Luke 13 (BOECS)

1 Le ɣe ma ɣi me la, ame aɖewo ka ale si Pilato na be wowu Galileatɔwo hetɔtɔ woƒe ʋu kple woƒe numemewo la ta nɛ. 2 Yesu trɔ bia ameawo be, “Ɖe miebu be ame siwo wowu la ƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ wu Galileatɔ bubuwo tɔ tae wowu wo ɖoa? 3 Gbeɖe, mele eme nenema o! Miawo hã minya be yewoatsrɔ̃ alea ke nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o. 4 “Aleke miebu tso ame wuienyi siwo dzi Siloam gbetakpɔxɔ la mu dze woku la ŋu? Woawoe nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔwo wu le Yerusalem mahã? 5 Gbeɖe, menye woawoe o. Miawo hã miatsrɔ̃ nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o.” 6 Azɔ Yesu yi dzi do lo sia be, “Ŋutsu aɖe do kutsetseti aɖe ɖe eƒe abɔ me, eye wòvaa atia te edziedzi be yeakpɔ be etse ku aɖe mahã, gake mekpɔa kutsetse aɖeke le edzi o. 7 Mlɔeba la, egblɔ na abɔdzikpɔla be nelã atia ƒu anyi. Egblɔ kpe ɖe eŋu dzikutɔe be, ‘Melala ʋuu ƒe etɔ̃ sɔŋ, gake ati sia metse ku ɖeka pɛ hã kpɔ o! Lãe ƒu anyi. Nu ka ta magana wòanɔ te? Ele mɔ xem na anyigba la.’ 8 “Abɔdzikpɔla la ɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, na wòaganɔ anyi ƒe ɖeka kpɔ. Matrɔ asi le eŋu nyuie agbugbɔ aɖu ado ɖe ete. 9 Nenye be etse ku la, enyo, ke ne metse ku o la, malãe ƒu anyi.’ ” 10 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi la, 11 ekpɔ nyɔnu aɖe si dɔléamegbɔgbɔ na wònɔ dɔ lém vevie ƒe wuienyi sɔŋ. Dɔléle la na be wòxa gobaa, ale be mate ŋu adzɔ ɖe tsitrenu o. 12 Yesu yɔe va eɖokui gbɔe eye wògblɔ nɛ be, “Nyɔnu, èvo tso wò dɔléle la si me!” 13 Azɔ eka asi eŋu, eye enumake nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ, eye wòdzɔ ɖe tsitre kã hekafu Mawu. 14 Yudatɔwo ƒe kplɔla si nɔ ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu wɔ la ta, elabena eyɔ dɔ na nyɔnu la le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be, “Ŋkeke ade sɔŋ le kɔsiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ dɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi wòle be nàva woayɔ dɔ wò, ke menye le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o!” 15 Aƒetɔ la ɖo eŋu be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ɖe mieɖea ka miaƒe tedziwo alo nyiwo le woƒe kpowo me le Dzudzɔgbe dzi, eye miekplɔa wo yina ɖanaa tsi wo wonona oa? Esia hã nye dɔwɔwɔ le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. 16 Ke nu vɔ̃ wònye nye ya mewɔ be meɖe ga Yuda nyɔnu, Abraham ƒe dzidzimevi sia, le Dzudzɔgbe ŋkeke dzia? Ame si Satana bla kple dɔléle ƒe wuienyi sɔŋ la?” 17 Eƒe nya siawo na be ŋu kpe eƒe futɔwo katã, eye ame sia ame kpɔ dzidzɔ le nukunu gã siwo katã wòwɔ la ta. 18 Azɔ egade asi nufiafia amewo me le mawufiaɖuƒe la ŋuti. Ebia wo be, “Aleke mawufiaɖuƒe la le? Nu ka ŋue miate ŋu atsɔe asɔ ɖo? 19 Ele abe atiku sue aɖe si wodo ɖe agble me ene. Atiku sia tsi kabakaba va zu ati kɔkɔ aɖe, eye wòɖe alɔwo fũu, eye xeviwo va wɔ atɔ ɖe alɔawo me.” 20 Egabia ake be, “Nu ka ŋu matsɔ mawufiaɖuƒe asɔ ɖo? 21 Eɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.” 22 Azɔ Yesu nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo, ke ekpɔ egbɔ be yenɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu. 23 Ame aɖe va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ame ʋɛ aɖewo koe le ɖeɖe kpɔ gea?”Eɖo eŋu na wo be, 24 “Miʋli be miage ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, ke mele egblɔm be womate ŋui o. 25 Nenye be Aƒetɔ la tsi tsitre hetu ʋɔa la, ekema mietsi megbe. Mianɔ tsitre ɖe ʋɔa godo anɔ eƒom be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’“Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’ 26 “Miawo miaɖo eŋu nɛ be, ‘Mí kpli wò míede asi agba ɖeka me ɖu nu kpɔ, eye nèfia nu le míaƒe ablɔwo dzi hã kpɔ.’ 27 “Ke agaɖo eŋu na mi be, ‘Megblɔe na mi be nyemenya mi o. Miate ŋu ava eme o, elabena nu vɔ̃ wɔlawo mienye. Midzo le afi ma.’ 28 “Miafa avi aɖu aɖukli le esime miele tsitre ɖe xexe le Abraham, Isak, Yakob kple nyagblɔɖila siwo katã le mawufiaɖuƒea me la kpɔm ɖo ɖa. 29 Amewo atso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe ava eye woanɔ kplɔ̃ ŋu le mawufiaɖuƒe la me. 30 Mina nya sia nanɔ susu me na mi be ame siwo womebuna ɖe naneke me fifia o la axɔ bubu gã aɖe le dziƒo, eye ame siwo nye ame ŋkutawo le afi sia la, womabu wo ɖe naneke me le afi ma o.” 31 Le ɣeyiɣi sia me la, Farisitɔ aɖewo va gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeatsi agbe la, ekema dzo le afi sia, elabena Fia Herod le diwòm be yeawu.” 32 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miyi ɖagblɔ na ayetɔ ma be manɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya dzi, eye mawɔ nukunu geɖewo, ayɔ dɔ amewo egbea kple etsɔ. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mawu nye dɔ nu, eye maɖo afi si yim mele. 33 Ɛ̃, egbea, etsɔ kple ŋkeke si akplɔe ɖo la, mawu nye dɔ nu! Elabena menyo be Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖeke naku ɖe afi aɖeke tsɔ wu Yerusalem o. 34 “O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo, eye woƒua kpe ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la, medina vevie bena maƒo mia viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe mɔ nam o. 35 Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo. Mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o, va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ ”

In Other Versions

Luke 13 in the ANGEFD

Luke 13 in the ANTPNG2D

Luke 13 in the AS21

Luke 13 in the BAGH

Luke 13 in the BBPNG

Luke 13 in the BBT1E

Luke 13 in the BDS

Luke 13 in the BEV

Luke 13 in the BHAD

Luke 13 in the BIB

Luke 13 in the BLPT

Luke 13 in the BNT

Luke 13 in the BNTABOOT

Luke 13 in the BNTLV

Luke 13 in the BOATCB

Luke 13 in the BOATCB2

Luke 13 in the BOBCV

Luke 13 in the BOCNT

Luke 13 in the BOGWICC

Luke 13 in the BOHCB

Luke 13 in the BOHCV

Luke 13 in the BOHLNT

Luke 13 in the BOHNTLTAL

Luke 13 in the BOICB

Luke 13 in the BOILNTAP

Luke 13 in the BOITCV

Luke 13 in the BOKCV

Luke 13 in the BOKCV2

Luke 13 in the BOKHWOG

Luke 13 in the BOKSSV

Luke 13 in the BOLCB

Luke 13 in the BOLCB2

Luke 13 in the BOMCV

Luke 13 in the BONAV

Luke 13 in the BONCB

Luke 13 in the BONLT

Luke 13 in the BONUT2

Luke 13 in the BOPLNT

Luke 13 in the BOSCB

Luke 13 in the BOSNC

Luke 13 in the BOTLNT

Luke 13 in the BOVCB

Luke 13 in the BOYCB

Luke 13 in the BPBB

Luke 13 in the BPH

Luke 13 in the BSB

Luke 13 in the CCB

Luke 13 in the CUV

Luke 13 in the CUVS

Luke 13 in the DBT

Luke 13 in the DGDNT

Luke 13 in the DHNT

Luke 13 in the DNT

Luke 13 in the ELBE

Luke 13 in the EMTV

Luke 13 in the ESV

Luke 13 in the FBV

Luke 13 in the FEB

Luke 13 in the GGMNT

Luke 13 in the GNT

Luke 13 in the HARY

Luke 13 in the HNT

Luke 13 in the IRVA

Luke 13 in the IRVB

Luke 13 in the IRVG

Luke 13 in the IRVH

Luke 13 in the IRVK

Luke 13 in the IRVM

Luke 13 in the IRVM2

Luke 13 in the IRVO

Luke 13 in the IRVP

Luke 13 in the IRVT

Luke 13 in the IRVT2

Luke 13 in the IRVU

Luke 13 in the ISVN

Luke 13 in the JSNT

Luke 13 in the KAPI

Luke 13 in the KBT1ETNIK

Luke 13 in the KBV

Luke 13 in the KJV

Luke 13 in the KNFD

Luke 13 in the LBA

Luke 13 in the LBLA

Luke 13 in the LNT

Luke 13 in the LSV

Luke 13 in the MAAL

Luke 13 in the MBV

Luke 13 in the MBV2

Luke 13 in the MHNT

Luke 13 in the MKNFD

Luke 13 in the MNG

Luke 13 in the MNT

Luke 13 in the MNT2

Luke 13 in the MRS1T

Luke 13 in the NAA

Luke 13 in the NASB

Luke 13 in the NBLA

Luke 13 in the NBS

Luke 13 in the NBVTP

Luke 13 in the NET2

Luke 13 in the NIV11

Luke 13 in the NNT

Luke 13 in the NNT2

Luke 13 in the NNT3

Luke 13 in the PDDPT

Luke 13 in the PFNT

Luke 13 in the RMNT

Luke 13 in the SBIAS

Luke 13 in the SBIBS

Luke 13 in the SBIBS2

Luke 13 in the SBICS

Luke 13 in the SBIDS

Luke 13 in the SBIGS

Luke 13 in the SBIHS

Luke 13 in the SBIIS

Luke 13 in the SBIIS2

Luke 13 in the SBIIS3

Luke 13 in the SBIKS

Luke 13 in the SBIKS2

Luke 13 in the SBIMS

Luke 13 in the SBIOS

Luke 13 in the SBIPS

Luke 13 in the SBISS

Luke 13 in the SBITS

Luke 13 in the SBITS2

Luke 13 in the SBITS3

Luke 13 in the SBITS4

Luke 13 in the SBIUS

Luke 13 in the SBIVS

Luke 13 in the SBT

Luke 13 in the SBT1E

Luke 13 in the SCHL

Luke 13 in the SNT

Luke 13 in the SUSU

Luke 13 in the SUSU2

Luke 13 in the SYNO

Luke 13 in the TBIAOTANT

Luke 13 in the TBT1E

Luke 13 in the TBT1E2

Luke 13 in the TFTIP

Luke 13 in the TFTU

Luke 13 in the TGNTATF3T

Luke 13 in the THAI

Luke 13 in the TNFD

Luke 13 in the TNT

Luke 13 in the TNTIK

Luke 13 in the TNTIL

Luke 13 in the TNTIN

Luke 13 in the TNTIP

Luke 13 in the TNTIZ

Luke 13 in the TOMA

Luke 13 in the TTENT

Luke 13 in the UBG

Luke 13 in the UGV

Luke 13 in the UGV2

Luke 13 in the UGV3

Luke 13 in the VBL

Luke 13 in the VDCC

Luke 13 in the YALU

Luke 13 in the YAPE

Luke 13 in the YBVTP

Luke 13 in the ZBP