Psalms 150 (BOECS)
1 Miakafu Yehowa. Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me.Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me. 2 Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta.Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta. 3 Mitsɔ kpẽkuku kafui.Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui. 4 Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu.Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku. 5 Mikafui kple ayawagba evesiwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii.Ɛ̃, mikafui kple ayawagba evesiwo ƒe gbe ɖina sesĩe. 6 Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa. Mikafu Yehowa!