Nehemiah 6 (BOECS)

1 Esi Sanbalat kple Tobia kple Gesem, Arabiatɔ la kple míaƒe futɔ mamlɛawo se be, esusɔ vie ko míawu gli la ɖoɖo nu, eye gbagbãƒe aɖeke megasusɔ o, togbɔ be míede ʋɔtru agboawo nu o hã la, 2 Sanbalat kple Gesem ɖo du ɖem be, “Va do go mí le kɔƒeawo dometɔ ɖeka me le Ono tagba,” gake ɖe woɖo be yewoawɔ nuvevim, 3 eya ta megblɔ ɖo ɖe wo be, “Mele dɔ gã aɖe wɔm! Nyemate ŋu aɖe asi le dɔ la ŋu ava o. Nu ka tae maɖe asi le dɔ la ŋu ava do go mi ɖo?” 4 Woɖo du ma ke ɖem zi ene, eye nye hã meɖo ŋuɖoɖo ma ke ɖe wo ɣe sia ɣi. 5 Ke zi atɔ̃lia la, Sanbalat ɖo eƒe dɔla ɖem kple gbedeasi ma ke, eye wòlé agbalẽ si nu wometre o la ɖe asi. 6 Eme nyawoe nye:“Woɖe gbeƒã le dukɔwo dome be wò kple Yudatɔwo mieɖo be yewoadze aglã, eya ta miele gli la ɖɔm ɖo. Gesem ɖo kpe edzi be ele eme. Gawu la, le nya siwo gblɔm wole nu la, esusɔ vie woatsɔ wò aɖo woƒe fiae, 7 eye kura gɔ̃ hã la, èɖo Nyagblɔɖilawo be woaɖe gbeƒã nya sia le Yerusalem be, ‘Fia le Yuda si!’ Azɔ la, nutsotso sia aɖo fia gbɔ, eya ta va, ne miade aɖaŋu.” 8 Nye ŋuɖoɖoe nye, “Wò ŋutɔ ènya be alakpa sɔŋ ko dam yele, nyateƒe aɖeke kura mele nya blibo sia me o.” 9 Wo katã wole agbagba dzem be woado ŋɔdzi na mí hesusu be, “Woƒe alɔwo ado agblɔ le dɔ la ŋu, eye womate ŋu awu enu o.”Ke medo gbe ɖa be, “Do ŋusẽ nye alɔwo azɔ.” 10 Gbe ɖeka la, meɖi tsa yi Semaya, Delaya ƒe vi, ame si nye Mehetabel ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si tu ʋɔ ɖe eɖokui nu le eƒe aƒe me la gbɔ, elabena egblɔ nam be, nya aɖe tso Mawu gbɔ gbɔna na ye. Esi meɖo la, egblɔ nam be, “Na míayi aɖabe ɖe gbedoxɔ la me, eye míatu ʋɔtruawo goŋgoŋgoŋ, elabena wogbɔna be woawu mí le zã sia me.” 11 Gake meɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame abe nye ene masia? Alo ɖe ame abe nye ene mayi gbedoxɔ me be maɖe nye agbea? Gbeɖe, nyemayi o!” 12 Mekpɔe dze sii be, Mawu medɔe o, ke boŋ egblɔ nya ɖi nam, elabena Tobia kple Sanbalat wodɔe be wòagblɔ nya sia ɖi. 13 Ɖe wodae be wòado ŋɔdzi nam ne mawɔ nu vɔ̃ to nu sia wɔwɔ me, eye woaɖe vɔ̃e nam, aƒo ɖi nye ŋkɔ. 14 Medo gbe ɖa be, “O! Nye Mawu, mègaŋlɔ Tobia, Sanbalat, Noaɖia, nyagblɔɖila la kple nyagblɔɖila bubu siwo katã dze agbagba be yewoado ŋɔdzi nam la ƒe nu vɔ̃wo be o.” 15 Míewu gli la ɖoɖo nu le ɣleti Elul ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia gbe le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve ƒe dɔwɔwɔ megbe. 16 Esi míaƒe futɔwo kple dukɔ siwo ƒo xlã mí se be míegbugbɔ gli la ɖo vɔ la, vɔvɔ̃ ɖo wo, eye dzi ɖe le wo ƒo, elabena wodze sii be míaƒe Mawu ƒe kpekpeɖeŋue na míete ŋu wu dɔ la nu. 17 Le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve siawo me la, agbalẽŋɔŋlɔ nɔ Tobia kple Yudatɔwo ƒe dunyahela kesinɔtɔwo dome. 18 Eva eme alea elabena Yudatɔ geɖewo ka atam na Tobia le esi toa nye Sekania, Ara ƒe vi, eye via Yehohanan ɖe Mesulam, Berekia ƒe vi ƒe nyɔnuvi la ta. 19 Gawu la, wo katã woɖia ɖase nam enuenu tso eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu, eye wotoa nya siwo katã megblɔna la hã nɛ. Ale Tobia ɖo agbalẽwo ɖa be wòatsɔ ado ŋɔdzi nam.

In Other Versions

Nehemiah 6 in the ANGEFD

Nehemiah 6 in the ANTPNG2D

Nehemiah 6 in the AS21

Nehemiah 6 in the BAGH

Nehemiah 6 in the BBPNG

Nehemiah 6 in the BBT1E

Nehemiah 6 in the BDS

Nehemiah 6 in the BEV

Nehemiah 6 in the BHAD

Nehemiah 6 in the BIB

Nehemiah 6 in the BLPT

Nehemiah 6 in the BNT

Nehemiah 6 in the BNTABOOT

Nehemiah 6 in the BNTLV

Nehemiah 6 in the BOATCB

Nehemiah 6 in the BOATCB2

Nehemiah 6 in the BOBCV

Nehemiah 6 in the BOCNT

Nehemiah 6 in the BOGWICC

Nehemiah 6 in the BOHCB

Nehemiah 6 in the BOHCV

Nehemiah 6 in the BOHLNT

Nehemiah 6 in the BOHNTLTAL

Nehemiah 6 in the BOICB

Nehemiah 6 in the BOILNTAP

Nehemiah 6 in the BOITCV

Nehemiah 6 in the BOKCV

Nehemiah 6 in the BOKCV2

Nehemiah 6 in the BOKHWOG

Nehemiah 6 in the BOKSSV

Nehemiah 6 in the BOLCB

Nehemiah 6 in the BOLCB2

Nehemiah 6 in the BOMCV

Nehemiah 6 in the BONAV

Nehemiah 6 in the BONCB

Nehemiah 6 in the BONLT

Nehemiah 6 in the BONUT2

Nehemiah 6 in the BOPLNT

Nehemiah 6 in the BOSCB

Nehemiah 6 in the BOSNC

Nehemiah 6 in the BOTLNT

Nehemiah 6 in the BOVCB

Nehemiah 6 in the BOYCB

Nehemiah 6 in the BPBB

Nehemiah 6 in the BPH

Nehemiah 6 in the BSB

Nehemiah 6 in the CCB

Nehemiah 6 in the CUV

Nehemiah 6 in the CUVS

Nehemiah 6 in the DBT

Nehemiah 6 in the DGDNT

Nehemiah 6 in the DHNT

Nehemiah 6 in the DNT

Nehemiah 6 in the ELBE

Nehemiah 6 in the EMTV

Nehemiah 6 in the ESV

Nehemiah 6 in the FBV

Nehemiah 6 in the FEB

Nehemiah 6 in the GGMNT

Nehemiah 6 in the GNT

Nehemiah 6 in the HARY

Nehemiah 6 in the HNT

Nehemiah 6 in the IRVA

Nehemiah 6 in the IRVB

Nehemiah 6 in the IRVG

Nehemiah 6 in the IRVH

Nehemiah 6 in the IRVK

Nehemiah 6 in the IRVM

Nehemiah 6 in the IRVM2

Nehemiah 6 in the IRVO

Nehemiah 6 in the IRVP

Nehemiah 6 in the IRVT

Nehemiah 6 in the IRVT2

Nehemiah 6 in the IRVU

Nehemiah 6 in the ISVN

Nehemiah 6 in the JSNT

Nehemiah 6 in the KAPI

Nehemiah 6 in the KBT1ETNIK

Nehemiah 6 in the KBV

Nehemiah 6 in the KJV

Nehemiah 6 in the KNFD

Nehemiah 6 in the LBA

Nehemiah 6 in the LBLA

Nehemiah 6 in the LNT

Nehemiah 6 in the LSV

Nehemiah 6 in the MAAL

Nehemiah 6 in the MBV

Nehemiah 6 in the MBV2

Nehemiah 6 in the MHNT

Nehemiah 6 in the MKNFD

Nehemiah 6 in the MNG

Nehemiah 6 in the MNT

Nehemiah 6 in the MNT2

Nehemiah 6 in the MRS1T

Nehemiah 6 in the NAA

Nehemiah 6 in the NASB

Nehemiah 6 in the NBLA

Nehemiah 6 in the NBS

Nehemiah 6 in the NBVTP

Nehemiah 6 in the NET2

Nehemiah 6 in the NIV11

Nehemiah 6 in the NNT

Nehemiah 6 in the NNT2

Nehemiah 6 in the NNT3

Nehemiah 6 in the PDDPT

Nehemiah 6 in the PFNT

Nehemiah 6 in the RMNT

Nehemiah 6 in the SBIAS

Nehemiah 6 in the SBIBS

Nehemiah 6 in the SBIBS2

Nehemiah 6 in the SBICS

Nehemiah 6 in the SBIDS

Nehemiah 6 in the SBIGS

Nehemiah 6 in the SBIHS

Nehemiah 6 in the SBIIS

Nehemiah 6 in the SBIIS2

Nehemiah 6 in the SBIIS3

Nehemiah 6 in the SBIKS

Nehemiah 6 in the SBIKS2

Nehemiah 6 in the SBIMS

Nehemiah 6 in the SBIOS

Nehemiah 6 in the SBIPS

Nehemiah 6 in the SBISS

Nehemiah 6 in the SBITS

Nehemiah 6 in the SBITS2

Nehemiah 6 in the SBITS3

Nehemiah 6 in the SBITS4

Nehemiah 6 in the SBIUS

Nehemiah 6 in the SBIVS

Nehemiah 6 in the SBT

Nehemiah 6 in the SBT1E

Nehemiah 6 in the SCHL

Nehemiah 6 in the SNT

Nehemiah 6 in the SUSU

Nehemiah 6 in the SUSU2

Nehemiah 6 in the SYNO

Nehemiah 6 in the TBIAOTANT

Nehemiah 6 in the TBT1E

Nehemiah 6 in the TBT1E2

Nehemiah 6 in the TFTIP

Nehemiah 6 in the TFTU

Nehemiah 6 in the TGNTATF3T

Nehemiah 6 in the THAI

Nehemiah 6 in the TNFD

Nehemiah 6 in the TNT

Nehemiah 6 in the TNTIK

Nehemiah 6 in the TNTIL

Nehemiah 6 in the TNTIN

Nehemiah 6 in the TNTIP

Nehemiah 6 in the TNTIZ

Nehemiah 6 in the TOMA

Nehemiah 6 in the TTENT

Nehemiah 6 in the UBG

Nehemiah 6 in the UGV

Nehemiah 6 in the UGV2

Nehemiah 6 in the UGV3

Nehemiah 6 in the VBL

Nehemiah 6 in the VDCC

Nehemiah 6 in the YALU

Nehemiah 6 in the YAPE

Nehemiah 6 in the YBVTP

Nehemiah 6 in the ZBP