John 4 (BEV)
1 Farisitɔwo se be Yesu le nusrɔ̃lawo kpɔm fũ eye wole mawutsi dem ta na amewo tsɔ wu Yohanes, 2 togbɔ be menye eya ŋutɔ le mawutsi dem ta na amewo o ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe. 3 Esi Yesu se nya sia la, edzo le Yudea, hetrɔ yi Galilea nutowo me. 4 Enɔ na Yesu be woato Samaria nutowo me hafi ayi Galilea. 5 Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, eva ɖo Samariatɔwo ƒe du aɖe si woyɔna be Sikar la ƒe gbɔto. 6 Yakɔb ƒe vudo la le afi sia. Vudo sia le anyigba si Yakɔb tsɔ na via Yosef la dzi. Le mɔ legbe si wòzɔ le ŋdɔ sesẽ nu kple ɖeɖiteameŋu ta la, Yesu bɔbɔ nɔ vudoa gbɔ be yeadzudzɔ. 7 Eteƒe medidi o, Samaria nyɔnu aɖe va be yeaku tsi, ale Yesu biae be nena tsi vi aɖe ye yeano. 8 Yesu ɖeka koe nɔ teƒea le ɣeyiɣi sia me elabena eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi kɔƒea me nuɖuɖu ƒle ge. 9 Ewɔ nuku na Samaria nyɔnua ŋutɔ be Yesu si nye Yudatɔ la bia nu ye Samariatɔ. Le nyateƒe me la, Yudatɔwo meƒoa nu kple Samariatɔwo o. Le esia ta Samaria nyɔnua gblɔ na Yesu bena, “Ale ke wò Yudatɔ, nèle tsi biam nye Samaria nyɔnu be yeano?” 10 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya ame si ƒomevi menye kple nunana xɔasi si Mawu ɖo ɖi na wò la, anye ne àbiam be mana agbetsi la ƒe ɖe ye.” 11 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Vudo sia goglo ŋutɔ eye tɔkpo kple ka mele asiwò be nàtsɔ aku tsii le eme o. Afi ka nèle agbetsia kpɔ ge le? 12 Hekpe ɖe esia ŋu la, woe de ŋgɔ wu mia tɔgbuitɔgbui Yakɔb mahã? Ale ke wɔ wò nàte ŋu ana tsi si nyo wu tsi si eya kple viawo kpakple eƒe nyiwo no va yi?” 13 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne amewo no tsi sia ƒe ɖe la, tsikɔ gawua wo. 14 Gake tsi si mana wò la, azu agbetsi anɔ dzidzim le mewò, ana be tsikɔ magawu wo o, ke boŋ ahe agbe mavɔ vɛ na wò.” 15 Nyɔnu la gblɔ na Yesu bena, “Aƒetɔ, meɖe kuku, na tsi sia ƒe ɖem! Ekema nyemagazɔ azɔli tso keke dua me ke ava nɔ tsi kum le afi sia gbe sia gbe o.” 16 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Heyi nàyɔ srɔ̃wo vɛ.” 17 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Srɔ̃ mele asinye o.”Yesu gblɔ nɛ be, “Èto nyateƒe esi nègblɔ be srɔ̃ mele asiwò o. 18 Elabena nèɖe ŋutsu atɔ̃ kpɔ, eye ame si gbɔ nèle fifia hã la menye srɔ̃wò wònye o, èto nyateƒe le nya sia me.” 19 Egblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mexɔe se be nyagblɔɖilae nènye. 20 Nu ka tae mi Yudatɔwo mienɔa gbɔgblɔm godoo be Yerusalem kokokoe wòle be woasubɔ Mawu le evɔ mí Samariatɔwo hã miebe, ale be woasubɔ Mawu le to sia dzi elabena afi siae mía tɔgbuiwo subɔe le?” 21 Yesu gblɔ nɛ bena, “Nyɔnu, xɔm se be ɣeyiɣi gbɔna eye womagasubɔ Fofo la le to sia dzi alo Yerusalem o. 22 Mi Samariatɔwo la miesubɔa nu si mienya o, ke míawo la míesubɔa nu si míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ. 23 Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi 24 Mawue nye Gbɔgbɔ eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” 25 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Nye la, menyae bena Mesia alo Kristo la le vava ge eye ne eva la aɖe nu sia nu gɔme na mí.” 26 Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Mesia la.” 27 Esi wògblɔ nya sia vɔ tete ko la eƒe nusrɔ̃lawo va do. Ewɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ bena Yesu nɔ dze ɖom kple nyɔnu aɖe gake wo dometɔ aɖeke mebia nu si ta wòle nu ƒom kple nyɔnua alo nu si me dzrom wonɔ la o. 28 Nyɔnu la gblẽ eƒe tsize la ɖe vudoa to eye wòtrɔ yi dua me hegblɔ na ame siwo wòkpɔ la be, 29 “Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Ɖe manye ame siae nye Kristo la oa?” 30 Ale ame geɖewo fũ tso dua me va bena yewoakpɔ amea ɖa. 31 Esi nuɖuɖua sɔ gbe la, nusrɔ̃lawo ɖe kuku na Yesu be wòaɖu nu. 32 Ke Yesu gblɔ na wo bena, “Nyemaɖu nu o, elabena nuɖuɖu aɖe le asinye esi ŋu miawo mienya nu le o.” 33 Ke nusrɔ̃lawo bia le wo nɔewo dome be, “Ame kae tsɔ nuɖuɖua vɛ nɛ?” 34 Yesu ɖe eme na wo bena, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si ɖom ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu eye mawu dɔ si wodɔm la nu. 35 Menye miawoe nɔa gbɔgblɔm be esusɔ ɣleti ene ne nuŋeɣi naɖo oa? Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, ne miakpɔ agblewo dzi ɖa, nukuawo tsi eye wole klalo na ŋeŋe xoxo. 36 Nuŋelawo axɔ fetu nyuiwo eye woakplɔ ame geɖewo va agbe mavɔ mee. Nuƒãlawo kple nuŋelawo siaa akpɔ dzidzɔ geɖe. 37 Enye nyateƒe be ame aɖee doa nu hafi ame aɖe va ŋena. 38 Nye la medɔ mi be miayi aɖaŋe nu le afi si mieƒã nu ɖo o, ame bubuwoe ƒã nua hafi miawo mieyi ɖaŋe wo.” 39 Esi Samaria nyɔnua gblɔ na wo detɔwo be Yesu gblɔ nu sia nu si yewɔ kpɔ la na ye la, ame geɖe ŋutɔ le dua me xɔe se be Yesue nye Mesia la. 40 Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la woɖe kuku nɛ be wòanɔ yewo gbɔ, eye wònɔ wo gbɔ ŋkeke eve 41 Le eƒe nyawo ta la ame geɖe wu xɔ edzi se. 42 Ale wova gblɔ na nyɔnu si do goe gbã le vudoa to be, “Azɔ la, miawo hã miexɔ edzi se elabena míawo ŋutɔ hã miese nya geɖewo tso eƒe nume, ke menye le wò ɖaseɖiɖi ɖeɖe ko ta o. Le nyateƒe me la, ame siae nye xexeame ƒe Ɖela vavã.” 43 Le ŋkeke eve megbe la edzo yi Galilea. 44 Elabena Yesu ŋutɔ gblɔe ɖi xoxo be, nyagblɔɖila aɖeke mekpɔa bubu le eya ŋutɔ de o. 45 Gake esi wòyi Galilea la, Galileatɔwo xɔe alɔ eve, elabena ewɔ nukunu geɖewo wokpɔ le Yerusalem esi woyi ɖaɖu ŋutitotoŋkeke nyui la le afi ma. 46 Yesu gava Kana le Galilea afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le. Afi mae wòdo go fiaŋutime aɖe le, ŋutsu sia vi le dɔ lém le Kapernaum. 47 Esi wòse be Yesu tso Yudea va ɖo Galilea la, eyi egbɔ heɖe kuku nɛ be wòava yɔ dɔ ye viŋutsuvi si ɖo kudo nu la na ye. 48 Yesu biae bena, “Ke mia dometɔ aɖeke maxɔ dzinye ase o, negbe ɖe ko mewɔ nukunu geɖewo hafia?” 49 Aʋafia la ɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, va míyi kaba hafi vinyea naku?” 50 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi aƒe elabena viwò la ƒe lãme sẽ.” Aʋafia la xɔ Yesu dzi se eye wòtrɔ hedze aƒemɔ dzi. 51 Esi wònɔ mɔa dzi yina la, eƒe dɔla aɖewo va kpee hegblɔ nɛ be, via ƒe lãme sẽ. 52 Aʋafia la bia wo be woagblɔ gaƒoƒo si me tututu ŋutsuvi la ƒe lãme sẽ la na ye. Woɖo eŋu nɛ bena, “Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã sesẽ la dzo ɖa le edzi kpata.” 53 Aʋafia la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be, “Viwò la ƒe lãme sẽ.” Ale aʋafia sia kple eƒe aƒemetɔwo katã xɔe se be Yesue nye Mesia la vavã. 54 Esia nye Yesu ƒe nukunu evelia si wòwɔ esi wòtso Yudea va Galilea.