12 “ ‘Migatsɔ nye ŋkɔ aka atam ɖe aʋatsonya aɖeke dzi, eye miato nu sia wɔwɔ me aƒo fi ade nye ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. 13 “ ‘Migaba ame aɖeke alo ate ame aɖeke ɖe to o.“ ‘Mikpɔ egbɔ be yewoxe fe na yewoƒe agbatedɔwɔlawo kaba. Ne fe aɖe li miaxe na agbatedɔwɔlawo la, migana fe ma natsi mia ŋuti ŋu nake ɖe edzi o. 14 “ ‘Migaƒo fi de tekunɔ o, eye migada nu ɖe ŋkuagbãtɔ si va yina la ƒe mɔ me o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. 15 “ ‘Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nafia dzɔdzɔenyenye le woƒe nyametsotsowo me, eye womakpɔ ame aɖeke ƒe ahedada alo hotsuikpɔkpɔ dzi ɖa o. Ele be woawɔ nuteƒe ɣe sia ɣi. 16 “ ‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o.“ ‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa. 17 “ ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene. 18 “ ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa. 19 “ ‘Miwɔ nye seawo dzi.“ ‘Migana lã nayɔ asi lã ƒomevi bubu o.“ ‘Mègaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o.“ ‘Mègado awu si wotɔ kple avɔ si wotsɔ lãfu tsaka ɖeti lɔ̃ la o. 20 “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi kosi si menye ablɔɖeme o ŋu, eye wòbia eta na ɖeɖe la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo le ʋɔnudrɔ̃ƒe, gake womawu wo o, elabena kosi la menye ablɔɖeme o. 21 Ele be ŋutsu la natsɔ eƒe fɔɖivɔsa vɛ na Yehowa le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nu si wòanae nye agbo. 22 Nunɔla la alé avu kple agbo la le nu vɔ̃ si ŋutsu la wɔ ta, eye woatsɔe akee. 23 “ ‘Ne mieva ɖo anyigba la dzi, eye miedo kutsetseti ƒomevi vovovowo la, migaɖu ƒe gbãtɔ etɔ̃awo ƒe tsetseawo o, elabena wole abe nu siwo ŋu wogbe nu le ene. Womaɖu wo o. 24 Woatsɔ ƒe enelia ƒe kutsetsewo katã ana Yehowa abe eƒe kafukafunu ene. 25 Ƒe atɔ̃lia ƒe kutsetsewoe nye mia tɔ. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu. 26 “ ‘Migaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o.“ ‘Migaka afa alo miawɔ adze o. 27 “ ‘Mègalũ wò loglo o, eye mègafɔ wò ge dzi hã o. 28 “ ‘Migasi mia ɖokuiwo alo miasi ame aɖe ŋuti le tsyɔ̃wɔwɔ me o. Nyee nye Yehowa. 29 “ ‘Mègagblẽ viwò ɖetugbi ƒe dzadzɛnyenye me to ewɔwɔ gboloe me o. Ne menye nenema o la, anyigba la azu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo anɔ edzi. 30 “ ‘Milé se si ku ɖe nye Dzudzɔgbe ŋuti la me ɖe asi, eye miade bubu nye Agbadɔ la ŋu, elabena nyee nye Yehowa. 31 “ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ dede me o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. 32 “ ‘Ele be miatsɔ bubu kple sisiɖa si dze la na ame tsitsiwo le Mawuvɔvɔ̃ ta. Nyee nye Yehowa! 33 “ ‘Migate amedzro siwo le miaƒe anyigba dzi la ɖe to o, eye migaba wo o. 34 Ele be mialé be na wo abe mia ɖokuiwo ene, eye miaɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu! 35 “ ‘Migawɔ dzidzenu mademadewo ŋu dɔ ne miele didime, kpekpeme kple agbɔsɔsɔ dzidzem o. 36 Miwɔ nudanu kple nudakpe anukwaretɔwo, nudanu kple nudzidzenu anukwaretɔwo ŋu dɔ. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egipte. 37 “ ‘Ele be mialé nye sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, elabena nyee nye Yehowa!’ ”

In Other Versions

Leviticus 19 in the ANGEFD

Leviticus 19 in the ANTPNG2D

Leviticus 19 in the AS21

Leviticus 19 in the BAGH

Leviticus 19 in the BBPNG

Leviticus 19 in the BBT1E

Leviticus 19 in the BDS

Leviticus 19 in the BEV

Leviticus 19 in the BHAD

Leviticus 19 in the BIB

Leviticus 19 in the BLPT

Leviticus 19 in the BNT

Leviticus 19 in the BNTABOOT

Leviticus 19 in the BNTLV

Leviticus 19 in the BOATCB

Leviticus 19 in the BOATCB2

Leviticus 19 in the BOBCV

Leviticus 19 in the BOCNT

Leviticus 19 in the BOGWICC

Leviticus 19 in the BOHCB

Leviticus 19 in the BOHCV

Leviticus 19 in the BOHLNT

Leviticus 19 in the BOHNTLTAL

Leviticus 19 in the BOICB

Leviticus 19 in the BOILNTAP

Leviticus 19 in the BOITCV

Leviticus 19 in the BOKCV

Leviticus 19 in the BOKCV2

Leviticus 19 in the BOKHWOG

Leviticus 19 in the BOKSSV

Leviticus 19 in the BOLCB

Leviticus 19 in the BOLCB2

Leviticus 19 in the BOMCV

Leviticus 19 in the BONAV

Leviticus 19 in the BONCB

Leviticus 19 in the BONLT

Leviticus 19 in the BONUT2

Leviticus 19 in the BOPLNT

Leviticus 19 in the BOSCB

Leviticus 19 in the BOSNC

Leviticus 19 in the BOTLNT

Leviticus 19 in the BOVCB

Leviticus 19 in the BOYCB

Leviticus 19 in the BPBB

Leviticus 19 in the BPH

Leviticus 19 in the BSB

Leviticus 19 in the CCB

Leviticus 19 in the CUV

Leviticus 19 in the CUVS

Leviticus 19 in the DBT

Leviticus 19 in the DGDNT

Leviticus 19 in the DHNT

Leviticus 19 in the DNT

Leviticus 19 in the ELBE

Leviticus 19 in the EMTV

Leviticus 19 in the ESV

Leviticus 19 in the FBV

Leviticus 19 in the FEB

Leviticus 19 in the GGMNT

Leviticus 19 in the GNT

Leviticus 19 in the HARY

Leviticus 19 in the HNT

Leviticus 19 in the IRVA

Leviticus 19 in the IRVB

Leviticus 19 in the IRVG

Leviticus 19 in the IRVH

Leviticus 19 in the IRVK

Leviticus 19 in the IRVM

Leviticus 19 in the IRVM2

Leviticus 19 in the IRVO

Leviticus 19 in the IRVP

Leviticus 19 in the IRVT

Leviticus 19 in the IRVT2

Leviticus 19 in the IRVU

Leviticus 19 in the ISVN

Leviticus 19 in the JSNT

Leviticus 19 in the KAPI

Leviticus 19 in the KBT1ETNIK

Leviticus 19 in the KBV

Leviticus 19 in the KJV

Leviticus 19 in the KNFD

Leviticus 19 in the LBA

Leviticus 19 in the LBLA

Leviticus 19 in the LNT

Leviticus 19 in the LSV

Leviticus 19 in the MAAL

Leviticus 19 in the MBV

Leviticus 19 in the MBV2

Leviticus 19 in the MHNT

Leviticus 19 in the MKNFD

Leviticus 19 in the MNG

Leviticus 19 in the MNT

Leviticus 19 in the MNT2

Leviticus 19 in the MRS1T

Leviticus 19 in the NAA

Leviticus 19 in the NASB

Leviticus 19 in the NBLA

Leviticus 19 in the NBS

Leviticus 19 in the NBVTP

Leviticus 19 in the NET2

Leviticus 19 in the NIV11

Leviticus 19 in the NNT

Leviticus 19 in the NNT2

Leviticus 19 in the NNT3

Leviticus 19 in the PDDPT

Leviticus 19 in the PFNT

Leviticus 19 in the RMNT

Leviticus 19 in the SBIAS

Leviticus 19 in the SBIBS

Leviticus 19 in the SBIBS2

Leviticus 19 in the SBICS

Leviticus 19 in the SBIDS

Leviticus 19 in the SBIGS

Leviticus 19 in the SBIHS

Leviticus 19 in the SBIIS

Leviticus 19 in the SBIIS2

Leviticus 19 in the SBIIS3

Leviticus 19 in the SBIKS

Leviticus 19 in the SBIKS2

Leviticus 19 in the SBIMS

Leviticus 19 in the SBIOS

Leviticus 19 in the SBIPS

Leviticus 19 in the SBISS

Leviticus 19 in the SBITS

Leviticus 19 in the SBITS2

Leviticus 19 in the SBITS3

Leviticus 19 in the SBITS4

Leviticus 19 in the SBIUS

Leviticus 19 in the SBIVS

Leviticus 19 in the SBT

Leviticus 19 in the SBT1E

Leviticus 19 in the SCHL

Leviticus 19 in the SNT

Leviticus 19 in the SUSU

Leviticus 19 in the SUSU2

Leviticus 19 in the SYNO

Leviticus 19 in the TBIAOTANT

Leviticus 19 in the TBT1E

Leviticus 19 in the TBT1E2

Leviticus 19 in the TFTIP

Leviticus 19 in the TFTU

Leviticus 19 in the TGNTATF3T

Leviticus 19 in the THAI

Leviticus 19 in the TNFD

Leviticus 19 in the TNT

Leviticus 19 in the TNTIK

Leviticus 19 in the TNTIL

Leviticus 19 in the TNTIN

Leviticus 19 in the TNTIP

Leviticus 19 in the TNTIZ

Leviticus 19 in the TOMA

Leviticus 19 in the TTENT

Leviticus 19 in the UBG

Leviticus 19 in the UGV

Leviticus 19 in the UGV2

Leviticus 19 in the UGV3

Leviticus 19 in the VBL

Leviticus 19 in the VDCC

Leviticus 19 in the YALU

Leviticus 19 in the YAPE

Leviticus 19 in the YBVTP

Leviticus 19 in the ZBP