Galatians 2 (BEV)

1 Le ƒe wuieve megbe la, megayi Yerusalem. Azɔ la, mekplɔ Barnaba ɖe asi eye Tito hã va. 2 Meyi le Mawu ƒe gbeɖeɖe nam nu be mayi aɖawɔ takpekpe kple nɔvi siwo le afi ma tso gbeƒã si ɖem menɔ na Trɔ̃subɔlawo la, ŋu. Meƒo nu kple hamedzikpɔlawo ɖeɖe ko ale be woase nu si tututu fiam menɔ la gɔme eye menɔ mɔ kpɔm be woalɔ̃ ɖe edzi be nye nufiafia nye nyateƒe. 3 Wolɔ̃ ɖe edzi hã. Womezi Tito, nye kpeɖeŋutɔ dzi be woatso aʋa nɛ gɔ̃ hã o, togbɔ be Tito menye Yudatɔ o hã. 4 Ame aɖewo nɔ afi ma siwo yɔa wo ɖokuiwo be “Kristotɔwo,” ke wonye alakpatɔwo. Ame siawo va be yewoafi ŋku akpɔ mí eye yewoase nu tso ablɔɖe si míena mía ɖokuiwo tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me ŋuti. Ne menye ame siawo tae o la, ne aʋatsotso ƒe nya gɔ̃ hã medo ta ɖa o. Wodi be yewoatsɔ yewoƒe sewo abla mí abe ale si kluviwo nɔa kɔsɔkɔsɔwo me ene. 5 Ke míeɖo to wo kura o, elabena míedi be míaflu mi, ana miabu be ame ate ŋu akpɔ ɖeɖe to aʋatsotso kple Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o. 6 Naneke menɔ hamea dzikpɔla gã siwo nɔ afi ma la si woatsɔ akpe gbeƒã si menɔ ɖeɖem o. Nyemetsɔ ɖeke le woƒe hamedzikpɔla gãwo nyenye me o, elabena amewo katã sɔ le Mawu ŋkume. 7 Ke boŋ wokpɔe be wotsɔ nyanyui la gbɔgblɔ na Trɔ̃subɔlawo ƒe dɔ de asi nam, abe ale si wotsɔ Yudatɔwo tɔ de asi na Petro hã ene. 8 Elabena Mawu, ame si li kple Petro le eƒe dɔwɔwɔ me abe apostolo na Yudatɔwo ene la, eya kee li kpli nye hã le nye dɔwɔwɔ me abe apostolo na Trɔ̃subɔlawo ene. 9 Yakobo, Petro kple Yohanes, ame siwo amewo buna be wonye sɔtiwo na hamea la, wona habɔbɔ ƒe asi nye kple Barnaba esi wokpɔ amenuveve si wona mí la dzesii. Wolɔ̃ hã be míawo míayi Trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi Yudatɔwo gbɔ. 10 Nya ɖeka si ko wogblɔe nye be ele be míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be míakpe ɖe ame dahewo ŋu. Nye ŋutɔ hã metsi dzi ɖe nu sia ŋu. 11 Ke esi Petro va Antioxia la, eva hiã be matsi tsitre ɖe eŋu sesĩe le amewo ŋkume eye mahe nya ɖe eŋu vevie le nu masɔmasɔ si wɔm wònɔ la ta. 12 Esi wò ɖo tetee la, eɖu nu kple kristotɔ siwo menye Yudatɔwo o, ame siwo mebui be mele be woatso aʋa kokoko eye woalé Yudatɔwo ƒe se bubu geɖewo me ɖe asi o. Ke emegbe la, esi Yudatɔ aɖewo, ame siwo nye Yakobo xɔlɔ̃wo va la, megalɔ̃ be yeaɖu nu kple wo o, elabena enɔ vɔvɔ̃m na nu si ame siawo, siwo lé Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi sesĩe eye wogblɔna be aʋatsotso le vevie na ɖeɖekpɔkpɔ la agblɔ. 13 Ale kristotɔ bubuawo katã, ame siwo nye Yudatɔwo la zu alakpanuwɔlawo. Barnaba gɔ̃ hã nɔ ame siawo dome. Wodze Petro ƒe kpɔɖeŋu yome le esime wonya nu wu ema hafi. 14 Esi mekpɔ nu si nɔ edzi yim eye mede dzesii be womenɔ nyateƒe tom tututu le nu si woxɔ se ŋuti o, eye womenɔ zɔɔzɔm ɖe nyateƒe si le nyanyui la me nu o la, megblɔ na Petro le ame bubuawo katã ŋkume be, “Togbɔ be ènye Yudatɔ dzidzia hã la, èɖe asi le Yudatɔwo ƒe sewo ŋu xoxoxo; eya ta nu ka tae nètrɔ kpata hele didim be yeana ame siawo, ame siwo menye Yudatɔwo o la, nawɔ seawo dzi mahã? 15 Nye kple wò siaa míenye Yudatɔ dzidziawo; menye Trɔ̃subɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla dzodzrowo míenyee o. 16 Ke mí kristotɔ siwo nye Yudatɔwo la, míenyae nyuie be míate ŋu adze Mawu ŋu to Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, ke boŋ to Yesu Kristo ame si ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ɖa la dzixɔse ɖeɖe ko me. Ale míawo hã míeɖo ŋu ɖe Yesu Kristo ŋu be Mawu axɔ mí le xɔse ta, eye menye be míewɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi ta o. Elabena ame aɖeke makpɔ xɔxɔ le seawo dzi wɔwɔ ta akpɔ o.” 17 Ke ne míexɔ Kristo dzi se be aɖe mí eye míedze sii be míeda vo eya ta míate ŋu akpɔ ɖeɖe o, negbe ɖe ko wotso aʋa na mí eye míewɔ Yudatɔwo ƒe se bubuawo dzi hafi la, ɖe mele be míagblɔ be Kristo dzixɔsee na míedza vo oa? Gbeɖe, Mawu nana be ame aɖeke nabu nu sia tɔgbi ɖe míaƒe Aƒetɔ la ŋu o. 18 Míanye nu vɔ̃ wɔlawo ne míagadze dzixɔse xoxo siwo mele agbagba dzem be maɖe ɖa la me léle ɖe asi gɔme, anɔ bubum be Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ana míakpɔ ɖeɖe. 19 Elabena to Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la xexelẽ mee meto va nya be nyemate ŋu adze Mawu ŋu gbeɖe to agbagbadzedze be mawɔ seawo dzi me o, elabena medana ƒu. Meva dzesii bena, míate ŋu adze Mawu ŋu to Kristo dzixɔse me ko. 20 Woklãm ɖe ati ŋu kple Kristo eye nye ŋutɔ nyemegale agbe o ke boŋ Kristo le agbe le menye. Agbe si tututu le menye fifia la tso ale si mexɔ Mawu Vi la dzi se la gbɔ, ame si lɔ̃m eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye. 21 Nyemenye ame siwo bua Kristo ƒe ku abe nu si ŋu gɔmesese aɖeke mele o ene la dometɔ ɖeka o. Elabena ne Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe mí la, ekema mehiã be Kristo naku o.

In Other Versions

Galatians 2 in the ANGEFD

Galatians 2 in the ANTPNG2D

Galatians 2 in the AS21

Galatians 2 in the BAGH

Galatians 2 in the BBPNG

Galatians 2 in the BBT1E

Galatians 2 in the BDS

Galatians 2 in the BHAD

Galatians 2 in the BIB

Galatians 2 in the BLPT

Galatians 2 in the BNT

Galatians 2 in the BNTABOOT

Galatians 2 in the BNTLV

Galatians 2 in the BOATCB

Galatians 2 in the BOATCB2

Galatians 2 in the BOBCV

Galatians 2 in the BOCNT

Galatians 2 in the BOECS

Galatians 2 in the BOGWICC

Galatians 2 in the BOHCB

Galatians 2 in the BOHCV

Galatians 2 in the BOHLNT

Galatians 2 in the BOHNTLTAL

Galatians 2 in the BOICB

Galatians 2 in the BOILNTAP

Galatians 2 in the BOITCV

Galatians 2 in the BOKCV

Galatians 2 in the BOKCV2

Galatians 2 in the BOKHWOG

Galatians 2 in the BOKSSV

Galatians 2 in the BOLCB

Galatians 2 in the BOLCB2

Galatians 2 in the BOMCV

Galatians 2 in the BONAV

Galatians 2 in the BONCB

Galatians 2 in the BONLT

Galatians 2 in the BONUT2

Galatians 2 in the BOPLNT

Galatians 2 in the BOSCB

Galatians 2 in the BOSNC

Galatians 2 in the BOTLNT

Galatians 2 in the BOVCB

Galatians 2 in the BOYCB

Galatians 2 in the BPBB

Galatians 2 in the BPH

Galatians 2 in the BSB

Galatians 2 in the CCB

Galatians 2 in the CUV

Galatians 2 in the CUVS

Galatians 2 in the DBT

Galatians 2 in the DGDNT

Galatians 2 in the DHNT

Galatians 2 in the DNT

Galatians 2 in the ELBE

Galatians 2 in the EMTV

Galatians 2 in the ESV

Galatians 2 in the FBV

Galatians 2 in the FEB

Galatians 2 in the GGMNT

Galatians 2 in the GNT

Galatians 2 in the HARY

Galatians 2 in the HNT

Galatians 2 in the IRVA

Galatians 2 in the IRVB

Galatians 2 in the IRVG

Galatians 2 in the IRVH

Galatians 2 in the IRVK

Galatians 2 in the IRVM

Galatians 2 in the IRVM2

Galatians 2 in the IRVO

Galatians 2 in the IRVP

Galatians 2 in the IRVT

Galatians 2 in the IRVT2

Galatians 2 in the IRVU

Galatians 2 in the ISVN

Galatians 2 in the JSNT

Galatians 2 in the KAPI

Galatians 2 in the KBT1ETNIK

Galatians 2 in the KBV

Galatians 2 in the KJV

Galatians 2 in the KNFD

Galatians 2 in the LBA

Galatians 2 in the LBLA

Galatians 2 in the LNT

Galatians 2 in the LSV

Galatians 2 in the MAAL

Galatians 2 in the MBV

Galatians 2 in the MBV2

Galatians 2 in the MHNT

Galatians 2 in the MKNFD

Galatians 2 in the MNG

Galatians 2 in the MNT

Galatians 2 in the MNT2

Galatians 2 in the MRS1T

Galatians 2 in the NAA

Galatians 2 in the NASB

Galatians 2 in the NBLA

Galatians 2 in the NBS

Galatians 2 in the NBVTP

Galatians 2 in the NET2

Galatians 2 in the NIV11

Galatians 2 in the NNT

Galatians 2 in the NNT2

Galatians 2 in the NNT3

Galatians 2 in the PDDPT

Galatians 2 in the PFNT

Galatians 2 in the RMNT

Galatians 2 in the SBIAS

Galatians 2 in the SBIBS

Galatians 2 in the SBIBS2

Galatians 2 in the SBICS

Galatians 2 in the SBIDS

Galatians 2 in the SBIGS

Galatians 2 in the SBIHS

Galatians 2 in the SBIIS

Galatians 2 in the SBIIS2

Galatians 2 in the SBIIS3

Galatians 2 in the SBIKS

Galatians 2 in the SBIKS2

Galatians 2 in the SBIMS

Galatians 2 in the SBIOS

Galatians 2 in the SBIPS

Galatians 2 in the SBISS

Galatians 2 in the SBITS

Galatians 2 in the SBITS2

Galatians 2 in the SBITS3

Galatians 2 in the SBITS4

Galatians 2 in the SBIUS

Galatians 2 in the SBIVS

Galatians 2 in the SBT

Galatians 2 in the SBT1E

Galatians 2 in the SCHL

Galatians 2 in the SNT

Galatians 2 in the SUSU

Galatians 2 in the SUSU2

Galatians 2 in the SYNO

Galatians 2 in the TBIAOTANT

Galatians 2 in the TBT1E

Galatians 2 in the TBT1E2

Galatians 2 in the TFTIP

Galatians 2 in the TFTU

Galatians 2 in the TGNTATF3T

Galatians 2 in the THAI

Galatians 2 in the TNFD

Galatians 2 in the TNT

Galatians 2 in the TNTIK

Galatians 2 in the TNTIL

Galatians 2 in the TNTIN

Galatians 2 in the TNTIP

Galatians 2 in the TNTIZ

Galatians 2 in the TOMA

Galatians 2 in the TTENT

Galatians 2 in the UBG

Galatians 2 in the UGV

Galatians 2 in the UGV2

Galatians 2 in the UGV3

Galatians 2 in the VBL

Galatians 2 in the VDCC

Galatians 2 in the YALU

Galatians 2 in the YAPE

Galatians 2 in the YBVTP

Galatians 2 in the ZBP