Psalms 23 (BOECS)
undefined David ƒe ha. 1 Yehowae nye kplɔnyela,eya ta naneke mahiãm o. 2 Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo,eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe, 3 hena nye luʋɔ gbɔ agbe.Ekplɔm to dzɔdzɔenyenye ƒemɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta. 4 Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la,nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o,elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔtikple atikplɔ faa akɔ nam. 5 Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ƒe ŋkume.Èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gbagba. 6 Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyemele nye agbemeŋkekewo katã me,eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa.