2 Corinthians 11 (BEV)

1 Mexɔ se be miagbɔ dzi ɖi ase nye movinya siwo gblɔm mele na mi. Miɖo to ne magblɔ nye dzimenyawo na mi. 2 Metsi dzi vevie ɖe mia ŋu be mianye Kristo ɖeka ko tɔ, eye mialɔ̃ Kristo ɖeka hɔ̃ ko tso dzi vavã me abe ale si ɖetugbi tsɔa eƒe lɔlɔ̃ naa ŋutsu si wotsɔe na be wòaɖe la ene. 3 Gake mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu bena ɖewohĩ la, ame aɖe ava ble mi eye wòatrɔ miaƒe susu ɖa tso Kristo gbɔ, abe ale si da dzeaye ma ble Eva le Eden bɔ mee ene. 4 Nu si ta mele esiawo gblɔm lae nye be edze nam be mia beble le bɔbɔe eye ne ame aɖe va mia gbɔ va ɖe gbeƒã Yesu bubu si to vovo tso esi ŋuti míefia nu mi le la gbɔ alo wòfia nu bubu sãa mi, alo ƒo nu tso gbɔgbɔ bubu aɖe si mesɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si miexɔ o ŋuti la, miexɔa ame ma dzi sena bɔbɔe. 5 Ke nye Paulo mexɔe se be, ame siwo nɔa wo ɖokuiwo yɔm be Mawu ƒe ame dɔdɔwo yewonye la, menyo wum le mɔ aɖeke nu o. 6 Ne nyemeɖea ami ɖe nye nuƒo abe ale si woawo wɔnɛ ene o hã la, menya nu si tututu gblɔm mele, elabena Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ me meƒoa nu le abe ale si miawo ŋutɔ mienya ene. 7 Azɔ esi meva mia gbɔ eye meɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la na mi le ɖokuibɔbɔɖeanyi blibo me eye nyemexɔ naneke le mia si o la, eyae nye nu vɔ̃ si mewɔ ɖe mia ŋu eya ta miebum ɖe naneke me oa? 8 Le ɣeyiɣi si mele gbeƒã ɖem le mia gbɔ la, hame bubuwoe nɔ dzinye kpɔm. Ale be wòva zu be mexɔ nu siwo hame bubuwo nam la hetsɔ wɔ dɔe le mia gbɔ. 9 Esi menɔ mia gbɔ eye nanewo va hiãm la nyemebia mi o, ke boŋ kristotɔ siwo tso Makedonia va gbɔnye lae tsɔ nu sia nu vɛ nam. Meɖoe be nyemanye agba na mi o, eya tae nyemebia pesewa ɖeka hã va se ɖe fifia o, eye nyemabia mi hã gbeɖegbeɖe o. 10 Abe ale si Kristo ƒe nyateƒe la le menye ene la, ame aɖeke mate ŋu atrɔ nye susu sia o eye mana nɔvi siwo katã le Akaya nutowo me la hã nanya nu le esia ŋuti. 11 Ame aɖe agblɔ be ɖe nyemelɔ̃ mi kristotɔwo o eya ta megblɔ esia ɖo gake mele eme nenema o elabena Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã nya be melɔ̃ mi vevie. 12 Ke mawɔ nu si meɖo la dzi be matsɔ ɖe ke le miaƒe apostolo siwo le adegbe ƒom bena yewo hã Mawu ƒe dɔ ko wɔm yewole abe míawo ke ene la te. 13 Nenɔ nyanya me na mi bena menye Mawue dɔ alakpa aʋatsopostolo mawo o. Alakpatɔwo wonye, eye wodze agbagba ble mi be Kristo ƒe apostolowo yewonye. 14 Esia mewɔ nuku nam o, elabena Satana ŋutɔ hã tea ŋu trɔa eɖokui ɣeaɖewoɣi abe Mawu ƒe dɔla ene. 15 Eya ta menye nu wɔnuku aɖeke wònye kura be Satana ƒe dɔlawo trɔ wo ɖokuiwo abe Kristo ƒe dɔlawo ene o. Gake le nuwuwu la woahe to na wo ɖe woƒe nuwɔnawo ta. 16 Megale kuku ɖem na mi be migabu be ɖe nyemenya ale si maƒo nui abe ame mawo ene o eye nenye be nyemenya ale si maƒo nui abe woawo ene o hã la, miɖe mɔ nam be maƒo nu abe abunɛtɔ ene eye nye hã maƒo adegbe vie abe woawo ene. 17 Adegbe sia ƒoƒo menye nu si Aƒetɔ la di tso asinye be mawɔ o gake mele eƒo ge abe ale si ame tagbɔmanɔsitɔ ƒoa nui ene. 18 Abe ale si ame geɖewo ƒoa adegbe be yewonye ame tɔxɛwo le xexeame ene la, nenema ke nye hã mele wɔwɔ ge fĩfĩ laa. 19 Miebe nunyalawoe yewonyea, gake mieɖoa to lãnyawo dzidzɔtɔe. 20 Mielɔ̃ wotsɔ mi wɔ kluviwoe woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi, wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi geka miekea nu o. 21 Enye ŋukpe nam be magblɔ be dzideƒo kple ŋusẽ mele asinye be maƒo nu nenema o, ke nu sia nu si ŋu woaƒo adegbe le la nye hã mate ŋu aƒo adegbe le nenema nu ma ŋu. Eye enye dada nam be megale nu ƒom abe lã ene. 22 Woƒoa adegbe be Hebritɔwo yewonye, nye hã Hebritɔ menye. Wobe Israelviwo yewonye, nye hã Israelvi menye, eye wobe Abraham ƒe dzidzimeviwoe yewonye, nye hã Abraham ƒe dzidzimevie menye. 23 Megala nu ƒom dadatɔe abe ame si ƒe tagbɔ da enea? Wobe Kristo ƒe subɔlawo yewonyea? Gake mesubɔa Kristo wu wo katã. Eye mewɔ dɔ wu wo elabena le Kristo ta wodem gaxɔ me zi geɖe, woƒom kutɔkutɔe eye ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã la, medea tsiẽƒe gagbɔna. 24 Yudatɔwo ƒom zi atɔ̃ sɔŋ, eye le ƒoƒo ɖe sia ɖe me la, woƒom zi blaetɔ̃-vɔ-aseike. 25 Romatɔwo hã ƒom zi etɔ̃ kple gakawo, eye woƒu kpem zi ɖeka. Menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ sɔŋ; ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã mege dze atsiaƒu me eye menɔ atsiaƒu gbanaa la me zã ɖeka kple ŋkeke ɖeka. 26 Mezɔ mɔ didi teɖeɖiameŋu geɖewo eye nye agbe ɖo xaxame le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me, gbedzi kple ƒudzi siaa. Nenema ke ame aɖewo siwo be yewonye nɔviwo le Kristo me evɔ mele eme nenema o hã do ŋɔdzi na nye agbe. 27 Le dɔwɔwɔ fũu ta la ɖeɖi tea ŋunye eye metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Dɔ kple tsikɔ wuam zi geɖe. Dɔƒe hã menɔa asinye o, eye le zã me la vuvɔ wɔam elabena avɔ titri menɔa asinye o. 28 Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, metsina dzodzodzoe enuenu tso hamewo ƒe tsitsi ɖe edzi ŋuti. 29 Ne ame aɖe le hame aɖe me si gbɔdzɔ la etena ɖe dzinye eye nye hã megbɔdzɔna enumake, eye ne hamevi aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wòdze anyi la, enana be nuxaxa yɔa nye dzi me. 30 Azɔ ne medi be maƒo adegbe la, ɖe ko maƒoe le nu siwo nana be ŋusẽ mele ŋunye o la ŋu. 31 Mawu, ame si nye Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, eye wòdze kafukafu tso mavɔ me yi mavɔ me la hã nya bena nyateƒe gblɔm mele. 32 Esi menɔ Damasko la, fia Areta ɖo asrafowo dua ƒe agbowo nu be woalém. 33 Gake nɔvi siwo le afi ma la de ka kusi ŋu eye wotsɔm da ɖe kusia me hetsɔ to do si le glia me la me eye mesi dzo le egbɔ. Ɖe esia mefia be ame geɖewo lɔ̃a nye nya oa?

In Other Versions

2 Corinthians 11 in the ANGEFD

2 Corinthians 11 in the ANTPNG2D

2 Corinthians 11 in the AS21

2 Corinthians 11 in the BAGH

2 Corinthians 11 in the BBPNG

2 Corinthians 11 in the BBT1E

2 Corinthians 11 in the BDS

2 Corinthians 11 in the BHAD

2 Corinthians 11 in the BIB

2 Corinthians 11 in the BLPT

2 Corinthians 11 in the BNT

2 Corinthians 11 in the BNTABOOT

2 Corinthians 11 in the BNTLV

2 Corinthians 11 in the BOATCB

2 Corinthians 11 in the BOATCB2

2 Corinthians 11 in the BOBCV

2 Corinthians 11 in the BOCNT

2 Corinthians 11 in the BOECS

2 Corinthians 11 in the BOGWICC

2 Corinthians 11 in the BOHCB

2 Corinthians 11 in the BOHCV

2 Corinthians 11 in the BOHLNT

2 Corinthians 11 in the BOHNTLTAL

2 Corinthians 11 in the BOICB

2 Corinthians 11 in the BOILNTAP

2 Corinthians 11 in the BOITCV

2 Corinthians 11 in the BOKCV

2 Corinthians 11 in the BOKCV2

2 Corinthians 11 in the BOKHWOG

2 Corinthians 11 in the BOKSSV

2 Corinthians 11 in the BOLCB

2 Corinthians 11 in the BOLCB2

2 Corinthians 11 in the BOMCV

2 Corinthians 11 in the BONAV

2 Corinthians 11 in the BONCB

2 Corinthians 11 in the BONLT

2 Corinthians 11 in the BONUT2

2 Corinthians 11 in the BOPLNT

2 Corinthians 11 in the BOSCB

2 Corinthians 11 in the BOSNC

2 Corinthians 11 in the BOTLNT

2 Corinthians 11 in the BOVCB

2 Corinthians 11 in the BOYCB

2 Corinthians 11 in the BPBB

2 Corinthians 11 in the BPH

2 Corinthians 11 in the BSB

2 Corinthians 11 in the CCB

2 Corinthians 11 in the CUV

2 Corinthians 11 in the CUVS

2 Corinthians 11 in the DBT

2 Corinthians 11 in the DGDNT

2 Corinthians 11 in the DHNT

2 Corinthians 11 in the DNT

2 Corinthians 11 in the ELBE

2 Corinthians 11 in the EMTV

2 Corinthians 11 in the ESV

2 Corinthians 11 in the FBV

2 Corinthians 11 in the FEB

2 Corinthians 11 in the GGMNT

2 Corinthians 11 in the GNT

2 Corinthians 11 in the HARY

2 Corinthians 11 in the HNT

2 Corinthians 11 in the IRVA

2 Corinthians 11 in the IRVB

2 Corinthians 11 in the IRVG

2 Corinthians 11 in the IRVH

2 Corinthians 11 in the IRVK

2 Corinthians 11 in the IRVM

2 Corinthians 11 in the IRVM2

2 Corinthians 11 in the IRVO

2 Corinthians 11 in the IRVP

2 Corinthians 11 in the IRVT

2 Corinthians 11 in the IRVT2

2 Corinthians 11 in the IRVU

2 Corinthians 11 in the ISVN

2 Corinthians 11 in the JSNT

2 Corinthians 11 in the KAPI

2 Corinthians 11 in the KBT1ETNIK

2 Corinthians 11 in the KBV

2 Corinthians 11 in the KJV

2 Corinthians 11 in the KNFD

2 Corinthians 11 in the LBA

2 Corinthians 11 in the LBLA

2 Corinthians 11 in the LNT

2 Corinthians 11 in the LSV

2 Corinthians 11 in the MAAL

2 Corinthians 11 in the MBV

2 Corinthians 11 in the MBV2

2 Corinthians 11 in the MHNT

2 Corinthians 11 in the MKNFD

2 Corinthians 11 in the MNG

2 Corinthians 11 in the MNT

2 Corinthians 11 in the MNT2

2 Corinthians 11 in the MRS1T

2 Corinthians 11 in the NAA

2 Corinthians 11 in the NASB

2 Corinthians 11 in the NBLA

2 Corinthians 11 in the NBS

2 Corinthians 11 in the NBVTP

2 Corinthians 11 in the NET2

2 Corinthians 11 in the NIV11

2 Corinthians 11 in the NNT

2 Corinthians 11 in the NNT2

2 Corinthians 11 in the NNT3

2 Corinthians 11 in the PDDPT

2 Corinthians 11 in the PFNT

2 Corinthians 11 in the RMNT

2 Corinthians 11 in the SBIAS

2 Corinthians 11 in the SBIBS

2 Corinthians 11 in the SBIBS2

2 Corinthians 11 in the SBICS

2 Corinthians 11 in the SBIDS

2 Corinthians 11 in the SBIGS

2 Corinthians 11 in the SBIHS

2 Corinthians 11 in the SBIIS

2 Corinthians 11 in the SBIIS2

2 Corinthians 11 in the SBIIS3

2 Corinthians 11 in the SBIKS

2 Corinthians 11 in the SBIKS2

2 Corinthians 11 in the SBIMS

2 Corinthians 11 in the SBIOS

2 Corinthians 11 in the SBIPS

2 Corinthians 11 in the SBISS

2 Corinthians 11 in the SBITS

2 Corinthians 11 in the SBITS2

2 Corinthians 11 in the SBITS3

2 Corinthians 11 in the SBITS4

2 Corinthians 11 in the SBIUS

2 Corinthians 11 in the SBIVS

2 Corinthians 11 in the SBT

2 Corinthians 11 in the SBT1E

2 Corinthians 11 in the SCHL

2 Corinthians 11 in the SNT

2 Corinthians 11 in the SUSU

2 Corinthians 11 in the SUSU2

2 Corinthians 11 in the SYNO

2 Corinthians 11 in the TBIAOTANT

2 Corinthians 11 in the TBT1E

2 Corinthians 11 in the TBT1E2

2 Corinthians 11 in the TFTIP

2 Corinthians 11 in the TFTU

2 Corinthians 11 in the TGNTATF3T

2 Corinthians 11 in the THAI

2 Corinthians 11 in the TNFD

2 Corinthians 11 in the TNT

2 Corinthians 11 in the TNTIK

2 Corinthians 11 in the TNTIL

2 Corinthians 11 in the TNTIN

2 Corinthians 11 in the TNTIP

2 Corinthians 11 in the TNTIZ

2 Corinthians 11 in the TOMA

2 Corinthians 11 in the TTENT

2 Corinthians 11 in the UBG

2 Corinthians 11 in the UGV

2 Corinthians 11 in the UGV2

2 Corinthians 11 in the UGV3

2 Corinthians 11 in the VBL

2 Corinthians 11 in the VDCC

2 Corinthians 11 in the YALU

2 Corinthians 11 in the YAPE

2 Corinthians 11 in the YBVTP

2 Corinthians 11 in the ZBP