Leviticus 27 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe be yeatsɔ ame aɖewo ana Yehowa to ga home si dze be woaxe ɖe wo ta me la, 3 ekema ɖe ŋutsu si xɔ tso ƒe blaeve yi blaade nu la ana klosalo kpekpeme kilogram afã ɖe Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. 4 Nenye be nyɔnue la, ana klosalo kpekpeme kilogram ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka. 5 Ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo kilogram ƒe mama atɔ̃ ƒe ɖeka, eye ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo gram alafa ɖeka kple ewo. 6 Woaxe gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu, eye woaxe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu. 7 Ŋutsu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃, eye nyɔnu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃. 8 Ke ne ame si le adzɔgbe la ɖem da ahe ale gbegbe be mate ŋu axe fe si wòle be wòaxe o la, woakplɔe va nunɔla la gbɔ, eya kple nunɔla la naɖo aɖaŋu, eye wòaxe nu si nunɔla la aɖo nɛ la. 9 “ ‘Ke ne nu si amea tsɔ ɖe adzɔgbee la nye lã si dzi woda asi ɖo be woatsɔ asa vɔe na Yehowa la, ne wotsɔ lã sia ɖe adzɔgbee la, ele kɔkɔe na Yehowa. 10 Mele be adzɔgbeɖela la natrɔ eƒe ta me o; matrɔ ta me le etsɔtsɔ na Yehowa ŋu loo alo atsɔ nu nyui aɖo gbegblẽa teƒe alo atsɔ gbegblẽa aɖo nyuia teƒe o. Ne etrɔ ta me la, ekema lã si wòɖɔli kple esi wòtsɔ ɖɔlii siaa le kɔkɔe. 11 Ke ne lã si wòɖe adzɔgbe be yeatsɔ asa vɔe nye lã makɔmakɔ, lã si womaxɔ abe vɔsa na Yehowa ene o la, ele be wòatsɔ lã la ayi na nunɔla, 12 ame si akpɔe ne lã la nyo alo menyo o. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe lã la ŋu la, nenema ko wòanɔ. 13 Ne lã la nye lã si woate ŋu atsɔ asa vɔe, gake amea di be yeaxe fe ɖe eteƒe la, ekema axe ga home si nunɔla la agblɔ nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu. 14 “ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe aƒe abe nu si ŋuti kɔ ene na Yehowa la, nunɔla la akpɔ aƒea ƒe nyonyo alo manyomanyo dzi ɖa. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe aƒea ŋu la, nenema ko wòanɔ. 15 Ne ame si tsɔ eƒe aƒe na agaxɔe la, ele nɛ be wòatsɔ ga home la ƒe atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe ga home la ŋu, eye aƒea agazu etɔ. 16 “ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Yehowa la, do asi ɖe eŋu ɖe eƒe lolome kple nuku agbɔsɔsɔ si woate ŋu aƒã ɖe edzi la nu. Anyigba si dzi woate ŋu aƒã lu kilogram blaeve ɖo la naxɔ klosaloga ewo. 17 Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba na Yehowa le Aseyetsoƒe la me la, ekema nutɔ la naxe ga home la katã. 18 Ke ne etsɔe na le Aseyetsoƒe la megbe la, ekema ga home si wòaxe la aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe bubu nagaɖo la ŋu. 19 Ne amea di be yeagaxɔ anyigba la la, ekema ele nɛ be wòaxe ga home si nunɔla la ɖo nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ekema anyigba la agazu etɔ. 20 “ ‘Ke ne eɖo be yemagbugbɔ anyigba la axɔ o, alo wòdzrae na ame bubu aɖe, eye wòna anyigba la zu Yehowa tɔ le Aseyetsoƒe la me la, ekema magate ŋu axɔe o. 21 Ne woɖe asi le anyigba la ŋu le Aseyetsoƒe la me la, ekema anyigba la azu Yehowa tɔ abe anyigba si wotsɔ nɛ ene. Woatsɔe na nunɔla la. 22 “ ‘Ne ame aɖe tsɔ anyigba si eya ŋutɔ ƒle, eye menye eƒe ƒome ƒe anyigba ƒe akpa aɖeke o na Yehowa la, 23 ekema nunɔla la agblɔ ga home si anyigba la axɔ va se ɖe Aseyetsoƒe si gbɔna la nɛ. Amea axe ga home ma enumake na Yehowa. 24 Ekema le Aseyetsoƒe la me la, anyigba la agazu nutɔ gbãtɔ si si wòƒlee le la tɔ. 25 Ga homeawo katã nanɔ Kɔkɔeƒe la ƒe ga me: ga siwo katã woaxe la nanye esi dzi nunɔlawo ɖo kpee da ɖi. 26 “ ‘Ame aɖeke matsɔ nyitsu alo agbo si ʋu dɔnu na dadaa la ana Yehowa o, elabena Yehowa tɔe wònye xoxo. 27 Ke ne enye ŋgɔgbevi na lã si ŋu se meɖe mɔ le be woatsɔ asa vɔe na Yehowa o la, ekema amea axe ga home si nunɔla ayɔ nɛ la kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ke ne amea medi be yeagbugbɔe axɔ o la, nunɔla la nadzrae na ame bubu ɖe sia ɖe. 28 Ke nu sia nu si woatsɔ ana Yehowa, eɖanye amegbetɔ o, lã o alo anyigba si ƒe dome ame aɖe menyi o la, womadzra wo o, eye womagbugbɔ wo axɔ hã o, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo wonye na Yehowa. 29 “ ‘Ne wodo busu ame aɖe la, womaxɔe kple ga o, ke boŋ woawui. 30 “ ‘Nu siwo katã anyigba wɔ, agblemenukuwo loo alo kutsetsewo ƒe mama ewolia ƒe ɖeka nye Yehowa tɔ, eye wonye nu kɔkɔe. 31 Ne ame aɖe di be yeaxɔ yeƒe kutsetse la alo agblemenuku la aƒle la, ele be wòaxe ga home la kple eƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. 32 Ne lãkplɔla aɖe le eƒe lãwo xlẽm ɖekeɖekae la, lã ewolia ɖe sia ɖe nye Yehowa tɔ, eɖanye nyi, alẽ alo aƒemelã bubu ɖe sia ɖe o. 33 Womatia lã ewolia si woatsɔ ana Yehowa la ɖe eƒe nyonyo alo manyomanyo ta o. Womatsɔ ɖeke aɖɔli bubu hã o. Ne woaɖɔli lã aɖe kokoko la, ekema esi woaɖɔli kple esi woatsɔ aɖɔlii la siaa nye Yehowa tɔ, eye womaxe fe ɖe wo ta o!’ ” 34 Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose le Sinai to la dzi na Israelviwo.

In Other Versions

Leviticus 27 in the ANGEFD

Leviticus 27 in the ANTPNG2D

Leviticus 27 in the AS21

Leviticus 27 in the BAGH

Leviticus 27 in the BBPNG

Leviticus 27 in the BBT1E

Leviticus 27 in the BDS

Leviticus 27 in the BEV

Leviticus 27 in the BHAD

Leviticus 27 in the BIB

Leviticus 27 in the BLPT

Leviticus 27 in the BNT

Leviticus 27 in the BNTABOOT

Leviticus 27 in the BNTLV

Leviticus 27 in the BOATCB

Leviticus 27 in the BOATCB2

Leviticus 27 in the BOBCV

Leviticus 27 in the BOCNT

Leviticus 27 in the BOGWICC

Leviticus 27 in the BOHCB

Leviticus 27 in the BOHCV

Leviticus 27 in the BOHLNT

Leviticus 27 in the BOHNTLTAL

Leviticus 27 in the BOICB

Leviticus 27 in the BOILNTAP

Leviticus 27 in the BOITCV

Leviticus 27 in the BOKCV

Leviticus 27 in the BOKCV2

Leviticus 27 in the BOKHWOG

Leviticus 27 in the BOKSSV

Leviticus 27 in the BOLCB

Leviticus 27 in the BOLCB2

Leviticus 27 in the BOMCV

Leviticus 27 in the BONAV

Leviticus 27 in the BONCB

Leviticus 27 in the BONLT

Leviticus 27 in the BONUT2

Leviticus 27 in the BOPLNT

Leviticus 27 in the BOSCB

Leviticus 27 in the BOSNC

Leviticus 27 in the BOTLNT

Leviticus 27 in the BOVCB

Leviticus 27 in the BOYCB

Leviticus 27 in the BPBB

Leviticus 27 in the BPH

Leviticus 27 in the BSB

Leviticus 27 in the CCB

Leviticus 27 in the CUV

Leviticus 27 in the CUVS

Leviticus 27 in the DBT

Leviticus 27 in the DGDNT

Leviticus 27 in the DHNT

Leviticus 27 in the DNT

Leviticus 27 in the ELBE

Leviticus 27 in the EMTV

Leviticus 27 in the ESV

Leviticus 27 in the FBV

Leviticus 27 in the FEB

Leviticus 27 in the GGMNT

Leviticus 27 in the GNT

Leviticus 27 in the HARY

Leviticus 27 in the HNT

Leviticus 27 in the IRVA

Leviticus 27 in the IRVB

Leviticus 27 in the IRVG

Leviticus 27 in the IRVH

Leviticus 27 in the IRVK

Leviticus 27 in the IRVM

Leviticus 27 in the IRVM2

Leviticus 27 in the IRVO

Leviticus 27 in the IRVP

Leviticus 27 in the IRVT

Leviticus 27 in the IRVT2

Leviticus 27 in the IRVU

Leviticus 27 in the ISVN

Leviticus 27 in the JSNT

Leviticus 27 in the KAPI

Leviticus 27 in the KBT1ETNIK

Leviticus 27 in the KBV

Leviticus 27 in the KJV

Leviticus 27 in the KNFD

Leviticus 27 in the LBA

Leviticus 27 in the LBLA

Leviticus 27 in the LNT

Leviticus 27 in the LSV

Leviticus 27 in the MAAL

Leviticus 27 in the MBV

Leviticus 27 in the MBV2

Leviticus 27 in the MHNT

Leviticus 27 in the MKNFD

Leviticus 27 in the MNG

Leviticus 27 in the MNT

Leviticus 27 in the MNT2

Leviticus 27 in the MRS1T

Leviticus 27 in the NAA

Leviticus 27 in the NASB

Leviticus 27 in the NBLA

Leviticus 27 in the NBS

Leviticus 27 in the NBVTP

Leviticus 27 in the NET2

Leviticus 27 in the NIV11

Leviticus 27 in the NNT

Leviticus 27 in the NNT2

Leviticus 27 in the NNT3

Leviticus 27 in the PDDPT

Leviticus 27 in the PFNT

Leviticus 27 in the RMNT

Leviticus 27 in the SBIAS

Leviticus 27 in the SBIBS

Leviticus 27 in the SBIBS2

Leviticus 27 in the SBICS

Leviticus 27 in the SBIDS

Leviticus 27 in the SBIGS

Leviticus 27 in the SBIHS

Leviticus 27 in the SBIIS

Leviticus 27 in the SBIIS2

Leviticus 27 in the SBIIS3

Leviticus 27 in the SBIKS

Leviticus 27 in the SBIKS2

Leviticus 27 in the SBIMS

Leviticus 27 in the SBIOS

Leviticus 27 in the SBIPS

Leviticus 27 in the SBISS

Leviticus 27 in the SBITS

Leviticus 27 in the SBITS2

Leviticus 27 in the SBITS3

Leviticus 27 in the SBITS4

Leviticus 27 in the SBIUS

Leviticus 27 in the SBIVS

Leviticus 27 in the SBT

Leviticus 27 in the SBT1E

Leviticus 27 in the SCHL

Leviticus 27 in the SNT

Leviticus 27 in the SUSU

Leviticus 27 in the SUSU2

Leviticus 27 in the SYNO

Leviticus 27 in the TBIAOTANT

Leviticus 27 in the TBT1E

Leviticus 27 in the TBT1E2

Leviticus 27 in the TFTIP

Leviticus 27 in the TFTU

Leviticus 27 in the TGNTATF3T

Leviticus 27 in the THAI

Leviticus 27 in the TNFD

Leviticus 27 in the TNT

Leviticus 27 in the TNTIK

Leviticus 27 in the TNTIL

Leviticus 27 in the TNTIN

Leviticus 27 in the TNTIP

Leviticus 27 in the TNTIZ

Leviticus 27 in the TOMA

Leviticus 27 in the TTENT

Leviticus 27 in the UBG

Leviticus 27 in the UGV

Leviticus 27 in the UGV2

Leviticus 27 in the UGV3

Leviticus 27 in the VBL

Leviticus 27 in the VDCC

Leviticus 27 in the YALU

Leviticus 27 in the YAPE

Leviticus 27 in the YBVTP

Leviticus 27 in the ZBP