Leviticus 22 (BOECS)
1 Yehowa gblɔ na Mose bena, 2 “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be woade bubu vɔsa kɔkɔe siwo ŋu Israelviwo kɔ nam la ŋu, ale be womaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee nye Yehowa. 3 “Tso azɔ dzi yi mavɔmavɔ me la, ne nunɔla aɖe si ŋu mekɔ o, tsɔ lã siwo amewo tsɔ va sa vɔe alo ka asi nu si Israelviwo tsɔ vɛ na Yehowa ŋu la, woaɖe nunɔlanyenye la le edzi, elabena nyee nye Yehowa. 4 “ ‘Ne Aron viwo dometɔ aɖe nye kpodɔléla alo dze abi si le tsi tsyɔm la, mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔewo o va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ. Ne nunɔla aɖe ka asi ame kuku aɖe ŋu alo ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o ŋu, 5 alo wòka asi lã tata alo lã makɔmakɔ aɖe ŋu alo wòka asi ame si ŋuti mekɔ o le nane ta la, 6 nunɔla ma ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye maɖu vɔsanu kɔkɔe aɖeke o va se ɖe esime wòale tsi le fiẽ hafi. 7 Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu akɔ, eye wòate ŋu aɖu nu kɔkɔe la azɔ, elabena eya dzie wòanɔ agbe ɖo. 8 Mekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke si ku le eɖokui si alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu o, elabena nu sia ana wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Nyee nye Yehowa. 9 “ ‘Gblɔ na nunɔlawo be woawɔ se siawo dzi nyuie, ne menye nenema o la, woaɖi fɔ, eye woaku le se siawo dzi dada ta. Nyee nye Yehowa, ame si kɔ wo ŋuti. 10 “ ‘Ame si menye nunɔla o la mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o. Nunɔla ƒe amedzro alo agbatedɔwɔla mekpɔ mɔ aɖu nu sia o. 11 Ke ame bubu siwo ate ŋu aɖui koe nye kluvi si nunɔla aɖe ƒle kple eya ŋutɔ ƒe ga kple vi siwo kluvi la dzi le nunɔla la ƒe aƒe me. 12 Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu ɖe srɔ̃ tso to bubu me la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o. 13 Ke ne enye ahosi alo eƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, viŋutsu aɖeke mele esi akpɔ edzi o, eye wògatrɔ va fofoa ƒe aƒe me la, ekema agate ŋu akpɔ gome le fofoa ƒe nuɖuɖu me. Le ame siawo megbe la, ame siwo mele nunɔlawo ƒe ƒomewo me o la mekpɔ mɔ aɖu nu sia o. 14 “ ‘Ne amedzro aɖe ɖu nu kɔkɔe la le ŋuɖeɖi me la, axe nu si wòɖu la ƒe fe na nunɔla, eye wòatsɔ home la ƒe memama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu, 15 elabena ame siwo mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o la magblẽ kɔ ɖo na vɔsanu kɔkɔe siwo Israelviwo tsɔ vɛ la o, elabena Yehowae wotsɔ vɔsanu siawo vɛ na. 16 Ne ame aɖe da le se sia dzi la, eɖi fɔ, eye wòde eɖokui dzɔgbevɔ̃e gã aɖe me, elabena eɖu nunana kɔkɔe la, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa nunanawo ŋuti.’ ” 17 Yehowa gblɔ na Mose be, 18 “Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe, dzɔleaƒea alo amedzro si le Isreal sa numevɔ na Yehowa abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo nunana le lɔlɔ̃nu ene la, 19 Yehowa axɔe, ne enye lãtsu si de blibo, eye wònye nyitsuvi fɛ̃ alo alẽ alo gbɔ̃. 20 Mele be woana nu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke le la o, elabena Mawu maxɔe o. 21 Ne ame aɖe be yeasa akpedavɔ na Yehowa tso eƒe lãhawo me, abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo abe nu si tso eƒe dzi me nana ko ene la, ele be wòana lã aɖe si de blibo. Ne mele alea o la, Yehowa maxɔ eƒe nunana la o. 22 Womatsɔ lã si nye ŋkuagbãtɔ alo lã si afi aɖe gblẽ na alo lã si dze abi alo akpa alo le ŋutigbalẽmedɔ bubu aɖe lém la vɛ na Yehowa o. Medze na numevɔsa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi o. 23 Ne nane de gbɔ edzi alo nane mede tututu o le nyitsu alo alẽ si wotsɔ vɛ ƒe ŋutilã ŋu la, woate ŋu anae abe lɔlɔ̃nununana ene, ke menye hena adzɔgbeɖefexexe o. 24 Womatsɔ lã si nuvevi wɔ voku na alo lã si wota la ana Yehowa ɣe aɖeke ɣi o. 25 Amedzro siwo le mia dome kple Israelviwo siaa woawɔ se siawo dzi le vɔsanuwo nana me, elabena Mawu maxɔ lã si ŋu nane gblẽ le la na vɔsa sia o.’ ” 26 Yehowa gblɔ na Mose be, 27 “Ne wodzi nyivi alo alẽvi alo gbɔ̃vi aɖe la, woana wòanɔ dadaa gbɔ ŋkeke adre. Tso ŋkeke enyilia dzi la, woaxɔe abe dzovɔsa ene na Yehowa. 28 Mègawu nyi alo alẽ kple via le ŋkeke ɖeka dzi o. 29 “Ne èsa akpedavɔ na Yehowa la, sae ale be woate ŋu axɔe na wò. 30 Ele be woaɖui gbe ma gbe ke; mègagblẽ eƒe ɖeke ɖi va se ɖe ŋdi o. Nyee nye Yehowa. 31 “Ele be mialé nye seawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi. Nyee nye Yehowa. 32 Migaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Ele be Israelviwo nabum ame kɔkɔe. Nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe, 33 eye mekplɔ mi tso Egipte be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa.”
In Other Versions
Leviticus 22 in the ANGEFD
Leviticus 22 in the ANTPNG2D
Leviticus 22 in the AS21
Leviticus 22 in the BAGH
Leviticus 22 in the BBPNG
Leviticus 22 in the BBT1E
Leviticus 22 in the BDS
Leviticus 22 in the BEV
Leviticus 22 in the BHAD
Leviticus 22 in the BIB
Leviticus 22 in the BLPT
Leviticus 22 in the BNT
Leviticus 22 in the BNTABOOT
Leviticus 22 in the BNTLV
Leviticus 22 in the BOATCB
Leviticus 22 in the BOATCB2
Leviticus 22 in the BOBCV
Leviticus 22 in the BOCNT
Leviticus 22 in the BOGWICC
Leviticus 22 in the BOHCB
Leviticus 22 in the BOHCV
Leviticus 22 in the BOHLNT
Leviticus 22 in the BOHNTLTAL
Leviticus 22 in the BOICB
Leviticus 22 in the BOILNTAP
Leviticus 22 in the BOITCV
Leviticus 22 in the BOKCV
Leviticus 22 in the BOKCV2
Leviticus 22 in the BOKHWOG
Leviticus 22 in the BOKSSV
Leviticus 22 in the BOLCB
Leviticus 22 in the BOLCB2
Leviticus 22 in the BOMCV
Leviticus 22 in the BONAV
Leviticus 22 in the BONCB
Leviticus 22 in the BONLT
Leviticus 22 in the BONUT2
Leviticus 22 in the BOPLNT
Leviticus 22 in the BOSCB
Leviticus 22 in the BOSNC
Leviticus 22 in the BOTLNT
Leviticus 22 in the BOVCB
Leviticus 22 in the BOYCB
Leviticus 22 in the BPBB
Leviticus 22 in the BPH
Leviticus 22 in the BSB
Leviticus 22 in the CCB
Leviticus 22 in the CUV
Leviticus 22 in the CUVS
Leviticus 22 in the DBT
Leviticus 22 in the DGDNT
Leviticus 22 in the DHNT
Leviticus 22 in the DNT
Leviticus 22 in the ELBE
Leviticus 22 in the EMTV
Leviticus 22 in the ESV
Leviticus 22 in the FBV
Leviticus 22 in the FEB
Leviticus 22 in the GGMNT
Leviticus 22 in the GNT
Leviticus 22 in the HARY
Leviticus 22 in the HNT
Leviticus 22 in the IRVA
Leviticus 22 in the IRVB
Leviticus 22 in the IRVG
Leviticus 22 in the IRVH
Leviticus 22 in the IRVK
Leviticus 22 in the IRVM
Leviticus 22 in the IRVM2
Leviticus 22 in the IRVO
Leviticus 22 in the IRVP
Leviticus 22 in the IRVT
Leviticus 22 in the IRVT2
Leviticus 22 in the IRVU
Leviticus 22 in the ISVN
Leviticus 22 in the JSNT
Leviticus 22 in the KAPI
Leviticus 22 in the KBT1ETNIK
Leviticus 22 in the KBV
Leviticus 22 in the KJV
Leviticus 22 in the KNFD
Leviticus 22 in the LBA
Leviticus 22 in the LBLA
Leviticus 22 in the LNT
Leviticus 22 in the LSV
Leviticus 22 in the MAAL
Leviticus 22 in the MBV
Leviticus 22 in the MBV2
Leviticus 22 in the MHNT
Leviticus 22 in the MKNFD
Leviticus 22 in the MNG
Leviticus 22 in the MNT
Leviticus 22 in the MNT2
Leviticus 22 in the MRS1T
Leviticus 22 in the NAA
Leviticus 22 in the NASB
Leviticus 22 in the NBLA
Leviticus 22 in the NBS
Leviticus 22 in the NBVTP
Leviticus 22 in the NET2
Leviticus 22 in the NIV11
Leviticus 22 in the NNT
Leviticus 22 in the NNT2
Leviticus 22 in the NNT3
Leviticus 22 in the PDDPT
Leviticus 22 in the PFNT
Leviticus 22 in the RMNT
Leviticus 22 in the SBIAS
Leviticus 22 in the SBIBS
Leviticus 22 in the SBIBS2
Leviticus 22 in the SBICS
Leviticus 22 in the SBIDS
Leviticus 22 in the SBIGS
Leviticus 22 in the SBIHS
Leviticus 22 in the SBIIS
Leviticus 22 in the SBIIS2
Leviticus 22 in the SBIIS3
Leviticus 22 in the SBIKS
Leviticus 22 in the SBIKS2
Leviticus 22 in the SBIMS
Leviticus 22 in the SBIOS
Leviticus 22 in the SBIPS
Leviticus 22 in the SBISS
Leviticus 22 in the SBITS
Leviticus 22 in the SBITS2
Leviticus 22 in the SBITS3
Leviticus 22 in the SBITS4
Leviticus 22 in the SBIUS
Leviticus 22 in the SBIVS
Leviticus 22 in the SBT
Leviticus 22 in the SBT1E
Leviticus 22 in the SCHL
Leviticus 22 in the SNT
Leviticus 22 in the SUSU
Leviticus 22 in the SUSU2
Leviticus 22 in the SYNO
Leviticus 22 in the TBIAOTANT
Leviticus 22 in the TBT1E
Leviticus 22 in the TBT1E2
Leviticus 22 in the TFTIP
Leviticus 22 in the TFTU
Leviticus 22 in the TGNTATF3T
Leviticus 22 in the THAI
Leviticus 22 in the TNFD
Leviticus 22 in the TNT
Leviticus 22 in the TNTIK
Leviticus 22 in the TNTIL
Leviticus 22 in the TNTIN
Leviticus 22 in the TNTIP
Leviticus 22 in the TNTIZ
Leviticus 22 in the TOMA
Leviticus 22 in the TTENT
Leviticus 22 in the UBG
Leviticus 22 in the UGV
Leviticus 22 in the UGV2
Leviticus 22 in the UGV3
Leviticus 22 in the VBL
Leviticus 22 in the VDCC
Leviticus 22 in the YALU
Leviticus 22 in the YAPE
Leviticus 22 in the YBVTP
Leviticus 22 in the ZBP