Numbers 32 (BOECS)

1 Esi Israelviwo ɖo Yazer kple Gileadnyigbawo dzi la, Ruben kple Gad ƒe towo, ame siwo si alẽha gãwo le la kpɔ be anyigba la nyo ŋutɔ na lãnyinyi. 2 Eya ta wogblɔ na Mose kple nunɔla Eleazar kple toawo ƒe kplɔlawo be, 3 “Atarɔt, Dibon, Yazer, Nimra, Hesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon ƒe 4 anyigba siwo Yehowa xɔ le Israelviwo ŋkume la nyo na lãnyinyi, eye lãwo le wò dɔlawo si. 5 Ne eve mía nu la ekema míeɖe kuku tsɔ anyigba sia na mí ɖe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ teƒe.” 6 Mose bia wo be, “Ɖe miedi be yewoatsi afi sia ne mia nɔviwo ya natso tɔsisi la, eye woawo ɖeɖe nayi aɖawɔ aʋa kple afi ma tɔwoa? 7 Ɖe miedi be yewoaɖe dzi le Israelviwo ƒo be womagatso tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si ƒe ŋugbe Yehowa do na wo oa? 8 Nu sia tɔgbi tututu mia tɔgbiwo wɔ kpɔ! Meɖo wo ɖa be woaɖatsa ŋku le Kades Barneanyigba dzi. 9 Esi wowu ŋkutsatsa la nu, eye wotrɔ tso Eskɔl ƒe balime gbɔ la, woɖe dzi le Israelviwo ƒo le Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi ŋu. 10 Yehowa do dɔmedzoe gbe ma gbe, eye woka atam sia be, 11 ‘Esi miedze yonyeme kple dzi blibo o ta la, ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame siwo tso Egipte la dometɔ ɖeka pɛ hã makpɔ anyigba si ŋugbe medo kple atam na Abraham, Isak kple Yakob o. 12 Wo dometɔ siwo ko ade Ŋugbedodonyigba la dzie nye Kaleb, Yefune, Kenizitɔ la ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, elabena woawo dze Yehowa yome kple woƒe dzi blibo, eye wode dzi ƒo na ameawo be woayi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ 13 Yehowa na míetsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene va se ɖe esime dzidzime vɔ̃ɖi ma tsrɔ̃ keŋkeŋ. 14 “Ke miawo hã, mi vɔ̃ wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, miegale nu ma tututu wɔm! Miawo miesɔ gbɔ wu woawo, eya ta Yehowa ƒe dziku ɖe miawo ŋu nu asẽ ɖe miawo dzi fifia wu ɖe woawo dzi. 15 Ne mietrɔ ɖa tso Mawu gbɔ alea la, ana ameawo naganɔ gbea dzi ɣeyiɣi didi aɖe wu, eye miahe ku vɛ na ameawo kple dzɔgbevɔ̃e va dukɔ blibo la dzi!” 16 Woɖo eŋu be, “Míawɔ nenema o, ke boŋ míatu lãkpowo na míaƒe lãwo, eye míatso duwo na mía viwo ɖe afi sia. 17 Míawo ŋutɔ míabla akpa, adze ŋgɔ na Israelvi bubuawo va se ɖe esime míakplɔ wo, woƒe asi naka woƒe domenyinu la dedie. Ke ele be míatso duwo, aɖo gli aƒo xlã wo na mía srɔ̃wo kple mía viwo gbã, ale be afi sia tɔwo maho aʋa ɖe wo ŋu o. 18 Míatsi afi sia o, va se ɖe esime Israelviwo katã ƒe asi asu woƒe domenyinu la dzi. 19 Míedi anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o; míedi esi le tɔsisi la ƒe akpa sia, le ɣedzeƒe lɔƒo.” 20 Mose gblɔ na wo be, “Enyo; ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi, abla akpa hena aʋawɔwɔ na Yehowa, 21 eye miana miaƒe aʋawɔlawo nanɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ va se ɖe esime Yehowa nanya eƒe futɔwo ɖa la, 22 ekema ne míeɖu futɔwo dzi mlɔeba le Yehowa ŋkume la, miatrɔ ava afi sia, elabena miawu miaƒe dɔdeasiwo nu na Yehowa kple Israelvi bubuawo katã. Ekema anyigba si le tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la azu mia tɔ tso Yehowa gbɔ. 23 “Ke ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi o la, ekema miawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Minya be miaƒe nu vɔ̃ ƒe tohehe ava mia dzi kokoko. 24 Mitso duwo na mia srɔ̃wo kple mia viwo, mitu lãkpowo na miaƒe lãwo, eye miwɔ nu siwo katã miegblɔ be yewoawɔ.” 25 Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gblɔ be, “Míawɔ nu siwo katã nàɖo na mí be míawɔ la tututu. 26 Mía viwo kple mía srɔ̃wo, míaƒe alẽwo kple nyiwo anɔ afi sia le Gilead du la me. 27 Ke mí aʋawɔlawo katã ya la, míatso tɔsisi la ayi aɖawɔ aʋa na Yehowa abe ale si míaƒe aƒetɔ gblɔ ene.” 28 Mose lɔ̃ ɖe edzi, eye wògblɔ na nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israelviwo ƒe towo ƒe kplɔlawo be, 29 “Ne ame siwo wotia tso Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo dome be woayi aɖawɔ aʋa na Yehowa dometɔ ɖe sia ɖe tso Yɔdan tɔsisi la kple mi la, ekema ne miexɔ anyigba la le futɔwo si la, miatsɔ Gileadnyigba ana wo. 30 Ke ne wogbe la, ekema woaxɔ anyigba le Kanaanyigba la dzi, le mi ame bubuawo dome.” 31 Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gagblɔ be, “Míawɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo dzi. 32 Míabla akpa nyuie adze Yehowa yome ayi Kanaan, ke míawo ya ƒe anyigba anɔ Yɔdan ƒe akpa sia.” 33 Ale Mose tsɔ Amoritɔwo ƒe fia, Sixɔn kple Basantɔwo ƒe fia, Ɔg, ƒe anyigbawo kple duwo katã na Gad kple Ruben ƒe dzidzimeviwo kple Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo ƒe afã. 34 Du siwo Gad ƒe viwo tso la woe nye: Dibon, Atarɔt kple Aroer, 35 Atrɔt Sofan, Yazer kple Yogbeha, 36 Bet Nimra kple Bet Haran. Woɖo gli ƒo xlã du siawo katã, eye lãkpowo nɔ wo me. 37 Du siwo Ruben ƒe viwo tso la woe nye: Hesbon, Eleale kple Kiriataim, 38 Nebo, Baal Meon kple Sibma. Emegbe la, Israelviwo trɔ ŋkɔ na du siawo dometɔ siwo woxɔ hegbugbɔ tu la. 39 Manase ƒe viŋutsu, Makir yi Gileadnyigba dzi, nya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la ɖa, eye wòxɔe. 40 Ale Mose tsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe vi Makir eye wonɔ afi ma. 41 Manase ƒe viŋutsu, Yair ƒe dzidzimeviwo nɔ du geɖewo me le Gileadnyigba dzi. Wotrɔ ŋkɔ na woƒe nɔƒe be, Havrɔtyair, si gɔmee nye Yair ƒe duwo. 42 Le ɣe ma ɣi me la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Noba la kplɔ aʋakɔ aɖe yi Kenat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la me, eye wòxɔ wo. Etsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ na teƒe la be Noba.

In Other Versions

Numbers 32 in the ANGEFD

Numbers 32 in the ANTPNG2D

Numbers 32 in the AS21

Numbers 32 in the BAGH

Numbers 32 in the BBPNG

Numbers 32 in the BBT1E

Numbers 32 in the BDS

Numbers 32 in the BEV

Numbers 32 in the BHAD

Numbers 32 in the BIB

Numbers 32 in the BLPT

Numbers 32 in the BNT

Numbers 32 in the BNTABOOT

Numbers 32 in the BNTLV

Numbers 32 in the BOATCB

Numbers 32 in the BOATCB2

Numbers 32 in the BOBCV

Numbers 32 in the BOCNT

Numbers 32 in the BOGWICC

Numbers 32 in the BOHCB

Numbers 32 in the BOHCV

Numbers 32 in the BOHLNT

Numbers 32 in the BOHNTLTAL

Numbers 32 in the BOICB

Numbers 32 in the BOILNTAP

Numbers 32 in the BOITCV

Numbers 32 in the BOKCV

Numbers 32 in the BOKCV2

Numbers 32 in the BOKHWOG

Numbers 32 in the BOKSSV

Numbers 32 in the BOLCB

Numbers 32 in the BOLCB2

Numbers 32 in the BOMCV

Numbers 32 in the BONAV

Numbers 32 in the BONCB

Numbers 32 in the BONLT

Numbers 32 in the BONUT2

Numbers 32 in the BOPLNT

Numbers 32 in the BOSCB

Numbers 32 in the BOSNC

Numbers 32 in the BOTLNT

Numbers 32 in the BOVCB

Numbers 32 in the BOYCB

Numbers 32 in the BPBB

Numbers 32 in the BPH

Numbers 32 in the BSB

Numbers 32 in the CCB

Numbers 32 in the CUV

Numbers 32 in the CUVS

Numbers 32 in the DBT

Numbers 32 in the DGDNT

Numbers 32 in the DHNT

Numbers 32 in the DNT

Numbers 32 in the ELBE

Numbers 32 in the EMTV

Numbers 32 in the ESV

Numbers 32 in the FBV

Numbers 32 in the FEB

Numbers 32 in the GGMNT

Numbers 32 in the GNT

Numbers 32 in the HARY

Numbers 32 in the HNT

Numbers 32 in the IRVA

Numbers 32 in the IRVB

Numbers 32 in the IRVG

Numbers 32 in the IRVH

Numbers 32 in the IRVK

Numbers 32 in the IRVM

Numbers 32 in the IRVM2

Numbers 32 in the IRVO

Numbers 32 in the IRVP

Numbers 32 in the IRVT

Numbers 32 in the IRVT2

Numbers 32 in the IRVU

Numbers 32 in the ISVN

Numbers 32 in the JSNT

Numbers 32 in the KAPI

Numbers 32 in the KBT1ETNIK

Numbers 32 in the KBV

Numbers 32 in the KJV

Numbers 32 in the KNFD

Numbers 32 in the LBA

Numbers 32 in the LBLA

Numbers 32 in the LNT

Numbers 32 in the LSV

Numbers 32 in the MAAL

Numbers 32 in the MBV

Numbers 32 in the MBV2

Numbers 32 in the MHNT

Numbers 32 in the MKNFD

Numbers 32 in the MNG

Numbers 32 in the MNT

Numbers 32 in the MNT2

Numbers 32 in the MRS1T

Numbers 32 in the NAA

Numbers 32 in the NASB

Numbers 32 in the NBLA

Numbers 32 in the NBS

Numbers 32 in the NBVTP

Numbers 32 in the NET2

Numbers 32 in the NIV11

Numbers 32 in the NNT

Numbers 32 in the NNT2

Numbers 32 in the NNT3

Numbers 32 in the PDDPT

Numbers 32 in the PFNT

Numbers 32 in the RMNT

Numbers 32 in the SBIAS

Numbers 32 in the SBIBS

Numbers 32 in the SBIBS2

Numbers 32 in the SBICS

Numbers 32 in the SBIDS

Numbers 32 in the SBIGS

Numbers 32 in the SBIHS

Numbers 32 in the SBIIS

Numbers 32 in the SBIIS2

Numbers 32 in the SBIIS3

Numbers 32 in the SBIKS

Numbers 32 in the SBIKS2

Numbers 32 in the SBIMS

Numbers 32 in the SBIOS

Numbers 32 in the SBIPS

Numbers 32 in the SBISS

Numbers 32 in the SBITS

Numbers 32 in the SBITS2

Numbers 32 in the SBITS3

Numbers 32 in the SBITS4

Numbers 32 in the SBIUS

Numbers 32 in the SBIVS

Numbers 32 in the SBT

Numbers 32 in the SBT1E

Numbers 32 in the SCHL

Numbers 32 in the SNT

Numbers 32 in the SUSU

Numbers 32 in the SUSU2

Numbers 32 in the SYNO

Numbers 32 in the TBIAOTANT

Numbers 32 in the TBT1E

Numbers 32 in the TBT1E2

Numbers 32 in the TFTIP

Numbers 32 in the TFTU

Numbers 32 in the TGNTATF3T

Numbers 32 in the THAI

Numbers 32 in the TNFD

Numbers 32 in the TNT

Numbers 32 in the TNTIK

Numbers 32 in the TNTIL

Numbers 32 in the TNTIN

Numbers 32 in the TNTIP

Numbers 32 in the TNTIZ

Numbers 32 in the TOMA

Numbers 32 in the TTENT

Numbers 32 in the UBG

Numbers 32 in the UGV

Numbers 32 in the UGV2

Numbers 32 in the UGV3

Numbers 32 in the VBL

Numbers 32 in the VDCC

Numbers 32 in the YALU

Numbers 32 in the YAPE

Numbers 32 in the YBVTP

Numbers 32 in the ZBP