Luke 14 (BEV)

1 Gbe ɖeka le Sabat dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒeme, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie. 2 Afi ma ŋutsu aɖe si nɔ tete dɔ lém la dze ŋgɔe. 3 Ke Yesu bia Farisitɔ kple senyala siwo nɔ tsitre ɖe afi ma be, “Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Sabat ŋkekea dzia?” 4 Womeɖo biabia la ŋu nɛ o, ale Yesu lé dɔnɔa ƒe alɔnu eye woda gbe le eŋu. Emegbe la, eɖe mɔ nɛ wòdzo. 5 Yesu gatrɔ ɖe ameawo ŋu bia wo be, “Mia dometɔ kae mewɔa dɔ le Sabat ŋkeke dzi o. Nernye be evia alo eƒe nyi ge dze do me le Sabat ŋkekea dzi ɖe meɖenɛ enumake oa?” 6 Ameawo mete ŋu ɖo biabia sia hã ŋu nɛ o. 7 Yesu kpɔ be ame siwo katã wokpe be woava ɖu nua nɔ didim vevie be yewoanɔ kplɔ̃a ta. Le esia ta exlɔ̃ nu wo gblɔ be, 8 “Nenye be wokpe wò ɖe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋu la, mègaʋli bena yeanɔ kplɔ̃ta o, elabena ne ame ŋkuta aɖe si ŋu bubu le wu wò la va la, 9 ne edzɔ nenema la ame si kpe wò la akplɔe va afi si nènɔ eye wòagblɔ na wò bena, ‘Tso nàtsɔ wò nɔƒe na ame sia.’ Esia ana be ŋu akpe wò, eye nàyi aɖanɔ zikpui sia zikpui si le kplɔ̃a ƒe nuwuwu lɔƒo la dzi. 10 “Nu si boŋ wòle be nàwɔ enye esi, yi ɖanɔ teƒe aɖe le kplɔ̃a ƒe nuwuwu, eye ne ame si kpe wò ŋutɔ kpɔ wò la, ava gblɔ na wò be, ‘Nɔvi, míegblẽ nɔƒe nyui aɖe ɖi na wò!’ Ale wòade bubu ŋuwò le ame siwo katã wòkpe la ŋkume. 11 Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la woade bubu eŋu.” 12 Azɔ etrɔ ɖe ame si kpee ɖe kplɔ̃ ŋu la gbɔ gblɔ nɛ be, “Ne èɖo kplɔ̃ la megakpe xɔwòwo, nɔviwòwo kple wò ƒometɔwo kple kesinɔtɔwo o. Elabena woawo hã ava kpe wò ɖe kplɔ̃ ŋu emegbe. 13 Boŋ la, kpe ame dahewo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo. 14 Ekema le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi ŋkeakea dzi la, Mawu ŋutɔ axe fe na wò be èwɔ dɔmenyo na ame siwo mate ŋu aɖo eteƒe na wò o.” 15 Ŋutsu aɖe si nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu la se nya siwo katã wògblɔ ale wògblɔ na Yesu be, “Mɔnukpɔkpɔ gã blibo ka wòanye be ame nakpɔ mɔ age ɖe mawufiaɖuƒe me!” 16 Yesu ɖo eƒe nya la ŋu nɛ be, “Ŋutsu aɖe ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòkpe ame geɖewo. 17 Esi nu sia nu sɔ gbe vɔ be wɔnawo nadze egɔme la, edɔ eƒe subɔvi ɖe ame siwo wòkpe la gbɔ be wòaɖayɔ wo vɛ. 18 Gake ame sia ame de asi taflatsɛdodo me esi subɔvi la yi. Ame ɖeka do taflatsɛ be yeƒle anyigba aɖe eye yedi be yeayi aɖalé ŋku ɖe eme eya ta yemate ŋu ava o. 19 Bubu hã do taflatsɛ be, yeƒle nyitsu ewo be woawɔ dɔ le yeƒe agble me eya ta yeyina wo do ge akpɔ. 20 Ame bubu hã gado taflatsɛ be nyitsɔ laa ko yeɖe srɔ̃ eya ta yemate ŋu agblẽ nyɔnua ɖi ava o.” 21 “Subɔvi la trɔ va gblɔ nya siwo ameawo gblɔ la na eƒe aƒetɔ. Dɔme ve aƒetɔa ŋutɔ eya ta edɔ eƒe subɔvi la wòyi dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomeewo ɖayɔ nubialawo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo va kplɔ̃a ŋui. 22 Togbɔ be wòwɔ esia hã la, teƒe ganɔ kplɔa ŋu ko.” 23 Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, “Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi, kple kpɔwo godo eye naƒoe ɖe ame siwo katã nakpɔ la nu bena woava, be aƒea me nayɔ. 24 Elabena ame siwo katã mekpe gbã la ƒe ɖeke maɖɔ nu siwo meɖa na wo la ƒe ɖeke kpɔ o.” 25 Ame geɖe ŋutɔ nɔ Yesu yome nɔ yiyim. Ale wòtrɔ ɖe wo ŋu hegblɔ na wo be. 26 “Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ẽ, le nyateƒe me ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã, ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. 27 Ame si matsɔ eƒe atitisoga akplɔm ɖo o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.” 28 “Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame kae aɖo be yeatu xɔ ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu eye wòakpɔe ɖa be ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã? 29 Ne mewɔ nenema o, wòɖo xɔa ƒe gɔmeɖokpewo la akpɔe be ga megale ye si yeayi etutu dzi o. Ale amewo katã akoe! 30 “Woaɖu fewu hã le eŋu be, ‘Miekpɔ ame ma ɖa! Eyae dze xɔ ma tutu gɔme gake mete ŋu wu enu hafi ga vɔ le esi o.’ 31 “Alo fia kae atso kpla ko ayi aʋa ke mayɔ eƒe aɖaŋudelawo be woawɔ akɔnta le futɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu akpɔe ɖa be yeƒe asrafo akpe ewo ate ŋu aɖu futɔwo tɔ akpe blaeve dzi o? 32 Nenye be wòakpɔe be yeƒe asrafowo mate ŋu aɖu dzi o la, adɔ ame ɖo ɖe futɔwo gbɔ be wòawɔ ŋutifafa kple wo hafi woava ɖo eƒe du gbɔ. 33 “Ale ame aɖeke mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o negbe ɖe wònɔ anyi gbã, bu eƒe kesinɔnuwo katã ŋu eye wògbe nu le wo gbɔ ɖe tanye hafi! 34 “Ŋudɔwɔnu kae dze, si bu eƒe vivi la ganye? 35 Dze si bu eƒe vivi la meganyo na naneke o, menyo na aɖudodo gɔ̃ hã o. Ɖeko wòle be woatsɔe aƒu gbe. Miɖo to nyuyie, nenye be miedi be yewoase nu si mewɔnɛ la gɔme.”

In Other Versions

Luke 14 in the ANGEFD

Luke 14 in the ANTPNG2D

Luke 14 in the AS21

Luke 14 in the BAGH

Luke 14 in the BBPNG

Luke 14 in the BBT1E

Luke 14 in the BDS

Luke 14 in the BHAD

Luke 14 in the BIB

Luke 14 in the BLPT

Luke 14 in the BNT

Luke 14 in the BNTABOOT

Luke 14 in the BNTLV

Luke 14 in the BOATCB

Luke 14 in the BOATCB2

Luke 14 in the BOBCV

Luke 14 in the BOCNT

Luke 14 in the BOECS

Luke 14 in the BOGWICC

Luke 14 in the BOHCB

Luke 14 in the BOHCV

Luke 14 in the BOHLNT

Luke 14 in the BOHNTLTAL

Luke 14 in the BOICB

Luke 14 in the BOILNTAP

Luke 14 in the BOITCV

Luke 14 in the BOKCV

Luke 14 in the BOKCV2

Luke 14 in the BOKHWOG

Luke 14 in the BOKSSV

Luke 14 in the BOLCB

Luke 14 in the BOLCB2

Luke 14 in the BOMCV

Luke 14 in the BONAV

Luke 14 in the BONCB

Luke 14 in the BONLT

Luke 14 in the BONUT2

Luke 14 in the BOPLNT

Luke 14 in the BOSCB

Luke 14 in the BOSNC

Luke 14 in the BOTLNT

Luke 14 in the BOVCB

Luke 14 in the BOYCB

Luke 14 in the BPBB

Luke 14 in the BPH

Luke 14 in the BSB

Luke 14 in the CCB

Luke 14 in the CUV

Luke 14 in the CUVS

Luke 14 in the DBT

Luke 14 in the DGDNT

Luke 14 in the DHNT

Luke 14 in the DNT

Luke 14 in the ELBE

Luke 14 in the EMTV

Luke 14 in the ESV

Luke 14 in the FBV

Luke 14 in the FEB

Luke 14 in the GGMNT

Luke 14 in the GNT

Luke 14 in the HARY

Luke 14 in the HNT

Luke 14 in the IRVA

Luke 14 in the IRVB

Luke 14 in the IRVG

Luke 14 in the IRVH

Luke 14 in the IRVK

Luke 14 in the IRVM

Luke 14 in the IRVM2

Luke 14 in the IRVO

Luke 14 in the IRVP

Luke 14 in the IRVT

Luke 14 in the IRVT2

Luke 14 in the IRVU

Luke 14 in the ISVN

Luke 14 in the JSNT

Luke 14 in the KAPI

Luke 14 in the KBT1ETNIK

Luke 14 in the KBV

Luke 14 in the KJV

Luke 14 in the KNFD

Luke 14 in the LBA

Luke 14 in the LBLA

Luke 14 in the LNT

Luke 14 in the LSV

Luke 14 in the MAAL

Luke 14 in the MBV

Luke 14 in the MBV2

Luke 14 in the MHNT

Luke 14 in the MKNFD

Luke 14 in the MNG

Luke 14 in the MNT

Luke 14 in the MNT2

Luke 14 in the MRS1T

Luke 14 in the NAA

Luke 14 in the NASB

Luke 14 in the NBLA

Luke 14 in the NBS

Luke 14 in the NBVTP

Luke 14 in the NET2

Luke 14 in the NIV11

Luke 14 in the NNT

Luke 14 in the NNT2

Luke 14 in the NNT3

Luke 14 in the PDDPT

Luke 14 in the PFNT

Luke 14 in the RMNT

Luke 14 in the SBIAS

Luke 14 in the SBIBS

Luke 14 in the SBIBS2

Luke 14 in the SBICS

Luke 14 in the SBIDS

Luke 14 in the SBIGS

Luke 14 in the SBIHS

Luke 14 in the SBIIS

Luke 14 in the SBIIS2

Luke 14 in the SBIIS3

Luke 14 in the SBIKS

Luke 14 in the SBIKS2

Luke 14 in the SBIMS

Luke 14 in the SBIOS

Luke 14 in the SBIPS

Luke 14 in the SBISS

Luke 14 in the SBITS

Luke 14 in the SBITS2

Luke 14 in the SBITS3

Luke 14 in the SBITS4

Luke 14 in the SBIUS

Luke 14 in the SBIVS

Luke 14 in the SBT

Luke 14 in the SBT1E

Luke 14 in the SCHL

Luke 14 in the SNT

Luke 14 in the SUSU

Luke 14 in the SUSU2

Luke 14 in the SYNO

Luke 14 in the TBIAOTANT

Luke 14 in the TBT1E

Luke 14 in the TBT1E2

Luke 14 in the TFTIP

Luke 14 in the TFTU

Luke 14 in the TGNTATF3T

Luke 14 in the THAI

Luke 14 in the TNFD

Luke 14 in the TNT

Luke 14 in the TNTIK

Luke 14 in the TNTIL

Luke 14 in the TNTIN

Luke 14 in the TNTIP

Luke 14 in the TNTIZ

Luke 14 in the TOMA

Luke 14 in the TTENT

Luke 14 in the UBG

Luke 14 in the UGV

Luke 14 in the UGV2

Luke 14 in the UGV3

Luke 14 in the VBL

Luke 14 in the VDCC

Luke 14 in the YALU

Luke 14 in the YAPE

Luke 14 in the YBVTP

Luke 14 in the ZBP