Leviticus 8 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Kplɔ Aron kple via ŋutsuwo vɛ, nàtsɔ woƒe awuwo, ami sisi la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanyitsu la, agbo eveawo kple kusi si me abolo maʋamaʋã le, 3 eye nàna ameha blibo la naƒo ƒu ɖe Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu.” 4 Mose wɔ abe ale si Yehowa de se nɛ be ene eye ameawo katã ƒo ƒu ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. 5 Ale Mose gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Ale Yehowa ɖo nam be mawɔe nye esi.” 6 Mose na Aron kple via ŋutsuwo te va eye wòle tsi na wo, 7 eye wòdo awutewui tɔxɛ la, alidziblanu la, dziwui kple kɔmewu la na Aron. 8 Edo akɔtatsyɔnu la hã nɛ, eye wòtsɔ nu si wotsɔna bia gbe Mawui, “Urim” kple “Tumim,” de akɔtatsyɔnu la ƒe kotoku me. 9 Emegbe la, etsɔ tablanu la bla ta nɛ, eye wòtsi sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu le ŋgɔgbe abe ale si Yehowa de se nɛ ene. 10 Emegbe la, Mose tsɔ ami sisi la, eye wòwui ɖe Agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋu, eye wòkɔ wo ŋuti. 11 Esi wòɖo vɔsamlekpui la gbɔ la, ewu ami sisi la ɖe eŋu zi adre, eye wògawui ɖe nu siwo le vɔsamlekpui la dzi kple tsileze la kple eƒe zɔ ŋu hekɔ wo ŋu. 12 Emegbe la, eɖo Aron nunɔlae to amikɔkɔ ɖe ta me nɛ me, eye to esia hã me wòkɔ eŋu. 13 Le esia yome la, Mose do awu na Aron ƒe viŋutsuwo, bla alidziblanuawo na wo, eye wòɖɔ kuku la na wo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. 14 Mose lé nyitsu la hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la. Aron kple via ŋutsuwo da asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi. 15 Mose wu nyitsu la, tsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe, eye wòtsɔ eƒe asibidɛ sisi ʋua ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo katã ŋu be yeakɔ vɔsamlekpui la ŋuti. Ekɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Ale wòkɔ eŋuti, eye wòwɔe wòanye avuléle nɛ. 16 Mose ɖe ami siwo katã le dɔmenuawo, aklã kple ayiku eveawo ŋu, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. 17 Etɔ dzo nyitsu la ƒe lã mamlɛa, eƒe agbalẽ kple dɔmenuwo le asaɖa la godo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. 18 Emegbe la, etsɔ agbo la hena numevɔsasa na Yehowa. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi. 19 Mose wui, eye wòhlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ŋuti godoo. 20 Efli agbo la, eye wòtɔ dzo lãkɔ la, eƒe ta kple eƒe ami. 21 Le esia megbe la, etsɔ tsi klɔ agbo la ƒe dɔmenuwo kple afɔwo, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Ale agbo blibo la fia le Yehowa ŋkume. Esia nye numevɔsa si dze Yehowa ŋu ŋutɔ, elabena Mose zɔ ɖe nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la dzi pɛpɛpɛ. 22 Mose trɔ ɖe agbo evelia si nye ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ŋu. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi. 23 Mose wui, eye wòsisi ʋua ɖe Aron ƒe nuɖusito, eƒe asi ƒe adegblefetsu ɖusitɔ kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu ŋu. 24 Le esia yome la, esisi ʋua ɖe Aron ƒe viŋutsuwo ƒe ɖusitowo, woƒe asi adegblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe ɖusifɔwo ƒe adegblefetsu ŋu, eye wòhlẽ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. 25 Mose tsɔ agbo la ƒe ami, asike la, ami si le dɔmenuwo ŋu, aklã kple ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpe ɖe eƒe ɖusita ŋu. 26 Nu siwo wòtsɔ da ɖe agbo la ƒe lã ƒe akpa siawo dzi la woe nye abolo maʋamaʋã ɖeka si tso kusi si wotsɔ ɖo Yehowa ŋkume la me, abolo si wode amii kple akpɔnɔ ɖeka. 27 Mose tsɔ nu siawo katã de asi na Aron kple via ŋutsuwo, eye wonye wo le yame abe vɔsa tɔxɛ na Yehowa ene. 28 Mose gaxɔ nu siawo le wo si, eye wòtɔ dzo wo kpe ɖe numevɔsa la ŋuti na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. Vɔsa sia dze Yehowa ŋu. 29 Azɔ la, Mose tsɔ agbo la ƒe akɔ, eye wòtsɔe na Yehowa to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ƒe akpa siae nye Mose tɔ abe ale si Yehowa ɖoe ene. 30 Mose tsɔ ami sisi la azɔ kple ʋu si wòhlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu la ƒe ɖe, eye wòhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu. Ale wòkɔ Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu, be Yehowa nawɔ wo ŋu dɔ. 31 Le esia megbe la, Mose gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be, “Miɖa lã la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye miaɖui kple abolo si le ameŋukɔkɔ ƒe kusi la me abe ale si Yehowa de se na mi ene. 32 Mitɔ dzo lã la kple aboloawo ƒe mamlɛawo. 33 “Minɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu ŋkeke adre, eye le ŋkeke adreawo megbe la, miawu miaƒe ŋutikɔkɔ nu, elabena ŋkeke adree wòaxɔ. 34 Nu siwo katã wowɔ egbe la, Yehowae de se be woawɔ wo hena miaƒe ŋutikɔkɔ. 35 Ele be mianɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu zã kple keli ŋkeke adre, eye miawɔ nu siwo Yehowa de se na mi be miawɔ. Ne miewɔe o la, miaku. Esiawoe nye se siwo Yehowa de nam.” 36 Ale Aron kple via ŋutsuwo wɔ nu siwo katã Yehowa ɖo na Mose.

In Other Versions

Leviticus 8 in the ANGEFD

Leviticus 8 in the ANTPNG2D

Leviticus 8 in the AS21

Leviticus 8 in the BAGH

Leviticus 8 in the BBPNG

Leviticus 8 in the BBT1E

Leviticus 8 in the BDS

Leviticus 8 in the BEV

Leviticus 8 in the BHAD

Leviticus 8 in the BIB

Leviticus 8 in the BLPT

Leviticus 8 in the BNT

Leviticus 8 in the BNTABOOT

Leviticus 8 in the BNTLV

Leviticus 8 in the BOATCB

Leviticus 8 in the BOATCB2

Leviticus 8 in the BOBCV

Leviticus 8 in the BOCNT

Leviticus 8 in the BOGWICC

Leviticus 8 in the BOHCB

Leviticus 8 in the BOHCV

Leviticus 8 in the BOHLNT

Leviticus 8 in the BOHNTLTAL

Leviticus 8 in the BOICB

Leviticus 8 in the BOILNTAP

Leviticus 8 in the BOITCV

Leviticus 8 in the BOKCV

Leviticus 8 in the BOKCV2

Leviticus 8 in the BOKHWOG

Leviticus 8 in the BOKSSV

Leviticus 8 in the BOLCB

Leviticus 8 in the BOLCB2

Leviticus 8 in the BOMCV

Leviticus 8 in the BONAV

Leviticus 8 in the BONCB

Leviticus 8 in the BONLT

Leviticus 8 in the BONUT2

Leviticus 8 in the BOPLNT

Leviticus 8 in the BOSCB

Leviticus 8 in the BOSNC

Leviticus 8 in the BOTLNT

Leviticus 8 in the BOVCB

Leviticus 8 in the BOYCB

Leviticus 8 in the BPBB

Leviticus 8 in the BPH

Leviticus 8 in the BSB

Leviticus 8 in the CCB

Leviticus 8 in the CUV

Leviticus 8 in the CUVS

Leviticus 8 in the DBT

Leviticus 8 in the DGDNT

Leviticus 8 in the DHNT

Leviticus 8 in the DNT

Leviticus 8 in the ELBE

Leviticus 8 in the EMTV

Leviticus 8 in the ESV

Leviticus 8 in the FBV

Leviticus 8 in the FEB

Leviticus 8 in the GGMNT

Leviticus 8 in the GNT

Leviticus 8 in the HARY

Leviticus 8 in the HNT

Leviticus 8 in the IRVA

Leviticus 8 in the IRVB

Leviticus 8 in the IRVG

Leviticus 8 in the IRVH

Leviticus 8 in the IRVK

Leviticus 8 in the IRVM

Leviticus 8 in the IRVM2

Leviticus 8 in the IRVO

Leviticus 8 in the IRVP

Leviticus 8 in the IRVT

Leviticus 8 in the IRVT2

Leviticus 8 in the IRVU

Leviticus 8 in the ISVN

Leviticus 8 in the JSNT

Leviticus 8 in the KAPI

Leviticus 8 in the KBT1ETNIK

Leviticus 8 in the KBV

Leviticus 8 in the KJV

Leviticus 8 in the KNFD

Leviticus 8 in the LBA

Leviticus 8 in the LBLA

Leviticus 8 in the LNT

Leviticus 8 in the LSV

Leviticus 8 in the MAAL

Leviticus 8 in the MBV

Leviticus 8 in the MBV2

Leviticus 8 in the MHNT

Leviticus 8 in the MKNFD

Leviticus 8 in the MNG

Leviticus 8 in the MNT

Leviticus 8 in the MNT2

Leviticus 8 in the MRS1T

Leviticus 8 in the NAA

Leviticus 8 in the NASB

Leviticus 8 in the NBLA

Leviticus 8 in the NBS

Leviticus 8 in the NBVTP

Leviticus 8 in the NET2

Leviticus 8 in the NIV11

Leviticus 8 in the NNT

Leviticus 8 in the NNT2

Leviticus 8 in the NNT3

Leviticus 8 in the PDDPT

Leviticus 8 in the PFNT

Leviticus 8 in the RMNT

Leviticus 8 in the SBIAS

Leviticus 8 in the SBIBS

Leviticus 8 in the SBIBS2

Leviticus 8 in the SBICS

Leviticus 8 in the SBIDS

Leviticus 8 in the SBIGS

Leviticus 8 in the SBIHS

Leviticus 8 in the SBIIS

Leviticus 8 in the SBIIS2

Leviticus 8 in the SBIIS3

Leviticus 8 in the SBIKS

Leviticus 8 in the SBIKS2

Leviticus 8 in the SBIMS

Leviticus 8 in the SBIOS

Leviticus 8 in the SBIPS

Leviticus 8 in the SBISS

Leviticus 8 in the SBITS

Leviticus 8 in the SBITS2

Leviticus 8 in the SBITS3

Leviticus 8 in the SBITS4

Leviticus 8 in the SBIUS

Leviticus 8 in the SBIVS

Leviticus 8 in the SBT

Leviticus 8 in the SBT1E

Leviticus 8 in the SCHL

Leviticus 8 in the SNT

Leviticus 8 in the SUSU

Leviticus 8 in the SUSU2

Leviticus 8 in the SYNO

Leviticus 8 in the TBIAOTANT

Leviticus 8 in the TBT1E

Leviticus 8 in the TBT1E2

Leviticus 8 in the TFTIP

Leviticus 8 in the TFTU

Leviticus 8 in the TGNTATF3T

Leviticus 8 in the THAI

Leviticus 8 in the TNFD

Leviticus 8 in the TNT

Leviticus 8 in the TNTIK

Leviticus 8 in the TNTIL

Leviticus 8 in the TNTIN

Leviticus 8 in the TNTIP

Leviticus 8 in the TNTIZ

Leviticus 8 in the TOMA

Leviticus 8 in the TTENT

Leviticus 8 in the UBG

Leviticus 8 in the UGV

Leviticus 8 in the UGV2

Leviticus 8 in the UGV3

Leviticus 8 in the VBL

Leviticus 8 in the VDCC

Leviticus 8 in the YALU

Leviticus 8 in the YAPE

Leviticus 8 in the YBVTP

Leviticus 8 in the ZBP