John 8 (BEV)

1 Yesu trɔ dzo yi Amito la dzi. 2 Gake esi ŋu ke ko la egatrɔ va gbedoxɔ la me. Ameha gã aɖe gaƒo zi ɖe eŋu, eye wobɔbɔ nɔ anyi hefia nu wo. 3 Esi wònɔ nu ƒom la, Yudatɔwo ƒe dumemegãwo kple Faristitɔwo kplɔ nyɔnu aɖe si wolé asiasii, wònɔ ahasi wɔm la vɛ eye wokplɔe da ɖe ameawo titina. 4 Azɔ wogblɔ na Yesu be, “Nufiala, míelé nyɔnu sia, asiasii wònɔ ahasi wɔm. 5 Mose ƒe se gblɔ bena, ne wolé ame aɖe alea la, ele be woawui. Ale ke nèkpɔ tso nya sia ŋu?” 6 Ame siawo bia biabia sia Yesu be yewoatsɔ atre mɔ nɛ ale be ne wògblɔ nya aɖe ko la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke ɖe ko Yesu bɔbɔ ta tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nui ɖe anyigba. 7 Ameawo ganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo, eya ta efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be, “Enyo, miƒu kpe nyɔnu sia ne woaku, gake ame si ŋu nu vɔ̃ aɖeke mele o la netre kpea ƒuƒui.” 8 Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ ko la, ebɔbɔ ta eye wogade asi nua ŋɔŋlɔ me ɖe anyigba. 9 Esi wose esia la, wode asi bubu me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnua kple ameha la koe susɔ. 10 Yesu fɔ ta dzi bia nyɔnua be, “Afi ka ame siwo tsɔ nya ɖe ŋuwò la le? Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã meƒu kpe wò oa?” 11 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Meɖe kuku, oa.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nye hã nyemebu fɔ wò o; heyi eye tso esia dzi la mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o.” 12 Yesu gaƒo nu na ameawo eye wògblɔ be, “Nyee nye xexeame ƒe Kekeli la. Eya ta ne ame aɖe dze yonyeme la mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi.” 13 Farisitɔ siwo nɔ afi ma la ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, ɖokuiwò ko dom nèle ɖe dzi. Wò ɖaseɖiɖiwo nye alakpa sɔŋ ko.” 14 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Togbɔ be mele ɖase ɖim le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe. Elabena nye la menya afi si metso kple afi si meyina, ke miawo la mienya afi si metso alo afi si meyina o. 15 Miawo la miedrɔ̃a ʋɔnu le amegbetɔwo ƒe nugɔmesese nu. Nye la nyemele ʋɔnu drɔ̃m ame aɖeke o 16 gake ne medrɔ̃ ʋɔnu la, anye ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe le go sia go me, elabena nye kple Fofo si dɔm ɖa lae le edrɔ̃ ge. 17 Miaƒe see gblɔ be, ne ame eve ƒe ɖaseɖiɖi le nya aɖe ŋu sɔ ko la, woaxɔe be nyateƒe. 18 Nenema ke nye kple fofonye hã ƒe ɖaseɖiɖi le ɖeka, eya ta nye nyawo nye nyateƒe.” 19 Ameawo biae be, “Afi kae fofowòa le?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la mienya ame si menye o, eya ta mienya ame si nye Fofonye hã o. Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã.” 20 Togbɔ be Yesu gblɔ nya siawo le gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe hã la, ame aɖeke mete kpɔ be yealée o elabena eƒe ɣeyiɣi la meɖo haɖe o. 21 Yesu gagblɔ na wo hã be, “Nye la mele dzodzo ge, miadim gake miakpɔm o, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me, eye afi si meyina hã la miate ŋu ava o.” 22 Yudatɔwo bia be, “Ame sia ɖe, ɖe wòle susu wɔm be yeawu ye ɖokuia? Nu ka tututue wòwɔnɛ esi wògblɔ be, ‘Miawo la miate ŋu ava afi si nye la meyina o’?” 23 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, anyigba sia dzie mietso, ke nye la dziƒoe metso. Miawo la, xexe sia me tɔwoe mienye ke nye la, nyemetso xexe sia me o. 24 Esia tae megblɔ na mi be miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me. Le nyateƒe me ne miexɔ dzinye se be nyee nye ame si le vava ge o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.” 25 Ameawo gabia be, “Gblɔ ame si tututu nènye la na mi.”Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la tso gɔmedzedzea me ke. 26 Nye la nu geɖewo li mate ŋu agblɔ tso mia ŋuti eye mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe wo ta gake nyemawɔ esia o, elabene ame si dɔm ɖa la eyae nye nyateƒetɔ la, eye nu siwo mese tso egbɔ lae megblɔna na xexeame.” 27 Ke va se ɖe fifi hã la, ameawo mese nu si gblɔm wònɔ na wo le Fofo la ŋuti gɔme kpɔ o. 28 Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Le nye ku kple tsitretsitsi vɔ megbe hafi miakpɔe adze sii be nyee nye Mesia la, eye nya siwo katã menɔ gbɔgblɔm na mi la menye nye ŋutɔ nye nya kpakpawo o, ke boŋ wonye nya siwo Fofo la fiam be magblɔ. 29 Eya ame si dɔm ɖa la li kplim ɖaa, medzo le gbɔnye o, elabena mewɔa eƒe didi ko dzi ɖaa.” 30 Esi wònɔ nu ƒom la ame geɖewo xɔ edzi se. 31 Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo xɔ edzi se la bena “Ne mielé nye nufiafiawo me ɖe asi la, ekema mianye nye nusrɔ̃la vavãwo. 32 Miadze si nyateƒe la hã, eye nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe.” 33 Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Miawo la Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye eye mienye kluviwo na ame aɖeke kpɔ le anyigba sia dzi o. Eya ta nu kae nèwɔnɛ esi nègblɔ bena, ‘Miazu ablɔɖeviwo’?” 34 Yesu gagblɔ na wo be, “Mele gbe tem ɖe edzi na mi be ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la nye nu vɔ̃ ƒe kluvi. 35 Kluviwo la, gomekpɔkpɔ aɖeke meli na wo o, gake gomekpɔkpɔ li na aƒea tɔ ƒe vi la ya. 36 Eya ta nenye be Vi la na miekpɔ ablɔɖe la, ekema miezu ablɔɖeviwo vavã. 37 Menyae bena Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye, gake mi ame aɖewo miedi be yewoawum elabena nye nyawo mesɔ tome na mi o. 38 Nu siwo gblɔm mele na mi lae nye esiwo teƒe mekpɔ esi menɔ Fofonye gbɔ. Gake miawo la, miele mia fofo ƒe gbedzi wɔm.” 39 Ameawo gaɖo eŋu nɛ be, “Mía fofoe nye Abraham.”Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbeɖe! Abraham menye mia fofo o, ne mia fofoe wònye la, anye ne miadze kpɔɖeŋu nyui si wògblẽ ɖi na mi la yome. 40 Ke miawo la miele agbagba dzem be yewoawum elabena mele nyateƒe si tso Mawu gbɔ la gblɔm na mi. Abraham mewɔ nu siawo ƒomevi aɖeke o. 41 Le nyateƒe me ne miewɔ alea la, mia fofo ƒe afɔtoƒe tututu ko tom miele.”Woɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, menye ahasie mía dzilawo wɔ hafi dzi mí o. Fofo ɖeka koe li na mí le nyateƒe la me eye ayae nye Mawu ŋutɔ.” 42 Yesu gblɔ na wo be, “Ɖe miaƒe nya sia le eme la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso hafi va mia gbɔ. Nyemeva le ɖokuinye si o ke boŋ Mawue ɖom ɖa. 43 Nu ka tae miate ŋu ase nya si gblɔm mele na mi la gɔme o? Miesea nu gɔme o, elabena wogbe na mi be miagaɖo tom o. 44 Miawo la Satana viwoe mienye eya tae mielɔ̃a nu vɔ̃ɖi siwo wowɔna la wɔwɔ. Amewulae wònye tso gɔmedzedzea ke eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe kui ɖeka pɛ hã mele eme o. Alakpadada hã la, meʋaa dzi nɛ o, elabena eyae nye alakpatɔwo fofo. 45 Eya ta ne mele nyateƒe la gblɔm na mi hã la, ɖe ko wòɖia alakpa le miaƒe towo me ale miexɔa edzi sena o. 46 “Mia dometɔ kae le afi sia si ate ŋu atɔ asi nu vɔ̃ ɖeka pɛ si mewɔ kpɔ la dzi? Ame aɖeke o. Ke nu ka tae ne mele nyateƒea gblɔm na mi la miexɔnɛ sena o. 47 Ame si Fofoe nye Mawu la, ɖoa to eƒe nyawo dzidzɔtɔe. Gake esi miawo mielɔ̃a toɖoɖo Mawu ƒe nyawo o ta la, efia be mienye viawo o.” 48 Yudatɔwo ƒe dumemegãwo gblɔ na Yesu dzikutɔe be, “Ɖe menye nyateƒe wònye miegblɔ be, Samariatɔ si me gbɔgbɔ vɔ̃ le lae nènye oa?” 49 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbeɖe! Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke mele menye o. Elabena nye la medea bubu Fofonye ŋu, ke miawo la miele vlo domem. 50 Togbɔ be menye nye didi be makɔ ɖokuinye ɖe dzi o hã la, Mawu ŋutɔ dom ɖe dzi xoxo eye wòle ʋɔnu drɔ̃ ge ame siwo katã gbe nu le gbɔnye. 51 Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame sia ame si ɖoa tom la, mele kuku ge akpɔ o.” 52 Yudatɔwo ƒe dumemegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ mieka ɖe edzi be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le mewò vavã, elabena Abraham kura kple nyagblɔɖila gã siwo nɔ anyi kpɔ la ku, ke wò la, èle gbɔgblɔm na mi fifia be ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o. 53 Ɖe nèle gbɔgblɔm be yede ŋgɔ wu mía fofo Abraham si kua? Eye ɖe nèle gbɔgblɔm hã be yede ŋgɔ wu nyagblɔɖila siwo ku va yia? Ame ka koŋ nèbuna be yenye?” 54 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye nye ŋutɔe le ɖokuinye kafum la, ekema nye kafukafu la menye naneke o, ke Fofonye, si miawo hã miebe enye yewo ƒe Mawu lae le kafuyem. 55 Nye la menya Fofo la, ke miawo la mienyae o. Ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema menye alakpatɔ abe miawo ke ene. Enye nyateƒe be menyae eye meɖoa toe le nuwo katã me. 56 Esi mia fofo Abraham nya be megbɔna la dzi dzɔe eye eƒe dzidzɔ de blibo esi wòkpɔ ŋkekea.” 57 Yudatɔwo gabiae be, “Wò ame si mexɔ ƒe blaatɔ̃ ŋutɔ gɔ̃ hã haɖe o lae le gbɔgblɔm be yekpɔ Abraham mahã?” 58 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe matrɔmatrɔ lae nye be, nye la meli xoxoxo hafi Abraham va dzɔ ɖe xexeame nyitsɔ gɔ̃ hã.” 59 Esi wògblɔ esia vɔ ko la, Yudatɔwo ƒe dumemegãwo fɔ kpe be yewoaƒui. Gake Yesu ɣla eɖokui eye wòdo go le gbedoxɔ la me.

In Other Versions

John 8 in the ANGEFD

John 8 in the ANTPNG2D

John 8 in the AS21

John 8 in the BAGH

John 8 in the BBPNG

John 8 in the BBT1E

John 8 in the BDS

John 8 in the BHAD

John 8 in the BIB

John 8 in the BLPT

John 8 in the BNT

John 8 in the BNTABOOT

John 8 in the BNTLV

John 8 in the BOATCB

John 8 in the BOATCB2

John 8 in the BOBCV

John 8 in the BOCNT

John 8 in the BOECS

John 8 in the BOGWICC

John 8 in the BOHCB

John 8 in the BOHCV

John 8 in the BOHLNT

John 8 in the BOHNTLTAL

John 8 in the BOICB

John 8 in the BOILNTAP

John 8 in the BOITCV

John 8 in the BOKCV

John 8 in the BOKCV2

John 8 in the BOKHWOG

John 8 in the BOKSSV

John 8 in the BOLCB

John 8 in the BOLCB2

John 8 in the BOMCV

John 8 in the BONAV

John 8 in the BONCB

John 8 in the BONLT

John 8 in the BONUT2

John 8 in the BOPLNT

John 8 in the BOSCB

John 8 in the BOSNC

John 8 in the BOTLNT

John 8 in the BOVCB

John 8 in the BOYCB

John 8 in the BPBB

John 8 in the BPH

John 8 in the BSB

John 8 in the CCB

John 8 in the CUV

John 8 in the CUVS

John 8 in the DBT

John 8 in the DGDNT

John 8 in the DHNT

John 8 in the DNT

John 8 in the ELBE

John 8 in the EMTV

John 8 in the ESV

John 8 in the FBV

John 8 in the FEB

John 8 in the GGMNT

John 8 in the GNT

John 8 in the HARY

John 8 in the HNT

John 8 in the IRVA

John 8 in the IRVB

John 8 in the IRVG

John 8 in the IRVH

John 8 in the IRVK

John 8 in the IRVM

John 8 in the IRVM2

John 8 in the IRVO

John 8 in the IRVP

John 8 in the IRVT

John 8 in the IRVT2

John 8 in the IRVU

John 8 in the ISVN

John 8 in the JSNT

John 8 in the KAPI

John 8 in the KBT1ETNIK

John 8 in the KBV

John 8 in the KJV

John 8 in the KNFD

John 8 in the LBA

John 8 in the LBLA

John 8 in the LNT

John 8 in the LSV

John 8 in the MAAL

John 8 in the MBV

John 8 in the MBV2

John 8 in the MHNT

John 8 in the MKNFD

John 8 in the MNG

John 8 in the MNT

John 8 in the MNT2

John 8 in the MRS1T

John 8 in the NAA

John 8 in the NASB

John 8 in the NBLA

John 8 in the NBS

John 8 in the NBVTP

John 8 in the NET2

John 8 in the NIV11

John 8 in the NNT

John 8 in the NNT2

John 8 in the NNT3

John 8 in the PDDPT

John 8 in the PFNT

John 8 in the RMNT

John 8 in the SBIAS

John 8 in the SBIBS

John 8 in the SBIBS2

John 8 in the SBICS

John 8 in the SBIDS

John 8 in the SBIGS

John 8 in the SBIHS

John 8 in the SBIIS

John 8 in the SBIIS2

John 8 in the SBIIS3

John 8 in the SBIKS

John 8 in the SBIKS2

John 8 in the SBIMS

John 8 in the SBIOS

John 8 in the SBIPS

John 8 in the SBISS

John 8 in the SBITS

John 8 in the SBITS2

John 8 in the SBITS3

John 8 in the SBITS4

John 8 in the SBIUS

John 8 in the SBIVS

John 8 in the SBT

John 8 in the SBT1E

John 8 in the SCHL

John 8 in the SNT

John 8 in the SUSU

John 8 in the SUSU2

John 8 in the SYNO

John 8 in the TBIAOTANT

John 8 in the TBT1E

John 8 in the TBT1E2

John 8 in the TFTIP

John 8 in the TFTU

John 8 in the TGNTATF3T

John 8 in the THAI

John 8 in the TNFD

John 8 in the TNT

John 8 in the TNTIK

John 8 in the TNTIL

John 8 in the TNTIN

John 8 in the TNTIP

John 8 in the TNTIZ

John 8 in the TOMA

John 8 in the TTENT

John 8 in the UBG

John 8 in the UGV

John 8 in the UGV2

John 8 in the UGV3

John 8 in the VBL

John 8 in the VDCC

John 8 in the YALU

John 8 in the YAPE

John 8 in the YBVTP

John 8 in the ZBP