Galatians 4 (BOECS)
1 Nya si gblɔm mele lae nye be zi ale si domenyila aɖe nye ɖevi ko la, vovototo aɖeke mele eya kple kluvi dome o, evɔ eyae nye nuwo katã ƒe aƒetɔ hafi. 2 Ele na ɖevi la be wòawɔ nu si edzikpɔlawo ɖo nɛ la va se ɖe esime wòaxɔ ƒe si fofoa ɖo da ɖi la. 3 Nenema ke esi míawo hã míenye ɖeviwo la, míenɔ xexe sia me ƒe gɔmedzenuwo kple gbɔgbɔ siwo kpɔ ŋusẽ ɖe xexe sia me dzi la ƒe kluvinyenye te. 4 Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu dɔ Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa 5 be wòaɖe ame siwo le se la te la, be wòate ŋu axɔ mí abe eya ŋutɔ ƒe viwo ene. 6 Esi mienye viawo ta la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe miaƒe dziwo me, eya ta azɔ la, miate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be, “Abba, Fofo.” 7 Eya ta mèganye kluvi azɔ o, ke boŋ ènye Mawu ŋutɔ ƒe vi; azɔ esi nènye via ta la, Mawu wɔ wò eƒe domenyilae. 8 Tsã la, esi mienya Mawu o la, mienye kluvi na nu siwo menye mawuwo tso dzɔdzɔme o la. 9 Ke azɔ esi mienya Mawu alo magblɔ be Mawu boŋ nya mi la, nu ka ta miagadi be yewoagbugbɔ ayi subɔsubɔ gbɔdzɔ, dahe, dzodzrowo gbɔ ɖo? Ɖe miedi be yewoaganye kluvi na wo akea? 10 Miewɔna ɖe ŋkekewo kple ɣletiwo, azãgbewo kple ƒewo ƒe ɖoɖo tɔxɛwo dzi. 11 Mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be agbagba siwo katã dzem mele ɖe mia ta la zu dzodzro mahĩ. 12 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele kuku ɖem na mi be miwɔ nu abe nye ene, elabena nye hã mezu abe miawo ene. Miewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋunye o. 13 Abe ale si mienyae ene la, menɔ dɔ lém esi metsɔ nyanyui la vɛ na mi zi gbãtɔ. 14 Togbɔ be nye dɔléle la nye nuɖiaɖia hã la, miegbe nu le gbɔnye alo do vlom o, ke boŋ miexɔm, eye miekpɔ dzinye abe mawudɔla aɖe menye alo Yesu Kristo ŋutɔ ene. 15 Azɔ afi ka miaƒe dzidzɔ ƒe kafukafu la le? Elabena mate ŋu agblɔe be, ɖe miete ŋui la, ne mieho miaƒe ŋkuwo le to me hetsɔ nam. 16 Ke azɔ la, ɖe mezu miaƒe futɔ, elabena megblɔ nyateƒe la na mia? 17 Aʋatsonufiala mawo le didim vevie be yewoadze mia ŋu, ke menye ɖe miaƒe nyonyo ta o. Nu si wole didim be yewoawɔ lae nye be yewoɖe mi ɖe aga tso gbɔnye, ale be miaɖo to yewo wu. 18 Enyo ne amewo ve mia nu kple tameɖoɖo nyui ɖaa, ke menye le ɣeyiɣi si me mele mia gbɔ ko o. 19 Vinye lɔlɔ̃awo, megale veve sem ɖe mia nu abe funɔ si le ku lém la ene va se ɖe esime Kristo ƒe gbɔgbɔ ayɔ mia me mlɔeba. 20 Medi vevie be manɔ mia gbɔ fifia, ne nyemanɔ nu siawo ŋlɔm na mi o hafi; ke esi mía dome didi ta la, maʋu eme be nyemenya nu si tututu mawɔ o. 21 Migblɔe nam, mi ame siwo di be yewoanɔ se la te la, mienya nu si se la gblɔ oa? 22 Elabena woŋlɔ ɖi be viŋutsu eve nɔ Abraham si; ɖeka dada nye kosi, ke evelia dada ya nye ablɔɖenyɔnu. 23 Abraham ƒe viŋutsu si dada nye kosi la, wodzii le ŋutilã la nu, ke viŋutsu si dada nye ablɔɖenyɔnu la, wodzii le ŋugbedodo la nu. 24 Nu siawo nye lododo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve. Nubabla ɖeka la, woxɔe le Sinai to dzi, eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye Hagar. 25 Eya ta Hagar nye Sinai to si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me. 26 Ke Yerusalem si le dziƒo la vo, menye kluvi o, eye eyae nye mía dada. 27 Elabena woŋlɔ ɖi bena,“Dzi nedzɔ wò, O konɔ,wò nyɔnu si medzi vi kpɔ o;do ɣli sesĩe nàtso aseye,wò ame si melé ku kpɔ o;viwo le nyɔnu si tsi akogo la si wu nyɔnusi si srɔ̃ le la gɔ̃ hã.” 28 Azɔ nɔviwo, abe Isak ene la, miawo la, mienye ŋugbedodo la ƒe viwo. 29 Abe ale si viŋutsu, si wodzi le ŋutilã la nu ti viŋutsu, si wodzi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me yome va yi ene la, nenema tututu wògale fifia hã. 30 Ke nu ka Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ? Egblɔ be, “Nya kosi la kple via, elabena kosi la ƒe vi mate ŋu anyi Abraham ƒe dome kple ablɔɖenyɔnu la ƒe vi gbeɖe o.” 31 Eya ta nɔviwo, menye kosi la ƒe viwo míenye o, ke boŋ míenye ablɔɖenyɔnu la ƒe viwo.
In Other Versions
Galatians 4 in the ANGEFD
Galatians 4 in the ANTPNG2D
Galatians 4 in the AS21
Galatians 4 in the BAGH
Galatians 4 in the BBPNG
Galatians 4 in the BBT1E
Galatians 4 in the BDS
Galatians 4 in the BEV
Galatians 4 in the BHAD
Galatians 4 in the BIB
Galatians 4 in the BLPT
Galatians 4 in the BNT
Galatians 4 in the BNTABOOT
Galatians 4 in the BNTLV
Galatians 4 in the BOATCB
Galatians 4 in the BOATCB2
Galatians 4 in the BOBCV
Galatians 4 in the BOCNT
Galatians 4 in the BOGWICC
Galatians 4 in the BOHCB
Galatians 4 in the BOHCV
Galatians 4 in the BOHLNT
Galatians 4 in the BOHNTLTAL
Galatians 4 in the BOICB
Galatians 4 in the BOILNTAP
Galatians 4 in the BOITCV
Galatians 4 in the BOKCV
Galatians 4 in the BOKCV2
Galatians 4 in the BOKHWOG
Galatians 4 in the BOKSSV
Galatians 4 in the BOLCB
Galatians 4 in the BOLCB2
Galatians 4 in the BOMCV
Galatians 4 in the BONAV
Galatians 4 in the BONCB
Galatians 4 in the BONLT
Galatians 4 in the BONUT2
Galatians 4 in the BOPLNT
Galatians 4 in the BOSCB
Galatians 4 in the BOSNC
Galatians 4 in the BOTLNT
Galatians 4 in the BOVCB
Galatians 4 in the BOYCB
Galatians 4 in the BPBB
Galatians 4 in the BPH
Galatians 4 in the BSB
Galatians 4 in the CCB
Galatians 4 in the CUV
Galatians 4 in the CUVS
Galatians 4 in the DBT
Galatians 4 in the DGDNT
Galatians 4 in the DHNT
Galatians 4 in the DNT
Galatians 4 in the ELBE
Galatians 4 in the EMTV
Galatians 4 in the ESV
Galatians 4 in the FBV
Galatians 4 in the FEB
Galatians 4 in the GGMNT
Galatians 4 in the GNT
Galatians 4 in the HARY
Galatians 4 in the HNT
Galatians 4 in the IRVA
Galatians 4 in the IRVB
Galatians 4 in the IRVG
Galatians 4 in the IRVH
Galatians 4 in the IRVK
Galatians 4 in the IRVM
Galatians 4 in the IRVM2
Galatians 4 in the IRVO
Galatians 4 in the IRVP
Galatians 4 in the IRVT
Galatians 4 in the IRVT2
Galatians 4 in the IRVU
Galatians 4 in the ISVN
Galatians 4 in the JSNT
Galatians 4 in the KAPI
Galatians 4 in the KBT1ETNIK
Galatians 4 in the KBV
Galatians 4 in the KJV
Galatians 4 in the KNFD
Galatians 4 in the LBA
Galatians 4 in the LBLA
Galatians 4 in the LNT
Galatians 4 in the LSV
Galatians 4 in the MAAL
Galatians 4 in the MBV
Galatians 4 in the MBV2
Galatians 4 in the MHNT
Galatians 4 in the MKNFD
Galatians 4 in the MNG
Galatians 4 in the MNT
Galatians 4 in the MNT2
Galatians 4 in the MRS1T
Galatians 4 in the NAA
Galatians 4 in the NASB
Galatians 4 in the NBLA
Galatians 4 in the NBS
Galatians 4 in the NBVTP
Galatians 4 in the NET2
Galatians 4 in the NIV11
Galatians 4 in the NNT
Galatians 4 in the NNT2
Galatians 4 in the NNT3
Galatians 4 in the PDDPT
Galatians 4 in the PFNT
Galatians 4 in the RMNT
Galatians 4 in the SBIAS
Galatians 4 in the SBIBS
Galatians 4 in the SBIBS2
Galatians 4 in the SBICS
Galatians 4 in the SBIDS
Galatians 4 in the SBIGS
Galatians 4 in the SBIHS
Galatians 4 in the SBIIS
Galatians 4 in the SBIIS2
Galatians 4 in the SBIIS3
Galatians 4 in the SBIKS
Galatians 4 in the SBIKS2
Galatians 4 in the SBIMS
Galatians 4 in the SBIOS
Galatians 4 in the SBIPS
Galatians 4 in the SBISS
Galatians 4 in the SBITS
Galatians 4 in the SBITS2
Galatians 4 in the SBITS3
Galatians 4 in the SBITS4
Galatians 4 in the SBIUS
Galatians 4 in the SBIVS
Galatians 4 in the SBT
Galatians 4 in the SBT1E
Galatians 4 in the SCHL
Galatians 4 in the SNT
Galatians 4 in the SUSU
Galatians 4 in the SUSU2
Galatians 4 in the SYNO
Galatians 4 in the TBIAOTANT
Galatians 4 in the TBT1E
Galatians 4 in the TBT1E2
Galatians 4 in the TFTIP
Galatians 4 in the TFTU
Galatians 4 in the TGNTATF3T
Galatians 4 in the THAI
Galatians 4 in the TNFD
Galatians 4 in the TNT
Galatians 4 in the TNTIK
Galatians 4 in the TNTIL
Galatians 4 in the TNTIN
Galatians 4 in the TNTIP
Galatians 4 in the TNTIZ
Galatians 4 in the TOMA
Galatians 4 in the TTENT
Galatians 4 in the UBG
Galatians 4 in the UGV
Galatians 4 in the UGV2
Galatians 4 in the UGV3
Galatians 4 in the VBL
Galatians 4 in the VDCC
Galatians 4 in the YALU
Galatians 4 in the YAPE
Galatians 4 in the YBVTP
Galatians 4 in the ZBP