Acts 19 (BEV)

1 Esime Apolo ganɔ Korinto la, Paulo hã zɔ mɔ to Terki nutowo me va ɖo Efeso. Ekpɔe be xɔsetɔ aɖewo le afi ma eye le woƒe nyamedzodzro me la, 2 Paulo bia wo se be, “Esi miezu kristotɔwo ɖe, miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe mia mea?”Ke woɖo eŋu be, “Ao, míexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o eye le nyateƒe me la, míese eŋkɔ hã kpɔ o. Nu kae wònye?” 3 Paulo yi dzi bia wo be, “Ekema nu ka dzie miexɔ se hafi wode mawutsi ta na mi?” Woɖo eŋu be, “Wode mawutsi ta na mí ɖe Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nufiafia nu.” 4 Nya sia mevivi na Paulo o ale wòfia wo be Yohanes Mawutsidetanamela ɖe ko wòwɔe be yeafia ale si ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ atrɔ va Mawu gbɔ eye emegbe la wòaxɔ Yesu Kristo ame si ƒe nya Yohanes gblɔ be ele vava ge la dzi ase ale be woade mawutsi ta nɛ ɖe eƒe ŋkɔ me. 5 Esi wose nya sia la wo katã wolɔ̃ eye Paulo gbugbɔ de mawutsi ta na wo ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. 6 Emegbe la, Paulo do gbe ɖa ɖe wo ta eye wòda asi ɖe wo dzi ale be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ge ɖe wo me, eye woƒo nu kple gbegbɔgblɔ bubuwo hegblɔ nya ɖi hã. 7 Ameawo ƒe xexlẽme nɔ ame wuieve. 8 Paulo nɔ Efeso ɣleti etɔ̃ nɔ mawunya gblɔm le Sabat dzi. Edzea agbagba ɣesiaɣi be yeagblɔ nu si dzi wòxɔ se le mawufiaɖuƒea ŋu kple nu si ta wòxɔ edzi se la afia eye wòtena kpɔna be yeaɖe nya me na amewo be woaxɔ Yesu dzi ase. 9 Ame aɖewo mexɔ eƒe nya o ale wotsi tre ɖe eŋu vevie hegblɔ busunya geɖe ɖe Kristo ŋu le dutoƒo, nu sia na be Paulo dzo le wo gbɔ. Ke ekplɔ ame siwo xɔ eƒe nya la ɖe asi yi Tirano Takpexɔa me afi si wòƒo nu na wo le gbe sia gbe. 10 Ewɔ nu sia ƒe eve sɔŋ ale be Yudatɔwo kple Helatɔ siwo katã le Ausia si le Terki nutoa me la katã se nyanyui la. 11 Mawu wɔ nukunu tɔxɛwo to Paulo ƒe asi dzi, 12 ale gbegbe be wòtsɔa takuviwo kple akɔtawuiwo kaa dɔnɔwo ŋu wohayana eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me. 13 Yudatɔ aɖewo hã nɔ tsatsam tso du me yi du me henɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me. Ame siawo va ɖo be yewoayɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃e kpɔ be adze edzi na yewo mahã? Woɖoe be ne yewotu ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, yewoado ɣli ɖe eta be, “Meɖe gbe na wò le Yesu Kristo, ame si ƒe nya gblɔm Paulo le la ƒe ŋkɔ me be nàdo go!” 14 Ame siwo nɔ nu sia wɔm la woe nye Yudatɔwo ƒe Osɔfo aɖe si woyɔna be Skeva la ƒe viŋutsuvi adreawo. 15 Wova ke ɖe ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la ŋu vavã eye wote kpɔ be yewoanya gbɔgbɔ vɔ̃a le Yesu ƒe ŋkɔ me. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la bia wo be, “Menya nu tso Yesu kple Paulo ŋu nyuie, ke miawo ɖe, ame kawoe mienye?” 16 Enumake edzo dze wo dometɔ eve dzi, ƒo wo de abi wo ŋu eye wòvuvu awu le wo ŋu ale be wosi do go le aƒea me amamae. 17 Nya sia kaka ɖe Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa dome le Efeso dua me. Ale vɔvɔ̃ tɔxɛ aɖe dze wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi eye wode bubu Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ŋu. 18 Ame geɖewo va eye woʋu woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me. 19 Ame aɖe siwo nye afakalawo la lɔ woƒe dzogbãlewo kple nu kpotokpotoewo vɛ eye wotɔ dzo wo le dutoƒo. Nu siwo wotɔ dzoe la ƒe home anɔ abe sidi akpe enyi ene. 20 Esia nye dzesi be mawunya xɔ aƒe le nutoa me vavã. 21 Emegbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dee Paulo me be, wòayi Hela nutome hafi atrɔ ayi Yerusalem. Eya ŋutɔ hã ɖoe be tso afi ma la ele be yeayi Roma hã. 22 Eɖo eƒe kpeɖeŋutɔ eve siwo nye Timotoe kple Erasto la ɖa be woadze ŋgɔ ayi Makedonia, Hela nutome, ke eya ŋutɔ gatsi Terki vie. 23 Ke le ɣemaɣi la, masɔmasɔ gã aɖe va Efeso dua me le kristotɔwo ta. 24 Ame si he masɔmasɔ sia vɛ lae nye Demetrio. Ame sia nye klosalonutula eye dɔwɔviwo nɔ esi fũ. Wonɔa Helatɔwo ƒe mawu, Diana, ƒe legbawo wɔm kple klosalo. 25 Gbe ɖeka la, Demetrio ƒo eƒe dɔwɔlawo kple ame siwo katã nye klosalonutulawo le dua me la nu ƒu eye wòƒo nu na wo ale “Mía tɔwo, miawo ŋutɔwo mienya be klosalonutudɔ siae míewɔna ɖuna. 26 Ke ele nyanya me na mi katã bena, Paulo va le tagbɔ gblẽm na amewo be mawu siwo wotsɔ asi wɔe la menye Mawu gbagbe o eye esia na be míaƒe dɔ megale edzi yim tututu le Efeso afii kple nutoa katã me o. 27 Azɔ medi be mianya be menye míaƒe dɔwɔna ɖeɖe tae mele nya siwo gblɔm o ke boŋ ele bɔbɔe be míaƒe mawu bubutɔ, Diana, subɔsubɔ dzi aɖe kpɔtɔ eye madidi o la, Diana, si nye mawugã si wosubɔna le mía ƒe nutome afii kple xexeame godoo la ƒe ŋkɔ abu keŋ.” 28 Nya sia de adã tame na ameha la ale wode asi ɣlidodo me sesĩe be, “Diana, Efesotɔwo ƒe mawu la, lolo loo!” 29 Ɣlidodo sia na be amewo va ƒo zi be yewoakpɔ nu si le edzi yim la ɖa eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, du blibo la katã tɔ zi. Ame sia ame ƒu du yi ƒuƒoƒea eye wolé Gayo kple Aristako ame siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhatiwo, be woadrɔ̃ ʋunu wo. 30 Paulo di vevie be yeadze wo yome ayi ƒuƒoƒea gake nusrɔ̃la bubuawo meɖe mɔ nɛ o. 31 Roma srafo siwo le nutoa me la dometɔ siwo nye Paulo xɔlɔ̃wo hã ɖo ame ɖe egbɔ gblɔ nɛ be megado ta ɖe afi ma o ne menye nenema o la eƒe agbe aɖo xaxa me. 32 Takpekpea ŋutɔ tɔ zi kɔtɔɔ. Ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya sia nya ƒomevi si dze eŋu la gblɔm. Vavã, wo dometɔ geɖe hã menya nu si tututu ta wova ƒo ƒu ɖe afi ma gɔ̃ hã o. 33 Yudatɔ aɖewo kpɔ Aleksandria ɖa le amewo dome eye enumake wohee do goe wòva tsi tre ɖe ameha la ŋkume. Ekɔ asi dzi eye ɖoɖoe zi, ale wòde asi nuƒoƒo me na wo. 34 Ke esi ameha la kpɔe dze sii be Yudatɔ wònye la, wogade asi ɣlidodo me be, “Diana, Efesotɔwo ƒe mawu la, lolo loo! Diana, Efesotɔwo ƒe Mawu la, lolo loo!” 35 Mlɔeba la, dudzikpɔla ble wo nu wozi ɖoɖoe ale wòƒo nu na wo gblɔ be, “Efesotɔwo, ame sia ame nya be Efeso du siae nye trɔ̃ gã Diana si ge tso dziƒo la ƒe du gã. 36 Le esia ta mehia be ne ame aɖe gblɔ nya bubu aɖe ko la, mianɔ ʋunyʋunya wɔm alea gbegbe o. 37 Ame siwo mielé va afii la mefi naneke le Diana ƒe gbedoxɔ me o eye womegblɔ nya gbegblẽ aɖeke ɖe Diana ŋu hã o. 38 Gake ne Demetrio kple eƒe hadɔwɔlawo kpɔ be nya aɖe le yewo kple ame siawo dome la ekema ɖe wòle na wo be woatsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃lawo hã le klalo be yewoadrɔ̃ nyaa na wo. 39 Ne nya bubu aɖe gali la, ekema woate ŋu ayi Dutakpekpea me aɖalé wo kpɔ. 40 Ke ne miekpɔ nyuie o la, Roma dziɖuɖua abia tso mía si be míana akɔnta le egbe ƒe ʋunyaʋunya si nu ta mele o la ŋu, eye nyemenya nya ka magblɔ ne wòva eme alea o.” 41 Ale dudzikpɔla la kaka ƒuƒoƒoa eye ame sia ame trɔ dzo yi aƒeme.

In Other Versions

Acts 19 in the ANGEFD

Acts 19 in the ANTPNG2D

Acts 19 in the AS21

Acts 19 in the BAGH

Acts 19 in the BBPNG

Acts 19 in the BBT1E

Acts 19 in the BDS

Acts 19 in the BHAD

Acts 19 in the BIB

Acts 19 in the BLPT

Acts 19 in the BNT

Acts 19 in the BNTABOOT

Acts 19 in the BNTLV

Acts 19 in the BOATCB

Acts 19 in the BOATCB2

Acts 19 in the BOBCV

Acts 19 in the BOCNT

Acts 19 in the BOECS

Acts 19 in the BOGWICC

Acts 19 in the BOHCB

Acts 19 in the BOHCV

Acts 19 in the BOHLNT

Acts 19 in the BOHNTLTAL

Acts 19 in the BOICB

Acts 19 in the BOILNTAP

Acts 19 in the BOITCV

Acts 19 in the BOKCV

Acts 19 in the BOKCV2

Acts 19 in the BOKHWOG

Acts 19 in the BOKSSV

Acts 19 in the BOLCB

Acts 19 in the BOLCB2

Acts 19 in the BOMCV

Acts 19 in the BONAV

Acts 19 in the BONCB

Acts 19 in the BONLT

Acts 19 in the BONUT2

Acts 19 in the BOPLNT

Acts 19 in the BOSCB

Acts 19 in the BOSNC

Acts 19 in the BOTLNT

Acts 19 in the BOVCB

Acts 19 in the BOYCB

Acts 19 in the BPBB

Acts 19 in the BPH

Acts 19 in the BSB

Acts 19 in the CCB

Acts 19 in the CUV

Acts 19 in the CUVS

Acts 19 in the DBT

Acts 19 in the DGDNT

Acts 19 in the DHNT

Acts 19 in the DNT

Acts 19 in the ELBE

Acts 19 in the EMTV

Acts 19 in the ESV

Acts 19 in the FBV

Acts 19 in the FEB

Acts 19 in the GGMNT

Acts 19 in the GNT

Acts 19 in the HARY

Acts 19 in the HNT

Acts 19 in the IRVA

Acts 19 in the IRVB

Acts 19 in the IRVG

Acts 19 in the IRVH

Acts 19 in the IRVK

Acts 19 in the IRVM

Acts 19 in the IRVM2

Acts 19 in the IRVO

Acts 19 in the IRVP

Acts 19 in the IRVT

Acts 19 in the IRVT2

Acts 19 in the IRVU

Acts 19 in the ISVN

Acts 19 in the JSNT

Acts 19 in the KAPI

Acts 19 in the KBT1ETNIK

Acts 19 in the KBV

Acts 19 in the KJV

Acts 19 in the KNFD

Acts 19 in the LBA

Acts 19 in the LBLA

Acts 19 in the LNT

Acts 19 in the LSV

Acts 19 in the MAAL

Acts 19 in the MBV

Acts 19 in the MBV2

Acts 19 in the MHNT

Acts 19 in the MKNFD

Acts 19 in the MNG

Acts 19 in the MNT

Acts 19 in the MNT2

Acts 19 in the MRS1T

Acts 19 in the NAA

Acts 19 in the NASB

Acts 19 in the NBLA

Acts 19 in the NBS

Acts 19 in the NBVTP

Acts 19 in the NET2

Acts 19 in the NIV11

Acts 19 in the NNT

Acts 19 in the NNT2

Acts 19 in the NNT3

Acts 19 in the PDDPT

Acts 19 in the PFNT

Acts 19 in the RMNT

Acts 19 in the SBIAS

Acts 19 in the SBIBS

Acts 19 in the SBIBS2

Acts 19 in the SBICS

Acts 19 in the SBIDS

Acts 19 in the SBIGS

Acts 19 in the SBIHS

Acts 19 in the SBIIS

Acts 19 in the SBIIS2

Acts 19 in the SBIIS3

Acts 19 in the SBIKS

Acts 19 in the SBIKS2

Acts 19 in the SBIMS

Acts 19 in the SBIOS

Acts 19 in the SBIPS

Acts 19 in the SBISS

Acts 19 in the SBITS

Acts 19 in the SBITS2

Acts 19 in the SBITS3

Acts 19 in the SBITS4

Acts 19 in the SBIUS

Acts 19 in the SBIVS

Acts 19 in the SBT

Acts 19 in the SBT1E

Acts 19 in the SCHL

Acts 19 in the SNT

Acts 19 in the SUSU

Acts 19 in the SUSU2

Acts 19 in the SYNO

Acts 19 in the TBIAOTANT

Acts 19 in the TBT1E

Acts 19 in the TBT1E2

Acts 19 in the TFTIP

Acts 19 in the TFTU

Acts 19 in the TGNTATF3T

Acts 19 in the THAI

Acts 19 in the TNFD

Acts 19 in the TNT

Acts 19 in the TNTIK

Acts 19 in the TNTIL

Acts 19 in the TNTIN

Acts 19 in the TNTIP

Acts 19 in the TNTIZ

Acts 19 in the TOMA

Acts 19 in the TTENT

Acts 19 in the UBG

Acts 19 in the UGV

Acts 19 in the UGV2

Acts 19 in the UGV3

Acts 19 in the VBL

Acts 19 in the VDCC

Acts 19 in the YALU

Acts 19 in the YAPE

Acts 19 in the YBVTP

Acts 19 in the ZBP