Ephesians 6 (BEV)
1 Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le teƒe. 2 “Bu fofowò kple dawò” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo 3 “be woadze edzi na wò nyuie eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi.” 4 Mi fofowo la migado dziku na mia viwo o, ke boŋ mihe wo eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me. 5 Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe aƒetɔwo; miwɔ nu nyuitɔ ko ɣesiaɣi be woakpɔ ŋudzedze le mia ŋuti. Misubɔ wo abe ale si miasubɔ Kristoe ene. 6 Migawɔ ameŋkumenu, awɔ dɔ kple ŋusẽ nenye be miaƒe aƒetɔ li o, ke boŋ abe Kristo ƒe kluviwo ene to Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me tso miaƒe dzi me ke. 7 Misubɔ tso dzi blibo me ke abe Aƒetɔ la subɔm miele ene ke menye amegbetɔ o. 8 Miɖo ŋku edzi be, Aƒetɔ la axe fe na mi ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui si miawɔ la ta, èɖanye ablɔɖevi alo kluvi o. 9 Mi aƒetɔwo la, miwɔ nu dzɔdzɔeto ko ɖe miaƒe kluviwo ŋuti abe ale si megblɔ na woawo hã be woawɔ na mi ene. Miganɔ ŋɔdzi dom na wo o. Miɖo ŋku edzi be miawo ŋutɔwo hã mienye Kristo ƒe kluviwo. Aƒetɔ ɖeka ma kee le mi kple kluviawo siaa nu, eye Aƒetɔ sia mekpɔa ame aɖeke ƒe ŋkume o. 10 Mlɔeba la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be, ele be miaƒe ŋusẽ natso Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la me. 11 Mitsɔ Mawu ƒe akpoxɔnuwo katã kpla ale be miate ŋu anɔ te ɖe Satana ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu. 12 Elabena menye amegbetɔ siwo nye ŋutilã kple ʋu lae míele aʋa wɔm kpli o, ke boŋ kple ame siwo ŋu ŋutilã mele o. Ame siawoe nye gbɔgbɔ siwo womekpɔna kple ŋku o la ƒe dziɖula vɔ̃ɖi siwo nye Satana ƒe dɔla ŋusẽtɔ gãwo, vivimefiavi vɔ̃ɖi siwo le xexe sia me dzi ɖum. Hekpe ɖe esia ŋu la, míegale aʋa wɔm kple gbɔgbɔ vɔ̃ɖi nyanyra ha gã aɖe siwo le gbɔgbɔ ƒe xexeame. 13 Eya ta miwɔ Mawu ƒe akpoxɔnu ɖe sia ɖe ŋutidɔ be miate ŋu anɔ te ɖe futɔ la nu ɣesiaɣi si wòlũ ɖe mia dzi, eye ne miewɔ aʋa la vɔ la, miaganɔ te sesĩe kokoko. 14 Be miate ŋu awɔ nu si megblɔ la, ele be miatsɔ nyateƒe la abla alidzii, abe alidziblaka ene eye miatsɔ Mawu ƒe gbedziwɔwɔ atsyɔ akɔta abe akɔtakpoxɔnu ene. 15 Mido afɔkpa siwo ana be miaɖe abla ne miele Mawu ƒe ŋutifafa ƒe nyanyui la kakam. 16 Le aʋa ɖe sia aɖe me la, mitsɔ xɔse wɔ miaƒe akpoxɔnui be wòaxɔ Satana ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛ siwo dam wòle ɖo ɖe mi. 17 Mitsɔ ɖeɖekpɔkpɔ ɖɔ abe gakuku ene eye milé Gbɔgbɔ la ƒe yi si nye Mawu ƒe nya la ɖe asi. 18 Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mibia nu sia nu si miedi la Mawu, gake miaƒe didiwo nasɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe lɔlɔ̃nu dzi. Minɔ kukuɖeɖe dzi nɛ ɖaa, eye miɖo ŋku miaƒe hiahiãwo dzi nɛ ɣesiaɣi. Mido gbe ɖa atraɖii ɖe kristotɔ siwo katã le afi sia afi la ta. 19 Mido gbe ɖa ɖe nye ŋutɔ hã ta, eye miabia Mawu be wòana nya nyuitɔwom ne mele nu ƒom dzideƒotɔe na amewo tso Aƒetɔ la ŋuti kple ne mele nya me ɖem na Trɔ̃subɔlawo be, Aƒetɔ la ƒe ɖeɖe do na woawo hã. 20 Fifi laa la, mele gaxɔ me ɖe Mawu ƒe gbedeasi sia gbɔgblɔ ta. Gake mido gbe ɖa be, manɔ gbeƒãɖeɖe nya la dzi kple dzideƒo ɣesiaɣi abe ale si wòdzem ene le gaxɔ me afii gɔ̃ hã. 21 Tikiko, ame si nye nɔvi lɔlɔ̃a kple kpeɖeŋutɔ nuteƒewɔla le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me la agblɔ nu siwo katã le edzi yim kplim la na mi. 22 Susu sia dzaa ta koe mele edɔm ɖo ɖe mia gbɔ be, wòagblɔ na mi be míeli nyuie ale be eƒe ɖaseɖiɖi la nade dzi ƒo na mi. 23 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse si tso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi. 24 Mawu ƒe amenuveve kpla yayra nanɔ ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ Yesu Kristo ɖika ɖika la dzi.
In Other Versions
Ephesians 6 in the ANGEFD
Ephesians 6 in the ANTPNG2D
Ephesians 6 in the AS21
Ephesians 6 in the BAGH
Ephesians 6 in the BBPNG
Ephesians 6 in the BBT1E
Ephesians 6 in the BDS
Ephesians 6 in the BHAD
Ephesians 6 in the BIB
Ephesians 6 in the BLPT
Ephesians 6 in the BNT
Ephesians 6 in the BNTABOOT
Ephesians 6 in the BNTLV
Ephesians 6 in the BOATCB
Ephesians 6 in the BOATCB2
Ephesians 6 in the BOBCV
Ephesians 6 in the BOCNT
Ephesians 6 in the BOECS
Ephesians 6 in the BOGWICC
Ephesians 6 in the BOHCB
Ephesians 6 in the BOHCV
Ephesians 6 in the BOHLNT
Ephesians 6 in the BOHNTLTAL
Ephesians 6 in the BOICB
Ephesians 6 in the BOILNTAP
Ephesians 6 in the BOITCV
Ephesians 6 in the BOKCV
Ephesians 6 in the BOKCV2
Ephesians 6 in the BOKHWOG
Ephesians 6 in the BOKSSV
Ephesians 6 in the BOLCB
Ephesians 6 in the BOLCB2
Ephesians 6 in the BOMCV
Ephesians 6 in the BONAV
Ephesians 6 in the BONCB
Ephesians 6 in the BONLT
Ephesians 6 in the BONUT2
Ephesians 6 in the BOPLNT
Ephesians 6 in the BOSCB
Ephesians 6 in the BOSNC
Ephesians 6 in the BOTLNT
Ephesians 6 in the BOVCB
Ephesians 6 in the BOYCB
Ephesians 6 in the BPBB
Ephesians 6 in the BPH
Ephesians 6 in the BSB
Ephesians 6 in the CCB
Ephesians 6 in the CUV
Ephesians 6 in the CUVS
Ephesians 6 in the DBT
Ephesians 6 in the DGDNT
Ephesians 6 in the DHNT
Ephesians 6 in the DNT
Ephesians 6 in the ELBE
Ephesians 6 in the EMTV
Ephesians 6 in the ESV
Ephesians 6 in the FBV
Ephesians 6 in the FEB
Ephesians 6 in the GGMNT
Ephesians 6 in the GNT
Ephesians 6 in the HARY
Ephesians 6 in the HNT
Ephesians 6 in the IRVA
Ephesians 6 in the IRVB
Ephesians 6 in the IRVG
Ephesians 6 in the IRVH
Ephesians 6 in the IRVK
Ephesians 6 in the IRVM
Ephesians 6 in the IRVM2
Ephesians 6 in the IRVO
Ephesians 6 in the IRVP
Ephesians 6 in the IRVT
Ephesians 6 in the IRVT2
Ephesians 6 in the IRVU
Ephesians 6 in the ISVN
Ephesians 6 in the JSNT
Ephesians 6 in the KAPI
Ephesians 6 in the KBT1ETNIK
Ephesians 6 in the KBV
Ephesians 6 in the KJV
Ephesians 6 in the KNFD
Ephesians 6 in the LBA
Ephesians 6 in the LBLA
Ephesians 6 in the LNT
Ephesians 6 in the LSV
Ephesians 6 in the MAAL
Ephesians 6 in the MBV
Ephesians 6 in the MBV2
Ephesians 6 in the MHNT
Ephesians 6 in the MKNFD
Ephesians 6 in the MNG
Ephesians 6 in the MNT
Ephesians 6 in the MNT2
Ephesians 6 in the MRS1T
Ephesians 6 in the NAA
Ephesians 6 in the NASB
Ephesians 6 in the NBLA
Ephesians 6 in the NBS
Ephesians 6 in the NBVTP
Ephesians 6 in the NET2
Ephesians 6 in the NIV11
Ephesians 6 in the NNT
Ephesians 6 in the NNT2
Ephesians 6 in the NNT3
Ephesians 6 in the PDDPT
Ephesians 6 in the PFNT
Ephesians 6 in the RMNT
Ephesians 6 in the SBIAS
Ephesians 6 in the SBIBS
Ephesians 6 in the SBIBS2
Ephesians 6 in the SBICS
Ephesians 6 in the SBIDS
Ephesians 6 in the SBIGS
Ephesians 6 in the SBIHS
Ephesians 6 in the SBIIS
Ephesians 6 in the SBIIS2
Ephesians 6 in the SBIIS3
Ephesians 6 in the SBIKS
Ephesians 6 in the SBIKS2
Ephesians 6 in the SBIMS
Ephesians 6 in the SBIOS
Ephesians 6 in the SBIPS
Ephesians 6 in the SBISS
Ephesians 6 in the SBITS
Ephesians 6 in the SBITS2
Ephesians 6 in the SBITS3
Ephesians 6 in the SBITS4
Ephesians 6 in the SBIUS
Ephesians 6 in the SBIVS
Ephesians 6 in the SBT
Ephesians 6 in the SBT1E
Ephesians 6 in the SCHL
Ephesians 6 in the SNT
Ephesians 6 in the SUSU
Ephesians 6 in the SUSU2
Ephesians 6 in the SYNO
Ephesians 6 in the TBIAOTANT
Ephesians 6 in the TBT1E
Ephesians 6 in the TBT1E2
Ephesians 6 in the TFTIP
Ephesians 6 in the TFTU
Ephesians 6 in the TGNTATF3T
Ephesians 6 in the THAI
Ephesians 6 in the TNFD
Ephesians 6 in the TNT
Ephesians 6 in the TNTIK
Ephesians 6 in the TNTIL
Ephesians 6 in the TNTIN
Ephesians 6 in the TNTIP
Ephesians 6 in the TNTIZ
Ephesians 6 in the TOMA
Ephesians 6 in the TTENT
Ephesians 6 in the UBG
Ephesians 6 in the UGV
Ephesians 6 in the UGV2
Ephesians 6 in the UGV3
Ephesians 6 in the VBL
Ephesians 6 in the VDCC
Ephesians 6 in the YALU
Ephesians 6 in the YAPE
Ephesians 6 in the YBVTP
Ephesians 6 in the ZBP