Revelation 13 (BEV)

1 Ale ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe atsiaƒua to. Tete mekpɔ lã wɔadã aɖe wodo go tso atsiaƒu me gbɔna. Eto dzo ewo kple ta adre; fiakuku ewo nɔ dzoawo dzi eye woŋlɔ busuŋkɔwo ɖe ta adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 2 Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene eye eƒe nu le abe dzata tɔwo ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la. 3 Edze abe lã wɔadã la ƒe tawo dometɔ ɖeka ɖe wòxɔ abi vevie ene gake abi gã si wòxɔ la ku. Xexeame katã ƒe nu ku eye wodze lã wɔadã la yome. 4 Amewo subɔ ʋɔ drĩba la elabena etsɔ dziɖuɖu ƒe ŋusẽ na lã wɔadã la, eye wosubɔ lã wɔadã la hã hebia be, “Ame kae le abe lã wɔadã la ene? Ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?” 5 Wona nu lã wɔadã la be wòagblɔ adegbeƒonyawo kple busunyawo eye be wòaɖu dzi hena ɣleti blaene-vɔ-ene. 6 Eke eƒe nu be yeagblɔ busunya ɖe Mawu ŋu eye yeaƒo ɖi eƒe ŋkɔ, eƒe nɔƒe kple ame siwò katã li kplii le dziƒo. 7 Wona ŋusẽe be wòawɔ aʋa kple amekɔkɔeawo eye woaɖu wo dzi. Nenema kee wona dziɖuɖuŋusẽe ɖe to sia to, ƒome sia ƒome, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ dzi. 8 Anyigbadzitɔwo katã asubɔ lã wɔada la, ame siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe Alẽvi si wowu tso xexeame ƒe gɔmedzedze ke la ƒe agbegbalẽ la me o. 9 Ame si to senu li na la, nesee. 10 Ne ame aɖe ayi aboyome la, aboyomee wòayi. Ne woawu ame aɖe kple yi la, yie woatsɔ awui. Esia hiã na dzigbɔɖi le dzidodo me kple nuteƒewɔwɔ le amekɔkɔeawo ƒe akpa dzi. 11 Eye mekpɔ lã wɔadã bubu wònɔ dodom tso anyigba ƒe tume. Eto dzo eve abe agbovi ene gake enɔ nu ƒom abe ʋɔ driba ene. 12 Ewɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe dziɖuɖuŋusẽwo katã ŋutidɔ ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe eye wòna be anyigba kple edzinɔlawo katã nasubɔ lã wɔadã gbãtɔ, ame si ƒe kubi wowɔ wòku. 13 Ewɔ dzesi kple nukunu gãwo eye wòna be dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo va dze anyi le amewo ƒe ŋkume. 14 Le ŋusẽ si wonɛ be wòawɔ nukunuwo ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe ta la, eble anyigbadzitɔwo katã. Ede se na wo be woali legba abe bubudede lã wɔadã si ŋu wode abi kple yi eye wògale agbe la ŋu ene. 15 Wona ŋusẽe be woade gbɔgbɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe legba me ale be legba la nate ŋu aƒo nu eye be woawu ame siwo katã gbe be yewomasubɔ lã wɔadã la ƒe legba o. 16 Nenema kee wòzi ame sia ame, suewo kple gãwo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ablɔɖeviwo kple kluviwo dzi be woade dzesi woƒe nuɖusibɔ alo woƒe ŋgonu, 17 ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra nu o negbe ɖe ko wòxɔ dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ, alo xexlẽme si nye eƒe ŋkɔ. 18 Esia hiã nunya. Ne sidzedze le ame aɖe si la, nebu akɔnta le xexlẽme dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ ŋuti, elabena enye ame ƒe xexlẽme ƒe dzesi. Eƒe xexlẽme ƒe dzesie nye alafa ade blaade-vɔ-ade.

In Other Versions

Revelation 13 in the ANGEFD

Revelation 13 in the ANTPNG2D

Revelation 13 in the AS21

Revelation 13 in the BAGH

Revelation 13 in the BBPNG

Revelation 13 in the BBT1E

Revelation 13 in the BDS

Revelation 13 in the BHAD

Revelation 13 in the BIB

Revelation 13 in the BLPT

Revelation 13 in the BNT

Revelation 13 in the BNTABOOT

Revelation 13 in the BNTLV

Revelation 13 in the BOATCB

Revelation 13 in the BOATCB2

Revelation 13 in the BOBCV

Revelation 13 in the BOCNT

Revelation 13 in the BOECS

Revelation 13 in the BOGWICC

Revelation 13 in the BOHCB

Revelation 13 in the BOHCV

Revelation 13 in the BOHLNT

Revelation 13 in the BOHNTLTAL

Revelation 13 in the BOICB

Revelation 13 in the BOILNTAP

Revelation 13 in the BOITCV

Revelation 13 in the BOKCV

Revelation 13 in the BOKCV2

Revelation 13 in the BOKHWOG

Revelation 13 in the BOKSSV

Revelation 13 in the BOLCB

Revelation 13 in the BOLCB2

Revelation 13 in the BOMCV

Revelation 13 in the BONAV

Revelation 13 in the BONCB

Revelation 13 in the BONLT

Revelation 13 in the BONUT2

Revelation 13 in the BOPLNT

Revelation 13 in the BOSCB

Revelation 13 in the BOSNC

Revelation 13 in the BOTLNT

Revelation 13 in the BOVCB

Revelation 13 in the BOYCB

Revelation 13 in the BPBB

Revelation 13 in the BPH

Revelation 13 in the BSB

Revelation 13 in the CCB

Revelation 13 in the CUV

Revelation 13 in the CUVS

Revelation 13 in the DBT

Revelation 13 in the DGDNT

Revelation 13 in the DHNT

Revelation 13 in the DNT

Revelation 13 in the ELBE

Revelation 13 in the EMTV

Revelation 13 in the ESV

Revelation 13 in the FBV

Revelation 13 in the FEB

Revelation 13 in the GGMNT

Revelation 13 in the GNT

Revelation 13 in the HARY

Revelation 13 in the HNT

Revelation 13 in the IRVA

Revelation 13 in the IRVB

Revelation 13 in the IRVG

Revelation 13 in the IRVH

Revelation 13 in the IRVK

Revelation 13 in the IRVM

Revelation 13 in the IRVM2

Revelation 13 in the IRVO

Revelation 13 in the IRVP

Revelation 13 in the IRVT

Revelation 13 in the IRVT2

Revelation 13 in the IRVU

Revelation 13 in the ISVN

Revelation 13 in the JSNT

Revelation 13 in the KAPI

Revelation 13 in the KBT1ETNIK

Revelation 13 in the KBV

Revelation 13 in the KJV

Revelation 13 in the KNFD

Revelation 13 in the LBA

Revelation 13 in the LBLA

Revelation 13 in the LNT

Revelation 13 in the LSV

Revelation 13 in the MAAL

Revelation 13 in the MBV

Revelation 13 in the MBV2

Revelation 13 in the MHNT

Revelation 13 in the MKNFD

Revelation 13 in the MNG

Revelation 13 in the MNT

Revelation 13 in the MNT2

Revelation 13 in the MRS1T

Revelation 13 in the NAA

Revelation 13 in the NASB

Revelation 13 in the NBLA

Revelation 13 in the NBS

Revelation 13 in the NBVTP

Revelation 13 in the NET2

Revelation 13 in the NIV11

Revelation 13 in the NNT

Revelation 13 in the NNT2

Revelation 13 in the NNT3

Revelation 13 in the PDDPT

Revelation 13 in the PFNT

Revelation 13 in the RMNT

Revelation 13 in the SBIAS

Revelation 13 in the SBIBS

Revelation 13 in the SBIBS2

Revelation 13 in the SBICS

Revelation 13 in the SBIDS

Revelation 13 in the SBIGS

Revelation 13 in the SBIHS

Revelation 13 in the SBIIS

Revelation 13 in the SBIIS2

Revelation 13 in the SBIIS3

Revelation 13 in the SBIKS

Revelation 13 in the SBIKS2

Revelation 13 in the SBIMS

Revelation 13 in the SBIOS

Revelation 13 in the SBIPS

Revelation 13 in the SBISS

Revelation 13 in the SBITS

Revelation 13 in the SBITS2

Revelation 13 in the SBITS3

Revelation 13 in the SBITS4

Revelation 13 in the SBIUS

Revelation 13 in the SBIVS

Revelation 13 in the SBT

Revelation 13 in the SBT1E

Revelation 13 in the SCHL

Revelation 13 in the SNT

Revelation 13 in the SUSU

Revelation 13 in the SUSU2

Revelation 13 in the SYNO

Revelation 13 in the TBIAOTANT

Revelation 13 in the TBT1E

Revelation 13 in the TBT1E2

Revelation 13 in the TFTIP

Revelation 13 in the TFTU

Revelation 13 in the TGNTATF3T

Revelation 13 in the THAI

Revelation 13 in the TNFD

Revelation 13 in the TNT

Revelation 13 in the TNTIK

Revelation 13 in the TNTIL

Revelation 13 in the TNTIN

Revelation 13 in the TNTIP

Revelation 13 in the TNTIZ

Revelation 13 in the TOMA

Revelation 13 in the TTENT

Revelation 13 in the UBG

Revelation 13 in the UGV

Revelation 13 in the UGV2

Revelation 13 in the UGV3

Revelation 13 in the VBL

Revelation 13 in the VDCC

Revelation 13 in the YALU

Revelation 13 in the YAPE

Revelation 13 in the YBVTP

Revelation 13 in the ZBP