Numbers 15 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia nam abe mia de ene dzi, 3 eye miesa dzovɔ na Yehowa tso miaƒe lãhawo me, abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu la ene, nenye numevɔsa alo vɔsa siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe tɔxɛwo ŋu, lɔlɔ̃nununana alo Ŋkekenyuiwo ƒe vɔsawo ŋu la, 4 ekema ame si le vɔ la sam la atsɔ nuɖuvɔsa si nye wɔ memee kilogram ɖeka, si wobaka kple ami lita ɖeka na Yehowa, 5 eye nunovɔsa si nye wain lita ɖeka la akpe ɖe eŋu. Wain hin ɖeka ƒe akpa enelia akpe ɖe alẽvi ɖeka ŋu. 6 “ ‘Nenye agboe wotsɔ le vɔ la sam la, woatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami lita ɖeka kple afã 7 kple wain lita ɖeka kple afã la akpe ɖe eŋu abe nunovɔsa ene. Esia anye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea Yehowa ŋu. 8 “ ‘Ne ètsɔ nyitsuvi aɖe be yeasa numevɔ, adzɔgbeɖevɔ alo akpedavɔe na Yehowa la, 9 ekema nàtsɔ nuɖuvɔsa, wɔ memee lita ade kple afã kple ami lita eve akpe ɖe nyitsuvi la ŋu. 10 Nunovɔsa si akpe ɖe eŋu la anye wain lita eve. Woatsɔ dzo asa vɔ sia, eye wòadze Yehowa ŋu. 11 Woawɔ nyitsu alo agbo, alẽvi alo gbɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nenema. 12 Wɔ nu sia na wo dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe woƒe agbɔsɔsɔ nu. 13 “ ‘Dzɔleaƒea ɖe sia ɖe awɔ nu siawo ale, ne etsɔ numevɔsanu aɖe vɛ be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu. 14 Hena dzidzime siwo gbɔna la, ɣe sia ɣi si amedzro aɖe alo ame bubu aɖe, si le mia dome ana dzovɔsanu aɖe be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa la, ele be wòawɔe tututu abe ale si miewɔnɛ ene. 15 Se ɖeka mawo ke nanɔ ameha la si na mi kple amedzro siwo le mia dome la siaa elabena miesɔ le Yehowa ƒe ŋkume. Esia nye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo gbɔna. 16 Se kple ɖoɖo mawo ke nakplɔ mi kple amedzro siwo le mia dome.’ ” 17 Yehowa gblɔ na Mose be, 18 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si dzi mele mia kplɔm yi dzi, 19 eye mieɖu anyigba ma dzi nuɖuɖu la, mitsɔ eƒe ɖe sa vɔe na Yehowa. 20 Mitsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo tɔ tatalĩ, wòanye vɔsa tso miaƒe lu gbãtɔ si tso lugbɔƒe. 21 To dzidzime siwo ava me la, ele be miasa vɔ sia na Yehowa tso miaƒe luwɔ gbãtɔwo me.’ ” 22 “ ‘Ne miawo alo miaƒe dzidzimeviwo da vo, eye womewɔ se siwo katã Yehowa de na mi le ƒeawo me to Mose dzi la dzi o la, 23 Yehowa ƒe se siwo wode na mi to edzi tso gbe si gbe Yehowa de wo, woayi edzi to dzidzime siwo gbɔna me, 24 eye menye nu si woɖo wɔ, eye ameha la menya nu tso eŋu o la, ameha blibo la ana nyitsu fɛ̃ aɖe hena numevɔsa hena ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu hekpe ɖe eƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa si woɖo da ɖi kple gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu. 25 Nunɔla alé avu ɖe Israelviwo katã nu, eye woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo, elabena vodadae, eye woɖɔ vodada sia ɖo to dzovɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me le Yehowa ŋkume. 26 Woatsɔ nu vɔ̃ ake ame sia ame; woatsɔe ake amedzro siwo le Israelviwo dome hã, elabena ameha blibo lae da vo, eya ta ameha blibo la akpɔ gome le tsɔtsɔke la me. 27 “ ‘Nenye ame ɖekae da vo la, ekema amea ana gbɔ̃nɔe si xɔ ƒe ɖeka la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 28 Nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔ eƒe nu vɔ̃ akee. 29 Se sia bla mi ame Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome hã. 30 “ ‘Ke ne ame aɖe nya nyuie hafi da vo aɖe la, nenye Israelvi alo amedzro hã la, ekema edo vlo Yehowa, eya ta ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome. 31 Esi wòdo vlo Yehowa ƒe sewo abe nu ɖowɔ ene, eye wònya nyuie hafi da le eƒe se dzi la, ele be woawui, eye eƒe nu vɔ̃ anɔ eya ŋutɔ dzi.’ ” 32 Gbe ɖeka esime Israelviwo nɔ gbedzi la, wolé Israelvi aɖe wònɔ nake fɔm le Dzudzɔgbe la dzi. 33 Wokplɔe yi Mose kple Aron kple ameha la ŋkume. 34 Wodee mɔ va se ɖe esime woanya nu si Yehowa adi be woawɔ. 35 Yehowa gblɔ na Mose be, “Ele be ŋutsu la naku. Ele be ameawo katã naƒu kpee le asaɖa la godo wòaku.” 36 Ale wohee yi asaɖa la godo, eye wowui abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. 37 Yehowa gblɔ na Mose be, 38 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mia kple miaƒe dzidzimeviwo miade gbo miaƒe avɔwo ƒe dzogoewo to, eye ka blɔtɔ nanɔ gbo ɖe sia ɖe ŋu. 39 Ne miekpɔ gbo siawo la, ekema miaɖo ŋku se siwo katã Yehowa de na mi la dzi be miawɔ wo dzi, eye miagatsɔ mia ɖokuiwo adzra na ŋutilãmenuwo, miaƒe dzi ƒe nudzodzrowo kple nu siwo miaƒe ŋku kpɔna la o. 40 Ekema miaɖo ŋku edzi, awɔ nye sewo katã dzi, eye miakɔ mia ɖokuiwo ŋuti na miaƒe Mawu la. 41 Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi do goe tso Egipte be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”

In Other Versions

Numbers 15 in the ANGEFD

Numbers 15 in the ANTPNG2D

Numbers 15 in the AS21

Numbers 15 in the BAGH

Numbers 15 in the BBPNG

Numbers 15 in the BBT1E

Numbers 15 in the BDS

Numbers 15 in the BEV

Numbers 15 in the BHAD

Numbers 15 in the BIB

Numbers 15 in the BLPT

Numbers 15 in the BNT

Numbers 15 in the BNTABOOT

Numbers 15 in the BNTLV

Numbers 15 in the BOATCB

Numbers 15 in the BOATCB2

Numbers 15 in the BOBCV

Numbers 15 in the BOCNT

Numbers 15 in the BOGWICC

Numbers 15 in the BOHCB

Numbers 15 in the BOHCV

Numbers 15 in the BOHLNT

Numbers 15 in the BOHNTLTAL

Numbers 15 in the BOICB

Numbers 15 in the BOILNTAP

Numbers 15 in the BOITCV

Numbers 15 in the BOKCV

Numbers 15 in the BOKCV2

Numbers 15 in the BOKHWOG

Numbers 15 in the BOKSSV

Numbers 15 in the BOLCB

Numbers 15 in the BOLCB2

Numbers 15 in the BOMCV

Numbers 15 in the BONAV

Numbers 15 in the BONCB

Numbers 15 in the BONLT

Numbers 15 in the BONUT2

Numbers 15 in the BOPLNT

Numbers 15 in the BOSCB

Numbers 15 in the BOSNC

Numbers 15 in the BOTLNT

Numbers 15 in the BOVCB

Numbers 15 in the BOYCB

Numbers 15 in the BPBB

Numbers 15 in the BPH

Numbers 15 in the BSB

Numbers 15 in the CCB

Numbers 15 in the CUV

Numbers 15 in the CUVS

Numbers 15 in the DBT

Numbers 15 in the DGDNT

Numbers 15 in the DHNT

Numbers 15 in the DNT

Numbers 15 in the ELBE

Numbers 15 in the EMTV

Numbers 15 in the ESV

Numbers 15 in the FBV

Numbers 15 in the FEB

Numbers 15 in the GGMNT

Numbers 15 in the GNT

Numbers 15 in the HARY

Numbers 15 in the HNT

Numbers 15 in the IRVA

Numbers 15 in the IRVB

Numbers 15 in the IRVG

Numbers 15 in the IRVH

Numbers 15 in the IRVK

Numbers 15 in the IRVM

Numbers 15 in the IRVM2

Numbers 15 in the IRVO

Numbers 15 in the IRVP

Numbers 15 in the IRVT

Numbers 15 in the IRVT2

Numbers 15 in the IRVU

Numbers 15 in the ISVN

Numbers 15 in the JSNT

Numbers 15 in the KAPI

Numbers 15 in the KBT1ETNIK

Numbers 15 in the KBV

Numbers 15 in the KJV

Numbers 15 in the KNFD

Numbers 15 in the LBA

Numbers 15 in the LBLA

Numbers 15 in the LNT

Numbers 15 in the LSV

Numbers 15 in the MAAL

Numbers 15 in the MBV

Numbers 15 in the MBV2

Numbers 15 in the MHNT

Numbers 15 in the MKNFD

Numbers 15 in the MNG

Numbers 15 in the MNT

Numbers 15 in the MNT2

Numbers 15 in the MRS1T

Numbers 15 in the NAA

Numbers 15 in the NASB

Numbers 15 in the NBLA

Numbers 15 in the NBS

Numbers 15 in the NBVTP

Numbers 15 in the NET2

Numbers 15 in the NIV11

Numbers 15 in the NNT

Numbers 15 in the NNT2

Numbers 15 in the NNT3

Numbers 15 in the PDDPT

Numbers 15 in the PFNT

Numbers 15 in the RMNT

Numbers 15 in the SBIAS

Numbers 15 in the SBIBS

Numbers 15 in the SBIBS2

Numbers 15 in the SBICS

Numbers 15 in the SBIDS

Numbers 15 in the SBIGS

Numbers 15 in the SBIHS

Numbers 15 in the SBIIS

Numbers 15 in the SBIIS2

Numbers 15 in the SBIIS3

Numbers 15 in the SBIKS

Numbers 15 in the SBIKS2

Numbers 15 in the SBIMS

Numbers 15 in the SBIOS

Numbers 15 in the SBIPS

Numbers 15 in the SBISS

Numbers 15 in the SBITS

Numbers 15 in the SBITS2

Numbers 15 in the SBITS3

Numbers 15 in the SBITS4

Numbers 15 in the SBIUS

Numbers 15 in the SBIVS

Numbers 15 in the SBT

Numbers 15 in the SBT1E

Numbers 15 in the SCHL

Numbers 15 in the SNT

Numbers 15 in the SUSU

Numbers 15 in the SUSU2

Numbers 15 in the SYNO

Numbers 15 in the TBIAOTANT

Numbers 15 in the TBT1E

Numbers 15 in the TBT1E2

Numbers 15 in the TFTIP

Numbers 15 in the TFTU

Numbers 15 in the TGNTATF3T

Numbers 15 in the THAI

Numbers 15 in the TNFD

Numbers 15 in the TNT

Numbers 15 in the TNTIK

Numbers 15 in the TNTIL

Numbers 15 in the TNTIN

Numbers 15 in the TNTIP

Numbers 15 in the TNTIZ

Numbers 15 in the TOMA

Numbers 15 in the TTENT

Numbers 15 in the UBG

Numbers 15 in the UGV

Numbers 15 in the UGV2

Numbers 15 in the UGV3

Numbers 15 in the VBL

Numbers 15 in the VDCC

Numbers 15 in the YALU

Numbers 15 in the YAPE

Numbers 15 in the YBVTP

Numbers 15 in the ZBP