Numbers 30 (BOECS)
1 Mose gblɔ na Israelviwo ƒe towo ƒe tatɔwo be, “Se si Yehowa de lae nye esi. 2 Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa alo ka atam hetsri nane na eɖokui la, mele be wòada le eƒe nya dzi o, ke boŋ ele be wòawɔ ɖe nya sia nya si wògblɔ la dzi. 3 “Ne nyɔnu aɖe, si nye ɖetugbi le fofoa ƒe aƒe me ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ nane alo yemawɔ nane o, 4 eye fofoa nya nu tso ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la kple tohehe siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe la ŋuti ŋu, gake megblɔ nya aɖeke o la, ekema ele be ɖetugbi la nawɔ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. 5 Ke ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o, alo wòbu be tohehe si dzi wòlɔ̃ ɖo sesẽ akpa la, ekema ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la megablae o. Ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema ele nɛ be wòaɖe gbeƒã nenema le gbe si gbe wònya nu le adzɔgbeɖeɖe la ŋu; ekema Yehowa atsɔe ake ɖetugbi la, elabena fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o. 6 “Ne nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe alo do ŋugbe dzodzro aɖe hafi va ɖe srɔ̃ la, 7 ne srɔ̃ŋutsu la se nya la, eye megblɔ nya aɖeke tso eŋu le gbe si gbe wòse nu tso eŋuti dzi o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. 8 Ke ne srɔ̃ŋutsu la gbe be yemelɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee. 9 “Ke ne nyɔnu la zu ahosi alo eya kple srɔ̃a dome klã la, ekema ele nɛ be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. 10 “Ne srɔ̃nyɔnu aɖe le srɔ̃a ƒe aƒe me, eye wòɖe adzɔgbe, 11 ne srɔ̃ŋutsu la se nu tso srɔ̃a ƒe adzɔgbeɖeɖe la ŋu, eye megblɔ nya aɖeke o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. 12 Ke ne ŋutsu la gblɔ le ŋkeke gbãtɔ si wòse nu tso adzɔgbeɖeɖe la ŋu be yemelɔ̃ ɖe edzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee. 13 Ale srɔ̃ŋutsu ate ŋu alɔ̃ adzɔgbeɖeɖe la nabla srɔ̃a loo alo agbe, eye adzɔgbeɖeɖe la mabla srɔ̃a o. 14 Ke ne ŋutsu la megblɔ nya aɖeke o, eye ŋkeke ɖeka va yi la, ekema elɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi. 15 Ne srɔ̃ŋutsu la lala ŋkeke ɖeka va yi hafi wòva gbe be yemelɔ̃ ɖe ye srɔ̃ ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema tohehe ka ke dzi nyɔnu la lɔ̃ ɖo be wòava ye dzi ne yemewɔ ɖe yeƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la ava ŋutsu la boŋ dzi, elabena eyae meɖe mɔ na nyɔnu la be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o.” 16 Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose tso ale si srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome nanɔ kple ale si fofo kple vinyɔnu dome nanɔ la ŋu.
In Other Versions
Numbers 30 in the ANGEFD
Numbers 30 in the ANTPNG2D
Numbers 30 in the AS21
Numbers 30 in the BAGH
Numbers 30 in the BBPNG
Numbers 30 in the BBT1E
Numbers 30 in the BDS
Numbers 30 in the BEV
Numbers 30 in the BHAD
Numbers 30 in the BIB
Numbers 30 in the BLPT
Numbers 30 in the BNT
Numbers 30 in the BNTABOOT
Numbers 30 in the BNTLV
Numbers 30 in the BOATCB
Numbers 30 in the BOATCB2
Numbers 30 in the BOBCV
Numbers 30 in the BOCNT
Numbers 30 in the BOGWICC
Numbers 30 in the BOHCB
Numbers 30 in the BOHCV
Numbers 30 in the BOHLNT
Numbers 30 in the BOHNTLTAL
Numbers 30 in the BOICB
Numbers 30 in the BOILNTAP
Numbers 30 in the BOITCV
Numbers 30 in the BOKCV
Numbers 30 in the BOKCV2
Numbers 30 in the BOKHWOG
Numbers 30 in the BOKSSV
Numbers 30 in the BOLCB
Numbers 30 in the BOLCB2
Numbers 30 in the BOMCV
Numbers 30 in the BONAV
Numbers 30 in the BONCB
Numbers 30 in the BONLT
Numbers 30 in the BONUT2
Numbers 30 in the BOPLNT
Numbers 30 in the BOSCB
Numbers 30 in the BOSNC
Numbers 30 in the BOTLNT
Numbers 30 in the BOVCB
Numbers 30 in the BOYCB
Numbers 30 in the BPBB
Numbers 30 in the BPH
Numbers 30 in the BSB
Numbers 30 in the CCB
Numbers 30 in the CUV
Numbers 30 in the CUVS
Numbers 30 in the DBT
Numbers 30 in the DGDNT
Numbers 30 in the DHNT
Numbers 30 in the DNT
Numbers 30 in the ELBE
Numbers 30 in the EMTV
Numbers 30 in the ESV
Numbers 30 in the FBV
Numbers 30 in the FEB
Numbers 30 in the GGMNT
Numbers 30 in the GNT
Numbers 30 in the HARY
Numbers 30 in the HNT
Numbers 30 in the IRVA
Numbers 30 in the IRVB
Numbers 30 in the IRVG
Numbers 30 in the IRVH
Numbers 30 in the IRVK
Numbers 30 in the IRVM
Numbers 30 in the IRVM2
Numbers 30 in the IRVO
Numbers 30 in the IRVP
Numbers 30 in the IRVT
Numbers 30 in the IRVT2
Numbers 30 in the IRVU
Numbers 30 in the ISVN
Numbers 30 in the JSNT
Numbers 30 in the KAPI
Numbers 30 in the KBT1ETNIK
Numbers 30 in the KBV
Numbers 30 in the KJV
Numbers 30 in the KNFD
Numbers 30 in the LBA
Numbers 30 in the LBLA
Numbers 30 in the LNT
Numbers 30 in the LSV
Numbers 30 in the MAAL
Numbers 30 in the MBV
Numbers 30 in the MBV2
Numbers 30 in the MHNT
Numbers 30 in the MKNFD
Numbers 30 in the MNG
Numbers 30 in the MNT
Numbers 30 in the MNT2
Numbers 30 in the MRS1T
Numbers 30 in the NAA
Numbers 30 in the NASB
Numbers 30 in the NBLA
Numbers 30 in the NBS
Numbers 30 in the NBVTP
Numbers 30 in the NET2
Numbers 30 in the NIV11
Numbers 30 in the NNT
Numbers 30 in the NNT2
Numbers 30 in the NNT3
Numbers 30 in the PDDPT
Numbers 30 in the PFNT
Numbers 30 in the RMNT
Numbers 30 in the SBIAS
Numbers 30 in the SBIBS
Numbers 30 in the SBIBS2
Numbers 30 in the SBICS
Numbers 30 in the SBIDS
Numbers 30 in the SBIGS
Numbers 30 in the SBIHS
Numbers 30 in the SBIIS
Numbers 30 in the SBIIS2
Numbers 30 in the SBIIS3
Numbers 30 in the SBIKS
Numbers 30 in the SBIKS2
Numbers 30 in the SBIMS
Numbers 30 in the SBIOS
Numbers 30 in the SBIPS
Numbers 30 in the SBISS
Numbers 30 in the SBITS
Numbers 30 in the SBITS2
Numbers 30 in the SBITS3
Numbers 30 in the SBITS4
Numbers 30 in the SBIUS
Numbers 30 in the SBIVS
Numbers 30 in the SBT
Numbers 30 in the SBT1E
Numbers 30 in the SCHL
Numbers 30 in the SNT
Numbers 30 in the SUSU
Numbers 30 in the SUSU2
Numbers 30 in the SYNO
Numbers 30 in the TBIAOTANT
Numbers 30 in the TBT1E
Numbers 30 in the TBT1E2
Numbers 30 in the TFTIP
Numbers 30 in the TFTU
Numbers 30 in the TGNTATF3T
Numbers 30 in the THAI
Numbers 30 in the TNFD
Numbers 30 in the TNT
Numbers 30 in the TNTIK
Numbers 30 in the TNTIL
Numbers 30 in the TNTIN
Numbers 30 in the TNTIP
Numbers 30 in the TNTIZ
Numbers 30 in the TOMA
Numbers 30 in the TTENT
Numbers 30 in the UBG
Numbers 30 in the UGV
Numbers 30 in the UGV2
Numbers 30 in the UGV3
Numbers 30 in the VBL
Numbers 30 in the VDCC
Numbers 30 in the YALU
Numbers 30 in the YAPE
Numbers 30 in the YBVTP
Numbers 30 in the ZBP