Acts 27 (BEV)

1 Mlɔeba la wowɔ dzadzraɖo vɔ be míadze mɔ ayi Roma kple meli. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio, si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie. 2 Míeɖo meli aɖe si tso Adramitio eye wòyina tɔtɔ ge ɖe Terki du geɖewo me la hedze mɔ. Helatɔ aɖe tso Tesalonika si woyɔna be Aristark la hã nɔ ʋua me kpli mí. 3 Le ŋkeke evea gbe la, míeve ɖo Sidɔn. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio, nyo dɔme na Paulo ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ. 4 Esi míegadze mɔ tso afi ma tete ko la, ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí eye esia wɔe be míete ŋu zɔ mɔ to afi si wòle be míato o ke boŋ míeto Kipro ƒukpo la ƒe anyiehe gome. Esia gɔmee nye be míeto ƒukpo la kple anyigba la ŋutɔ dome ale be yaa megaɖe fu na mí o. 5 Míeto Kilikia kple Pamfilia ŋu eye míeva ɖi go ɖe Mira le Likia nutome. 6 Le afi sia la míaƒe kplɔla la kpɔ Egipte tɔdziʋu aɖe si tso Aleksandria yina Italia eye míeɖoe. 7 Míenɔ tsia dzi eye míekpe fu ŋkeke geɖewo hafi va ɖo Knido gbɔ lɔƒo. Ya nɔ ƒoƒom sesĩe ale gbegbe be ɖe ko míegbɔ eme tso Salmon ʋudzeƒea ŋu heyi Kreta. 8 Míenɔ ahom gã sia me wònɔ fu ɖem na mí alea heto dziheƒuta ɖɔɖɔɖɔ va ɖo teƒe aɖe si woyɔna be Ʋudzeƒe Nyui la. Teƒe sia te ɖe Lasea dua ŋu. 9 Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo. Le ɣeyiɣi siawo me la, ƒudzimɔzɔzɔ yi didiƒewo menɔ bɔbɔe o elabena ƒea wu enu vɔ eye ɣeyiɣi sia mee ahom sesẽwo tuna le ƒu dzi. Paulo kpɔe dze sii alea ale wòyɔ tɔdziʋua kulawo hegblɔ na wo be, 10 “Amegãwo, edze nam abe ne míeyi míaƒe mɔzɔzɔ sia dzi fifia la, nya aɖe ava dzɔ ɖe mía dzi ene. Ɖewohĩ ʋua anyrɔ eye míaƒe agbawo abu, amewo axɔ abi eye ame aɖewo aku gɔ̃ hã.” 11 Ke asrafowo ame siwo ƒe kpɔkplɔ te gamenɔlawo nɔ la, meɖo to Paulo o ke boŋ wose tɔdziʋua kulawo ƒe amegã ƒe aɖaŋu boŋ. 12 Eye esi wonye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la me. Foenike ʋudzeƒe sia ka ɖe eme wu. Ʋudzeƒe Nyui la sã elabena etrɔ mo de anyieheɣetodoƒe kple dzieheɣetoɖoƒe. 13 Le ɣemaɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso dziehe gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo eye míedze mɔ henɔ goŋu tom to Kreta ŋkume kekeake. 14 Sẽ ko la yame trɔ zi ɖeka eye ahom sesẽ aɖe si woyɔna be anyieheɣetoɖoƒeya ƒo kpe mí tso ƒukpo la dzi. 15 Ahom la lɔ ʋua ɖe nu ale be ʋua kulawo ɖe asi le eŋu nɛ eye wòkplɔ mí dzoe. 16 Mlɔeba la, mieto ƒukpo sue aɖe si woyɔna be Kauda la godo eye to agbagbadzedze geɖe me la wohe tɔdziʋu sue si wotsi kae ɖe ʋu si míeɖo ŋu la 17 eye wobla tsɔdziʋu la sesĩe be wòagaʋanya alo anɔ ʋuʋum o. Tɔdziʋua kulawo nɔ vɔvɔ̃m be míaƒe ʋua ava ɖo ba alo asi ke le Afrika ƒe ƒuta eya ta woɖiɖi abalawo ale ya kɔ mí ɖe nu heyii. 18 Le ŋiufɔke esi ahom la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi la ʋua kulawo fɔ agbawo ƒu gbe ɖe ƒua me. 19 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la wofɔ dɔwɔnu siwo katã le ʋua me la hã ƒu gbe ɖe ƒua me. 20 Ahom la nu gasẽ ɖe edzi hena ŋkeke geɖewo eye míete ŋu kpɔ ɣe alo ɣletiviwo le dziŋgɔlĩ me gɔ̃ hã o. Esia na be míebu mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ. 21 Anɔ abe ŋkeke nanewo nye esi ene ame aɖeke meɖu naneke o, ke mlɔeba la, Paulo yɔ ʋua me nɔlawo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Ne wònye ɖe miese nye gbe eye míetsi Ʋudzeƒe Nyui la, anye ne dzɔgbevɔ̃e sia mava mía dzi o. 22 Ke milé dzi ɖe ƒo elabena togbɔ be tɔdziʋua anyrɔ hã la, mía dometɔ aɖeke mele tsɔtsrɔ̃ ge o.” 23 “Elabena le zã si va yi me la, nye Mawu si mesubɔna la ɖo eƒe dɔla ɖe gbɔnye wòva gblɔ nam be, 24 ‘Paulo, mègavɔ̃ o, elabena àva ɖo Kaisaro gbɔ dedie be wòadrɔ̃ ʋɔnu wò. Gawu la, Mawu se wò gbedodoɖa eya ta ame siwo katã le ʋua me kpli wo la atsi agbe.’ 25 Eya ta, nɔvinyewo, milé dzi ɖe ƒo, elabena mexɔ Mawu dzi se nyuie eye menyae be nu si wògblɔ la ava eme tututu.” 26 Ke ele na mí be míadze go ɖe ƒukpo aɖe dzi. 27 Tɔdziʋu la ƒe gbagbã le míaƒe ƒudzinɔnɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe zãtitina lɔƒo esi ahom la ganɔ mía nyamam le Adria ƒu me la, ʋua kulawo bu xaa be yewote ɖe anyigba aɖe ŋu. 28 Ale woda dzidzeka ɖe ƒua me, eye wokpɔ be tso ƒua dzi yi egɔme anɔ abe mita blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ ko ene. Sẽ la, wogadae eye azɔ la wokpɔ be anɔ afɔ blaasieke pɛ ko. 29 Ʋua kulawo nyae be madidi hafi míava ɖi go o, ke esi wonɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ míava ɖi go ɖe agakpewo dome ta la woda seke ene ɖe ʋua me henɔ agu ƒe dzedze lalam. 30 Ʋua kula aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoasi le tɔdziʋua me ale woɖiɖi tɔdziʋu sue la ɖe tsia dzi abe seke da ge woyina ene. 31 Ke Paulo gblɔ na asrafoawo kple woƒe amegã bena, “Mía tɔwo, ne mia dometɔ aɖe dzo le tɔdziʋua me la, matsi agbe o.” 32 Ale asrafoawo lã ka si wosa ɖe tɔdziʋu sue la ŋu be wòge dze tsia dzi. 33 Le fɔŋli me la, Paulo gblɔ na ameawo be, “Mía tɔwo, kwasiɖa eve sɔŋ enye esi ame aɖeke meɖu naneke o. 34 Eya ta meɖe kuku na mi, miɖe dzi ɖi ne miaɖu nu elabena naneke mele dzɔdzɔ ge ɖe mía dometɔ aɖeke dzi o.” 35 Azɔ Paulo ŋutɔ tsɔ abolo aɖe eye esi wòdo gbe ɖa da akpe ɖe eta vɔ la, eka ɖe heɖu. 36 Nu sia ŋusẽ ʋua me nɔlawo katã ale be ame sia ame di nane de nume azɔ. 37 Ʋua me nɔlawo katã ƒe xexlẽme anɔ ame alafa eve blaadre-vɔ-ade. 38 Esi woɖu nu ɖi ƒo vɔ la, wolɔ bli kotoku mamleawo katã ƒu gbe ɖe ƒua me be ʋua nanɔ wodzoe ale be wòaganyrɔ o. 39 Esi ŋu ke la, womekpɔ anyigba dze si o elabena afu do gake wokpɔ ƒuta ƒe afi aɖe ɖaa. Esia na be wonɔ tame bum be ɖe yewoate ŋu ato agakpeawo dome ava do ɖe go ŋu dedie hã. 40 Mlɔeba la, woɖoe be yewoatee akpɔ, ale wolã sekeawo hegblẽ wo ɖe ƒua me, wotu kuɖɔkawo hã eye wodo abala heɖo ta gota. 41 Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, tɔdziʋua si ke. Eƒe ŋgɔgbe lɔƒo tsi teƒe ɖeka ale be ahom la hã nɔ eƒe megbe lɔƒo kakam. 42 Esi wòdzɔ alea ko la, asrafoawo gblɔ na woƒe amegã be wòaɖe mɔ na yewo yewoawu gamemɔlawo katã ale be wo dometɔ aɖeke nagadzo dze ƒua me aƒu tsi asi dzo le yewo gbɔ o. 43 Ke le esi woƒe amegã Yulio di be yeaɖe Paulo ƒe agbe ta la, melɔ̃ ɖe woƒe susu si wodo ɖa la dzi o. Ke boŋ eɖe gbe be ame siwo nya tsiƒuƒu la nadze agbagba aƒu tsi ayi gota. 44 Ke ame mamlɛawo dometɔ aɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi eye bubuwo hã nanɔ ʋua ƒe kakɛwo dzi ayi gota. Ale ame sia ame dze agbagba alea ɖo gota dedie.

In Other Versions

Acts 27 in the ANGEFD

Acts 27 in the ANTPNG2D

Acts 27 in the AS21

Acts 27 in the BAGH

Acts 27 in the BBPNG

Acts 27 in the BBT1E

Acts 27 in the BDS

Acts 27 in the BHAD

Acts 27 in the BIB

Acts 27 in the BLPT

Acts 27 in the BNT

Acts 27 in the BNTABOOT

Acts 27 in the BNTLV

Acts 27 in the BOATCB

Acts 27 in the BOATCB2

Acts 27 in the BOBCV

Acts 27 in the BOCNT

Acts 27 in the BOECS

Acts 27 in the BOGWICC

Acts 27 in the BOHCB

Acts 27 in the BOHCV

Acts 27 in the BOHLNT

Acts 27 in the BOHNTLTAL

Acts 27 in the BOICB

Acts 27 in the BOILNTAP

Acts 27 in the BOITCV

Acts 27 in the BOKCV

Acts 27 in the BOKCV2

Acts 27 in the BOKHWOG

Acts 27 in the BOKSSV

Acts 27 in the BOLCB

Acts 27 in the BOLCB2

Acts 27 in the BOMCV

Acts 27 in the BONAV

Acts 27 in the BONCB

Acts 27 in the BONLT

Acts 27 in the BONUT2

Acts 27 in the BOPLNT

Acts 27 in the BOSCB

Acts 27 in the BOSNC

Acts 27 in the BOTLNT

Acts 27 in the BOVCB

Acts 27 in the BOYCB

Acts 27 in the BPBB

Acts 27 in the BPH

Acts 27 in the BSB

Acts 27 in the CCB

Acts 27 in the CUV

Acts 27 in the CUVS

Acts 27 in the DBT

Acts 27 in the DGDNT

Acts 27 in the DHNT

Acts 27 in the DNT

Acts 27 in the ELBE

Acts 27 in the EMTV

Acts 27 in the ESV

Acts 27 in the FBV

Acts 27 in the FEB

Acts 27 in the GGMNT

Acts 27 in the GNT

Acts 27 in the HARY

Acts 27 in the HNT

Acts 27 in the IRVA

Acts 27 in the IRVB

Acts 27 in the IRVG

Acts 27 in the IRVH

Acts 27 in the IRVK

Acts 27 in the IRVM

Acts 27 in the IRVM2

Acts 27 in the IRVO

Acts 27 in the IRVP

Acts 27 in the IRVT

Acts 27 in the IRVT2

Acts 27 in the IRVU

Acts 27 in the ISVN

Acts 27 in the JSNT

Acts 27 in the KAPI

Acts 27 in the KBT1ETNIK

Acts 27 in the KBV

Acts 27 in the KJV

Acts 27 in the KNFD

Acts 27 in the LBA

Acts 27 in the LBLA

Acts 27 in the LNT

Acts 27 in the LSV

Acts 27 in the MAAL

Acts 27 in the MBV

Acts 27 in the MBV2

Acts 27 in the MHNT

Acts 27 in the MKNFD

Acts 27 in the MNG

Acts 27 in the MNT

Acts 27 in the MNT2

Acts 27 in the MRS1T

Acts 27 in the NAA

Acts 27 in the NASB

Acts 27 in the NBLA

Acts 27 in the NBS

Acts 27 in the NBVTP

Acts 27 in the NET2

Acts 27 in the NIV11

Acts 27 in the NNT

Acts 27 in the NNT2

Acts 27 in the NNT3

Acts 27 in the PDDPT

Acts 27 in the PFNT

Acts 27 in the RMNT

Acts 27 in the SBIAS

Acts 27 in the SBIBS

Acts 27 in the SBIBS2

Acts 27 in the SBICS

Acts 27 in the SBIDS

Acts 27 in the SBIGS

Acts 27 in the SBIHS

Acts 27 in the SBIIS

Acts 27 in the SBIIS2

Acts 27 in the SBIIS3

Acts 27 in the SBIKS

Acts 27 in the SBIKS2

Acts 27 in the SBIMS

Acts 27 in the SBIOS

Acts 27 in the SBIPS

Acts 27 in the SBISS

Acts 27 in the SBITS

Acts 27 in the SBITS2

Acts 27 in the SBITS3

Acts 27 in the SBITS4

Acts 27 in the SBIUS

Acts 27 in the SBIVS

Acts 27 in the SBT

Acts 27 in the SBT1E

Acts 27 in the SCHL

Acts 27 in the SNT

Acts 27 in the SUSU

Acts 27 in the SUSU2

Acts 27 in the SYNO

Acts 27 in the TBIAOTANT

Acts 27 in the TBT1E

Acts 27 in the TBT1E2

Acts 27 in the TFTIP

Acts 27 in the TFTU

Acts 27 in the TGNTATF3T

Acts 27 in the THAI

Acts 27 in the TNFD

Acts 27 in the TNT

Acts 27 in the TNTIK

Acts 27 in the TNTIL

Acts 27 in the TNTIN

Acts 27 in the TNTIP

Acts 27 in the TNTIZ

Acts 27 in the TOMA

Acts 27 in the TTENT

Acts 27 in the UBG

Acts 27 in the UGV

Acts 27 in the UGV2

Acts 27 in the UGV3

Acts 27 in the VBL

Acts 27 in the VDCC

Acts 27 in the YALU

Acts 27 in the YAPE

Acts 27 in the YBVTP

Acts 27 in the ZBP