1 Thessalonians 2 (BEV)

1 Nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo ŋutɔ mienya ale si míaƒe mia gbɔ vava ɖe vi na mii. 2 Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi míeva ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí be míagblɔ nyanyui ma ke na mi togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã. 3 Eya ta miakpɔe adze sii be, míele mawunya gblɔm ɖe didi vɔ̃wo alo tameɖoɖo vɔ̃wo ta o. Ke boŋ míele egblɔm le anukwareɖiɖi kple dzitsinya nyui me. 4 Elabena míawo la míele nya la gblɔm abe dɔla siwo tso Mawu gbɔ, ame siwo dzi ko wòka ɖo be woagblɔ nyateƒe la ko ene; eya ta míetrɔ eƒe nya la ƒe akpa aɖeke be wòasɔ ɖe nyaselawo ƒe didi nu o, elabena míawo la, míesubɔa Mawu ɖeka hɔ̃ si dzroa amewo ƒe dzimesusuwo ƒe gogloƒe ke me. 5 Abe ale si mienya nyuie ene la, míedze agbagba zi ɖeka pɛ hã kpɔ be míahe mi va mía gbɔe to mia nu beble me o, eye Mawu ŋutɔ hã nya be menye ɖe míebua be míenye mia xɔlɔ̃wo ale be miana ga mí o. 6 Míebia kafukafu tso miawo alo ame bubu aɖeke gbɔ kpɔ o; evɔ abe Kristo ƒe apostolowo ene la, míedze na bubu tɔxɛ tso mia gbɔ hafi. 7 Le esia teƒe la, míegbɔ dzi ɖi na mi abe ale si vi dada gbɔa dzi ɖi doa nuɖuɖu na viawo eye wòléa be na wo ene. 8 Míelɔ̃ mi vevie eye míaƒe lɔlɔ̃ la de to ale gbegbe be míetsɔ Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖe ko vɛ na mi o ke boŋ míetsɔ miawo ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã kpe ɖe eŋuti na mi. 9 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mieɖo ŋku ale si míewɔ dɔ kple kutrikuku geɖe le mia dome la dzi oa? Zã kple keli míewɔa dɔ kple kutrikuku eye míetea fifia be míate ŋu akpɔ nu anɔ agbe ɖe edzi ale be míaganye agba na ame aɖeke le afi ma esi míele Mawu ƒe nyanyui la gblɔm le mia dome o. 10 Miawo ŋutɔ kple Mawu siaa mienye ɖasefowo na mí be míenɔ agbe dzadzɛ, kɔkɔe si ŋuti kpɔtsotso mele o la le mia dome. 11 Ɖe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa? Míeɖea kuku na mi, dea dzi ƒo na mi eye kura gɔ̃ hã la, míedina 12 tso mia si be miaƒe agbenɔnɔ naganye nuɖiaɖia na Mawu o, ke boŋ wòahe dzidzɔ vɛ na eya ame si yɔ mí va eƒe fiaɖuƒe la me be míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me. 13 Eye míadzudzɔ akpedada na Mawu ɖe esia ta o, elabena esi míegblɔ nyanyui la na mi la, miebu nya la abe nya siwo míawo ŋutɔ míesusu la ene o, ke boŋ miexɔe abe Nya si tso Mawu ŋutɔ gbɔ la ene, eye le nyateƒe me eya ŋutɔ gbɔe wòtso, eyata esi miexɔe se la etrɔ miaƒe agbenɔnɔ. 14 Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia yomedzenue nye be miawo hã miekpe fu abe ale si hame siwo le Yudea la kpee ene. Miawo ŋutɔ miaƒe dukɔmetɔwo ti mia yome abe ale si woawo hã kpe fu tso woawo ŋutɔ ƒe amewo Yudatɔwo, sime ene. 15 Esi wowu woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo vɔ la, woklã Aƒetɔ Yesu gɔ̃ hã ɖe atitsoga ŋuti, eye azɔ la, woti míawo hã yome kutɔkutɔe henya mí do goe le dua me. Wotsi tre ɖe Mawu kple amegbetɔ siaa ŋuti 16 eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne míagagblɔ nya la na Trɔ̃subɔlawo o, ɖe vɔvɔ̃ ta, be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe. Ale ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ. 17 Nɔvi lɔlɔ̃wo, esi míedzo le mia gbɔ le ɣeyiɣi kpui si va yi me la, míaƒe dziwo ya medzo le mia gbɔ o, ke míedze agbagba ɖe sia ɖe be míagava kpɔ mi ɖa gake mete ŋu dze edzi o. 18 Edzro mí vevie ŋutɔ be míava mia gbɔ eye nye, Paulo, medze agbagba zi geɖe be mava gake Satana meɖe mɔ na mí o. 19 Nu ka gɔ̃e míele agbe na? Nu kae na mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ mí eye wònye míaƒe fetu vavã kple fiakuku la? Miawoe! Ẽ, miahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí, ne mí katã míetsi tre ɖe míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkume ne etrɔ va. 20 Elabena miawoe nye míaƒe ŋutikɔkɔe kple dzidzɔ.

In Other Versions

1 Thessalonians 2 in the ANGEFD

1 Thessalonians 2 in the ANTPNG2D

1 Thessalonians 2 in the AS21

1 Thessalonians 2 in the BAGH

1 Thessalonians 2 in the BBPNG

1 Thessalonians 2 in the BBT1E

1 Thessalonians 2 in the BDS

1 Thessalonians 2 in the BHAD

1 Thessalonians 2 in the BIB

1 Thessalonians 2 in the BLPT

1 Thessalonians 2 in the BNT

1 Thessalonians 2 in the BNTABOOT

1 Thessalonians 2 in the BNTLV

1 Thessalonians 2 in the BOATCB

1 Thessalonians 2 in the BOATCB2

1 Thessalonians 2 in the BOBCV

1 Thessalonians 2 in the BOCNT

1 Thessalonians 2 in the BOECS

1 Thessalonians 2 in the BOGWICC

1 Thessalonians 2 in the BOHCB

1 Thessalonians 2 in the BOHCV

1 Thessalonians 2 in the BOHLNT

1 Thessalonians 2 in the BOHNTLTAL

1 Thessalonians 2 in the BOICB

1 Thessalonians 2 in the BOILNTAP

1 Thessalonians 2 in the BOITCV

1 Thessalonians 2 in the BOKCV

1 Thessalonians 2 in the BOKCV2

1 Thessalonians 2 in the BOKHWOG

1 Thessalonians 2 in the BOKSSV

1 Thessalonians 2 in the BOLCB

1 Thessalonians 2 in the BOLCB2

1 Thessalonians 2 in the BOMCV

1 Thessalonians 2 in the BONAV

1 Thessalonians 2 in the BONCB

1 Thessalonians 2 in the BONLT

1 Thessalonians 2 in the BONUT2

1 Thessalonians 2 in the BOPLNT

1 Thessalonians 2 in the BOSCB

1 Thessalonians 2 in the BOSNC

1 Thessalonians 2 in the BOTLNT

1 Thessalonians 2 in the BOVCB

1 Thessalonians 2 in the BOYCB

1 Thessalonians 2 in the BPBB

1 Thessalonians 2 in the BPH

1 Thessalonians 2 in the BSB

1 Thessalonians 2 in the CCB

1 Thessalonians 2 in the CUV

1 Thessalonians 2 in the CUVS

1 Thessalonians 2 in the DBT

1 Thessalonians 2 in the DGDNT

1 Thessalonians 2 in the DHNT

1 Thessalonians 2 in the DNT

1 Thessalonians 2 in the ELBE

1 Thessalonians 2 in the EMTV

1 Thessalonians 2 in the ESV

1 Thessalonians 2 in the FBV

1 Thessalonians 2 in the FEB

1 Thessalonians 2 in the GGMNT

1 Thessalonians 2 in the GNT

1 Thessalonians 2 in the HARY

1 Thessalonians 2 in the HNT

1 Thessalonians 2 in the IRVA

1 Thessalonians 2 in the IRVB

1 Thessalonians 2 in the IRVG

1 Thessalonians 2 in the IRVH

1 Thessalonians 2 in the IRVK

1 Thessalonians 2 in the IRVM

1 Thessalonians 2 in the IRVM2

1 Thessalonians 2 in the IRVO

1 Thessalonians 2 in the IRVP

1 Thessalonians 2 in the IRVT

1 Thessalonians 2 in the IRVT2

1 Thessalonians 2 in the IRVU

1 Thessalonians 2 in the ISVN

1 Thessalonians 2 in the JSNT

1 Thessalonians 2 in the KAPI

1 Thessalonians 2 in the KBT1ETNIK

1 Thessalonians 2 in the KBV

1 Thessalonians 2 in the KJV

1 Thessalonians 2 in the KNFD

1 Thessalonians 2 in the LBA

1 Thessalonians 2 in the LBLA

1 Thessalonians 2 in the LNT

1 Thessalonians 2 in the LSV

1 Thessalonians 2 in the MAAL

1 Thessalonians 2 in the MBV

1 Thessalonians 2 in the MBV2

1 Thessalonians 2 in the MHNT

1 Thessalonians 2 in the MKNFD

1 Thessalonians 2 in the MNG

1 Thessalonians 2 in the MNT

1 Thessalonians 2 in the MNT2

1 Thessalonians 2 in the MRS1T

1 Thessalonians 2 in the NAA

1 Thessalonians 2 in the NASB

1 Thessalonians 2 in the NBLA

1 Thessalonians 2 in the NBS

1 Thessalonians 2 in the NBVTP

1 Thessalonians 2 in the NET2

1 Thessalonians 2 in the NIV11

1 Thessalonians 2 in the NNT

1 Thessalonians 2 in the NNT2

1 Thessalonians 2 in the NNT3

1 Thessalonians 2 in the PDDPT

1 Thessalonians 2 in the PFNT

1 Thessalonians 2 in the RMNT

1 Thessalonians 2 in the SBIAS

1 Thessalonians 2 in the SBIBS

1 Thessalonians 2 in the SBIBS2

1 Thessalonians 2 in the SBICS

1 Thessalonians 2 in the SBIDS

1 Thessalonians 2 in the SBIGS

1 Thessalonians 2 in the SBIHS

1 Thessalonians 2 in the SBIIS

1 Thessalonians 2 in the SBIIS2

1 Thessalonians 2 in the SBIIS3

1 Thessalonians 2 in the SBIKS

1 Thessalonians 2 in the SBIKS2

1 Thessalonians 2 in the SBIMS

1 Thessalonians 2 in the SBIOS

1 Thessalonians 2 in the SBIPS

1 Thessalonians 2 in the SBISS

1 Thessalonians 2 in the SBITS

1 Thessalonians 2 in the SBITS2

1 Thessalonians 2 in the SBITS3

1 Thessalonians 2 in the SBITS4

1 Thessalonians 2 in the SBIUS

1 Thessalonians 2 in the SBIVS

1 Thessalonians 2 in the SBT

1 Thessalonians 2 in the SBT1E

1 Thessalonians 2 in the SCHL

1 Thessalonians 2 in the SNT

1 Thessalonians 2 in the SUSU

1 Thessalonians 2 in the SUSU2

1 Thessalonians 2 in the SYNO

1 Thessalonians 2 in the TBIAOTANT

1 Thessalonians 2 in the TBT1E

1 Thessalonians 2 in the TBT1E2

1 Thessalonians 2 in the TFTIP

1 Thessalonians 2 in the TFTU

1 Thessalonians 2 in the TGNTATF3T

1 Thessalonians 2 in the THAI

1 Thessalonians 2 in the TNFD

1 Thessalonians 2 in the TNT

1 Thessalonians 2 in the TNTIK

1 Thessalonians 2 in the TNTIL

1 Thessalonians 2 in the TNTIN

1 Thessalonians 2 in the TNTIP

1 Thessalonians 2 in the TNTIZ

1 Thessalonians 2 in the TOMA

1 Thessalonians 2 in the TTENT

1 Thessalonians 2 in the UBG

1 Thessalonians 2 in the UGV

1 Thessalonians 2 in the UGV2

1 Thessalonians 2 in the UGV3

1 Thessalonians 2 in the VBL

1 Thessalonians 2 in the VDCC

1 Thessalonians 2 in the YALU

1 Thessalonians 2 in the YAPE

1 Thessalonians 2 in the YBVTP

1 Thessalonians 2 in the ZBP