Luke 20 (BEV)

1 Esi Yesu nɔ nu fiam amewo eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, osɔfogãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii. 2 Wobiae be, “Ame kae na ŋusẽ wò be nànya asitsalawo do goe le gbedoxɔ me?” 3 Eɖo eŋu be, “Nye hã mabia biabia ɖeka mi hafi maɖo miaƒe biabia ŋu na mi. 4 Biabia lae nye, ‘Yohanes ƒe mawutsideta la ɖe,’ Mawu gbɔe wòtso loo alo eya ŋutɔe tsɔe ɖo eɖokui dzi nɔ nu si dze eŋu la wɔma?” 5 Wodzro biabia la ŋu le wo nɔewo dome kpɔ hegblɔ be, “Ne míegblɔ be Mawue dɔe ɖa la ekema míede mía ɖokuiwo nya me, elabena abia mí be, ‘Nu ka tae míexɔ edzi se o maha?’ 6 Ne míegblɔ hã be menye Mawue dɔe ɖa o la, ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.” 7 Mlɔeba la woɖo eŋu nɛ be, “Míenya afi si wòtso o.” 8 Ale Yesu gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemaɖo miaƒe biabia la ŋu na mi o.” 9 Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe. 10 Esi nuŋeɣi ɖo la edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waintsetsea ƒe akpa si nye tɔ gome la vɛ. Gake agblea dzikpɔlawo ƒo dɔla la vevie eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu. 11 Agbletɔ la gadɔ dɔla bubu ɖa gake wowɔ eya hã nenema, woƒoe, dzui nyuie eye wonyae dzoe asi ƒuƒlu. 12 Agbletɔ la gadɔ ame etɔ̃lia ɖo ɖa agblea dzikpɔlawo gbɔ ake gake eya hã kpɔ nuteƒe abe ame gbãtɔ eveawo ene. Wode abi eŋu eye wonyae ɖe du nu wòdo go le agbelea me heyi aƒe asi ƒuƒlu.” 13 “Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, ‘Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye ɖeka hɔ̃ la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.’ ” 14 “Gake esi agblea dzikpɔlawo kpɔ via wògbɔna la, wogblɔ be, ‘Nu si dim míele la va ɖo. Ame si avanyi eƒe dome nenye be megali o lae nye esi va do! Mina míawui bena eƒe domenyinua nazu míatɔ.’ 15 Ale wolée, hee le anyigba do goe le waingblea me heyi ɖawu.” Yesu bia ameha la be, “Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ? 16 Magblɔe na mi. Agbletɔa ava eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Agbledzikpɔlawo mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi sia ƒomevi o ɖe.” 17 Yesu kpɔ wo dũ hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?” 18 Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.” 19 Esi osɔfogãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake, elabena wonya be yewo ŋutie wògblɔe ɖo. Woawoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo le ŋutinya la me. Gake wovɔ̃ bena ne yewo ŋutɔ yewolée la, ahe ʋunyaʋunya vɛ. 20 Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ bena woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene eye woabia biabiawoe. 21 Wova Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míenyae be nufiala anukwaretɔe nènye. Etoa nyateƒe ɣesiaɣi eye mèkpɔa ame aɖeke hã ŋkume o, ke boŋ èfiaa nu si nye Mawu ƒe mɔwo. 22 Azɔ gblɔ wò susu na mí tso nya sia ŋuti. Enyo be míadzɔ nu na Kaisaro loo alo menyo o.” 23 Yesu kpɔ aye si wɔm ameawo nɔ la dze sii eya ta wògblɔ be, 24 “Mitsɔ kɔba ɖeka nam makpɔ ɖa. Ame ka ƒe tatae nye sia le kɔba sia dzi? Eye ame ka ƒe ŋkɔe le tata la te?”Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro si nye Roma duwo katã dziɖula ƒe tatae.” 25 Egblɔ na wo be, “Ekema mitsɔ nu siwo katã nye Kaisaro tɔ la nɛ eye mitsɔ nu siwo katã nye Mawu tɔ la na Mawu!” 26 Ale mɔ̃ si wotre nɛ be wòaɖee le ameha la ŋkume la mete ŋu ɖee o. Eƒe nyaŋuɖoɖo la wɔ nuku na wo ale gbegbe be ɖoɖoe zi le wo nu. 27 Azɔ Zadukitɔ aɖewo, ame siwo xɔe se be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la 28 va Yesu gbɔ kple nya sia be, “Mose ƒe se gblɔ be nenye be ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ gake wo kple srɔ̃a medzi vi hafi wòku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia eye vi si woadzi la anye ame si ku la tɔ, eye wòavaxɔ ɖe eteƒe nenye be eva tsi 29 míenya ƒome aɖe, si me ɖekakpui adre nɔ. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃ gake medzi vi aɖeke hafi ku o. 30 Ame si dzɔ ɖe eyome la ɖe ahosia gake eya hã medzi vi kplii hafi trɔ megbe o. 31 Nu sia yi dzi ʋuu va se ɖe esime ɖekpakpui ewoawo katã ɖe ahosia kpɔ gake ɖeke medzi vi kplii hafi ku o. 32 Nyɔnua hã va ku mlɔeba. 33 Azɔ míaƒe biabia lae nye be, Ame ka srɔ̃e nyɔnu sia anye nenye be wofɔ tso ku me? Elabena ŋutsuawo katã ɖee kpɔ!” 34 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame siwo le agbe le xexe sia mee woɖo srɔ̃ɖeɖe anyi na. 35 Gake ame dzɔdzɔe siwo woafɔ ɖe tsitre yi dziƒo la womaɖe srɔ̃ o. 36 Womagaku hã o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe tsitre yi agbe yeye mee. 37 “Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose gɔ̃ hã gblɔe fia le ŋuve mumu si nɔ bibim la gbɔ, esi woyɔ Mawu be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’ 38 Ke menye ame kukuwo ƒe Mawu wonye o ke boŋ ame gbagbewo tɔe, elabena le eya gbɔ wo katã wole agbe nɛ.” 39 Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nufiala, egblɔe nyuie ŋutɔ!” 40 Ale wodzudzɔ woƒe biabiawo elabena dzi megale wo ƒo be woagabia nya ɖekee o. 41 Azɔ Yesu tsɔ biabia sia ɖo woƒe ŋkume be, “Nu ka tae wogblɔ be Kristo Mesia la nye Fia David ƒe vi? 42 Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalomowo ƒe agbalẽ me be,“ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be. Bɔbɔnɔ nye nuɖusi me, 43 va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinu.’ 44 David yɔe be, ‘Aƒetɔ’ Ale ke wɔ wòaganye via?” 45 Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le esime ameha la nɔ to ɖomii eye wògblɔ na wo be, 46 “Mikpɔ nyuie le agbalẽfiala siawo ŋuti, elabena woɖoa atsyɔ̃ gãwo nɔa yiyim, eye ne wole ablɔ dzi la wodina be amewo nabɔbɔ ado gbe na yewo bubutɔe. Wolɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kple azã bubuwo ɖuƒe. 47 Ke ne wole woƒe gbe didi mawo dom ɖa hele atsyia dem eme la, woganɔa susu wɔm le ale si woawɔ aba ahosi dahewo la ŋuti. Eya ta Mawu ƒe tohehe gãtɔ le wo lalam.”

In Other Versions

Luke 20 in the ANGEFD

Luke 20 in the ANTPNG2D

Luke 20 in the AS21

Luke 20 in the BAGH

Luke 20 in the BBPNG

Luke 20 in the BBT1E

Luke 20 in the BDS

Luke 20 in the BHAD

Luke 20 in the BIB

Luke 20 in the BLPT

Luke 20 in the BNT

Luke 20 in the BNTABOOT

Luke 20 in the BNTLV

Luke 20 in the BOATCB

Luke 20 in the BOATCB2

Luke 20 in the BOBCV

Luke 20 in the BOCNT

Luke 20 in the BOECS

Luke 20 in the BOGWICC

Luke 20 in the BOHCB

Luke 20 in the BOHCV

Luke 20 in the BOHLNT

Luke 20 in the BOHNTLTAL

Luke 20 in the BOICB

Luke 20 in the BOILNTAP

Luke 20 in the BOITCV

Luke 20 in the BOKCV

Luke 20 in the BOKCV2

Luke 20 in the BOKHWOG

Luke 20 in the BOKSSV

Luke 20 in the BOLCB

Luke 20 in the BOLCB2

Luke 20 in the BOMCV

Luke 20 in the BONAV

Luke 20 in the BONCB

Luke 20 in the BONLT

Luke 20 in the BONUT2

Luke 20 in the BOPLNT

Luke 20 in the BOSCB

Luke 20 in the BOSNC

Luke 20 in the BOTLNT

Luke 20 in the BOVCB

Luke 20 in the BOYCB

Luke 20 in the BPBB

Luke 20 in the BPH

Luke 20 in the BSB

Luke 20 in the CCB

Luke 20 in the CUV

Luke 20 in the CUVS

Luke 20 in the DBT

Luke 20 in the DGDNT

Luke 20 in the DHNT

Luke 20 in the DNT

Luke 20 in the ELBE

Luke 20 in the EMTV

Luke 20 in the ESV

Luke 20 in the FBV

Luke 20 in the FEB

Luke 20 in the GGMNT

Luke 20 in the GNT

Luke 20 in the HARY

Luke 20 in the HNT

Luke 20 in the IRVA

Luke 20 in the IRVB

Luke 20 in the IRVG

Luke 20 in the IRVH

Luke 20 in the IRVK

Luke 20 in the IRVM

Luke 20 in the IRVM2

Luke 20 in the IRVO

Luke 20 in the IRVP

Luke 20 in the IRVT

Luke 20 in the IRVT2

Luke 20 in the IRVU

Luke 20 in the ISVN

Luke 20 in the JSNT

Luke 20 in the KAPI

Luke 20 in the KBT1ETNIK

Luke 20 in the KBV

Luke 20 in the KJV

Luke 20 in the KNFD

Luke 20 in the LBA

Luke 20 in the LBLA

Luke 20 in the LNT

Luke 20 in the LSV

Luke 20 in the MAAL

Luke 20 in the MBV

Luke 20 in the MBV2

Luke 20 in the MHNT

Luke 20 in the MKNFD

Luke 20 in the MNG

Luke 20 in the MNT

Luke 20 in the MNT2

Luke 20 in the MRS1T

Luke 20 in the NAA

Luke 20 in the NASB

Luke 20 in the NBLA

Luke 20 in the NBS

Luke 20 in the NBVTP

Luke 20 in the NET2

Luke 20 in the NIV11

Luke 20 in the NNT

Luke 20 in the NNT2

Luke 20 in the NNT3

Luke 20 in the PDDPT

Luke 20 in the PFNT

Luke 20 in the RMNT

Luke 20 in the SBIAS

Luke 20 in the SBIBS

Luke 20 in the SBIBS2

Luke 20 in the SBICS

Luke 20 in the SBIDS

Luke 20 in the SBIGS

Luke 20 in the SBIHS

Luke 20 in the SBIIS

Luke 20 in the SBIIS2

Luke 20 in the SBIIS3

Luke 20 in the SBIKS

Luke 20 in the SBIKS2

Luke 20 in the SBIMS

Luke 20 in the SBIOS

Luke 20 in the SBIPS

Luke 20 in the SBISS

Luke 20 in the SBITS

Luke 20 in the SBITS2

Luke 20 in the SBITS3

Luke 20 in the SBITS4

Luke 20 in the SBIUS

Luke 20 in the SBIVS

Luke 20 in the SBT

Luke 20 in the SBT1E

Luke 20 in the SCHL

Luke 20 in the SNT

Luke 20 in the SUSU

Luke 20 in the SUSU2

Luke 20 in the SYNO

Luke 20 in the TBIAOTANT

Luke 20 in the TBT1E

Luke 20 in the TBT1E2

Luke 20 in the TFTIP

Luke 20 in the TFTU

Luke 20 in the TGNTATF3T

Luke 20 in the THAI

Luke 20 in the TNFD

Luke 20 in the TNT

Luke 20 in the TNTIK

Luke 20 in the TNTIL

Luke 20 in the TNTIN

Luke 20 in the TNTIP

Luke 20 in the TNTIZ

Luke 20 in the TOMA

Luke 20 in the TTENT

Luke 20 in the UBG

Luke 20 in the UGV

Luke 20 in the UGV2

Luke 20 in the UGV3

Luke 20 in the VBL

Luke 20 in the VDCC

Luke 20 in the YALU

Luke 20 in the YAPE

Luke 20 in the YBVTP

Luke 20 in the ZBP