Leviticus 6 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Nenye be ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye meto nyateƒe na Yehowa o, ne eble ehavi tso nu si woda ɖe egbɔ alo be nedzra ɖo na ye alo wòfi alo wòbae 3 alo ne efɔ nu bubu aɖe, evɔ wòda alakpa le eŋuti alo wòka atam dzodzro alo wòwɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ ɖeka si amewo awɔ, 4 eye ne ewɔ nu vɔ̃ siawo eye wòɖi fɔ la, ele nɛ be wòaɖe asi le nu si wòfi la alo xɔ to amebamɔ dzi alo nu si dzi wobe wòakpɔ alo nu si bu wòfɔ 5 alo nu sia nu si ŋu wòka aʋatsotam ɖo la ŋu. Ele be wòaɖo nua teƒe wòade, wòatsɔ nua ƒe home atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee, eye wòatsɔ wo katã na nutɔ le ŋkeke si wòtsɔ eƒe fɔɖivɔsa na la dzi. 6 Eƒe fɔɖivɔsanu anye agbo si de blibo, eye eƒe home nade nu sia nu si nàbia tso esi la nu. Atsɔe vɛ na nunɔla si le Yehowa teƒe, 7 ame si alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.” 8 Yehowa gagblɔ na Mose be, 9 “De se siawo na Aron kple via ŋutsuwo tso numevɔsa ŋuti, ‘Woagblẽ numevɔsa la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe, eye dzo nanɔ bibim le ete zã blibo la. 10 Ne ŋu ke la, nunɔla la ado eƒe awutewui kple eƒe dziwui, akplɔ numevɔsa la ƒe dzowɔ akɔ ɖe vɔsamlekpui la xa. 11 Emegbe la, aɖɔli eƒe awuwo, atsɔ dzowɔ la ayi teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo. 12 Vɔsamlekpui la ƒe dzo aganɔ bibim kokoko; mele be wòatsi o. Nunɔla la agade nake yeyewo dzo la me ŋdi sia ŋdi, eye wòatsɔ gbe sia gbe ƒe numevɔsa ada ɖe edzi, atɔ dzo gbe sia gbe ƒe ŋutifafavɔsa ƒe ami. 13 Ele be dzo nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mele be wòatsi gbeɖe o.’ ” 14 “Se siwo le nuɖuvɔsa ŋu la woe nye: ‘Aron ƒe viŋutsuwo atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ, eye woasa vɔ la le Yehowa ŋkume. 15 Nunɔla la aɖe wɔ memee la ƒe asiʋlo ɖeka, akɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe Yehowa tɔ ene tso nu si wotsɔ vɛ la me. Yehowa axɔe kple dzidzɔ gã. 16 Wɔ si asusɔ le asiʋlo ɖeka ɖeɖe vɔ megbe la azu nuɖuɖu na Aron kple via ŋutsuwo. Womade amɔʋãtike eme o. Woaɖui le Agbadɔ la ƒe xɔxɔnu. 17 Te gbe ɖe edzi na wo be, ne womee le abolokpo me la, amɔʋãtike manɔ eme o. Metsɔ numevɔ si wosa nam la ƒe akpa sia na nunɔlawo. Ke numevɔsa blibo la le kɔkɔe abe ale si nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa blibo la le ene. 18 Ŋutsu ɖe sia ɖe si dzɔ tso Aron me, nunɔla ɖe sia ɖe, ate ŋu aɖui tso dzidzime yi dzidzime. Ke nunɔla siwo ŋuti kɔ koe kpɔ mɔ aɖu vɔsanu siwo wome na Yehowa.’ ” 19 Yehowa gblɔ na Mose bena, 20 “Nu siae nye nu si Aron kple via ŋutsuwo ana Yehowa le gbe si gbe woasi ami nɛ: wɔ memee kilogram ɖeka abe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa ene. Woatsɔ afã vɛ ŋdi, eye afã evelia le fiẽ. 21 Tsɔ ami tɔe le nutɔgba me wòabi nyuie ekema nàtsɔe vɛ na Yehowa wòanye vɔsa si dzea eŋu. 22 Via ŋutsu si axɔ ɖe eteƒe abe nunɔla si wosi ami na ene la atrɔ asi le eŋu. Enye Yehowa tɔ ɣe sia ɣi, eye woatɔ dzoe wòafia keŋkeŋ. 23 Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsa ɖe sia ɖe keŋkeŋ, eye womaɖui o.” 24 Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, 25 “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be se siwo le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu la woe nye esiawo.“Vɔsa sia nye nu kɔkɔe. Woawu vɔsalã la le Yehowa ŋkume, afi si wowua numevɔsalãwo le. 26 Nunɔla si asa vɔ sia la aɖu vɔsalã la le Agbadɔ la ƒe kpɔ me. 27 Ame siwo ŋuti wokɔ, eye wozu nunɔlawo la koe kpɔ mɔ aka asi lã la ŋu. Ne ʋu hlẽ ɖe ame aɖe ƒe awu ŋu la, woanyae le teƒe kɔkɔe aɖe. 28 Ekema woagbã ze si me wonya awu la le. Ne enye akɔblizee la, woaklɔe nyuie. 29 Ŋutsu ɖe sia ɖe le nunɔlawo dome kpɔ mɔ aɖu vɔsalã sia. Ke woawo koe kpɔ mɔ aɖui, elabena nu kɔkɔe wònye. 30 Ne wotsɔ vɔsalã la ƒe ʋu aɖe yi Agbadɔ la me, be woalé avu le Kɔkɔeƒe la la, ekema nunɔlawo mekpɔ mɔ aɖu vɔsalã la o. Woatɔ dzo lã blibo la le Yehowa ŋkume.

In Other Versions

Leviticus 6 in the ANGEFD

Leviticus 6 in the ANTPNG2D

Leviticus 6 in the AS21

Leviticus 6 in the BAGH

Leviticus 6 in the BBPNG

Leviticus 6 in the BBT1E

Leviticus 6 in the BDS

Leviticus 6 in the BEV

Leviticus 6 in the BHAD

Leviticus 6 in the BIB

Leviticus 6 in the BLPT

Leviticus 6 in the BNT

Leviticus 6 in the BNTABOOT

Leviticus 6 in the BNTLV

Leviticus 6 in the BOATCB

Leviticus 6 in the BOATCB2

Leviticus 6 in the BOBCV

Leviticus 6 in the BOCNT

Leviticus 6 in the BOGWICC

Leviticus 6 in the BOHCB

Leviticus 6 in the BOHCV

Leviticus 6 in the BOHLNT

Leviticus 6 in the BOHNTLTAL

Leviticus 6 in the BOICB

Leviticus 6 in the BOILNTAP

Leviticus 6 in the BOITCV

Leviticus 6 in the BOKCV

Leviticus 6 in the BOKCV2

Leviticus 6 in the BOKHWOG

Leviticus 6 in the BOKSSV

Leviticus 6 in the BOLCB

Leviticus 6 in the BOLCB2

Leviticus 6 in the BOMCV

Leviticus 6 in the BONAV

Leviticus 6 in the BONCB

Leviticus 6 in the BONLT

Leviticus 6 in the BONUT2

Leviticus 6 in the BOPLNT

Leviticus 6 in the BOSCB

Leviticus 6 in the BOSNC

Leviticus 6 in the BOTLNT

Leviticus 6 in the BOVCB

Leviticus 6 in the BOYCB

Leviticus 6 in the BPBB

Leviticus 6 in the BPH

Leviticus 6 in the BSB

Leviticus 6 in the CCB

Leviticus 6 in the CUV

Leviticus 6 in the CUVS

Leviticus 6 in the DBT

Leviticus 6 in the DGDNT

Leviticus 6 in the DHNT

Leviticus 6 in the DNT

Leviticus 6 in the ELBE

Leviticus 6 in the EMTV

Leviticus 6 in the ESV

Leviticus 6 in the FBV

Leviticus 6 in the FEB

Leviticus 6 in the GGMNT

Leviticus 6 in the GNT

Leviticus 6 in the HARY

Leviticus 6 in the HNT

Leviticus 6 in the IRVA

Leviticus 6 in the IRVB

Leviticus 6 in the IRVG

Leviticus 6 in the IRVH

Leviticus 6 in the IRVK

Leviticus 6 in the IRVM

Leviticus 6 in the IRVM2

Leviticus 6 in the IRVO

Leviticus 6 in the IRVP

Leviticus 6 in the IRVT

Leviticus 6 in the IRVT2

Leviticus 6 in the IRVU

Leviticus 6 in the ISVN

Leviticus 6 in the JSNT

Leviticus 6 in the KAPI

Leviticus 6 in the KBT1ETNIK

Leviticus 6 in the KBV

Leviticus 6 in the KJV

Leviticus 6 in the KNFD

Leviticus 6 in the LBA

Leviticus 6 in the LBLA

Leviticus 6 in the LNT

Leviticus 6 in the LSV

Leviticus 6 in the MAAL

Leviticus 6 in the MBV

Leviticus 6 in the MBV2

Leviticus 6 in the MHNT

Leviticus 6 in the MKNFD

Leviticus 6 in the MNG

Leviticus 6 in the MNT

Leviticus 6 in the MNT2

Leviticus 6 in the MRS1T

Leviticus 6 in the NAA

Leviticus 6 in the NASB

Leviticus 6 in the NBLA

Leviticus 6 in the NBS

Leviticus 6 in the NBVTP

Leviticus 6 in the NET2

Leviticus 6 in the NIV11

Leviticus 6 in the NNT

Leviticus 6 in the NNT2

Leviticus 6 in the NNT3

Leviticus 6 in the PDDPT

Leviticus 6 in the PFNT

Leviticus 6 in the RMNT

Leviticus 6 in the SBIAS

Leviticus 6 in the SBIBS

Leviticus 6 in the SBIBS2

Leviticus 6 in the SBICS

Leviticus 6 in the SBIDS

Leviticus 6 in the SBIGS

Leviticus 6 in the SBIHS

Leviticus 6 in the SBIIS

Leviticus 6 in the SBIIS2

Leviticus 6 in the SBIIS3

Leviticus 6 in the SBIKS

Leviticus 6 in the SBIKS2

Leviticus 6 in the SBIMS

Leviticus 6 in the SBIOS

Leviticus 6 in the SBIPS

Leviticus 6 in the SBISS

Leviticus 6 in the SBITS

Leviticus 6 in the SBITS2

Leviticus 6 in the SBITS3

Leviticus 6 in the SBITS4

Leviticus 6 in the SBIUS

Leviticus 6 in the SBIVS

Leviticus 6 in the SBT

Leviticus 6 in the SBT1E

Leviticus 6 in the SCHL

Leviticus 6 in the SNT

Leviticus 6 in the SUSU

Leviticus 6 in the SUSU2

Leviticus 6 in the SYNO

Leviticus 6 in the TBIAOTANT

Leviticus 6 in the TBT1E

Leviticus 6 in the TBT1E2

Leviticus 6 in the TFTIP

Leviticus 6 in the TFTU

Leviticus 6 in the TGNTATF3T

Leviticus 6 in the THAI

Leviticus 6 in the TNFD

Leviticus 6 in the TNT

Leviticus 6 in the TNTIK

Leviticus 6 in the TNTIL

Leviticus 6 in the TNTIN

Leviticus 6 in the TNTIP

Leviticus 6 in the TNTIZ

Leviticus 6 in the TOMA

Leviticus 6 in the TTENT

Leviticus 6 in the UBG

Leviticus 6 in the UGV

Leviticus 6 in the UGV2

Leviticus 6 in the UGV3

Leviticus 6 in the VBL

Leviticus 6 in the VDCC

Leviticus 6 in the YALU

Leviticus 6 in the YAPE

Leviticus 6 in the YBVTP

Leviticus 6 in the ZBP