Romans 10 (BEV)

1 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, nye dzi ƒe didi kple nye gbedodoɖae nye be Yudatɔwo nakpɔ ɖeɖe. 2 Menya ale si wotsɔa dzo ɖe Mawu ƒe bubu ŋuti gake womewɔa nu sia to mɔ nyuitɔ dzi o. 3 Elabena womese egɔme be Kristo ku be yeadzra yewo kple Mawu dome ɖo o. Le esia gɔmesese teƒe la, wole agbagba dzem be yewoadze na Mawu ƒe amenuveve la to Yudatɔwo ƒe seawo kple kɔnyinyiwo dzi wɔwɔ me; ke esia menye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ o. 4 Womese eme be ame siwo xɔ Kristo dzi se la, Kristo naa nu sia nu si wodina to eƒe sewo dzi wɔwɔ me la wo o. Ewu nu siawo katã nu. 5 Elabena Mose ŋlɔ be ne ame aɖe anye ame nyui le go ɖe sia ɖe me, aɖu tetekpɔwo dzi le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye mawɔ nu vɔ̃ akpɔ o la, eya ko hafi woave enu wòakpɔ ɖeɖe. 6 Ke ɖeɖekpɔkpɔ si vana to xɔse me la, gblɔ be, “Mele be nàdi dziƒo be yeakpɔ Yesu le afi ma eye yeahee va anyigba dzi be wòakpe ɖe ye ŋu o,” eye, 7 “Mehiã be nàyi ame kukuwo dome be yeana Kristo nagatsi tsitre o.” 8 Elabena ɖeɖekpɔkpɔ si tso Kristo dzixɔse me, si nye nu si ƒe gbeƒã míeɖena la, le bɔbɔe be wòasu mía dometɔ ɖe sia ɖe si. Le nyateƒe me la etsɔ ɖe mía gbɔ kpuie abe míaƒe dziwo kple nuwo ene. 9 Elabena ne ètsɔ wò ŋutɔ wò nu ʋu eme na ame bubuwo be Yesu Kristoe nye yeƒe Aƒetɔ eye nèxɔe se tso wò ŋutɔ wò dzime be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe. 10 Elabena ame ƒe xɔse tso eƒe dzime kee naa ame kple Mawu dome nyona, eye ne èʋu eme kple wò nu na amewo la, ekema èɖo kpe wò ɖeɖekpɔkpɔ dzi. 11 Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí be, ŋu makpe ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la akpɔ o. 12 Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si eye Aƒetɔ sia naa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa. 13 Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ dzi la akpɔ ɖeɖe. 14 Ke ne womexɔ edzi se o la, ale ke woate ŋu abiae be wòaɖe yewo? Eye ale ke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye ale ke woawɔ ase nu tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o? 15 Eye ale ke ame aɖe ayi aɖagblɔ Kristo ŋunya na wo ne ame aɖeke medɔe o? Nya siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm to nya siawo me be, “Ame siwo ɖea gbeƒã ŋutifafa si nɔa Mawu kple amewo dome ƒe nyanyui eye wògblɔa dzidzɔnyawo tso nu nyuiwo ŋuti la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!” Esia gɔmee nye woado dzaa na ame siwo vana gblɔa Mawu ƒe nyanyui la! 16 Ke menye ame sia ame si sea nyanyui lae xɔnɛ kple dzidzɔ o, elabena nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ dzinye se esi megblɔe na wo?” 17 Ke xɔse vana na ame to nyanyui sia, si nye nyanyui tso Kristo ŋuti la, sese me. 18 Ke Yudatɔwo ya ɖe? Ɖe wose Mawu ƒe Nya? Ẽ, ede afi sia afi si wole; wogblɔ nyanyui la na xexeame ƒe akpa ɖe sia ɖe. 19 Eye ɖe wose egɔme be Mawu atsɔ eƒe ɖeɖekpɔkpɔ ana ame bubuwo ne woawo, Yudatɔwo, gbe be yewomaxɔe oa? Ẽ, elabena le keke Mose ŋɔli gɔ̃ hã la, Mawu gblɔ be yeanyɔ ŋuʋaʋã kple sidzedze ƒe gbɔgbɔ le wo me to yeƒe ɖeɖetsɔtsɔ na Trɔ̃subɔlawo, abunɛtɔwo ƒe dukɔwo, me. 20 Emegbe la Yesaya ɖe gbeƒã bena ame siwo manɔ Mawu dim gɔ̃ hã o la, akpɔe. 21 Fifia la, ele asimiamia Yudatɔwo dzi, ke woawo le ɖeklemiɖeɖe dzi eye wogbea vava.

In Other Versions

Romans 10 in the ANGEFD

Romans 10 in the ANTPNG2D

Romans 10 in the AS21

Romans 10 in the BAGH

Romans 10 in the BBPNG

Romans 10 in the BBT1E

Romans 10 in the BDS

Romans 10 in the BHAD

Romans 10 in the BIB

Romans 10 in the BLPT

Romans 10 in the BNT

Romans 10 in the BNTABOOT

Romans 10 in the BNTLV

Romans 10 in the BOATCB

Romans 10 in the BOATCB2

Romans 10 in the BOBCV

Romans 10 in the BOCNT

Romans 10 in the BOECS

Romans 10 in the BOGWICC

Romans 10 in the BOHCB

Romans 10 in the BOHCV

Romans 10 in the BOHLNT

Romans 10 in the BOHNTLTAL

Romans 10 in the BOICB

Romans 10 in the BOILNTAP

Romans 10 in the BOITCV

Romans 10 in the BOKCV

Romans 10 in the BOKCV2

Romans 10 in the BOKHWOG

Romans 10 in the BOKSSV

Romans 10 in the BOLCB

Romans 10 in the BOLCB2

Romans 10 in the BOMCV

Romans 10 in the BONAV

Romans 10 in the BONCB

Romans 10 in the BONLT

Romans 10 in the BONUT2

Romans 10 in the BOPLNT

Romans 10 in the BOSCB

Romans 10 in the BOSNC

Romans 10 in the BOTLNT

Romans 10 in the BOVCB

Romans 10 in the BOYCB

Romans 10 in the BPBB

Romans 10 in the BPH

Romans 10 in the BSB

Romans 10 in the CCB

Romans 10 in the CUV

Romans 10 in the CUVS

Romans 10 in the DBT

Romans 10 in the DGDNT

Romans 10 in the DHNT

Romans 10 in the DNT

Romans 10 in the ELBE

Romans 10 in the EMTV

Romans 10 in the ESV

Romans 10 in the FBV

Romans 10 in the FEB

Romans 10 in the GGMNT

Romans 10 in the GNT

Romans 10 in the HARY

Romans 10 in the HNT

Romans 10 in the IRVA

Romans 10 in the IRVB

Romans 10 in the IRVG

Romans 10 in the IRVH

Romans 10 in the IRVK

Romans 10 in the IRVM

Romans 10 in the IRVM2

Romans 10 in the IRVO

Romans 10 in the IRVP

Romans 10 in the IRVT

Romans 10 in the IRVT2

Romans 10 in the IRVU

Romans 10 in the ISVN

Romans 10 in the JSNT

Romans 10 in the KAPI

Romans 10 in the KBT1ETNIK

Romans 10 in the KBV

Romans 10 in the KJV

Romans 10 in the KNFD

Romans 10 in the LBA

Romans 10 in the LBLA

Romans 10 in the LNT

Romans 10 in the LSV

Romans 10 in the MAAL

Romans 10 in the MBV

Romans 10 in the MBV2

Romans 10 in the MHNT

Romans 10 in the MKNFD

Romans 10 in the MNG

Romans 10 in the MNT

Romans 10 in the MNT2

Romans 10 in the MRS1T

Romans 10 in the NAA

Romans 10 in the NASB

Romans 10 in the NBLA

Romans 10 in the NBS

Romans 10 in the NBVTP

Romans 10 in the NET2

Romans 10 in the NIV11

Romans 10 in the NNT

Romans 10 in the NNT2

Romans 10 in the NNT3

Romans 10 in the PDDPT

Romans 10 in the PFNT

Romans 10 in the RMNT

Romans 10 in the SBIAS

Romans 10 in the SBIBS

Romans 10 in the SBIBS2

Romans 10 in the SBICS

Romans 10 in the SBIDS

Romans 10 in the SBIGS

Romans 10 in the SBIHS

Romans 10 in the SBIIS

Romans 10 in the SBIIS2

Romans 10 in the SBIIS3

Romans 10 in the SBIKS

Romans 10 in the SBIKS2

Romans 10 in the SBIMS

Romans 10 in the SBIOS

Romans 10 in the SBIPS

Romans 10 in the SBISS

Romans 10 in the SBITS

Romans 10 in the SBITS2

Romans 10 in the SBITS3

Romans 10 in the SBITS4

Romans 10 in the SBIUS

Romans 10 in the SBIVS

Romans 10 in the SBT

Romans 10 in the SBT1E

Romans 10 in the SCHL

Romans 10 in the SNT

Romans 10 in the SUSU

Romans 10 in the SUSU2

Romans 10 in the SYNO

Romans 10 in the TBIAOTANT

Romans 10 in the TBT1E

Romans 10 in the TBT1E2

Romans 10 in the TFTIP

Romans 10 in the TFTU

Romans 10 in the TGNTATF3T

Romans 10 in the THAI

Romans 10 in the TNFD

Romans 10 in the TNT

Romans 10 in the TNTIK

Romans 10 in the TNTIL

Romans 10 in the TNTIN

Romans 10 in the TNTIP

Romans 10 in the TNTIZ

Romans 10 in the TOMA

Romans 10 in the TTENT

Romans 10 in the UBG

Romans 10 in the UGV

Romans 10 in the UGV2

Romans 10 in the UGV3

Romans 10 in the VBL

Romans 10 in the VDCC

Romans 10 in the YALU

Romans 10 in the YAPE

Romans 10 in the YBVTP

Romans 10 in the ZBP