Galatians 5 (BEV)

1 Ale Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe. Azɔ la, mikpɔ egbɔ be mielé ablɔɖe sia me ɖe asi eye miagatrɔ azu kluviwo na Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnyinyiwo o. 2 Miɖo tom, elabena nya sia le vevie. Ne miele ŋu ɖom ɖe aʋatsotso kple Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu be woana miadze Mawu ŋu la, ekema Kristo mate ŋu aɖe mi o. 3 Magagblɔe zi evelia. Ele na ame sia ame si le didim be yeadze Mawu ŋu to aʋatsotso me la be wòawɔ Yudatɔwo ƒe se ɖe sia ɖe dzi loo alo wòatsrɔ̃. 4 Ne miele didim be yewoaxe fe si mienyi le Mawu si kple se mawo dzi wɔwɔ la, ekema viɖe aɖeke mele Kristo ŋu na mi o. Ekema Mawu ƒe amenuveve la bu ɖe mi. 5 Ke to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me la míele ŋu ɖom ɖe Kristo ƒe ku ŋu be wòaɖe míaƒe nu vɔ̃wo ɖa ale be míate ŋu adze Mawu ŋu. 6 Eye mehiã be mí ame siwo Kristo na agbe mavɔe la míatsi dzi o, ne wotso aʋa na mí loo alo míelé Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi la, o. Elabena nu si ko míehiã lae nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me. 7 Miedze egɔme henɔ yiyim nyuie hafi. Ame kae va flu mi eye wòxe mɔ na nyateƒe la yomenɔnɔ? 8 Eme kɔ ƒãa be menye Mawue wɔ nu sia o, elabena eyae nye ame si yɔ mi hena ablɔɖe le Kristo me. 9 Ke mia dometɔ ɖeka koe agblẽ ame bubuawo katã. 10 Mele mɔ kpɔm be Mawu agagbugbɔ mi va xɔse la gbɔ abe ale si mele mɔ kpɔm le nu siawo me ene. Ame ka kee le fu ɖem na mi hele mia flum la, Mawu ŋutɔ ahe to nɛ. 11 Ame aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be nye ŋutɔ mele gbeƒã ɖem be aʋatsotso kple Yudatɔwo ƒe sewo le vevie hena ɖeɖe. Enyo, ne meɖe gbeƒã nenema la, womagati yonyeme o, elabena gbeƒãɖeɖe sia meɖia ame aɖeke nu o. Esi wogale yonyeme tim kokoko la, fia be megale gbeƒã ɖem tso ɖeɖe to xɔse le Kristo ƒe atitsoga ɖeɖe ko me ŋu. 12 Ɖe ko medi vevie be nufiala siwo di be miana woatso aʋa na mi la, woaɖe wo ɖokuiwo ɖa le mia dome eye woaɖe le mia ŋu kpoo. 13 Elabena nɔvi lɔlɔ̃awo, wona ablɔɖe mi ke menye ablɔɖe be miawɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ ablɔɖe be mialɔ̃ mia nɔewo eye miave wo nu. 14 Elabena woate ŋu aƒo seawo katã nu ƒu wòazu se ɖeka sia be, “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” 15 Ke ne le lɔlɔ̃ na mia nɔewo teƒe ɖeklemiɖeɖe kple dzrewɔwɔ le miawo ɖeɖe dome la, ekema minɔ ŋudzɔ eye miakpɔ nyuie be miagagblẽ nu le mía nɔewo ŋu o. 16 Eya ta megblɔ be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me ale be miagawɔ miaƒe dzɔdzɔme vɔ̃wo ƒe didiwo dzi o. 17 Elabena dzɔdzɔme vɔ̃ dia nu si tsi tre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye nu si dim Gbɔgbɔ la le la hã nye futɔ na mía ƒe dzɔdzɔme vɔ̃wo. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o. 18 Ke ne Gbɔgbɔ la le miakplɔm la, miegale se la te o. 19 Ke ŋutilãmenudzodzro vɔ̃ wo dze ƒãa; esi woe nye, ahĩawɔwɔ, mɔkɔmakɔnyenye, hadzedze, 20 trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, fuléle, dzrewɔwɔ ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, kɔmamawo, mamawo, 21 ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu vɔ̃wo kple esia tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi, abe ale si mexlɔ̃ nu mi va yi ene la be, ame siwo nɔ agbe alea la manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. 22 Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetse enye, lɔlɔ, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, 23 tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tre ɖe nu siawo ŋuti o. 24 Ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la klã woƒe dzɔdzɔme vɔ̃wo kple woƒe fieŋufieŋuwo kpakple woƒe dzodzrowo ɖe ati ŋuti. 25 Esi míele agbe le Gbɔgbɔ la me la, mina míazɔ hã le eƒe kpɔkplɔ te. 26 Migana dada nayɔ míame o, ado dziku ha mía haviwo alo aʋa ŋu mía nɔewo o.

In Other Versions

Galatians 5 in the ANGEFD

Galatians 5 in the ANTPNG2D

Galatians 5 in the AS21

Galatians 5 in the BAGH

Galatians 5 in the BBPNG

Galatians 5 in the BBT1E

Galatians 5 in the BDS

Galatians 5 in the BHAD

Galatians 5 in the BIB

Galatians 5 in the BLPT

Galatians 5 in the BNT

Galatians 5 in the BNTABOOT

Galatians 5 in the BNTLV

Galatians 5 in the BOATCB

Galatians 5 in the BOATCB2

Galatians 5 in the BOBCV

Galatians 5 in the BOCNT

Galatians 5 in the BOECS

Galatians 5 in the BOGWICC

Galatians 5 in the BOHCB

Galatians 5 in the BOHCV

Galatians 5 in the BOHLNT

Galatians 5 in the BOHNTLTAL

Galatians 5 in the BOICB

Galatians 5 in the BOILNTAP

Galatians 5 in the BOITCV

Galatians 5 in the BOKCV

Galatians 5 in the BOKCV2

Galatians 5 in the BOKHWOG

Galatians 5 in the BOKSSV

Galatians 5 in the BOLCB

Galatians 5 in the BOLCB2

Galatians 5 in the BOMCV

Galatians 5 in the BONAV

Galatians 5 in the BONCB

Galatians 5 in the BONLT

Galatians 5 in the BONUT2

Galatians 5 in the BOPLNT

Galatians 5 in the BOSCB

Galatians 5 in the BOSNC

Galatians 5 in the BOTLNT

Galatians 5 in the BOVCB

Galatians 5 in the BOYCB

Galatians 5 in the BPBB

Galatians 5 in the BPH

Galatians 5 in the BSB

Galatians 5 in the CCB

Galatians 5 in the CUV

Galatians 5 in the CUVS

Galatians 5 in the DBT

Galatians 5 in the DGDNT

Galatians 5 in the DHNT

Galatians 5 in the DNT

Galatians 5 in the ELBE

Galatians 5 in the EMTV

Galatians 5 in the ESV

Galatians 5 in the FBV

Galatians 5 in the FEB

Galatians 5 in the GGMNT

Galatians 5 in the GNT

Galatians 5 in the HARY

Galatians 5 in the HNT

Galatians 5 in the IRVA

Galatians 5 in the IRVB

Galatians 5 in the IRVG

Galatians 5 in the IRVH

Galatians 5 in the IRVK

Galatians 5 in the IRVM

Galatians 5 in the IRVM2

Galatians 5 in the IRVO

Galatians 5 in the IRVP

Galatians 5 in the IRVT

Galatians 5 in the IRVT2

Galatians 5 in the IRVU

Galatians 5 in the ISVN

Galatians 5 in the JSNT

Galatians 5 in the KAPI

Galatians 5 in the KBT1ETNIK

Galatians 5 in the KBV

Galatians 5 in the KJV

Galatians 5 in the KNFD

Galatians 5 in the LBA

Galatians 5 in the LBLA

Galatians 5 in the LNT

Galatians 5 in the LSV

Galatians 5 in the MAAL

Galatians 5 in the MBV

Galatians 5 in the MBV2

Galatians 5 in the MHNT

Galatians 5 in the MKNFD

Galatians 5 in the MNG

Galatians 5 in the MNT

Galatians 5 in the MNT2

Galatians 5 in the MRS1T

Galatians 5 in the NAA

Galatians 5 in the NASB

Galatians 5 in the NBLA

Galatians 5 in the NBS

Galatians 5 in the NBVTP

Galatians 5 in the NET2

Galatians 5 in the NIV11

Galatians 5 in the NNT

Galatians 5 in the NNT2

Galatians 5 in the NNT3

Galatians 5 in the PDDPT

Galatians 5 in the PFNT

Galatians 5 in the RMNT

Galatians 5 in the SBIAS

Galatians 5 in the SBIBS

Galatians 5 in the SBIBS2

Galatians 5 in the SBICS

Galatians 5 in the SBIDS

Galatians 5 in the SBIGS

Galatians 5 in the SBIHS

Galatians 5 in the SBIIS

Galatians 5 in the SBIIS2

Galatians 5 in the SBIIS3

Galatians 5 in the SBIKS

Galatians 5 in the SBIKS2

Galatians 5 in the SBIMS

Galatians 5 in the SBIOS

Galatians 5 in the SBIPS

Galatians 5 in the SBISS

Galatians 5 in the SBITS

Galatians 5 in the SBITS2

Galatians 5 in the SBITS3

Galatians 5 in the SBITS4

Galatians 5 in the SBIUS

Galatians 5 in the SBIVS

Galatians 5 in the SBT

Galatians 5 in the SBT1E

Galatians 5 in the SCHL

Galatians 5 in the SNT

Galatians 5 in the SUSU

Galatians 5 in the SUSU2

Galatians 5 in the SYNO

Galatians 5 in the TBIAOTANT

Galatians 5 in the TBT1E

Galatians 5 in the TBT1E2

Galatians 5 in the TFTIP

Galatians 5 in the TFTU

Galatians 5 in the TGNTATF3T

Galatians 5 in the THAI

Galatians 5 in the TNFD

Galatians 5 in the TNT

Galatians 5 in the TNTIK

Galatians 5 in the TNTIL

Galatians 5 in the TNTIN

Galatians 5 in the TNTIP

Galatians 5 in the TNTIZ

Galatians 5 in the TOMA

Galatians 5 in the TTENT

Galatians 5 in the UBG

Galatians 5 in the UGV

Galatians 5 in the UGV2

Galatians 5 in the UGV3

Galatians 5 in the VBL

Galatians 5 in the VDCC

Galatians 5 in the YALU

Galatians 5 in the YAPE

Galatians 5 in the YBVTP

Galatians 5 in the ZBP