Galatians 2 (BOECS)

1 Le ƒe wuiene megbe la, megayi Yerusalem. Azɔ la, mekplɔ Barnabas kple Tito ɖe asi. 2 Meyi le nu si Mawu ɖe fiam la nu, be mayi aɖawɔ takpekpe kple ame siwo wobuna abe kplɔlawo ene le afi ma. Megblɔ nyanyui si megblɔna na ame siwo menye Yudatɔwo o la na wo. Medi be makpɔ kakaɖedzi be nyemele du ƒum, eye nye duƒuƒu nye dzodzro o. 3 Togbɔ be Tito, ame si le ŋunye nye Helatɔ hã la, womezi edzi be wòatso aʋa o. 4 Kuxi sia do mo ɖa, elabena aʋatsoxɔsetɔ aɖewo va ge ɖe mía dome, be yewoalé ŋku ɖe ablɔɖe, si su mía si le Kristo Yesu me la ŋu, ne yewoawɔ mí kluviwoe. 5 Míeɖo to wo kura o, kple susu be míalé nyanyui la ƒe nyateƒenyenye me ɖe asi na mi. 6 Ke ame siwo ŋu wodea bubui la, ame ka ke wonye hã la, nyemetsɔ ɖeke le eme o; Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ame siwo buna bena wonye nane la, womegblɔ nya aɖeke fiam o. 7 Ke boŋ wode dzesii be wotsɔ nyanyui la gbɔgblɔ de asi nam be magblɔ na aʋamatsomatsotɔwo abe ale si wodee asi na Petro be wòagblɔ na aʋatsotsotɔwo la ene. 8 Elabena Mawu, ame si li kple Petro le eƒe dɔwɔwɔ me abe apostolo na aʋatsotsotɔwo ene la, eya kee li kple nye hã le nye dɔwɔwɔ me abe apostolo na ame siwo menye Yudatɔwo o la ene. 9 Yakobo, Kefa kple Yohanes, ame siwo amewo buna be wonye sɔtiwo na hamea la, woxɔ nye kple Barnabas ɖe hamea me esi wode dzesi amenuveve si wonam la. Wolɔ̃ ɖe edzi be míawo míayi ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ, eye woawo nayi aʋatsotsotɔwo gbɔ. 10 Nya si wogblɔ koe nye be míanɔ ŋku ɖom ame dahewo dzi, nu si medina be mawɔ ɣe sia ɣi. 11 Ke esi Kefa va Antioxia la, metsi tsitre ɖe eŋu, elabena wotso enu. 12 Elabena hafi ŋutsu aɖewo natso Yakobo gbɔ ava la, enɔa nu ɖum kple ame siwo menye Yudatɔwo o la. Gake esi wova ɖo la, ehe ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖe aga tso ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu, elabena enɔ vɔvɔ̃m na ame siwo nye aʋatsotsotɔwo. 13 Yudatɔ bubuawo hã dze eƒe alakpanuwɔwɔ yome, eye woƒe alakpanuwɔwɔ na be Barnabas gɔ̃ hã tra mɔ. 14 Esi mede dzesii be woƒe agbenɔnɔ mesɔ ɖe nyanyui la ƒe nyateƒe la nu o la, meka mo na Kefa le wo katã ƒe ŋkume be, “Yudatɔ nènye, gake èle agbe nɔm abe ame si menye Yudatɔwo o la ene. Nu ka ta nèzi ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi be woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi ɖo? 15 “Ke mí ame siwo nye Yudatɔwo tso dzɔdzɔme eye míenye nu vɔ̃ wɔlawo abe ame siwo menye Yudatɔwo ene o la, 16 míenyae be wometsoa afia na ame to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔse me. Eya ta míawo hã míexɔ Yesu Kristo dzi se be woatso afia na mí to xɔse me le Kristo me, eye menye to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, elabena wometsoa afia na ame aɖeke to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o. 17 “Gake ne míedi be woatso afia na mí le Kristo me eye mí Yudatɔwo hã míele nu vɔ̃ wɔlawo dome ɖe, ɖe mefia be Kristo le nu vɔ̃ dzi dem o mahã? Gbeɖe! 18 Ne megbugbɔ nu siwo megblẽ la ɖɔɖola, ekema mezu sedzidala. 19 “Elabena to se la me la, meku na se la, be manɔ agbe na Mawu. 20 Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si lɔ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye. 21 Nyemegbe nu le Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, elabena ne míakpɔ dzɔdzɔenyenyenye to se la me la, ekema Kristo ku dzodzro!”

In Other Versions

Galatians 2 in the ANGEFD

Galatians 2 in the ANTPNG2D

Galatians 2 in the AS21

Galatians 2 in the BAGH

Galatians 2 in the BBPNG

Galatians 2 in the BBT1E

Galatians 2 in the BDS

Galatians 2 in the BEV

Galatians 2 in the BHAD

Galatians 2 in the BIB

Galatians 2 in the BLPT

Galatians 2 in the BNT

Galatians 2 in the BNTABOOT

Galatians 2 in the BNTLV

Galatians 2 in the BOATCB

Galatians 2 in the BOATCB2

Galatians 2 in the BOBCV

Galatians 2 in the BOCNT

Galatians 2 in the BOGWICC

Galatians 2 in the BOHCB

Galatians 2 in the BOHCV

Galatians 2 in the BOHLNT

Galatians 2 in the BOHNTLTAL

Galatians 2 in the BOICB

Galatians 2 in the BOILNTAP

Galatians 2 in the BOITCV

Galatians 2 in the BOKCV

Galatians 2 in the BOKCV2

Galatians 2 in the BOKHWOG

Galatians 2 in the BOKSSV

Galatians 2 in the BOLCB

Galatians 2 in the BOLCB2

Galatians 2 in the BOMCV

Galatians 2 in the BONAV

Galatians 2 in the BONCB

Galatians 2 in the BONLT

Galatians 2 in the BONUT2

Galatians 2 in the BOPLNT

Galatians 2 in the BOSCB

Galatians 2 in the BOSNC

Galatians 2 in the BOTLNT

Galatians 2 in the BOVCB

Galatians 2 in the BOYCB

Galatians 2 in the BPBB

Galatians 2 in the BPH

Galatians 2 in the BSB

Galatians 2 in the CCB

Galatians 2 in the CUV

Galatians 2 in the CUVS

Galatians 2 in the DBT

Galatians 2 in the DGDNT

Galatians 2 in the DHNT

Galatians 2 in the DNT

Galatians 2 in the ELBE

Galatians 2 in the EMTV

Galatians 2 in the ESV

Galatians 2 in the FBV

Galatians 2 in the FEB

Galatians 2 in the GGMNT

Galatians 2 in the GNT

Galatians 2 in the HARY

Galatians 2 in the HNT

Galatians 2 in the IRVA

Galatians 2 in the IRVB

Galatians 2 in the IRVG

Galatians 2 in the IRVH

Galatians 2 in the IRVK

Galatians 2 in the IRVM

Galatians 2 in the IRVM2

Galatians 2 in the IRVO

Galatians 2 in the IRVP

Galatians 2 in the IRVT

Galatians 2 in the IRVT2

Galatians 2 in the IRVU

Galatians 2 in the ISVN

Galatians 2 in the JSNT

Galatians 2 in the KAPI

Galatians 2 in the KBT1ETNIK

Galatians 2 in the KBV

Galatians 2 in the KJV

Galatians 2 in the KNFD

Galatians 2 in the LBA

Galatians 2 in the LBLA

Galatians 2 in the LNT

Galatians 2 in the LSV

Galatians 2 in the MAAL

Galatians 2 in the MBV

Galatians 2 in the MBV2

Galatians 2 in the MHNT

Galatians 2 in the MKNFD

Galatians 2 in the MNG

Galatians 2 in the MNT

Galatians 2 in the MNT2

Galatians 2 in the MRS1T

Galatians 2 in the NAA

Galatians 2 in the NASB

Galatians 2 in the NBLA

Galatians 2 in the NBS

Galatians 2 in the NBVTP

Galatians 2 in the NET2

Galatians 2 in the NIV11

Galatians 2 in the NNT

Galatians 2 in the NNT2

Galatians 2 in the NNT3

Galatians 2 in the PDDPT

Galatians 2 in the PFNT

Galatians 2 in the RMNT

Galatians 2 in the SBIAS

Galatians 2 in the SBIBS

Galatians 2 in the SBIBS2

Galatians 2 in the SBICS

Galatians 2 in the SBIDS

Galatians 2 in the SBIGS

Galatians 2 in the SBIHS

Galatians 2 in the SBIIS

Galatians 2 in the SBIIS2

Galatians 2 in the SBIIS3

Galatians 2 in the SBIKS

Galatians 2 in the SBIKS2

Galatians 2 in the SBIMS

Galatians 2 in the SBIOS

Galatians 2 in the SBIPS

Galatians 2 in the SBISS

Galatians 2 in the SBITS

Galatians 2 in the SBITS2

Galatians 2 in the SBITS3

Galatians 2 in the SBITS4

Galatians 2 in the SBIUS

Galatians 2 in the SBIVS

Galatians 2 in the SBT

Galatians 2 in the SBT1E

Galatians 2 in the SCHL

Galatians 2 in the SNT

Galatians 2 in the SUSU

Galatians 2 in the SUSU2

Galatians 2 in the SYNO

Galatians 2 in the TBIAOTANT

Galatians 2 in the TBT1E

Galatians 2 in the TBT1E2

Galatians 2 in the TFTIP

Galatians 2 in the TFTU

Galatians 2 in the TGNTATF3T

Galatians 2 in the THAI

Galatians 2 in the TNFD

Galatians 2 in the TNT

Galatians 2 in the TNTIK

Galatians 2 in the TNTIL

Galatians 2 in the TNTIN

Galatians 2 in the TNTIP

Galatians 2 in the TNTIZ

Galatians 2 in the TOMA

Galatians 2 in the TTENT

Galatians 2 in the UBG

Galatians 2 in the UGV

Galatians 2 in the UGV2

Galatians 2 in the UGV3

Galatians 2 in the VBL

Galatians 2 in the VDCC

Galatians 2 in the YALU

Galatians 2 in the YAPE

Galatians 2 in the YBVTP

Galatians 2 in the ZBP