Revelation 19 (BEV)

1 Le esia megbe la, mese nane si ɖi abe ameha gã aɖee le ɣli dom le dziƒo ene be “Haleluya! Ɖeɖe kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ nye míaƒe Mawu la tɔ, 2 elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe eye wole dzɔdzɔe. Ebu fɔ gbolo gã la, ame si do gu anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me. Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta.” 3 Wogado ɣli ake be, “Haleluya! Eƒe dzotɔtɔ ƒe dzudzɔ le tutum le dzime yim tso mavɔ me yi mavɔ me.” 4 Amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo kple nugbagbe eneawo tsyɔ mo anyi eye wosubɔ Mawu, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi. Wodo ɣli be, “Amen, Haleluya!” 5 Tete gbe aɖe ɖi tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena, “Mikafu míaƒe Mawu la, mi eƒe dɔlawo katã, mi ame siwo vɔ̃nɛ, ame gblɔewo kple ame deŋgɔwo siaa!” 6 Tete mese nu si ɖi abe ameha gã aɖe ƒe gbe, abe tsi geɖewo ƒe sisi ƒe howɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe sesẽ aɖe ene be, “Haleluya! Elabena míaƒe Aƒetɔ, Mawu, Ŋusẽkatãtɔ lae le dzi ɖum. 7 Mina míadzɔ dzi, atso aseye eye míatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ! Elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyui la ɖo eye eƒe ŋugbetɔ la dzra eɖokui ɖo le klalo. 8 Wotsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu si le dzo dam eye eŋuti kɔ la nɛ be wòado.” Aklala biɖibiɖi nye dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ siwo amekɔkɔeawo wɔ la ƒe dzesi. 9 Tete mawudɔla la gblɔ nam be, “Ŋlɔ be, ‘Woayra ame siwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuƒe!’ ” Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiawoe nye Mawu ƒe nya vavãwo.” 10 Esi wògblɔ esiawo vɔ la medze anyi ɖe eƒe afɔnu be masubɔe. Gake egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã menye dɔla abe wò ke ene. Kpe ɖe nɔviwò siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖime ɖe asi la ŋuti. Eya ta subɔ Mawu! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi nye nyagblɔɖi ƒe gbɔgbɔ.” 11 Mekpɔ dziƒo nu la ʋuʋu ɖi eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me. 12 Eƒe ŋkuwo le abe dzokaxɔxɔwo ene eye fiakuku geɖewo nɔ eƒe ta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋuti esi ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko. 13 Edo awuʋlaya si wonyrɔ ɖe ʋu me eye eƒe ŋkɔe nye Mawu ƒe nya. 14 Dziƒoʋakɔwo nɔ eyome. Wonɔ sɔ ɣiwo dom eye wodo awu siwo wotɔ kple aklala biɖibiɖi, wofu tititi eye wo ŋuti kɔ. 15 Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nume esi wòatsɔ adza dukɔwo aƒo ɖii, aɖu wo dzi kple gatikplɔ. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helihelĩ. 16 Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awuʋlaya kple eƒe ata ŋu be,FIAWO DZI FIA KPLE AƑETƆWO DZI AƑETƆ. 17 Mekpɔ mawudɔla aɖe le tsitre ɖe ŋdɔgbe, ame si do ɣli kple gbe sesẽ na xevi siwo katã le dzodzom le yame be, “Miva, miƒo ƒu hena Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu ƒe kplɔ̃ɖoɖo gã la, 18 ale be miaɖu fiawo, aʋafiawo, kalẽtɔwo, sɔwo kple wo dolawo kpakple amewo katã ƒe lã, ablɔɖeviwo kple kluviwo, ame gblɔewo kple ame deŋgɔwo siaa.” 19 Tete mekpɔ lã wɔadã la kple anyigbadzifiawo kpakple woƒe aʋakɔwo, woƒo ƒu hena awawɔwɔ kple ame si le sɔ ɣi la dzi kpakple eƒe aʋakɔ. 20 Ke wolé lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila la ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee. 21 Wowu wo dometɔ mamlɛawo kple yi si do go tso sɔdola la ƒe nume eye dziƒoxeviwo va ɖu woƒe lã eye woɖi ƒo.

In Other Versions

Revelation 19 in the ANGEFD

Revelation 19 in the ANTPNG2D

Revelation 19 in the AS21

Revelation 19 in the BAGH

Revelation 19 in the BBPNG

Revelation 19 in the BBT1E

Revelation 19 in the BDS

Revelation 19 in the BHAD

Revelation 19 in the BIB

Revelation 19 in the BLPT

Revelation 19 in the BNT

Revelation 19 in the BNTABOOT

Revelation 19 in the BNTLV

Revelation 19 in the BOATCB

Revelation 19 in the BOATCB2

Revelation 19 in the BOBCV

Revelation 19 in the BOCNT

Revelation 19 in the BOECS

Revelation 19 in the BOGWICC

Revelation 19 in the BOHCB

Revelation 19 in the BOHCV

Revelation 19 in the BOHLNT

Revelation 19 in the BOHNTLTAL

Revelation 19 in the BOICB

Revelation 19 in the BOILNTAP

Revelation 19 in the BOITCV

Revelation 19 in the BOKCV

Revelation 19 in the BOKCV2

Revelation 19 in the BOKHWOG

Revelation 19 in the BOKSSV

Revelation 19 in the BOLCB

Revelation 19 in the BOLCB2

Revelation 19 in the BOMCV

Revelation 19 in the BONAV

Revelation 19 in the BONCB

Revelation 19 in the BONLT

Revelation 19 in the BONUT2

Revelation 19 in the BOPLNT

Revelation 19 in the BOSCB

Revelation 19 in the BOSNC

Revelation 19 in the BOTLNT

Revelation 19 in the BOVCB

Revelation 19 in the BOYCB

Revelation 19 in the BPBB

Revelation 19 in the BPH

Revelation 19 in the BSB

Revelation 19 in the CCB

Revelation 19 in the CUV

Revelation 19 in the CUVS

Revelation 19 in the DBT

Revelation 19 in the DGDNT

Revelation 19 in the DHNT

Revelation 19 in the DNT

Revelation 19 in the ELBE

Revelation 19 in the EMTV

Revelation 19 in the ESV

Revelation 19 in the FBV

Revelation 19 in the FEB

Revelation 19 in the GGMNT

Revelation 19 in the GNT

Revelation 19 in the HARY

Revelation 19 in the HNT

Revelation 19 in the IRVA

Revelation 19 in the IRVB

Revelation 19 in the IRVG

Revelation 19 in the IRVH

Revelation 19 in the IRVK

Revelation 19 in the IRVM

Revelation 19 in the IRVM2

Revelation 19 in the IRVO

Revelation 19 in the IRVP

Revelation 19 in the IRVT

Revelation 19 in the IRVT2

Revelation 19 in the IRVU

Revelation 19 in the ISVN

Revelation 19 in the JSNT

Revelation 19 in the KAPI

Revelation 19 in the KBT1ETNIK

Revelation 19 in the KBV

Revelation 19 in the KJV

Revelation 19 in the KNFD

Revelation 19 in the LBA

Revelation 19 in the LBLA

Revelation 19 in the LNT

Revelation 19 in the LSV

Revelation 19 in the MAAL

Revelation 19 in the MBV

Revelation 19 in the MBV2

Revelation 19 in the MHNT

Revelation 19 in the MKNFD

Revelation 19 in the MNG

Revelation 19 in the MNT

Revelation 19 in the MNT2

Revelation 19 in the MRS1T

Revelation 19 in the NAA

Revelation 19 in the NASB

Revelation 19 in the NBLA

Revelation 19 in the NBS

Revelation 19 in the NBVTP

Revelation 19 in the NET2

Revelation 19 in the NIV11

Revelation 19 in the NNT

Revelation 19 in the NNT2

Revelation 19 in the NNT3

Revelation 19 in the PDDPT

Revelation 19 in the PFNT

Revelation 19 in the RMNT

Revelation 19 in the SBIAS

Revelation 19 in the SBIBS

Revelation 19 in the SBIBS2

Revelation 19 in the SBICS

Revelation 19 in the SBIDS

Revelation 19 in the SBIGS

Revelation 19 in the SBIHS

Revelation 19 in the SBIIS

Revelation 19 in the SBIIS2

Revelation 19 in the SBIIS3

Revelation 19 in the SBIKS

Revelation 19 in the SBIKS2

Revelation 19 in the SBIMS

Revelation 19 in the SBIOS

Revelation 19 in the SBIPS

Revelation 19 in the SBISS

Revelation 19 in the SBITS

Revelation 19 in the SBITS2

Revelation 19 in the SBITS3

Revelation 19 in the SBITS4

Revelation 19 in the SBIUS

Revelation 19 in the SBIVS

Revelation 19 in the SBT

Revelation 19 in the SBT1E

Revelation 19 in the SCHL

Revelation 19 in the SNT

Revelation 19 in the SUSU

Revelation 19 in the SUSU2

Revelation 19 in the SYNO

Revelation 19 in the TBIAOTANT

Revelation 19 in the TBT1E

Revelation 19 in the TBT1E2

Revelation 19 in the TFTIP

Revelation 19 in the TFTU

Revelation 19 in the TGNTATF3T

Revelation 19 in the THAI

Revelation 19 in the TNFD

Revelation 19 in the TNT

Revelation 19 in the TNTIK

Revelation 19 in the TNTIL

Revelation 19 in the TNTIN

Revelation 19 in the TNTIP

Revelation 19 in the TNTIZ

Revelation 19 in the TOMA

Revelation 19 in the TTENT

Revelation 19 in the UBG

Revelation 19 in the UGV

Revelation 19 in the UGV2

Revelation 19 in the UGV3

Revelation 19 in the VBL

Revelation 19 in the VDCC

Revelation 19 in the YALU

Revelation 19 in the YAPE

Revelation 19 in the YBVTP

Revelation 19 in the ZBP