1 Corinthians 10 (BEV)

1 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaŋlɔ nu siwo dzɔ ɖe mía tɔgbuitɔgbuiwo dzi le gbedadaƒo le gbe aɖe gbe ʋiĩ ke la be o. Mawu na alilĩkpo nɔ ŋgɔ na wo eye wòkplɔ wo va to Ƒu Dzĩ la me dedie. 2 Nuwɔna sia zu abe ɖe wode mawutsi ta na wo ɖe woƒe kplɔla Mose ŋkɔ me ene. 3 Wo katã woɖu gbɔgbɔ menuɖuɖu ma ke, 4 eye wono gbɔgbɔmenunono ma ke; elabena wonoe tso gbɔgbɔ me kpe gbadza si zɔ kpliwo le gbea dzi, eye kpe gbadza siae nye Kristo. 5 Gake le esiawo katã megbe la, wo dometɔ geɖewo sẽ to eye womewɔ Mawu ƒe gbe dzi o. Ale Mawu tsrɔ̃ wo eye woƒe ŋutilã kukuawo kaka ɖe gbea dzi. 6 Ele be míasrɔ̃ nu tso esia me be míawo hã míagatsi nu vɔ̃ɖiwo yome abe mía tɔgbuiwo ene eye míagasubɔ legbawo abe ale si wowɔ ene o. 7 Woŋlɔe ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be, “Wobɔbɔ nɔ anyi ɖu nu eye wono nu nyuie, eye emegbe la woɖu ɣe” hesubɔ sikanyivi la. 8 Nu bubu si wòle be míagasrɔ̃ tso nu siwo dzɔ ɖe wo dzi me lae nye be, esi wo dometɔ aɖewo wɔ ahasi ta la, ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ ku le wo dome le ŋkeke ɖeka ko dzi. 9 Nɔviwo, miawo hã migaɖia Aƒetɔ la nu abe ale si wowɔ eye da ɖu wo dometɔ geɖewo woku ene o. 10 Le esi wolĩ liʋiliʋĩ ɖe Mawu ŋu ta la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ wo dometɔ geɖewo hã. 11 Nu siawo katã dzɔ ɖe wo dzi be wòanye kpɔɖeŋu kple nusɔsrɔ̃ na mí ale be míawo míagawɔ nu siawo ƒomevi o. Woŋlɔ wo da ɖi na mí be míaxlẽ ale be míasrɔ̃ nu tso eme le ɣeyiɣi siawo me esi xexeame ƒe nuwuwu tu aƒe. 12 Eya ta ame siwo buna be nu siawo mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi o la nakpɔ nyuie be womagadze tetekpɔ me o. 13 Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe tame edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe tame nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me. 14 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mite ɖa le Trɔ̃subɔlawo gbɔ. 15 Menya be nunyalawo mienye, eya ta mibu nya si gblɔ ge mala la ŋu be enye nyateƒe mahã? 16 Ne míele Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ɖum la, mí katã míedoa gbe ɖa eye míenoa nu le kplu ɖeka nu. Ɖe esia mefia be mí katã míele yayra ɖeka xɔm tso Kristo ƒe ʋu me oa? Azɔ ne míeka abolo ɖeka me heɖu la, esia hã fia be mí katã míekpɔ viɖe tɔxɛ tso Kristo ƒe ŋutilã me oa? 17 Ne míesɔ gbɔ ale gbegbe hã la abolo ɖeka ma ko míemana ɖuna. Esia ɖo kpe edzi na mí be mí katã míenye Kristo ƒe ŋutilã ɖeka ma ƒe akpe aɖe. 18 Nenema ke le Israelviwo dome hã la, ame siwo katã ɖua vɔsalẽvia ƒe ɖe la katã zua ame ɖeka. 19 Ame aɖe abia be ɖe mele gbɔgblɔm be legba siwo Trɔ̃subɔlawo saa vɔ na la nye Mawu gbagbewo eye woƒe vɔsawo hã nye nu xɔasitɔwo mahã? Gbeɖe! Mele nenema kura o. 20 Nu si gblɔm mele boŋue nye be, ame siwo ɖa nu na legbawo la wɔ ɖeka le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔm menye Mawu subɔm wole kura o. Azɔ nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to Trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsanu siawo ɖuɖu me o. 21 Miate ŋu ano nu le Aƒetɔ ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agatrɔ yi aɖanoe le Abosam hã ƒe kplɔ̃ ŋu o, eye nenema ke miate ŋu aɖu abolo le Aƒetɔ ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agaɖui le Abosam hã gbɔ o. 22 Nu ka? Ɖe miedi be yewoado dɔmedzoe na Aƒetɔa? Ɖe miebu be miesesẽ wuia? 23 Ne ame aɖe di be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu la ate ŋu aɖui faa, meda Mawu ƒe se aɖeke dzi o. Gake menye eya ta ame naɖu nu sia o. Togbɔ be se aɖeke mexe mɔ nɛ o hã la, ɖewohĩ nuwɔna sia medze tututu be wòawɔ o. 24 Miganye ɖokuitɔdilawo o, ke boŋ mibu mia nɔewo ŋu le miaƒe wɔnawo me. 25 Azɔ, ne mieyi asime la, miƒle lã ɖe sia ɖe si dzram wole eye migabia be afi kae lãa tso hã o. Ne menye nenema o la ɖewohĩ ŋuɖoɖoa aɖe fu na miaƒe dzitsinya. 26 Minyae be, xexeame bliboa kple emenu nyuiwo katã nye Aƒetɔ la tɔ, eye wòtsɔ wo na mi be miawɔ wo ŋuti dɔ le dzidzɔ me. 27 Ne Trɔ̃subɔla aɖe kpe mi kristotɔwo be miva ɖu nu kple ye eye wò dzro mi be miayi la, miate ŋu ayi faa. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si wòtsɔ ɖo mia kɔme la, miɖui eye migabia be nu kae woɖa hã o. Mizi kpi eye miaɖu nua ekema trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖunya mava eme si aɖe fu na miaƒe dzitsinya o. 28 Gake ne miebe yewoaɖu nua ko ame aɖe gblɔ be wotsɔ nuɖuɖua sa vɔa na trɔ̃wo gbã hafi tsɔ na mi la, ekema migaɖui o, ɖe nu si ame si gblɔ nya sia na mi la abu tso nu si mieɖua ŋuti la ta. 29 Le nya sia me la, edze be miabu nu si ame sia gblɔ tso nuɖuɖu ŋuti la ŋu vevie.Eye miabia be, nu ka ta wòle be ame bubu ƒe susu nawɔ mi kluviwoe le nu si mienya be enyo la ŋuti? 30 Ne màte ŋu ada akpe na Mawu ɖe nuɖuɖu la ta ko aɖui la, nu ka ta wòle be nana ame bubu nagblẽ nu siawo katã me elabena eya bu be mèda vo? 31 Nu si ta megblɔ esia ɖoe nye be ele be miawɔ nu sia nu na Mawu ƒe kafukafu, le miaƒe nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã me. 32 Eya ta miganye mɔxenu na ame aɖeke o, eɖenye Yudatɔwo, Trɔ̃subɔlawo alo kristotɔwo o. 33 Nu si nye ya mewɔna la enye be medze agbagba be madze ame sia ame ŋu le nu sia nu me. Menye be male nu si doa dzidzɔ na nye ŋutɔ ɖeɖe ko me ɖe asi o. Ke boŋ la mewɔa nu si nyo na ame bubuwo hã be mate ŋu aɖe wo.

In Other Versions

1 Corinthians 10 in the ANGEFD

1 Corinthians 10 in the ANTPNG2D

1 Corinthians 10 in the AS21

1 Corinthians 10 in the BAGH

1 Corinthians 10 in the BBPNG

1 Corinthians 10 in the BBT1E

1 Corinthians 10 in the BDS

1 Corinthians 10 in the BHAD

1 Corinthians 10 in the BIB

1 Corinthians 10 in the BLPT

1 Corinthians 10 in the BNT

1 Corinthians 10 in the BNTABOOT

1 Corinthians 10 in the BNTLV

1 Corinthians 10 in the BOATCB

1 Corinthians 10 in the BOATCB2

1 Corinthians 10 in the BOBCV

1 Corinthians 10 in the BOCNT

1 Corinthians 10 in the BOECS

1 Corinthians 10 in the BOGWICC

1 Corinthians 10 in the BOHCB

1 Corinthians 10 in the BOHCV

1 Corinthians 10 in the BOHLNT

1 Corinthians 10 in the BOHNTLTAL

1 Corinthians 10 in the BOICB

1 Corinthians 10 in the BOILNTAP

1 Corinthians 10 in the BOITCV

1 Corinthians 10 in the BOKCV

1 Corinthians 10 in the BOKCV2

1 Corinthians 10 in the BOKHWOG

1 Corinthians 10 in the BOKSSV

1 Corinthians 10 in the BOLCB

1 Corinthians 10 in the BOLCB2

1 Corinthians 10 in the BOMCV

1 Corinthians 10 in the BONAV

1 Corinthians 10 in the BONCB

1 Corinthians 10 in the BONLT

1 Corinthians 10 in the BONUT2

1 Corinthians 10 in the BOPLNT

1 Corinthians 10 in the BOSCB

1 Corinthians 10 in the BOSNC

1 Corinthians 10 in the BOTLNT

1 Corinthians 10 in the BOVCB

1 Corinthians 10 in the BOYCB

1 Corinthians 10 in the BPBB

1 Corinthians 10 in the BPH

1 Corinthians 10 in the BSB

1 Corinthians 10 in the CCB

1 Corinthians 10 in the CUV

1 Corinthians 10 in the CUVS

1 Corinthians 10 in the DBT

1 Corinthians 10 in the DGDNT

1 Corinthians 10 in the DHNT

1 Corinthians 10 in the DNT

1 Corinthians 10 in the ELBE

1 Corinthians 10 in the EMTV

1 Corinthians 10 in the ESV

1 Corinthians 10 in the FBV

1 Corinthians 10 in the FEB

1 Corinthians 10 in the GGMNT

1 Corinthians 10 in the GNT

1 Corinthians 10 in the HARY

1 Corinthians 10 in the HNT

1 Corinthians 10 in the IRVA

1 Corinthians 10 in the IRVB

1 Corinthians 10 in the IRVG

1 Corinthians 10 in the IRVH

1 Corinthians 10 in the IRVK

1 Corinthians 10 in the IRVM

1 Corinthians 10 in the IRVM2

1 Corinthians 10 in the IRVO

1 Corinthians 10 in the IRVP

1 Corinthians 10 in the IRVT

1 Corinthians 10 in the IRVT2

1 Corinthians 10 in the IRVU

1 Corinthians 10 in the ISVN

1 Corinthians 10 in the JSNT

1 Corinthians 10 in the KAPI

1 Corinthians 10 in the KBT1ETNIK

1 Corinthians 10 in the KBV

1 Corinthians 10 in the KJV

1 Corinthians 10 in the KNFD

1 Corinthians 10 in the LBA

1 Corinthians 10 in the LBLA

1 Corinthians 10 in the LNT

1 Corinthians 10 in the LSV

1 Corinthians 10 in the MAAL

1 Corinthians 10 in the MBV

1 Corinthians 10 in the MBV2

1 Corinthians 10 in the MHNT

1 Corinthians 10 in the MKNFD

1 Corinthians 10 in the MNG

1 Corinthians 10 in the MNT

1 Corinthians 10 in the MNT2

1 Corinthians 10 in the MRS1T

1 Corinthians 10 in the NAA

1 Corinthians 10 in the NASB

1 Corinthians 10 in the NBLA

1 Corinthians 10 in the NBS

1 Corinthians 10 in the NBVTP

1 Corinthians 10 in the NET2

1 Corinthians 10 in the NIV11

1 Corinthians 10 in the NNT

1 Corinthians 10 in the NNT2

1 Corinthians 10 in the NNT3

1 Corinthians 10 in the PDDPT

1 Corinthians 10 in the PFNT

1 Corinthians 10 in the RMNT

1 Corinthians 10 in the SBIAS

1 Corinthians 10 in the SBIBS

1 Corinthians 10 in the SBIBS2

1 Corinthians 10 in the SBICS

1 Corinthians 10 in the SBIDS

1 Corinthians 10 in the SBIGS

1 Corinthians 10 in the SBIHS

1 Corinthians 10 in the SBIIS

1 Corinthians 10 in the SBIIS2

1 Corinthians 10 in the SBIIS3

1 Corinthians 10 in the SBIKS

1 Corinthians 10 in the SBIKS2

1 Corinthians 10 in the SBIMS

1 Corinthians 10 in the SBIOS

1 Corinthians 10 in the SBIPS

1 Corinthians 10 in the SBISS

1 Corinthians 10 in the SBITS

1 Corinthians 10 in the SBITS2

1 Corinthians 10 in the SBITS3

1 Corinthians 10 in the SBITS4

1 Corinthians 10 in the SBIUS

1 Corinthians 10 in the SBIVS

1 Corinthians 10 in the SBT

1 Corinthians 10 in the SBT1E

1 Corinthians 10 in the SCHL

1 Corinthians 10 in the SNT

1 Corinthians 10 in the SUSU

1 Corinthians 10 in the SUSU2

1 Corinthians 10 in the SYNO

1 Corinthians 10 in the TBIAOTANT

1 Corinthians 10 in the TBT1E

1 Corinthians 10 in the TBT1E2

1 Corinthians 10 in the TFTIP

1 Corinthians 10 in the TFTU

1 Corinthians 10 in the TGNTATF3T

1 Corinthians 10 in the THAI

1 Corinthians 10 in the TNFD

1 Corinthians 10 in the TNT

1 Corinthians 10 in the TNTIK

1 Corinthians 10 in the TNTIL

1 Corinthians 10 in the TNTIN

1 Corinthians 10 in the TNTIP

1 Corinthians 10 in the TNTIZ

1 Corinthians 10 in the TOMA

1 Corinthians 10 in the TTENT

1 Corinthians 10 in the UBG

1 Corinthians 10 in the UGV

1 Corinthians 10 in the UGV2

1 Corinthians 10 in the UGV3

1 Corinthians 10 in the VBL

1 Corinthians 10 in the VDCC

1 Corinthians 10 in the YALU

1 Corinthians 10 in the YAPE

1 Corinthians 10 in the YBVTP

1 Corinthians 10 in the ZBP