Galatians 4 (BEV)
1 Miɖo ŋku edzi be ne fofo aɖe ku eye wògblẽ domenyinu gã aɖe ɖi na via sue aɖe la, ɖevi sue ma tɔ me menyo sãa wu kluvi aɖeke tɔ o va se ɖe esime wòatsi togbɔ be nu sia nu si fofoa gblẽ ɖi nɛ nye etɔ hã. 2 Ele na ɖevi la be wòawɔ nu si edzikpɔlawo ɖo nɛ va se ɖe esime wòaxɔ ƒe si fofoa ɖo na ɖi. 3 Alea tututue wònɔ na mí va se ɖe esime Kristo va. Míenye kluviwo na Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnyinyiwo elabena míebu be woate ŋu aɖe mí. 4 Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ si Mawu ɖo da ɖi va ɖo la, Mawu ɖo Via si nyɔnu aɖe dzi eye wònye Yudatɔ la ɖa 5 be wòana ablɔɖe mí ame siwo nye kluviwo na seawo ale be wòate ŋu axɔ mí abe eya ŋutɔ viwo ene. 6 Eye be míenye viawo ta la, Mawu ɖo Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe míaƒe dziwo me eya ta azɔ la míate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be enye mía Fofo lɔlɔ̃a. 7 Míeganye kluviwo azɔ o ke boŋ míenye Mawu ŋutɔ viwo azɔ. Azɔ esi míenye viawo ta la, nu sia nu si nye etɔ la nye mía tɔ elabena nenemae Mawu ɖoe. 8 Hafi mi Trɔ̃subɔlawo mianya Mawu la, mienye kluviwo na nu siwo miebuna abe mawuwo ene, evɔ mawu mawo menɔ anyi gɔ̃ hã o. 9 Ke azɔ esi mieke ɖe Mawu ŋu alo magblɔ be Mawu boŋ ke ɖe mia ŋu la, nu ka tae miagadi be yewoagagbugbɔ ayi subɔsubɔ gbɔdzɔ, dahe, dzodzro gbɔ hele agbagba dzem be miayi dziƒo to Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ me hã? 10 Miele agbagba dzem be yewoadze Mawu ŋu to nu si miawɔ alo nu si mele be miawɔ o le ŋkeke tɔxɛ aɖewo dzi alo le ɣleti aɖewo me alo le azãgbe aɖewo alo le ƒe aɖewo me la dzi. 11 Mevɔ̃ ɖe mia nu. Mele vɔvɔ̃m be nye agbagbadzedzewo katã ɖe mia ta la zu nu dzodzro. 12 Nɔvi lɔlɔ̃awo mina nu siawo nawɔ dɔ ɖe mia dzi abe ale si wòwɔ dɔ ɖe dzinyee ene, elabena nye la mevo tso kɔkuti siawo te abe ale si miawo hã mievo tso wo te tsã ene. Esi megblɔ mawunya na mi zi gbãtɔ la miedo vlom o, 13 togbɔ be menɔ dɔ lém esi metsɔ nyanyui la vɛ na mi zi gbãtɔ hã. 14 Togbɔ be nye dɔléle la nye nuɖiaɖia hã la, miegbe nu le gbɔnye henyam o, ke boŋ miexɔm eye miekpɔ dzinye abe mawudɔla aɖe menye alo abe Yesu Kristo ŋutɔ ene. 15 Afi ka dzidzɔkpɔkpɔ ƒe gbɔgbɔ si nɔ mía dome tsã la le? Elabena menyae be le ŋkeke mawo me la, mialɔ̃ dzidzɔtɔe aho miaƒe ŋkuwo atsɔ aɖo tɔnyewo teƒe ne ema ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nam. 16 Ke azɔ la, ɖe mezu miaƒe futɔ elabena megblɔ nyateƒe la na mia? 17 Aʋatsonufiala mawo, ame siwo le didim vevie be yewoadze mia ŋu la, mele agbagba dzem nenema ɖe miaƒe nyonyo ta o. Nu si wole didim be yewoawɔ lae nye yewoatrɔ miaƒe mo ɖa tso gbɔnye ale be miaɖo to woawo wu. 18 Enyo ne amewo ve mia nu kple tameɖoɖo nyui, to dzi vavãtɔ me vevietɔ ne womele mia nu vem le ɣeyiɣi si me mele mia gbɔ ko me o. 19 O, vinyewo miena nye dzi le veve sem! Megale veve sem abe funɔ si le mɔ kpɔm na vidzidzi ene eye mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Kristo ƒe gbɔgbɔ ayɔ mia me mlɔeba la. 20 Medi vevie be manɔ mia gbɔ fifia ale be nyemanɔ nu siawo ŋlɔm na mi o hafi; ke esi mía dome didi ta la, maʋu eme be nyemenya nu si tututu mawɔ o. 21 Miɖo tom, xɔ̃nyewo, mi ame siwo bu be ele be miawɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi kokoko hafi akpɔ ɖeɖe. Nu ka ta miadi nu siwo tututu se siawo fia o. 22 Elabena woŋlɔ ɖi be viŋutsu eve nɔ Abraham si; ɖeka dada nye kosi ke evelia dada ya nye ablɔɖenyɔnu. 23 Nya tɔxɛ aɖeke meku ɖe kosi la ƒe vi ɖe dzidzi ŋu o. Ke ablɔɖenyɔnua ya la Mawu ɖe wòdo ŋugbe nɛ hafi wòte ŋu dzi vi. 24 Nu siawo nye alobalo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve. Nubabla ɖeka la woxɔe le Sinai to dzi eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye Hagar. 25 Eya ta Hagar enye Sinaito si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me. 26 Ke Yerusalem si le dzi ƒo la vo, menye kluvi o, eye eyae nye mía dada. 27 Elabena woŋlɔ ɖi bena, “Dzi nedzɔ wò, O konɔ, wò nyɔnu si medzi vi kpɔ o; do ɣli sesĩe nàtso aseye, wò ame si melé ku kpɔ o; viwo le nyɔnu si tsi akogo la si wu nyɔnu si si srɔ̃ le gɔ̃ hã.” 28 Nɔvi lɔlɔ̃awo, nye kple miawo míenye vi siwo ŋugbe Mawu do abe ale si wòdo Isak ŋugbe ene. 29 Eya ta ame siwo di be míawɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi la, le mí ame siwo wodzi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me yome tim azɔ, abe ale si Ismael, kosi la ƒe vi, ti Isak, vi si ŋugbe wodo la yome ene. 30 Ke Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be Mawu gblɔ na Abraham be wòanya kosi la kple via elabena kosi la ƒe vi mate ŋu anyi Abraham ƒe dome kple ablɔɖenyɔnu la ƒe vi o. 31 Nɔvi lɔlɔ̃awo, menye kosiwo ƒe viwo míenye o; eye míenye kluviwo na Yudatɔwo ƒe sewo hã o, ke míenye ablɔɖenyɔnu la ƒe viwo, eye míedzea Mawu ŋu le míaƒe xɔse ta.