John 15 (BEV)

1 “Nyee nye Wainti vavã la eye Fofonyee nye Agbletɔ la. 2 Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũ wu. 3 Miawo la Fofo la kɔ mia ŋu xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta. 4 Minɔ menye eye nye hã manɔ mia me. Wain ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o. Eya ta miawo hã, nyemanɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o. 5 “Nyee nye Wainti la eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe elabena nyemanɔmee la miate ŋu awɔ naneke o. 6 Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe. 7 Ke ne mienɔ menye eye miewɔ nye gbe dzi la, nu sia nu si miabia la woawɔe na mi. 8 Nye nusrɔ̃la vavãwo tsea ku geɖe eye esia hea ŋutikɔkɔe geɖe vanɛ na Fofonye. 9 “Melɔ̃ mi abe ale si Fofo la lɔ̃m ene. Eya ta minɔ nye lɔlɔ̃ sia me ɖaa. 10 Ne miewɔa nye se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene. 11 Mele nya siawo gblɔm na mi bena dzidzɔ si le menye la nanɔ miawo hã mia me eye wòanɔ mia me agbã go. 12 Mele se dem na mi be, mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mii ene. 13 Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔviae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe eta. 14 Ne miewɔ ɖe nye gbe dzi la, ekema mienye xɔ̃nyewo. 15 Azɔ la, nyemagayɔ mi be subɔviwo o, elabena aƒetɔ mate ŋu agblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na subɔvi o. Ke mayɔ mi azɔ be xɔ̃nyewo. Esia le eme vavã elabena megblɔ nya sia nya si Fofo la gbɔ nam la na mi. 16 “Menye miawoe tiam o. Nyee tia mi. Eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku nyui siwo anɔ anyi ɖaa. Le esia ta nu sia nu si miabia Fofo la le nye ŋkɔ dzi la awɔe na mi. 17 Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo. 18 “Ne xexe sia me tɔwo lé fu mi la minyae be wolé fum gbã. 19 Nenye xexe sia me tɔwo mienye la, anye ne woalɔ̃ mi, ke esi metia mi tso xexeame ta la wolé fu mi. 20 Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be, ‘Subɔvi mewua eƒe Aƒetɔ o.’ Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la woaɖo to miawo hã. 21 Xexe sia me tɔwo ati mia yome elabena mienye tɔnyewo. Woawɔ esia elabena womenya Mawu si dɔm ɖa la o. 22 “Nenye ɖe nyemeva gblɔ mawunya la na wo o la, womabu fɔ wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta o, gake esi wose mawunya la ta la, taflatsedodo aɖeke meli na wo o. 23 Ame sia ame si lé fum la, lé fu Fofonye hã. 24 Ɖe nyemewɔ nunuku gã geɖe si ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, anye ne womabu fɔ wo o. Gake wokpɔ nukunu geɖe siwo mewɔ, eye wometsɔ ɖeke le eme o, ke boŋ wogbe nu le nye kple Fofonye gbɔ. 25 Esia wu nya si nyagblɔɖilawo gblɔ tso Mesia la ŋu be, ‘Wogbe nu le gbɔnye dzodzro.’ 26 “Ne Nyaxɔɖeakɔla la, ame si madɔ ɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ si tso Fofo la gbɔ, va la, aɖi ɖase tso ŋutinye. 27 Gake ele be miawo hã miaɖi ɖase le ŋutinye, elabena mienɔ anyi kplim tso gɔmedzedzea me ke.

In Other Versions

John 15 in the ANGEFD

John 15 in the ANTPNG2D

John 15 in the AS21

John 15 in the BAGH

John 15 in the BBPNG

John 15 in the BBT1E

John 15 in the BDS

John 15 in the BHAD

John 15 in the BIB

John 15 in the BLPT

John 15 in the BNT

John 15 in the BNTABOOT

John 15 in the BNTLV

John 15 in the BOATCB

John 15 in the BOATCB2

John 15 in the BOBCV

John 15 in the BOCNT

John 15 in the BOECS

John 15 in the BOGWICC

John 15 in the BOHCB

John 15 in the BOHCV

John 15 in the BOHLNT

John 15 in the BOHNTLTAL

John 15 in the BOICB

John 15 in the BOILNTAP

John 15 in the BOITCV

John 15 in the BOKCV

John 15 in the BOKCV2

John 15 in the BOKHWOG

John 15 in the BOKSSV

John 15 in the BOLCB

John 15 in the BOLCB2

John 15 in the BOMCV

John 15 in the BONAV

John 15 in the BONCB

John 15 in the BONLT

John 15 in the BONUT2

John 15 in the BOPLNT

John 15 in the BOSCB

John 15 in the BOSNC

John 15 in the BOTLNT

John 15 in the BOVCB

John 15 in the BOYCB

John 15 in the BPBB

John 15 in the BPH

John 15 in the BSB

John 15 in the CCB

John 15 in the CUV

John 15 in the CUVS

John 15 in the DBT

John 15 in the DGDNT

John 15 in the DHNT

John 15 in the DNT

John 15 in the ELBE

John 15 in the EMTV

John 15 in the ESV

John 15 in the FBV

John 15 in the FEB

John 15 in the GGMNT

John 15 in the GNT

John 15 in the HARY

John 15 in the HNT

John 15 in the IRVA

John 15 in the IRVB

John 15 in the IRVG

John 15 in the IRVH

John 15 in the IRVK

John 15 in the IRVM

John 15 in the IRVM2

John 15 in the IRVO

John 15 in the IRVP

John 15 in the IRVT

John 15 in the IRVT2

John 15 in the IRVU

John 15 in the ISVN

John 15 in the JSNT

John 15 in the KAPI

John 15 in the KBT1ETNIK

John 15 in the KBV

John 15 in the KJV

John 15 in the KNFD

John 15 in the LBA

John 15 in the LBLA

John 15 in the LNT

John 15 in the LSV

John 15 in the MAAL

John 15 in the MBV

John 15 in the MBV2

John 15 in the MHNT

John 15 in the MKNFD

John 15 in the MNG

John 15 in the MNT

John 15 in the MNT2

John 15 in the MRS1T

John 15 in the NAA

John 15 in the NASB

John 15 in the NBLA

John 15 in the NBS

John 15 in the NBVTP

John 15 in the NET2

John 15 in the NIV11

John 15 in the NNT

John 15 in the NNT2

John 15 in the NNT3

John 15 in the PDDPT

John 15 in the PFNT

John 15 in the RMNT

John 15 in the SBIAS

John 15 in the SBIBS

John 15 in the SBIBS2

John 15 in the SBICS

John 15 in the SBIDS

John 15 in the SBIGS

John 15 in the SBIHS

John 15 in the SBIIS

John 15 in the SBIIS2

John 15 in the SBIIS3

John 15 in the SBIKS

John 15 in the SBIKS2

John 15 in the SBIMS

John 15 in the SBIOS

John 15 in the SBIPS

John 15 in the SBISS

John 15 in the SBITS

John 15 in the SBITS2

John 15 in the SBITS3

John 15 in the SBITS4

John 15 in the SBIUS

John 15 in the SBIVS

John 15 in the SBT

John 15 in the SBT1E

John 15 in the SCHL

John 15 in the SNT

John 15 in the SUSU

John 15 in the SUSU2

John 15 in the SYNO

John 15 in the TBIAOTANT

John 15 in the TBT1E

John 15 in the TBT1E2

John 15 in the TFTIP

John 15 in the TFTU

John 15 in the TGNTATF3T

John 15 in the THAI

John 15 in the TNFD

John 15 in the TNT

John 15 in the TNTIK

John 15 in the TNTIL

John 15 in the TNTIN

John 15 in the TNTIP

John 15 in the TNTIZ

John 15 in the TOMA

John 15 in the TTENT

John 15 in the UBG

John 15 in the UGV

John 15 in the UGV2

John 15 in the UGV3

John 15 in the VBL

John 15 in the VDCC

John 15 in the YALU

John 15 in the YAPE

John 15 in the YBVTP

John 15 in the ZBP