Proverbs 12 (BOECS)

1 Ame si lɔ̃ amehehe la lɔ̃a sidzedze,ke ame si lé fu mokaname la, bometsilae. 2 Yehowa vea ame nyui la nu,ke ebua fɔ ayemenuwɔla ya. 3 Womatsɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖo ame gɔme anyii ogake womate ŋu aho ame dzɔdzɔe ya o. 4 Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye fiakuku na srɔ̃ŋutsua,ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla nye ŋuɖui le ƒu tome na srɔ̃a. 5 Ame dzɔdzɔe ƒe ɖoɖowo toa mɔ ɖeka,ke ame vɔ̃ɖi ƒe aɖaŋuɖoɖo nye beble. 6 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nyawo le lalam na ʋugake dzɔdzɔetɔwo ƒe nuƒoƒo ɖea wo. 7 Wotutua ame vɔ̃ɖiwo ƒua anyi eye womeganɔa anyi o,ke ame dzɔdzɔe ƒe aƒe lia ke ɖaa. 8 Wokafua ame le nunya si le esi la ta,ke wodoa vlo ŋutsu tagbɔ kuku tɔwo. 9 Enyo be nànye ame tsɛ aɖe ko eye subɔla nanɔ asiwò,wu be nàwɔ ɖokuiwò amegãe eye nuɖuɖu manɔ asiwò o. 10 Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe lãwoke dɔmenyo siwo ame vɔ̃ɖiwo ya wɔna la nye ŋutasesẽ. 11 Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe,ke ame si kplɔa blezibledi ɖo la, numanyalae. 12 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu siwo woha la le ŋutasẽlawo dzrom,ke ame dzɔdzɔewo ƒe ke ƒona ɖe to sesĩe. 13 Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vlo ƒoƒo zua mɔ ɖenɛ,ke ame dzɔdzɔe dona le fu me. 14 Ame ƒe nu ƒe kutsetse hea nu nyuiwo vɛ nɛ taŋtaŋtaŋ,eye enye nyateƒe be dɔ si ame tsɔ eƒe asi wɔ lae hea viɖe vɛ nɛ. 15 Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ƒe ŋkume,ke ame dzɔdzɔe xɔa aɖaŋuɖoɖo. 16 Bometsila ɖea eƒe dziku fiana zi ɖeka,ke nunyala doa toku dzudzu. 17 Ɖasefo nyateƒetɔ gblɔa nya si le eteƒe le ʋɔnu,ke aʋatsoɖasefo daa alakpa le ʋɔnu. 18 Nya vlowo ƒona ɖe ame abe yi ene,ke ame dzɔdzɔe ƒe aɖe hea dɔyɔyɔ vɛ. 19 Nyateƒenuyiwo nɔa anyi ɖikaa,ke alakpaɖe nu mesena yina o. 20 Beble le ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la ƒe dzi me,ke dzidzɔ nɔa ame siwo hea ŋutifafa vɛ la ƒe dzi me. 21 Dzɔgbevɔ̃e medzɔna ɖe ame dzɔdzɔe dzi o,ke ame vɔ̃ɖiwo la, xaxa yɔa wo me fũu. 22 Yehowa lé fu alakpanuyiwo,ke ekpɔa dzidzɔ ɖe ame siwo toa nyateƒe la ŋu. 23 Nunyala mekɔa nu le sidzedze si su esi la dzi o,ke bometsilawo ƒe dzi ɖea gbeƒã woƒe bometsitsi. 24 Asi si doa vevi nu la aɖu fia,ke kuviawɔwɔ kplɔa ame ɖona ɖe dɔ sesẽ me. 25 Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi,ke amenuvenya dea dzi ƒo na ame. 26 Ame dzɔdzɔe ɖoa ŋu ɖo le xɔlɔ̃wɔwɔ me,ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae. 27 Kuviatɔ memea eƒe adelã o,ke nunyala léa be na eƒe nunɔamesiwo. 28 Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ me,makumaku le mɔ ma dzi.

In Other Versions

Proverbs 12 in the ANGEFD

Proverbs 12 in the ANTPNG2D

Proverbs 12 in the AS21

Proverbs 12 in the BAGH

Proverbs 12 in the BBPNG

Proverbs 12 in the BBT1E

Proverbs 12 in the BDS

Proverbs 12 in the BEV

Proverbs 12 in the BHAD

Proverbs 12 in the BIB

Proverbs 12 in the BLPT

Proverbs 12 in the BNT

Proverbs 12 in the BNTABOOT

Proverbs 12 in the BNTLV

Proverbs 12 in the BOATCB

Proverbs 12 in the BOATCB2

Proverbs 12 in the BOBCV

Proverbs 12 in the BOCNT

Proverbs 12 in the BOGWICC

Proverbs 12 in the BOHCB

Proverbs 12 in the BOHCV

Proverbs 12 in the BOHLNT

Proverbs 12 in the BOHNTLTAL

Proverbs 12 in the BOICB

Proverbs 12 in the BOILNTAP

Proverbs 12 in the BOITCV

Proverbs 12 in the BOKCV

Proverbs 12 in the BOKCV2

Proverbs 12 in the BOKHWOG

Proverbs 12 in the BOKSSV

Proverbs 12 in the BOLCB

Proverbs 12 in the BOLCB2

Proverbs 12 in the BOMCV

Proverbs 12 in the BONAV

Proverbs 12 in the BONCB

Proverbs 12 in the BONLT

Proverbs 12 in the BONUT2

Proverbs 12 in the BOPLNT

Proverbs 12 in the BOSCB

Proverbs 12 in the BOSNC

Proverbs 12 in the BOTLNT

Proverbs 12 in the BOVCB

Proverbs 12 in the BOYCB

Proverbs 12 in the BPBB

Proverbs 12 in the BPH

Proverbs 12 in the BSB

Proverbs 12 in the CCB

Proverbs 12 in the CUV

Proverbs 12 in the CUVS

Proverbs 12 in the DBT

Proverbs 12 in the DGDNT

Proverbs 12 in the DHNT

Proverbs 12 in the DNT

Proverbs 12 in the ELBE

Proverbs 12 in the EMTV

Proverbs 12 in the ESV

Proverbs 12 in the FBV

Proverbs 12 in the FEB

Proverbs 12 in the GGMNT

Proverbs 12 in the GNT

Proverbs 12 in the HARY

Proverbs 12 in the HNT

Proverbs 12 in the IRVA

Proverbs 12 in the IRVB

Proverbs 12 in the IRVG

Proverbs 12 in the IRVH

Proverbs 12 in the IRVK

Proverbs 12 in the IRVM

Proverbs 12 in the IRVM2

Proverbs 12 in the IRVO

Proverbs 12 in the IRVP

Proverbs 12 in the IRVT

Proverbs 12 in the IRVT2

Proverbs 12 in the IRVU

Proverbs 12 in the ISVN

Proverbs 12 in the JSNT

Proverbs 12 in the KAPI

Proverbs 12 in the KBT1ETNIK

Proverbs 12 in the KBV

Proverbs 12 in the KJV

Proverbs 12 in the KNFD

Proverbs 12 in the LBA

Proverbs 12 in the LBLA

Proverbs 12 in the LNT

Proverbs 12 in the LSV

Proverbs 12 in the MAAL

Proverbs 12 in the MBV

Proverbs 12 in the MBV2

Proverbs 12 in the MHNT

Proverbs 12 in the MKNFD

Proverbs 12 in the MNG

Proverbs 12 in the MNT

Proverbs 12 in the MNT2

Proverbs 12 in the MRS1T

Proverbs 12 in the NAA

Proverbs 12 in the NASB

Proverbs 12 in the NBLA

Proverbs 12 in the NBS

Proverbs 12 in the NBVTP

Proverbs 12 in the NET2

Proverbs 12 in the NIV11

Proverbs 12 in the NNT

Proverbs 12 in the NNT2

Proverbs 12 in the NNT3

Proverbs 12 in the PDDPT

Proverbs 12 in the PFNT

Proverbs 12 in the RMNT

Proverbs 12 in the SBIAS

Proverbs 12 in the SBIBS

Proverbs 12 in the SBIBS2

Proverbs 12 in the SBICS

Proverbs 12 in the SBIDS

Proverbs 12 in the SBIGS

Proverbs 12 in the SBIHS

Proverbs 12 in the SBIIS

Proverbs 12 in the SBIIS2

Proverbs 12 in the SBIIS3

Proverbs 12 in the SBIKS

Proverbs 12 in the SBIKS2

Proverbs 12 in the SBIMS

Proverbs 12 in the SBIOS

Proverbs 12 in the SBIPS

Proverbs 12 in the SBISS

Proverbs 12 in the SBITS

Proverbs 12 in the SBITS2

Proverbs 12 in the SBITS3

Proverbs 12 in the SBITS4

Proverbs 12 in the SBIUS

Proverbs 12 in the SBIVS

Proverbs 12 in the SBT

Proverbs 12 in the SBT1E

Proverbs 12 in the SCHL

Proverbs 12 in the SNT

Proverbs 12 in the SUSU

Proverbs 12 in the SUSU2

Proverbs 12 in the SYNO

Proverbs 12 in the TBIAOTANT

Proverbs 12 in the TBT1E

Proverbs 12 in the TBT1E2

Proverbs 12 in the TFTIP

Proverbs 12 in the TFTU

Proverbs 12 in the TGNTATF3T

Proverbs 12 in the THAI

Proverbs 12 in the TNFD

Proverbs 12 in the TNT

Proverbs 12 in the TNTIK

Proverbs 12 in the TNTIL

Proverbs 12 in the TNTIN

Proverbs 12 in the TNTIP

Proverbs 12 in the TNTIZ

Proverbs 12 in the TOMA

Proverbs 12 in the TTENT

Proverbs 12 in the UBG

Proverbs 12 in the UGV

Proverbs 12 in the UGV2

Proverbs 12 in the UGV3

Proverbs 12 in the VBL

Proverbs 12 in the VDCC

Proverbs 12 in the YALU

Proverbs 12 in the YAPE

Proverbs 12 in the YBVTP

Proverbs 12 in the ZBP