Revelation 14 (BEV)

1 Kasia mekpɔ Alẽvi la le ŋkunyeme. Enɔ tsitre ɖe Zion to dzi eye ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, ame siwo ƒe ŋgowo nu woŋlɔ eŋkɔ kple Fofoa tɔ ɖo la nɔ tsitre ɖe egbɔ. 2 Mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe howɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe ene. Gbe si mese la, nɔ abe kasaŋkuƒolawoe nɔ woƒe kasaŋkuwo ƒom ene. 3 Tete wodzi ha yeye le fiazikpui la ŋgɔ kple nugbagbe eneawo kpakple amegãxoxoawo ƒe ŋkume. Ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ ha la o negbe ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, ame siwo woɖe tso anyigbadzi la ko. 4 Ame siawoe nye ame siwo meƒo ɖi wo ɖokuiwo kple nyɔnunya o elabena wowɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe. Wokplɔa Alẽvi la ɖo afi sia afi si wòyina. Woƒle wo tso amegbetɔwo dome eye wotsɔ wo na Mawu kple Alẽvi la abe nukuwo ƒe gbãtɔwo ene. 5 Womekpɔ alakpa aɖeke le woƒe nume o elabena wonye mokakamanɔŋutɔwo. 6 Tete mekpɔ mawudɔla bubu wònɔ dzodzom le yame eye nyanyui mavɔ la le esi ne wòaɖe gbeƒãe na ame siwo le anyigba dzi, na dukɔ ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe gbe gbɔ gblɔ ɖe sia ɖe kple ƒome ɖe sia ɖe. 7 Egblɔ kple gbe gã aɖe be, “Mivɔ̃ Mawu eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo la va ɖo. Misubɔ eya ame si wɔ dziƒowo, anyigba, atsiaƒu kple tsidzidziwo.” 8 Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la, Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.” 9 Mawudɔla etɔ̃lia kplɔ wo ɖo le gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe be, “Ne ame aɖe asubɔ lã wɔadã la kple eƒe legba eye wòaxɔ eƒe dzesi ɖe ŋgonu alo eƒe asi ŋuti la, 10 eya hã ano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wain si wokɔ ɖe Mawu ƒe dziku helihelĩ ƒe kplu la me wòyɔ banaa. Woawɔ funyafunyae kple aŋɔdzo le mawudɔla kɔkɔeawo kple Alẽvi la ŋkume. 11 Eye woƒe fuwɔame ƒe dzudzɔ atu ayi dzime tso mavɔ me yi mavɔ me. Dzudzɔ aɖeke meli na ame siwo subɔ lã wɔadã la kple eƒe legba la zã kple keli o alo na ame si xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi ɖe eƒe ŋgonu o.” 12 Esia hiã dzigbɔɖi le dzidodo me le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi, ame siwo wɔa Mawu ƒe sededewo dzi eye wonɔa nuteƒewɔwɔ, dzi na Yesu. 13 Ke mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ be, ‘Woayra ame siwo ku le Aƒetɔ la me tso azɔ dzi heyina’.” Ẽ, gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm be, “woadzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me elabena woƒe nuwɔnawo adze wo yome.” 14 Tete mekpɔ alilĩkpo ɣi aɖe le nye ŋkume eye ame aɖe si le abe, “amegbetɔvi la ene” la bɔbɔ nɔ anyi ɖe alilĩkpo la dzi. Sikafiakuku le ta nɛ eye wòlé hɛ gobe ɖaɖe ɖe asi. 15 Kasia mawudɔla bubu do go tso gbedoxɔ la me eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ na ame si nɔ anyi ɖe alilĩkpo la dzi gblɔ bena, “Tsɔ wò hɛ gobe la eye nàxa nu elabena nuŋeɣi ɖo eye anyigba ƒe nukuwo ɖi hena xaxa.” 16 Ale ame si nɔ alilĩkpoa dzi la, nye eƒe hɛ gobe la ɖe anyigba blibo la tame, ale wòxa nukuwo le anyigba la dzi. 17 Mawudɔla bubu do go tso gbedoxɔ si le dziƒo la me. Hɛ gobe ɖaɖe nɔ eya hã sime. 18 Mawudɔla bubu kplɔ eya hã ɖo; eyae nye ame si kpɔa dzo la dzi. Edo go tso vɔsamlekpui la me eye wògblɔ na ame si lé hɛ gobe ɖaɖe la ɖe esi la kple gbe sesẽ aɖe be, “Tsɔ wò hɛ gobe ɖaɖe la eye nàxa wainkpowo le anyigba ƒe wainkawo ŋu elabena eƒe waintsetseawo ɖi.” 19 Mawudɔla la nye eƒe hɛ gobe la ɖe anyigba dzi eye wòxa eƒe waintsetsewo hetsɔ wo trɔ ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wainfiaƒe gã la. 20 Wonya avuzi le wo dzi le wainfiaƒe la le du la godo, ʋu si tso wainfiaƒe la eye eƒe kɔkɔme anɔ abe sɔ si wobla akpa na la ene; afi si ke wòsi ɖo la anɔ abe kilomita alafa etɔ̃ ene.

In Other Versions

Revelation 14 in the ANGEFD

Revelation 14 in the ANTPNG2D

Revelation 14 in the AS21

Revelation 14 in the BAGH

Revelation 14 in the BBPNG

Revelation 14 in the BBT1E

Revelation 14 in the BDS

Revelation 14 in the BHAD

Revelation 14 in the BIB

Revelation 14 in the BLPT

Revelation 14 in the BNT

Revelation 14 in the BNTABOOT

Revelation 14 in the BNTLV

Revelation 14 in the BOATCB

Revelation 14 in the BOATCB2

Revelation 14 in the BOBCV

Revelation 14 in the BOCNT

Revelation 14 in the BOECS

Revelation 14 in the BOGWICC

Revelation 14 in the BOHCB

Revelation 14 in the BOHCV

Revelation 14 in the BOHLNT

Revelation 14 in the BOHNTLTAL

Revelation 14 in the BOICB

Revelation 14 in the BOILNTAP

Revelation 14 in the BOITCV

Revelation 14 in the BOKCV

Revelation 14 in the BOKCV2

Revelation 14 in the BOKHWOG

Revelation 14 in the BOKSSV

Revelation 14 in the BOLCB

Revelation 14 in the BOLCB2

Revelation 14 in the BOMCV

Revelation 14 in the BONAV

Revelation 14 in the BONCB

Revelation 14 in the BONLT

Revelation 14 in the BONUT2

Revelation 14 in the BOPLNT

Revelation 14 in the BOSCB

Revelation 14 in the BOSNC

Revelation 14 in the BOTLNT

Revelation 14 in the BOVCB

Revelation 14 in the BOYCB

Revelation 14 in the BPBB

Revelation 14 in the BPH

Revelation 14 in the BSB

Revelation 14 in the CCB

Revelation 14 in the CUV

Revelation 14 in the CUVS

Revelation 14 in the DBT

Revelation 14 in the DGDNT

Revelation 14 in the DHNT

Revelation 14 in the DNT

Revelation 14 in the ELBE

Revelation 14 in the EMTV

Revelation 14 in the ESV

Revelation 14 in the FBV

Revelation 14 in the FEB

Revelation 14 in the GGMNT

Revelation 14 in the GNT

Revelation 14 in the HARY

Revelation 14 in the HNT

Revelation 14 in the IRVA

Revelation 14 in the IRVB

Revelation 14 in the IRVG

Revelation 14 in the IRVH

Revelation 14 in the IRVK

Revelation 14 in the IRVM

Revelation 14 in the IRVM2

Revelation 14 in the IRVO

Revelation 14 in the IRVP

Revelation 14 in the IRVT

Revelation 14 in the IRVT2

Revelation 14 in the IRVU

Revelation 14 in the ISVN

Revelation 14 in the JSNT

Revelation 14 in the KAPI

Revelation 14 in the KBT1ETNIK

Revelation 14 in the KBV

Revelation 14 in the KJV

Revelation 14 in the KNFD

Revelation 14 in the LBA

Revelation 14 in the LBLA

Revelation 14 in the LNT

Revelation 14 in the LSV

Revelation 14 in the MAAL

Revelation 14 in the MBV

Revelation 14 in the MBV2

Revelation 14 in the MHNT

Revelation 14 in the MKNFD

Revelation 14 in the MNG

Revelation 14 in the MNT

Revelation 14 in the MNT2

Revelation 14 in the MRS1T

Revelation 14 in the NAA

Revelation 14 in the NASB

Revelation 14 in the NBLA

Revelation 14 in the NBS

Revelation 14 in the NBVTP

Revelation 14 in the NET2

Revelation 14 in the NIV11

Revelation 14 in the NNT

Revelation 14 in the NNT2

Revelation 14 in the NNT3

Revelation 14 in the PDDPT

Revelation 14 in the PFNT

Revelation 14 in the RMNT

Revelation 14 in the SBIAS

Revelation 14 in the SBIBS

Revelation 14 in the SBIBS2

Revelation 14 in the SBICS

Revelation 14 in the SBIDS

Revelation 14 in the SBIGS

Revelation 14 in the SBIHS

Revelation 14 in the SBIIS

Revelation 14 in the SBIIS2

Revelation 14 in the SBIIS3

Revelation 14 in the SBIKS

Revelation 14 in the SBIKS2

Revelation 14 in the SBIMS

Revelation 14 in the SBIOS

Revelation 14 in the SBIPS

Revelation 14 in the SBISS

Revelation 14 in the SBITS

Revelation 14 in the SBITS2

Revelation 14 in the SBITS3

Revelation 14 in the SBITS4

Revelation 14 in the SBIUS

Revelation 14 in the SBIVS

Revelation 14 in the SBT

Revelation 14 in the SBT1E

Revelation 14 in the SCHL

Revelation 14 in the SNT

Revelation 14 in the SUSU

Revelation 14 in the SUSU2

Revelation 14 in the SYNO

Revelation 14 in the TBIAOTANT

Revelation 14 in the TBT1E

Revelation 14 in the TBT1E2

Revelation 14 in the TFTIP

Revelation 14 in the TFTU

Revelation 14 in the TGNTATF3T

Revelation 14 in the THAI

Revelation 14 in the TNFD

Revelation 14 in the TNT

Revelation 14 in the TNTIK

Revelation 14 in the TNTIL

Revelation 14 in the TNTIN

Revelation 14 in the TNTIP

Revelation 14 in the TNTIZ

Revelation 14 in the TOMA

Revelation 14 in the TTENT

Revelation 14 in the UBG

Revelation 14 in the UGV

Revelation 14 in the UGV2

Revelation 14 in the UGV3

Revelation 14 in the VBL

Revelation 14 in the VDCC

Revelation 14 in the YALU

Revelation 14 in the YAPE

Revelation 14 in the YBVTP

Revelation 14 in the ZBP