Luke 4 (BEV)

1 Azɔ Yesu si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ la dzo le Yɔdan tɔsisia to eye Gbɔgbɔ la kplɔe yi ɖe Yudea ƒe gbedadaƒo afi aɖe. 2 Enɔ afi ma ŋkeke blaene eye Satan va tee kpɔ le ŋkeke siawo katã me. Meɖu naneke le ŋkeke siawo katã me o ale dɔwui vevie. 3 Satan gblɔ nɛ be, “Nenye be Mawu vie neneye tututu la ekema ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo.” 4 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe koe le vevie na amegbetɔ o.” 5 Satan kplɔe yi teƒe kɔkɔ aɖee eye wòɖe xexeame fiaɖuƒe katã fiae le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me 6 eye wògblɔ na Yesu be, “Dukɔ nyui siawo katã kple woƒe ŋutikɔkɔewo nye tɔnye eye mate ŋu atsɔe na ame sia ame si melɔ̃. 7 Eya ta ne èdze klo subɔm ko la matsɔ wo na wò.” 8 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abe ale si woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea mee ene la, Mawu ɖeka hɔ̃ ko wòle be míasubɔ.” 9 Azɔ Satana gakplɔe yi Yerusalem eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. 10 Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ bena, ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò be woakpɔ tawò nyuie 11 woatsɔwò ɖe woƒe asiwo me ale be matsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ” 12 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, ‘Megate Mawu wò Aƒetɔ la kpɔ tamemabutɔe o.’ ” 13 Esi Satrana wu tetekpɔwo katã nu la, egblẽ Yesu ɖi dzo le egbɔ hena ɣeyiɣi bubu. 14 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ yɔ Yesu me fũ azɔ ale wòtrɔ yi Galilea. Eteƒe medidi o la amewo nyae le nuto sia me kpe ɖo. 15 Le mawunya deto siwo wògblɔna le wo ƒuƒoƒewo ta la ame sia ame kafu nɛ ŋutɔ. 16 Eva Nazaret, afi si wònɔ le eƒe ɖevime eye wòyi woƒe ƒuƒoƒe le Sabat ŋkekea dzi. Esi wòtso be yeaxlẽ mawunya la, 17 wotsɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ be wòaxlẽ. Eʋʋ teƒe si woŋlɔ ɖo be, 18 “Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta wosi ami nam ɖo edɔm ɖa bena magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa bena maɖe gbeƒẽ be woaɖe ga aboyomenɔlawo eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖanyilawo si me, 19 eye maɖe gbeƒã Aƒetɔ la ƒe ƒe nyui la.” 20 Esi wòxlẽ nya siawo vɔ la, etu agbalẽa tsɔe na ame si tsɔe nɛ la eye eya ŋutɔ yi ɖanɔ anyi. Ke ame siwo katã nɔ ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi gãa. 21 Yesu gagblɔ na ameawo be, “Mawunya sia va eme le egbe ŋkeke sia dzi.” 22 Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui eye woƒe mo wɔ yaa le mawunya deto siwo wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye sia? Alo menye Yosef vie oa?” 23 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖewohĩ miaɖo ŋku lododo sia adzi be, ‘Gbedala, da gbe le wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu’ esi gɔmee nye be, ‘Nu ka ta mewɔ nukunuwo le wò ŋutɔ wò dedu me abe ale si nèwɔe le Kapernaum ene o?’ 24 Magblɔ na mi kple kakaɖedzi blibo be, bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me o. 25 “Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli, esi wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple afã eye dɔwuame sesẽ aɖe va anyigba blibo la dzi. 26 Gake womeɖo Eliya ɖe wo dometɔ aɖeke gbɔ o, ke boŋ woɖoe ɖe ahosi aɖe si tso Zarefat le Sidon nuto me la gbɔ. 27 Mibu nyagblɔɖila Elisa ame si da gbe le Naaman si nye Siriatɔ la ŋu kpɔ. Togbɔ be kpodɔléla geɖewo hã nɔ Israel siwo hiã gbedada vevie hã, Elisa meda gbe le woawo ŋu o, negbe Naaman Siriatɔ la ko.” 28 Yesu ƒe nya siawo ve dɔme na ameawo ŋutɔ. 29 Woƒe dziwo ho ɖe eŋu ale wotso hetutu asi ʋume nɛ do goe le xɔa me. Wokplɔe yi togbɛ si dzi wotu dua ɖo la ƒe kɔkɔeƒe be yewoatutui tso teƒe sia wòayi aɖadze aga me. 30 Gake ezɔ to amehawo dome kɔ̃ɔ hedzo le wo gbɔ. 31 Yesu trɔ yi Kapernaum si nye du aɖe si le Galilea nuto me la me eye le afi sia egblɔ mawunya na amewo le Sabat ŋkeke ɖe sia ɖe dzi le wo ƒe ƒuƒoƒewo. 32 Eƒe nyagbɔgblɔwo wɔ nuku na ameawo katã le afi sia hã, elabena eƒo nu abe ame si nya nyateƒe la ene, eye megblɔa ame bubuwo ƒe susu o. 33 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ mawunya gblɔm le ƒuƒoƒea la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le la de asi ɣlidodo me ɖe eta be, 34 “Ago gbɔ! Wò Yesu Nazaretitɔ, nya aɖeke mele mí kpli wò dome o. Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mí. Menya ame si nènye, Mawu ƒe Vi kɔkɔe lae nènye.” 35 Yesu tso nya la le enu be, “Zi ɖoɖoe!” Azɔ egblɔ na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Do go le ame sia me!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la tsɔ ŋutsua xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, ameha la ƒo zi ɖe eŋu henɔ ekpɔm. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le amea me eye megawɔ nuvevi aɖekee o. 36 Esia wɔ nuku na ameawo ŋutɔ ale wobia wo nɔewo be, “Ŋusẽ ka ƒomevie le ame sia ƒe nyawo ŋu ale be gbɔgbɔ vɔ̃ ŋutɔwo gɔ̃ hã ɖoa toe?” 37 Nukunu si Yesu wɔ la kaka ɖe nutoa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. 38 Esi Yesu do go le ƒuƒoƒea gbe ma gbe la, eyi Simɔn ƒeme, eye wòke ɖe Simɔn lɔ̃xo ŋu wònɔ ŋudza sesẽ aɖe lém. Ame sia ame kloe va ɖe kuku na Yesu gblɔ be, “Míeɖe kuku na wò da gbe le eŋu.” 39 Yesu yi ɖatsi tre ɖe dɔnɔa ƒe abe gbɔ eye wòɖe gbe na dɔlélea be wòaɖe asi le eŋu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnua ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtsi tre heyi ɖaɖa nu na wo. 40 Le ɣetrɔ miaa la, kɔƒea me tɔwo katã kplɔ ame siwo katã nɔ dɔ vovovowo lém le woƒe aƒewo me la vɛ na Yesu eye wòda asi ɖe wo katã dzi heyɔ dɔ wo. 41 Gbɔgbɔ vɔ̃tɔ aɖewo hã nɔ ameawo dome ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ siawo be woado go le ameawo me eye wodo go le eƒe nya nu henɔ ɣli dom be, “Wòe nye Mawu Vi la.” Esi Yesu kpɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo nya be yee nye Kristo la, eɖe gbe na wo be woazi ɖoɖoe. 42 Le ŋkeke eveagbe ƒe ŋdi kanyaa la, efɔ yi ɖe gbe dzi. Ameha la dii vevie le teƒe geɖewo eye esi wova ke ɖe eŋu mlɔeba la, woɖe kuku nɛ be megadzo o, ke boŋ wòanɔ yewo gbɔ le Kapernaum. 43 Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be magblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la na ame bubuwo hã elabena esia tae wodɔm ɖa.” 44 Ale wòdzo henɔ tsatsam le Yudea nutowo katã me kpe ɖo, nɔ mawunya gblɔm na amewo le wo ƒe ƒuƒoƒewo.

In Other Versions

Luke 4 in the ANGEFD

Luke 4 in the ANTPNG2D

Luke 4 in the AS21

Luke 4 in the BAGH

Luke 4 in the BBPNG

Luke 4 in the BBT1E

Luke 4 in the BDS

Luke 4 in the BHAD

Luke 4 in the BIB

Luke 4 in the BLPT

Luke 4 in the BNT

Luke 4 in the BNTABOOT

Luke 4 in the BNTLV

Luke 4 in the BOATCB

Luke 4 in the BOATCB2

Luke 4 in the BOBCV

Luke 4 in the BOCNT

Luke 4 in the BOECS

Luke 4 in the BOGWICC

Luke 4 in the BOHCB

Luke 4 in the BOHCV

Luke 4 in the BOHLNT

Luke 4 in the BOHNTLTAL

Luke 4 in the BOICB

Luke 4 in the BOILNTAP

Luke 4 in the BOITCV

Luke 4 in the BOKCV

Luke 4 in the BOKCV2

Luke 4 in the BOKHWOG

Luke 4 in the BOKSSV

Luke 4 in the BOLCB

Luke 4 in the BOLCB2

Luke 4 in the BOMCV

Luke 4 in the BONAV

Luke 4 in the BONCB

Luke 4 in the BONLT

Luke 4 in the BONUT2

Luke 4 in the BOPLNT

Luke 4 in the BOSCB

Luke 4 in the BOSNC

Luke 4 in the BOTLNT

Luke 4 in the BOVCB

Luke 4 in the BOYCB

Luke 4 in the BPBB

Luke 4 in the BPH

Luke 4 in the BSB

Luke 4 in the CCB

Luke 4 in the CUV

Luke 4 in the CUVS

Luke 4 in the DBT

Luke 4 in the DGDNT

Luke 4 in the DHNT

Luke 4 in the DNT

Luke 4 in the ELBE

Luke 4 in the EMTV

Luke 4 in the ESV

Luke 4 in the FBV

Luke 4 in the FEB

Luke 4 in the GGMNT

Luke 4 in the GNT

Luke 4 in the HARY

Luke 4 in the HNT

Luke 4 in the IRVA

Luke 4 in the IRVB

Luke 4 in the IRVG

Luke 4 in the IRVH

Luke 4 in the IRVK

Luke 4 in the IRVM

Luke 4 in the IRVM2

Luke 4 in the IRVO

Luke 4 in the IRVP

Luke 4 in the IRVT

Luke 4 in the IRVT2

Luke 4 in the IRVU

Luke 4 in the ISVN

Luke 4 in the JSNT

Luke 4 in the KAPI

Luke 4 in the KBT1ETNIK

Luke 4 in the KBV

Luke 4 in the KJV

Luke 4 in the KNFD

Luke 4 in the LBA

Luke 4 in the LBLA

Luke 4 in the LNT

Luke 4 in the LSV

Luke 4 in the MAAL

Luke 4 in the MBV

Luke 4 in the MBV2

Luke 4 in the MHNT

Luke 4 in the MKNFD

Luke 4 in the MNG

Luke 4 in the MNT

Luke 4 in the MNT2

Luke 4 in the MRS1T

Luke 4 in the NAA

Luke 4 in the NASB

Luke 4 in the NBLA

Luke 4 in the NBS

Luke 4 in the NBVTP

Luke 4 in the NET2

Luke 4 in the NIV11

Luke 4 in the NNT

Luke 4 in the NNT2

Luke 4 in the NNT3

Luke 4 in the PDDPT

Luke 4 in the PFNT

Luke 4 in the RMNT

Luke 4 in the SBIAS

Luke 4 in the SBIBS

Luke 4 in the SBIBS2

Luke 4 in the SBICS

Luke 4 in the SBIDS

Luke 4 in the SBIGS

Luke 4 in the SBIHS

Luke 4 in the SBIIS

Luke 4 in the SBIIS2

Luke 4 in the SBIIS3

Luke 4 in the SBIKS

Luke 4 in the SBIKS2

Luke 4 in the SBIMS

Luke 4 in the SBIOS

Luke 4 in the SBIPS

Luke 4 in the SBISS

Luke 4 in the SBITS

Luke 4 in the SBITS2

Luke 4 in the SBITS3

Luke 4 in the SBITS4

Luke 4 in the SBIUS

Luke 4 in the SBIVS

Luke 4 in the SBT

Luke 4 in the SBT1E

Luke 4 in the SCHL

Luke 4 in the SNT

Luke 4 in the SUSU

Luke 4 in the SUSU2

Luke 4 in the SYNO

Luke 4 in the TBIAOTANT

Luke 4 in the TBT1E

Luke 4 in the TBT1E2

Luke 4 in the TFTIP

Luke 4 in the TFTU

Luke 4 in the TGNTATF3T

Luke 4 in the THAI

Luke 4 in the TNFD

Luke 4 in the TNT

Luke 4 in the TNTIK

Luke 4 in the TNTIL

Luke 4 in the TNTIN

Luke 4 in the TNTIP

Luke 4 in the TNTIZ

Luke 4 in the TOMA

Luke 4 in the TTENT

Luke 4 in the UBG

Luke 4 in the UGV

Luke 4 in the UGV2

Luke 4 in the UGV3

Luke 4 in the VBL

Luke 4 in the VDCC

Luke 4 in the YALU

Luke 4 in the YAPE

Luke 4 in the YBVTP

Luke 4 in the ZBP